Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Nyɔnu ‘Siwo Bu’
The Courier, si nye magazine si Europa-dukɔwo ƒe Habɔbɔ tana la gblɔ be: “Le nuto siwo me woléa be na nyɔnuwo le nyuie le lãmesẽ gome la, ne woxlẽ nyɔnu 106 la, ŋutsuwo nyea 100. Esia nye dzɔdzɔme nyateƒenya.” Gake Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ ƒe numekukuwo hã ɖe nyateƒenya bubu fia: Le Asia-dukɔwo abe China, India, Republic of Korea, kple Pakistan ene me le mamã dedie nu la, ne woxlẽ ŋutsu 100 la, nyɔnuwo nyea 94 pɛ ko. Nukatae? The Courier ɖe eme be: “Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔyiyi va wɔe be wote ŋu nyana do ŋgɔ ne ŋutsuvi alo nyɔnuvie fugboea nye” eye esia dzi “nyɔnu kple ŋutsu agbɔsɔsɔme si wodzina ƒe masɔmasɔ” ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, wodzi nyɔnuvi 94 ne wodzi ŋutsuvi 100 le Republic of Korea le ƒe 1982 me, gake le ƒe 1989 me la, agbɔsɔsɔa ɖiɖi va zu nyɔnu 88 ne ŋutsuwo nye 100. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ ƒe agbalẽ si nye Our Planet gblɔ kpee be: “Akɔntabubua dzi ŋɔ ŋutɔ: Asia nyɔnu miliɔn 100 ‘bu’ le vidzĩ siwo nye nyɔnuviwo wuwu kple fugboe siwo nye nyɔnuviwo ɖeɖe ta.”
Aʋawɔnuwo alo Agbenɔnɔ Dodo ɖe Ŋgɔ?
United States ƒe dɔlar 100 ate ŋu aƒle AK-47 tu ɖeka alo aƒle vitamin-A atikekui siwo woana ƒe-ɖeka-vi 3,000 bene woƒe ŋku megagbã o. Dɔlar miliɔn 100 ate ŋu aƒle tomenugoemetu miliɔn ewo alo aƒle atike siwo woado na ɖevi miliɔn 7.7 be woagalé ɖevimedɔ ade siwo wua wo la o. Dɔlar miliɔn 800 ate ŋu aƒle F-16 aʋawɔyameʋu 23 alo woazãe atsɔ akpɔ iodine dede dze me hena ƒe ewo, esi akpɔ ame biliɔn 1.6 ta be woagalé dɔ siwo tso iodine manɔlãmename gbɔ o, abe susu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ene. Dɔlar si ade biliɔn 2.4 ate ŋu aƒle nuklia ƒugɔmeʋawɔʋu ɖeka alo woatsɔe aƒle tsi kple dzadzɛnyenye gbɔkpɔnuwo na ame miliɔn 48. Nukawoe xexeame buna nu vevitɔwoe? The State of the World’s Children 1996 gblɔ be aʋawɔnu siwo wodzra na dukɔ madeŋgɔwo le ƒe 1994 ɖeɖe dzaa me la ade dɔlar biliɔn 25.4, anye ne woate ŋu azã ga ma atsɔ ado agbenɔnɔ ɖe ŋgɔ hafi.
Ƒeɖekadzoɖekɛ Siwo Tsoa Mɔdodo me ƒe Afɔku
Nukatae ƒeɖekadzoɖekɛ tsoa mɔ me ɖo? Biabia sia menye fefenya na Newfoundland ƒe gbemelãŋutinunyalawo alo afima ʋukulawo kple tsaɖila akpe geɖe siwo toa nuto ma ƒe mɔ gãwo dzi o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail gblɔ be: “Ʋu kple ƒeɖekadzoɖekɛ ƒe afɔku si ade 300 dzɔna ƒe sia ƒe le Newfoundland ƒe mɔdodo gãwo dzi, ʋukulawo kuna le wo dometɔ geɖe me. Ƒeɖekadzoɖekɛ si ƒe kpekpeme ade kilogram 450 ate ŋu adze ʋu tame abe agakpe gã aɖe ene ahawu ame alo ana woazu nuwɔametɔ.” Shane Mahoney si le Dzɔdzɔmenuwo Dzi Kpɔkpɔ Dɔwɔƒe gblɔ be ƒeɖekadzoɖekɛ 150,000 siwo le ƒukpoa dzi ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖeɖe kpɔtɔ makpɔ kuxia gbɔ o, elabena ʋufɔkuwo dzɔna ŋutɔ le teƒe aɖewo siwo ƒeɖekadzoɖekɛwo mesɔ gbɔ le o. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔ mɔ be ne yewolé ŋku ɖe lãhawo ƒe zɔzɔ ŋu la, yewoate ŋu anya nusita ƒeɖekadzoɖekɛ siwo vɔ̃na na ʋu le dzɔdzɔme nu la va nɔa mɔdodo me tsom.
Nauru ƒe Nɔnɔme Wɔnublanui La
Nauru, si nye dukɔ suetɔ kekeake kple esi sa ɖe aga wu le xexeame nye anyigba xɔdzo si ƒe atsyɔ̃ɖoɖo wonya nyuie tsã. Europa ƒudzidela siwo ke ɖe ƒukpo sia si ƒe lolome nye kilometa 20 togodo ŋu zi gbãtɔ le ƒe alafa 18 lia me la yɔe be Ƒukpo Dzeani la. Gake fifia la, ƒutanyigba lɛɛ aɖe dzi koe ganyo na nɔnɔ, eye The New York Times gblɔ be Nauru zu “dukɔ si ƒe nutome wogblẽ wu ɖesiaɖe le anyigba dzi.” Nukatae? Tomenukuku tae. Ƒe 90 sɔŋ enye sia la, woku phosphate si nye xewo ƒe mi kple ƒumenugbagbevi suesue siwo tsi anyi ƒe akpe geɖe, “ena do globo dziŋɔ siwo le abe dzinu dzi tɔ ene kple akalokpe tsrala siwo kɔkɔ ade meta 22 va tsi anyi.” Dzoxɔxɔ si dea dzi tso ƒukpoa ƒe memamã atɔ̃ ƒe akpa enelia si woku me la gblẽ nu le yamenutoa me ŋu, ekloa tsiɖoɖo eye wònaa ku ɖina le anyigba la dzi ŋutɔ. Wokpɔ mɔ be le ƒe atɔ̃ siwo gbɔna me la, woaku phosphate mamlɛ si gale toa me wòavɔ. Naurutɔ geɖe susui be nusi ko yewoate ŋu awɔe nye be yewoadzo le Nauru eye yewoatsɔ yewoƒe ga aƒle aƒe yeye le ƒukpo bubu dzi aʋu ayi afima.
Atɔdɔ le Vɔvɔm
The Economist gblɔ be: “Le sakpatɛ megbe la, edze abe atɔe nye amegbetɔwo ŋu dɔlelé evelia si woaɖe ɖa ene. Agbɔsɔsɔ si ŋu wobu akɔnta le le xexeame godoo be ade 900,000 kloe le ƒe 1989 si va yi nyitsɔ ko me la dzi ɖe kpɔtɔ va ɖo 163,000 le ƒe si va yi me, eye eƒe memamã afã vɔna ƒe sia ƒe le dukɔ akpa gãtɔ me.” Sudan koe mele nenema le o, “si ɖo kpe edzi be aʋawɔwɔ kple dɔlélee zɔna.” Wotsrɔ̃ atɔ, si nye lãvi si nɔa tsi me eye ne edze egɔme wònyea ŋɔvi sue aɖe la ɖa le Titina Asia, Pakistan, kple Afrika-dukɔ geɖe me xoxo. Lãmesẽ habɔbɔwo na edzi ɖe kpɔtɔ to atike siwo wua lãviwo le tsi me zazã, efiafia amewo be woatsɔ avɔ atsyɔ woƒe tsinonoe, eye woagana amesiwo ŋu dɔa le be woale tsi alo azɔ afisiwo wokua tsinono le o me. Ne ŋɔviawo nya ɖo lãme na ame ko la, atsuawo kuna le woƒe asiyɔyɔ vɔ megbe, eye nɔeawo te ŋu didina ɖoa meta ɖeka hafi wova doa nu ɖa to dɔléla la ƒe afɔ si ɖoa loholoho nɔa evem la me, ɣeaɖewoɣi la, lãmekawo megate ŋu wɔa dɔ o eye nu gblẽna le wo ŋu.
Tsɔtsrɔ̃gaƒoɖokui Gayi Ŋgɔ
Nyitsɔ laa la, wote tsɔtsrɔ̃gaƒoɖokui xɔŋkɔ si wota ɖe The Bulletin of the Atomic Scientists ƒe akpa dzi ƒe aɖabaƒoƒofiaɖe yi ŋgɔ aɖabaƒoƒo etɔ̃ wògagogo zã ga wuieve ƒoƒo. Gaƒoɖokuia ɖea alesi gbegbe xexeame te tu nukliaʋawɔwɔe fiana le kpɔɖeŋumɔ nu. Tso esime wotoe vɛ le ƒe 1947 me la, wogbugbɔ troe zi gbɔ zi 16 le alesi nɔnɔmewo va le tɔtrɔm le xexeamee nu. Ɣeyiɣi si me wòte ɖe nuklia ƒe zã ga wuieve ŋu wu—aɖabaƒoƒo eve—enye le ƒe 1953 me esime United States da hydrogen-bɔmb gbãtɔ vɔ megbe. Zi mamlɛtɔ si wotrɔe enye le ƒe 1991 me esi wohee yi megbe wòsusɔ aɖabaƒoƒo 17 na zã ga wuieve, le alesi etsɔme mɔkpɔkpɔ nyuiwo nɔ amewo me le Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli ƒe nuwuwu megbe ta. Gaƒoɖokuia hehe yi ŋgɔ wòsusɔ aɖabaƒoƒo 14 la ɖe alesi wole dzi tsim kakaka ɖe xaxa si le dzidzim ɖe edzi le xexeamee ŋu, vɔvɔ̃ le nukliaʋawɔnu siwo woli kɔ ɖi la ta, kple vɔvɔ̃ le nukliaʋawɔnuwo tsɔtsɔ do ŋɔdzi na ame ta. Leonard Rieser si nye The Bulletin ƒe zimenɔla gblɔ be: “Xexeame gakpɔtɔ nye afɔkuteƒe kokoko.”
Wogblẽ Vi Fẽwo Ði
Le Italia la, se ɖe mɔ be vinɔ ate ŋu agbe be yemaxɔ ye vi fẽ o, eye wòva zua agba na ɖevidzikpɔhabɔbɔwo be woadi srɔ̃tɔ siwo alɔ̃ axɔe anyi. Gake le ƒe 1995 me la, wogblẽ ɖevi siwo sɔ gbɔ de 600 ɖi le wo dziɣi, Italiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be wogblẽ wo ɖi “ɖe gbelɔnuwo me, bubuwo ɖe sɔlemexɔwo alo dɔdaƒewo xa.” Nusia dzɔna le dukɔa ƒe akpa siwo mɔ̃ɖaŋudɔwo kple kesinɔnuwo bɔ ɖo wu la me kpakple le akpa siwo da ahe eye womede ŋgɔ o wu hã me. Vera Slepoj si nye Italiatɔwo ƒe Susuŋutinunyahabɔbɔ ƒe zimenɔla gblɔ be esia nye “ku mabumabu ɖe naneke me ƒe dzesi” si xɔ aƒe ɖe amewo me.
Tsikɔwuame Ðeɖe Mesɔ Gbɔ O
Nufialagã Ðk. Mark Davis si nya lãmenuwo ƒe dɔwɔwɔ le kamedede me gblɔ be: “Ne tsikɔe awu ame hafi wòano tsi la, ke mano tsi si hiã nɛ o.” Esi ne lãmetsiwo ɖiɖi va anyi hafi wosea tsikɔwuame ta la, tsi vɔna le lãme na ame geɖe vie. Eye alesi amewo le tsitsimee la, nenemae tsikɔ megalɔ̃a wo wuwui o. Abe alesi wogblɔ le The New York Times me ene la, ehiã be míano tsi geɖe wu ne xexeame xɔ dzo alo vuvɔ le wɔwɔm eye yame ƒu kplakplakpla, ne míedea kame alo míegaɖua nu fũ o, kple ne míedze dɔ eye nɔnɔme abe miŋɔŋɔ, asrã, kple xeɖeɖe siwo naa tsi vɔna le lãme na ame kpe ɖe eŋu. Amesiwo ɖua nu sesẽwo hã hiã tsi geɖe, ale be wòate ŋu ana nua nato woƒe dɔka me. Togbɔ be tsi geɖe ate ŋu anɔ atikutsetsewo kple amagbewo me hã la, tsinono mee míekpɔa tsi si míehiã ƒe akpa gãtɔ tsonɛ. Tsie nyo wu, elabena ete ŋu ɖoa lãme na mí kaba. Alesi nunono aɖe vivi ŋanaŋanae la, nenemae megbãna ɖe lãme na ame kabae o. Aha viviwo ate ŋu ana tsikɔ nawu wò ɖe edzi, elabena tsi hiã hafi suklia nagbã ɖe lãme na ame. Esi caffeine kple aha sesẽwo naa woɖɔa aɖuɖɔ sɔgbɔ ta la, nunono siwo me wole la nono ate ŋu ana tsi navɔ le lãme na ame. Times gblɔ be: “Ne mede ɖeke o la, ele be ame tsitsiwo nano tsi si sɔ gbɔ wu lita eve teti gbesiagbe.”
Woʋu Egiptetɔwo ƒe Yɔdo Xɔŋkɔ aɖe Nu
Wodzra Nefertari ƒe yɔdo si le Fianyɔnuwo ƒe Luxor Bali me, si nu wotu nu ɖo ƒe geɖee nye sia la ɖo, eye wogaʋu enu na amehawo. Mohammed el-Soghayer si nye Blemanuwo ƒe Aɖaŋuɖoha Kɔkɔtɔ ƒe alɔdze si le Luxor ƒe tatɔ gblɔ be: “‘Le nyateƒe me la, yɔdo siae dze ani wu ɖesiaɖe le Luxor ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, alo le Egipte katã gɔ̃ hã. Edze kɔte be aɖaŋuwɔla bibitɔwo kekeakee wɔe le Ramses II ŋɔli, amesi tu fiahawo ƒe ŋkuɖodzinu sia le alesi wòlɔ̃ Nefertari vevie ta. Edi be woaɖii ɖe yɔdo nyuitɔ kekeake me.’” Gake tsiɖɔɖɔ, ba, kple dze si nɔ gegem ɖe eme la gblẽ nutata nyui dzeani si keke meta 430 togodo la kloe. Le ƒe geɖe ƒe aɖaŋudede megbe la, ƒuƒoƒo si me dukɔ vovovo me tɔwo nɔ la, dze dɔ si bia agbagbadzedze geɖe gɔme le ƒe 1986 me eye wozã foto si Italiatɔ Egipte ŋutinusrɔ̃la Ernesto Schiaparelli, amesi ke ɖe yɔdoa ŋu ɖe, eye wofɔ glikpe kakɛawo gbugbɔ wo ɖo. Gake woɖo asi vavalawo ƒe xexlẽme dzi le fifiawɔwɔ ta. Ramses II gatsɔ Abu Simbel ƒe gbedoxɔ si ŋu wòkɔ na Nefertari la de bubu eŋui.