INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 4/8 axa 20-23
  • Nuteƒe Wɔwɔ le Nazi Germania

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuteƒe Wɔwɔ le Nazi Germania
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nye Ðevimeƒewo
  • Metso Nya Me
  • Nyaƒoɖeamenu la Nu Sẽ ɖe Edzi
  • Wokplɔ Mí Yi Gaxɔ Bubu Mee
  • Mese Nɔvinyeŋutsuwo Ŋkɔ
  • Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Bubuwo
  • Nɔvinyenyɔnu Siwo Yi Edzi Wɔ Nuteƒe
  • Woɖe Asi Le Mía Ŋu Mlɔeba!
  • Yehowa ƒe Ŋusẽdoame Lém ɖe te
  • Le Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋu Me La, Míedo Dzi Le Ŋutasẽdziɖuɖuwo Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Míede Hitler ƒe Aʋawɔwɔ Dzi O
    Nyɔ!—1994
  • Mawu Nye Sitsoƒe Kple Ŋusẽ Nam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Naneke Meli Si Nyo Wu Nyateƒea O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 4/8 axa 20-23

Nuteƒe Wɔwɔ le Nazi Germania

LE ƑE 1939 ƒe April ƒe ŋkeke aɖe si dzi vuvɔ nɔ wɔwɔm le la, woɖom ɖe Sachsenhausen ƒe fuwɔamegaxɔ me le Germania. Mía kple gameme yeye bubuwo míedo ɖe gaxɔa dzi kpɔla, si nye ŋutsu wɔadã aɖe si wotsɔ megbeŋkɔ na be Kalẽtɔ (Foursquare), le alesi wòka koe ta la ŋkume. Enyrã ɖe mí le eƒe “dzaadonamenuƒo” me eye wògblɔ ŋutasesẽ ƒe fuwɔame siwo míakpɔ mɔ na la na mí.

Edo ɣli gblɔ be: “Miate ŋu akpɔ mɔ na nusianu si dim míele tso gbɔnye. Mada tu miaƒe ta, miaƒe akɔta, kple miaƒe dɔme! Eye ena míenya be: “Tudala nyuiwo le asinye. Woaɖo mi ɖe dziƒo enumake! Mɔ ɖeka kolia si dzi miato adzo le afisiae nye be miaku.”

Le ema megbe la, woɖom ɖe saɖagagaxɔ me, esi nye gaxɔa ƒe akpa si ŋu wotɔ kpɔ ɖo. Afisiae woda Yehowa Ðasefowo kple gameme bubu siwo wobu be ŋɔdzi le wo ŋu la ɖo. Esi wokplɔm va afimae la, SS-ɖekakpui aɖe (si nye Hitler ƒe asrafo bibi si do awu yibɔ) ƒo tome nam enuenu le esi megbe be nyemade asi nyagbɔgblɔ aɖe te atsɔ agbe nye xɔsee o ta.

Otto Kamien si tso Herne la dze xɔlɔ̃m, eye wòkpe ɖe ŋunye metɔ nye gamenɔnɔ ƒe xexlẽdzesi kple avɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me si dea dzesi Yehowa Ðasefowo le gaxɔa me la ɖe nye awu ŋu. Egafia alesi maɖo nye abae la hãm—woƒoa gamenɔlawo alo wua wo gɔ̃ hã le esi womeɖo woƒe abawo nyuie o ta.

Otto xlɔ̃ num be: “Ɣeaɖewoɣi la, woabia wò be ɖe nèkpɔtɔ ganye Yehowa Ðasefo hã. Nàli ke sesĩe, nànɔ te sesĩe eye nàgblɔe sesĩe eme nakɔ nyuie be: ‘Mekpɔtɔ nye Yehowa Ðasefo.’” Egblɔ kpee be: “Ne èli ke sesĩe maʋãmaʋãe la, Abosam adzo le gbɔwò.” (Yakobo 4:7) Otto ƒe dzideƒoname kpe ɖe ŋunye meyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu le ƒe ade siwo menɔ fuwɔamegaxɔ etɔ̃ me la me.

Ne mebu ƒe mawo siwo me nɔnɔmeawo sesẽ ŋu la, mekpɔnɛ dzea sii egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ta koe meyi edzi wɔ nuteƒe ɖo. Ke aleke wòdzɔe be wolém zi gbãtɔ le ƒe 1938 ƒe January 20 lia dzi?

Nye Ðevimeƒewo

Ƒe aɖewo do ŋgɔ hafi woadzim le ƒe 1911 me la, dzinyela siwo nɔ Königsberg si nye Ɣedzeƒe Prussia la zu Bibelförscher (Biblia Nusrɔ̃viwo) esi nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi. Nɔviŋutsu etɔ̃ kple nɔvinyɔnu eve nɔ asinye, eye Danye kplɔa mí yia kpekpewoe. Nublanuitɔe le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Fofonye megawɔa ɖeka kple ƒomea le tadedeagu vavãtɔ me o. Togbɔ be nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo dometɔ ɖeka zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo me dzo nɔ hã la, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mía kple nɔvinyenyɔnu Lisbeth míegava tsɔa ɖeke le Biblia me nyateƒe siwo míesrɔ̃ la me gobii o.

Esime menɔ nye ƒe 20 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me la, Hitler xɔ ŋusẽ le Germania eye wozi amewo dzi vevie. Mewɔ ʋu ŋuti dɔ le ʋudzraɖoƒe gã aɖe le Königsberg. Ne Führer (Dukplɔla) aƒo nu le ŋkeke tɔxɛwo dzi la, ehiã be amesiwo katã le ʋudzraɖoƒe naƒo ƒu. Eva nye nusi bɔ hã be wozãa gbedoname si nye “Heil Hitler!” Ʋeʋeʋe la, wobia tso asinye be makpɔ gome le hehe si wonaa ame do ŋgɔ na asrafozuzu me, eyata eva hiã be madze ŋgɔ biabia si nye be, Ameka ƒe akpa dzie mele?

Menya le Dɔwɔwɔwo 4:12 ƒe nyawo nu be heil, alo xɔname metso Hitler gbɔ o, ke boŋ Yesu Kristo ɖeka ko dzie wòato ava. Eyata nyemate ŋu agblɔ be “Heil Hitler” o eye nyemegblɔe hã o. Hekpe ɖe eŋu la, nyemewɔ ɖe sedede si nye be maxɔ hehe si wonaa ame do ŋgɔ na asrafozuzu la dzi o.

Le ƒe 1936 kple 1937 me la, wolé danye, nɔvinyenyɔnuvi suetɔ Helene, kple nɔvinyeŋutsu siwo nye Hans kple Ernst la. Tso ɣemaɣi heyina la, nye hã medi be manɔ Mawu vavã la ƒe akpa dzi. Meva nɔ Biblia la xlẽm le fiẽsiwo me eye medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Lisbeth hã va nɔ ɖetsɔleme geɖe wu ɖem fia.

Metso Nya Me

Esi ɣeyiɣia ɖo la, metso nya me kɔtee be manɔ Yehowa ƒe akpa dzi eye megbe be nyemanɔ Hitler ƒe asrafowo dome o, togbɔ be nyemexɔ nyɔnyrɔ̃ ɣemaɣi o gake. Wolém kplɔ yi na asrafowo. Le kwasiɖa atɔ̃ megbe la, asrafoʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si nɔ Rastenburg la drɔ̃ nya nam be manɔ mɔ̃ ƒe ɖeka.

Wodem ameɖekɛgaxɔ me le Dukɔa ƒe Gaxɔ Gãtɔ me le Stuhm, le Ɣetoɖoƒe Prussia. Le ɣeyiɣi siwo me medea kame le gaxɔa ƒe xɔxɔnu la, Ðasefo ɖianukware siwo tso Königsberg, amesiwo menya tso nye ɖevime ke ƒe mía nɔewo kpɔkpɔ fa akɔ nam ŋutɔ. Emegbe wode nɔvinyeŋutsuwo katã—Paul, Hans, kple Ernst—gaxɔ sia ke me le woƒe Mawu dzixɔse ta. Esime menɔ ameɖekɛgaxɔa me la, Hans dzea agbagba ɣeaɖewoɣi ɣlaa abolo kakɛ aɖe tsɔna vɛ nam.

Esi mewu nye gaxɔmenɔnɔa nu vɔ la, Adzamekpovitɔ siwo nɔ Königsberg va biaa gbem enuenu. Esi megbe be nyematrɔ nye susu o ta la, wokplɔm yi fuwɔamegaxɔ me le Sachsenhausen. Wode ʋudaɖoƒe tutudɔ asi nam le afima, eye mewɔa dɔ tso ŋdi ga ade vaseɖe fiẽ ga ade. Le alesi wowɔa fu mí vevie ta la, gameme aɖewo te kpɔ be yewoasi, esi wonya be ne wolé yewo la, woada tu yewo. Gbeɖeka mekpɔ eteƒe esi gameme aɖe wu eɖokui esi wòtsɔ eɖokui xlã ɖe elektrik-kpɔtɔtɔ aɖe.

Nyaƒoɖeamenu la Nu Sẽ ɖe Edzi

Le ƒe 1939 ƒe September me la, Xexemeʋa II dzɔ, eye alesi wonɔ mía dzi zimee le Sachsenhausen la nu sẽ ɖe edzi ŋutɔ. Wodzi míaƒe dɔwɔnawo ɖe edzi, eye woxɔ míaƒe vuvɔmewu le mía si. Le September 15 lia dzi la, Nazitɔwo atsɔ mía nɔvi Kristotɔ August Dickmann, amesi gbe asrafodɔ la, awɔ kpɔɖeŋui. Eyata wowɔ kpekpe tɔxɛ aɖe hena ewuwu.

Mí ehati Ðasefo alafa geɖe míekpɔ eteƒe esime asrafowo da tu August wòdze anyi ku. Emegbe woɖe asi le gamemewo katã ŋu negbe Yehowa Ðasefowo ko. Emegbe Foursquare bia be amekae dzra ɖo be yeade asi nyagbɔgblɔ si te wodea asii tsɔna gbea ame ƒe xɔse eye wotsɔnɛ ɖenɛ fiana be yelɔ̃ be yeazu asrafo la te hã. Mía dometɔ aɖeke mede asi ete o, eye Foursquare do dziku vevie.

Vuvɔ nu sẽ ŋutɔ le ƒe 1939 ƒe vuvɔŋɔli me. Míedoa vuvɔmewu o eye nu vi aɖe koe míeɖuna, eyata ame geɖe ŋutɔ ku. Mía nɔviŋutsu tsitsi geɖewo ku, gake Ðasefo siwo katã ku le mía dome ƒe xexlẽme nɔ sue ko ne míetsɔe sɔ kple gamenɔla bubuwo. Foursquare sesẽ la gɔ̃ hã va dze dɔ heku le ƒe 1940 ƒe February me.

Wokplɔ Mí Yi Gaxɔ Bubu Mee

Le Foursquare ƒe kuku ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, wokplɔ mía dometɔ 70 yi Wewelsburg ƒe gaxɔ sue aɖe si te ɖe Paderborn ŋu la me. Míenɔ mɔ kpɔm be nɔnɔmeawo aka ɖe eme le afima, gake nɔnɔme si to vovo kurae míeva kpɔ. Nu vi aɖe koe míeɖuna gake míewɔa dɔ sesẽ le kpegbãƒe aɖe. Sno kple tsidzadza ƒoa mí bekee le ŋkeke aɖewo me. Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, mehea nye kuntru bua ta le zã me eye megblɔa nye dzimenyawo kple avifafa le Yehowa ŋku me. Ɣesiaɣi si mewɔ nusia la, mekpɔnɛ be meɖea dzi ɖi eye nye susu dzea akɔ anyi, eye metoa esia me xɔ ‘kpekpeɖeŋu’ tso Mawu gbɔ ‘le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’—Hebritɔwo 4:16.

Yehowa kpɔ míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ta. Woɖo Ðasefo siwo tso Buchenwald ƒe fuwɔamegaxɔ me la ɖe Wewelsburg, eye wotsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo nye Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe asi vɛ. Míenɔa ƒuƒoƒo suewo me yia xɔdɔme me, afisi míekpena ɖe wo ŋu le wɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ le adzame. Ŋutilãmenuɖuɖu si míekpɔna ɖuna le gaxɔa me gɔ̃ hã va ka ɖe eme vie.

Meda akpe na Yehowa ɖe eƒe dɔmenyonyo ta esi hati Ðasefo aɖe wɔ ɖoɖo be mayi dɔ me kpli ye le gbedewo ƒe dɔwɔƒe aɖe. Le dɔwɔƒeawo, siwo Ðasefowo koŋ wɔa dɔ le la, wona nuɖuɖu geɖe gamemewo. Hekpe ɖe eŋu la, yame va xɔ dzo, eye womeganɔ dɔwɔlawo dzi zim vevie o. Mekpɔ viɖe le ŋutilã me ale gbegbe be le ɣleti ade megbe la, ŋusẽ gava ɖo ŋunye togbɔ be do ŋgɔ la meɖi ku glaŋui gake.

Mese Nɔvinyeŋutsuwo Ŋkɔ

Esime menɔ Wewelsburg la, nɔvinyenyɔnu Lisbeth ɖo du ɖem be mía nɔviŋutsu Ernest yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa vaseɖe ku me. Wotso ta le enu le Berlin le ƒe 1941 ƒe June 6 lia dzi le eƒe gaxɔmenɔnɔ ƒe ene megbe. Esi Ðasefo bubuwo se nyaa la, wova do dɔnɔ nam. Woƒe nɔnɔme nyui la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Alesi míayi edzi awɔ nuteƒe le vevie na mí wu agbetsitsi.

Le ƒe eve megbe le ƒe 1943 ƒe February 1 dzi la, woda tu nɔvinyeŋutsu tsitsi Hans wòku le Quednau le Königsberg gbɔ. Hans xɔ ƒe 34 eye wodee mɔ̃ ƒe atɔ̃. Emegbe ame aɖe si kpɔ ewuwu teƒe la gblɔ nam be asrafomegã la bia Hans be nane li wòawɔ zi mamletɔ hã. Hans bia be woaɖe mɔ na ye yeado gbe ɖa eye woɖe mɔ nɛ. Gbe si wòdo ɖa wɔ dɔ ɖe asrafowo dzi ale gbegbe be esi asrafomegã la ɖe gbe mlɔeba be woada tui wòaku la, wo dometɔ aɖeke mewɔ ɖe edzi o. Egaɖe gbe ake eye ame ɖeka da eƒe tua wòdze Hans. Asrafomegã la ɖe eya ŋutɔ ƒe tukpui tsɔ wui.

Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Bubuwo

Le Ðasefo siwo woɖo ɖa tso Buchenwald yi Wewelsburg dome la, wotia wo ame 27 be woawɔ asrafodɔ eye woɖo wo ɖa be woaɖawɔ dɔ le teƒe vovovowo. Wo dometɔ ɖesiaɖe gbe be yemawɔ asrafodɔ o; ɖeka koe lɔ̃ be yeawɔ dɔ si menye asrafodɔ o. Wodo ŋɔdzi na ame 26 la be yewoawu wo, gake womena ta o. Esi wogbugbɔ yi Wewelsburg ƒe gaxɔ me megbe la, gaxɔdzikpɔla do ŋgɔ gblɔ na wo be: “Miaku woaɖi hafi woaxɔ kwasiɖa ene.”

Emegbe wowɔ fu nɔvi wɔnuteƒe siawo ale gbegbe. SS-srafowo bu tame le mɔ sia mɔ si dzi woato ate wo ɖe to, ana ɖeɖi nate wo ŋu ahawɔ fu wo vaseɖe esime woaku la ŋuti. Gake ame 26 la katã tsi agbe! Emegbe esi wova wɔ fu ame bubu aɖewo siwo menye Ðasefowo o la, eye wo dometɔ geɖe ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.

Nɔvinyenyɔnu Siwo Yi Edzi Wɔ Nuteƒe

Le ƒe 1943 ƒe April me la, woɖom ɖe Ravensbrück ƒe gaxɔ me. Nyɔnuwo koŋ ye wotui na gake teƒe sue aɖe le eŋu na ŋutsuwo hã. Wodam ɖe ʋudzraɖoƒe si le nyɔnuwo ƒe gaxɔa ŋgɔ tututu. Eteƒe medidi o nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tso eme va yi na la kpɔ nye dzogoetɔ̃vɔ dzẽawo. Edo dzidzɔ ŋutɔ be míedoa gbe na mía nɔewo alo koa nu ɖe mía nɔewo esi ame aɖeke mekpɔa mí o! Eteƒe medidi o eɖi hoo be Mama Rehwad ƒe viŋutsue menye. Ẽ, danye nɔ amesiwo nɔ nyɔnuwo ƒe gaxɔ me la dome hekpe ɖe nɔvinyenyɔnu Helene kple nɔvinyeŋutsu Hans si ku srɔ̃ ŋuti!

Mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo te ŋu tsɔ awutewuiwo vɛ nam eye ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa abolo kakɛ aɖe vɛ nam. Gbeɖeka wowɔ ɖoɖo ale be mate ŋu aƒo nu kple danye lɔlɔ̃tɔ le adzame. Ne ɖe woke ɖe mía ŋu la, anye ne evɔ na mí. Míaƒe gododo ake na míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Le ɣleti aɖewo megbe si nye ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na asiɖeɖe le gamemewo ŋu la, danye ku. Eyi edzi wɔ nuteƒe vaseɖe ku me.

Woɖe Asi Le Mía Ŋu Mlɔeba!

Le ƒe 1945 ƒe April me la, Russiatɔwo kple Amerikatɔwo nɔ Ravensbrück gogom. Wotsɔ agbleŋlɔmɔ̃ kple ʋu si ŋu wotsi agbatsɔkeke ɖo de asi nam be míaɖe nuwo le gaxɔawo me. Le mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋu aɖe megbe la, SS-srafomegã si nɔ dɔ nu ɣemaɣi la gblɔ na mí be Amerikatɔwo te tu mí vɔ eye be ablɔɖe su mí katã si be míawɔ nusi dze mía ŋu.

Mlɔeba la míeva ɖo Schwerin si nye Mecklenburg ƒe nutome, afisi míedo go Ðasefo siwo nɔ Sachsenhausen ƒe gaxɔ me la dometɔ geɖe le, eye fonye Paul hã nɔ wo dome. Etsi agbe le kuzɔli siwo wozɔ tso Sachsenhausen kple fukpekpe bubuwo me. Le ŋkeke aɖewo megbe la, míetso keteke ɖo yi Berlin eye míeke ɖe Ðasefowo ƒe ƒome aɖe ŋu, amesiwo tsɔ amedzrowɔwɔ xɔ míi.

Ƒome sia wɔ nu geɖe tsɔ kpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ŋu woɖe asi le tso gaxɔawo me la ŋui. Le ƒe 1946 me la, meɖe Elli, si nye vinyɔnuvi le ƒome ma me. Mlɔeba wowɔ ɖoɖo nam be maxɔ nyɔnyrɔ̃, esi nye nusi menɔ bɔbɔe le fuwɔamegaxɔawo me o.

Dzidzɔ kae nye si wònye nam be le ƒe geɖe siwo va yi megbe la, medo go nɔviŋutsu siwo mía kpli wo míenɔ fuwɔamegaxɔ me la le takpekpewo me! Wo dometɔ aɖewo tsɔ woƒe agbe de afɔku me ɖe wo nɔviwo ta, eye nyemelɔ̃a nu le amesiawo gbɔ kura o. Míaƒe ƒomea me tɔ ade siwo wolé—danye, nɔvinyenyɔnu Helene, mía kple nɔvinyeŋutsu siwo nye Paul, Hans, kple Ernst—míetsɔ ƒe 43 nɔ gaxɔ mee. Eye nɔvinyenyɔnu Lisbeth hã yi edzi wɔ nuteƒe na Mawu vaseɖe esime wòku le ƒe 1954 me.

Yehowa ƒe Ŋusẽdoame Lém ɖe te

Esi mía kple Elli míeɖe mía nɔewo vɔ la, mɔnukpɔkpɔ su mía kplii si be míesubɔ ƒe geɖe le Magdeburg ƒe Betel eye míewɔ mɔɖeɖedɔ hã vaseɖe esime míeva dzi vi eve. Míeda akpe ŋutɔ be wo dometɔ ɖeka si nye Hans-Joachin nye hamemegã eye srɔ̃a nye mɔɖela. Nublanuitɔe la, mía vi evelia ya meva lé Kristotɔwo ƒe zɔzɔme si míefiae la me ɖe asi o.

Ƒe 45 kple edzivɔe nye sia tso esime menɔ fuwɔamegaxɔ me. Gake fifia gɔ̃ hã la, amenuveve siwo katã míedze na o ƒe Mawu la ŋutɔ mewu hehe nanam nu o. (Petro I, 5:10) Woɖoa ŋku apostolo Paulo ƒe nya siwo le Korintotɔwo I, 10:12 la dzi nam ɣesiaɣi, esi gblɔ be: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.”

Egbea esi mexɔ ƒe 81 la, medaa akpe be mete ŋu gakpɔa gome le ɖaseɖiɖidɔ me eye mesubɔna abe hamemegã ene. Eye enye dzidzɔ nam be mete ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ̃. Mebua esia hã be enye Yehowa ƒe amenuveve si nyemedze na o si wòɖe fiam.—Abe alesi Josef Rehwald gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Josef Rehwald le ƒe 1945 me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Rehwald ƒe ƒomea, le ƒe 1914 me lɔƒo. Wo dada kɔ Josef ɖevi la ɖe eƒe ata dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Josef kple Elli Rehwald le ƒe 1991 ƒe Berlin-takpekpe me, kple viaŋutsu Hans-Joachim kple srɔ̃a Ursula

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe