Ðoɖo Wɔwɔ Ðe Vidzidzi Ŋu Zu Xexeame Katã ƒe Nya
Ðoɖo wɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ate ŋu aɖe vi geɖe na ame geɖe esi womagblẽ ga fũ o wu ‘mɔ̃ɖaŋununya’ bubu ɖesiaɖe si su amegbetɔƒomea si fifia. . . . Alea kee wòaganɔ ne nusi nye amewo ƒe agbɔsɔsɔ fũ ƒe kuxi gɔ̃ hã meli o.”—The State of the World’s Children 1992.
“LE BLEMA la, wobu vi geɖe dzidzi nu dzroamee. Anye ƒe akpe ene kloe nye sia esime wòsusɔ vie ne Rebeka nadzo le Mesopotamia ayi aɖaɖe Isak la, dadaa kple nɔviaŋutsu wotsɔ nya siawo yrae be: “Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo.” (Mose I, 24:60) Gake ɣeyiɣiawo trɔ. Egbea la, nyɔnu geɖe le gbɔgblɔm be yewomedi be yewoadzi vi fũ o.
Bu, si nye Indonesia-nyɔnu si xɔ ƒe 22, si si vinyɔnuvi ɖeka le la gblɔ be: “Nyee nye vi adre siwo danye dzi ƒe etɔ̃lia. Fofonye nye dehadzrala le Klaten, si le Titina Java, eye dzinyelawo kpe fu ale gbegbe le mí ɖevi gbogbo siawo nyinyi me. . . . Ele bɔbɔe be woakpɔ ƒome dzi ne ɖevi ʋee aɖewo koe le asiwò.”
Bu ƒe nukpɔsusu sia sɔ kple dzila siwo le xexeame katã la tɔ. Srɔ̃tɔ geɖe wu di be yewoawɔ ɖoɖo le ɣeyiɣi si me yewoadze vidzidzi gɔme, vi xexlẽme si yewoadzi, ƒe xexlẽme si yewoatso ɖe dome na wo kple ɣeyiɣi si woatso vi, la ŋu. Esia dze le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe akɔntabubu si ɖee fia be ame ŋutɔ ƒe mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe atikewo zazã si le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me la dzi ɖe edzi ŋutɔ la me, tso srɔ̃tɔ siwo nɔ anyi le ƒe 1960 ƒe ƒeawo me dometɔ 10 le alafa ɖesiaɖe me dzi va ɖo wo ame 51 le alafa ɖesiaɖe me egbea.
Dziɖuɖuwo hã tsɔ ɖe le ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu dodo ɖe ŋgɔ me vevie. Dukɔ siwo le ŋgɔ yim ƒe afã kple edzivɔ le ɖoɖowo wɔm be yewoatsɔ aɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔe. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ ƒe Nyawo Gbɔ bu akɔnta be ga si wozãna ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖeɖe akpɔtɔ ƒe ɖoɖowo ŋu katã ƒe home bliboa ade dɔlar 4,500,000,000 ƒe sia ƒe. Be woakpɔ alesi wòava nɔ le etsɔ me gbɔe la, dziɖuɖuwo susui be xexlẽme sia adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kaka ƒe 2000 naɖo.
Nukatae dukɔwo kple ame ɖekaɖekawo tsɔ ɖe le vidzidzi dzi ɖeɖe akpɔtɔ me vevie alea gbegbe ɖo? Eye nukae nye Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu le nya vevi sia ŋu? Nyati eve siwo kplɔe ɖo la adzro biabia siawo me.