INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 4/8 axa 24-25
  • Atɔ—Eƒe Nuwuwu Ðo Vɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Atɔ—Eƒe Nuwuwu Ðo Vɔ
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Atɔ Dziŋɔ La
  • Eli tso Gbaɖegbe Ke
  • Alesi Wodanɛ
  • Atɔ la Dzi Ðuɖu
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2011
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—1996
  • Míeɖoe Kplikpaa Be Míawɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ade Goe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Nyɔ!—1993
g93 4/8 axa 24-25

Atɔ—Eƒe Nuwuwu Ðo Vɔ

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ

ŊDƆ nɔ ʋuʋum gbemagbe, abe alesi ko wòʋunae gbesiagbe ene. Chinyere kpa via ɖe me, etsɔ trego eve ɖe asi eye eya kple kɔƒea me tɔ bubuwo dze mɔ si dzi yɔ fũ kple ke ɖeɖe sɔŋ la dzi. Wo katã wozɔ to gbe siwo dzi ŋdɔ nu sẽ ɖo me va ɖo ta sue si nye teƒe ɖeka kolia si wokua tsi tsonɛ le nutoa me la gbɔ. Esi wòɖo taa to la, ezɔ blewublewu le tsia ƒe go si le ɖiɖim dzi hezɔ le tsia me ɖo klonu be yeaku tsi la.

Ekpɔa lo siwo le ɖiɖim ɖe eme le gbe ƒuƒu siwo le goa dzi me kple esiwo le tsatsam le tsia dzi la, gake mevɔ̃a wo o. Ŋutsu aɖe si le tɔa to la gblɔ be: “Míeɖea fu na wo o eye woawo hã meɖea fu na mí o.”

Gake womate ŋu agblɔ nya me ke le nugbagbevi sue bubu siwo le tsia me ya ŋu o. Chinyere mekpɔa wo o eye mate ŋu akpɔ wo hã o; wole sue akpa. Wole tsi si wòkuna la me.

Atɔ Dziŋɔ La

Chinyere trɔ va ɖo eƒe aƒe si nye anyixɔ si wogba kple be la me eye wòtrɔ tsia ɖe zɔ aɖe me. Esi tsia dze akɔ anyi vɔ la, eku ɖe no. Le ƒe ɖeka megbe la, ede dzesi nane le eƒe afɔ ŋu abe ʋuka sue aɖe si ho ɖe afima ene. Gake menye ʋuka aɖekee o. Nugbagbe sue aɖe si nɔ tsi si wòno me lae tsi va zu atɔ legbee si didi sentimeta 80.

Eteƒe madidi o, atɔ la ana eƒe ŋutilã naɖo loholoho si ana wòanɔ veve sem. Emegbe loholoho la agbã nyagãa eye atɔ si ƒe amadede le abe notsi ene la ade asi gododo me, sentimeta ʋee aɖewo ado gbesiagbe. Axɔ kwasiɖa eve vaseɖe ene—ɣeaɖewoɣi la edidina wua nenema—hafi wòado go keŋkeŋ. Le ɣeyiɣi mawo ƒe akpa gãtɔ me la, Chinyere ƒe lãme agbɔdzɔ, eye wòase veve geɖe. Dɔlékui age ɖe loholoho si zu abi la me eye esia ate ŋu ahe glãkpedɔ, abiƒaƒãdɔ, ƒunuɖeƒee ƒe tetedɔ, alo ŋutilã ƒe kaka vɛ.

Atɔ ɖeka koe ɖo Chinyere, gake enye nusi bɔ be atɔ geɖe si ade ewo alo esi wu nenema la kura gɔ̃ hã naɖo atɔléla le ɣeyiɣi ɖeka me. Zi geɖe la, wodona ɖe afɔ ŋu, gake ɣeaɖewoɣi la, wosina vadona ɖe ŋutilã ƒe akpa bubuwo abe atalã, no, kple aɖe dzi ene.

Gake le dukɔwo dome ƒe ɖoɖo si wowɔ be woaɖe atɔ ɖa ta la, eƒe madidi hafi woaɖee ɖa o. Le Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe nya nu la, amesiwo mede miliɔn etɔ̃ o ye le atɔdɔ lém le xexeame godoo, amesiawo katã le Pakistan, India, kple Afrika-dukɔ 17 bubuwo me. Le abe ƒe ewo siwo va yi me ene la, dɔ sia dze amesiwo wu miliɔn ewo dzi. Le Asia la, fifiae wote ŋu le atɔdɔa ɖem ɖa; le Afrika-dukɔ siwo me wòle la, ɖewohĩ woaɖe dɔlékuia ɖa keŋkeŋ le ƒe 1995 ƒe nuwuwu lɔƒo.

Eli tso Gbaɖegbe Ke

Atɔ le fu wɔm ameƒomea, vevietɔ amesiwo le Titinaɣedzeƒe kple Afrika tso keke blema ke. Wokpɔ atɔ kuku aɖe le nyɔnuvi si xɔ ƒe 13 ƒe kuku si wode atikee si wofɔ le Egipte la me. Nublanuitɔe la, wolã eƒe ata evea katã, ɖewohĩ be woatsɔ axe mɔ na eƒe ata ƒe kuku si tso atɔdɔléle gbɔ la nui.

Woƒo nu tso atɔdɔléle ŋu ŋutɔ le blemagbalẽwo me. Wokpɔ agbalẽ gbãtɔ si ƒo nu tso atɔ ŋu la le Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo me. Eƒo nu tso alesi wonɔa atɔ si le go dom la xatsam ɖe ati ŋui la ŋuti. Le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me la, Helatɔ aɖe si woyɔna be Agatharchides si tso Cnidus ŋlɔe be: “Amesiwo dze dɔ le Ƒudzĩa dzi la kpe fu le dɔ vɔ̃ɖi kple dɔ masekpɔ aɖewo si me, esiwo dometɔ aɖewoe nye atɔ, si nye da suesue siwo va dze wo dzi eye woɖu woƒe afɔwo kple abɔwo, eye ne woka asi wo ŋu la, wosina gena ɖe lãmekawo me eye wòna wosea veve ŋutɔŋutɔ.”

Alesi Wodanɛ

Lododo si nye “Dzeaʋaɖi aʋa mesinɛ o” la sɔ na atɔdɔléle ŋutɔ. Le nyateƒe me la, atike aɖeke meli si daa eƒe dɔ o. Ne ame aɖe nya no tsi si me atɔ ƒe azi le ko la, atike aɖeke mate ŋu adae o vaseɖe esime atɔa di be yeado go le ŋutilãa me hafi, edoa ŋgɔ naa afima ɖoa loholoho hegbãna. Ne eva ɖo afisia la, ɖɔkta bibi ate ŋu asi ŋutilã le atɔa ƒe titina ƒe axadzi vie ahaɖe dɔlékuia ɣeaɖewoɣi. Ema megbe la, etsɔa ga gɔdɔ̃e aɖe hea atɔa ƒe akpa aɖe ʋeʋeʋe doa goe, esi zua abido ɖe ŋutilã la ŋu. Mlɔeba la, ehea atɔa ƒe akpa susɔea doa goe le ŋuɖɔɖɔɖo me, esia nye dɔ si wɔwɔ axɔ aɖabaƒoƒo geɖe.

Gake ne atɔa dze dodo le eɖokui si gɔme ko la, teƒea ƒe abiwɔwɔ wɔnɛ be atɔ la menya hena doa go bɔbɔe o. Emegbe nu nyuitɔ si dɔlélaa nawɔ koe nye be woawɔ abe alesi blematɔwo wɔnɛ ene si nye be woaxatsa atɔa ɖe ati sue aɖe ŋu ŋuɖɔɖɔɖotɔe esi wòle dodom. Ele be woaɖɔ ŋu ɖo be atɔa nagalã o. Ne elã la, takpoa sina gena ɖe amea ƒe lãme hezua nutete, vevesese, kple dɔ bubu nɛ.

Womate ŋu ada atɔ la boo ne ege ɖe lãme na ame o. Gake woate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ atsi dɔlékuia nu hafi wòage ɖe amegbetɔ ƒe lãme.

Atɔ la Dzi Ðuɖu

Mɔ siwo dzi woato dometɔ ɖekae nye be woana tsi nyui, abe vudo me tsi si me atɔ ƒe azi aɖeke mate ŋu anɔ o ene. Mɔnu bubue nye be woafia kɔƒe me tɔwo be woaɖa woƒe tsinono loo alo woatsyɔe kple avɔ dzadzɛ aɖe. Nu etɔ̃lia si woawɔ enye be woatsɔ atike si mawɔ nuvevi amegbetɔ alo lãwo o la awu aziawoe.

Le dukɔ susɔe siwo me atɔa le ta kekem le me la, wole ɖoɖo sesẽwo wɔm be woadi kɔƒe siwo me atɔdɔa le fu ɖem na amewo le ne woakpe ɖe kɔƒea me tɔwo ŋu be atɔa nagalé wo o. Tso esime wodze egɔme va ɖo fifia la, agbagbadzedze siawo kpɔ dzidzedze geɖe ŋutɔ. Fifia edze abe atɔa ƒe nuwuwu ɖo vɔ ene. Eye ne enu yi la, ame aɖeke mafa nɛ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mele be woano tsi si me dɔlékui le o negbe ne woɖae alo tsyɔe ko hafi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe