Vidzidzi—Ðe Viɖe Le Eŋu alo Mele Eŋu O?
ÐOÐOWƆWƆ ɖe vidzidzi ŋu ƒe nya la do ƒome kplikplikpli kple nusi woyɔna zi geɖe be amewo ƒe agbɔsɔsɔ fũ akpa. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe akpa gãtɔ me la, ɖeko amewo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi ʋeʋee; amesiwo kuna ƒe xexlẽme ade amesiwo wodzina nu. Esi ɣeyiɣiawo nɔ yiyim, abe ƒe 1830 me ene la, ame xexlẽme si nɔ xexeame de biliɔn ɖeka.
Emegbe ŋgɔyiyiwo va le atikewɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya me si na dɔléle, vevietɔ ɖevimedɔlélewo, megawua ame geɖe kabakaba o. Kaka ƒe 1930 naɖo la, amewo ƒe agbɔsɔsɔ le xexeame ɖo biliɔn eve. Kaka ƒe 1960 naɖo la, biliɔn bubu va kpe ɖe eŋu. Kaka ƒe 1975 naɖo la, biliɔn bubu gava kpee. Kaka ƒe 1987 naɖo la, amewo ƒe agbɔsɔsɔ le xexeame ɖo biliɔn atɔ̃.
Ne míagalé ŋku ɖe eŋu le mɔ bubu nu la, amewo ƒe xexlẽme si le ɣletinyigba dzi fifia la le dzidzim ɖe edzi abe ame 170 ene aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe. Ema fia be ame abe 250,000 ene va kpenɛ gbesiagbe si ade dugã aɖe si me amewo mesɔ gbɔ le fũ o ƒe xexlẽme nu. Esia fia hã be ƒe sia ƒe la, amewo ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi ame miliɔn 90 kple edzivɔ, esi sɔ kple Kanadatɔwo ƒe xexlẽme ƒe teƒe etɔ̃ alo sɔ kple Meksikotɔwo ƒe xexlẽme. Dzidziɖedzi sia ƒe akpa 90 lia le alafa me le edzi yim le dukɔ siwo le ŋgɔ yim la me, afisi xexeamenɔlawo dometɔ 75 le alafa ɖesiaɖe me le xoxo.
Dziɖuɖu Siwo Tsi Dzi Ðe Eŋu
Gake nukatae dziɖuɖuwo di vevie be yewoato ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu me aɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ? Ðk. Babs Sagoe, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ ƒe Nyawo Gbɔ ƒe alɔdze si le Nigeria ƒe amegã la wɔ kpɔɖeŋu bɔbɔe aɖe ɖo biabia sia ŋui, ewɔ kpɔɖeŋu sia tsɔ ɖe nɔnɔme sesẽ si ŋu wole nya ʋlim le la wòdze nya bɔbɔe eye wòganye nuxlɔ̃me hã. Eɖe nu me be:
‘Tsɔe be anyigba agbleka ewo le agbledela aɖe si. Ne vi ewoe le esi eye wòmã anyigba la na wo sɔsɔe la, ɖevi ɖesiaɖe akpɔ anyigba agbleka ɖekaɖeka. Ne ɖevi siawo dometɔ ɖesiaɖe dzi vi ewo eye woawo hã mã anyigba la nenema ke la, anyigba agbleka ɖeka ƒe akpa ewolia koe wo vi ɖesiaɖe akpɔ. Eme kɔ ƒã be nɔnɔmea made ɖevi siawo dzi abe wo tɔgbui si si anyigba agbleka ewo nɔ ene o.’
Kpɔɖeŋu sia ɖe ƒomedodo si le amewo ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi kple anyigba la, si megalolona ɖe edzi o, si ƒe nuwo le vɔvɔm dome la fia. Esi amewo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi la, dukɔ siwo le ŋgɔ yim dometɔ geɖe le agbagba dzem be yewoakpe akɔ kple amewo ƒe agbɔsɔsɔ si li fifia. De ŋugble le kuxiawo dometɔ aɖewo ŋu.
Dzɔdzɔmenunɔamesiwo. Esi amewo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi la, wova le ave, anyigba, agbledeƒe, kple tsi vivi geɖe wu hiãm. Nukae do tso eme? Populi magazine fa konyi be: “Eva hiãna zi geɖe . . . be dukɔ siwo le ŋgɔ yim la nazã dukɔa ƒe dzɔdzɔmenunɔamesi siwo dzi woƒe ŋgɔyiyi le etsɔ me nɔ te ɖo la wu alesi dze.”
Du me nuhiahiãwo. Esi amewo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi la, eva le sesẽm ŋutɔ na dziɖuɖuwo be woana aƒe siwo ade ame dzi, suku, nugododeƒe, lɔrimɔ kple dɔnɔkɔdzi nyui siwo ade na amewo. Esi fe gã ƒe agba te ɖe dukɔ siwo le ŋgɔ yim dzi vevie eye woƒe dzɔdzɔmenunanawo le vɔvɔm ta la, amewo ƒe agbɔsɔsɔ si li fifia ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo va le sesẽm na wo, kaka wòahanye be woagasɔ gbɔ wu.
Dɔwɔɖui. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ dzi Ðeɖe Akpɔtɔ ƒe Nyawo Gbɔ ƒe agbalẽ si nye Population and the Environment: The Challenges Ahead gblɔ be le dukɔ siwo le ŋgɔ yim dometɔ geɖe me la, dɔwɔɖui mele amesiwo tsi awɔ dɔ dometɔ 40 le alafa ɖesiaɖe me si o. Le dukɔ siwo katã le ŋgɔ yim la me la, dɔwɔɖui mele amesiwo wu biliɔn afã si o alo dɔ tsɛ aɖe koe wokpɔna wɔna ɣeaɖewoɣi, esi nye xexlẽme si de dɔwɔla siwo katã le mɔ̃ɖaŋuwɔdukɔwo me nu kloe.
Be dɔmakpɔwɔekuxi siawo nagagblẽ ɖe edzi o la, ele be dukɔ siwo le ŋgɔ yim la naɖo dɔ yeye miliɔn 30 sia ƒe. Amesiwo ahiã dɔwɔɖui siawo la le agbe egbea—woawoe nye egbeviwo. Nɔnɔmea ŋuti nunyalawo susui be dɔmakpɔwɔe ƒe takeke ana dukɔmeviwo nadze aglã, ahedada nu nasẽ ɖe edzi, eye woagatsrɔ̃ dzɔdzɔmenunana geɖewo.
Eyata mewɔ nuku o be dukɔ siwo le ŋgɔ yim dometɔ geɖe wu le agbagba dzem be yewoado ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ɖe ŋgɔ. Esi nuŋɔŋlɔmetola aɖe nɔ nu ŋlɔm tso nusi le ŋgɔgbe gbɔna ŋu ɖe Britaniatɔwo ƒe atikewɔgbalẽ si nye Lancet me la, egblɔ be: “Amemiamiã si [amewo ƒe] ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi hena vɛ, vevietɔ le xexemedukɔ siwo da ahe wu koŋ me, na dɔ si wodze ŋgɔe le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ . . . Ame geɖewo atsi anyi agbalẽmanyamanyae, dɔ aɖeke mawɔmawɔe, aƒe nyui makpɔmakpɔe, eye kɔdzi, dedienɔnɔ, kple dzadzɛnyenye ƒe ɖoɖowo maɖo wo gbɔ o o, eye amewo ƒe agbɔsɔsɔ si nu womele mɔ xem ɖo o nye nusi koŋ le kuxi siawo hem vɛ.”
Ƒome Siwo Tsi Dzi Ðe Eŋu
Taɖodzinuwo ɖoɖo kple ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ƒe ɖoɖowo le dukɔ bliboa katã me nye dɔa ƒe akpa ɖe; nu me ɖeɖe na amewo hã nye eƒe akpa bubu. Le amewo ƒe habɔbɔ geɖe me la, nukpɔsusu siwo li tso gbaɖegbe ke siwo da asi ɖe vi geɖe dzidzi dzi la nu gakpɔtɔ sẽ kokoko. Le kpɔɖeŋu me, Nigeriatɔ vinɔ aɖe ɖo woƒe dziɖuɖua ƒe dzidede ƒo na amewo be woaɖe vidzidzi dzi akpɔtɔ la ŋu be: “Nyee nye vi 26 siwo fofonye dzi ƒe mamletɔ. Fonyewo kple daanyewo dzi vi enyi vaseɖe 12. Eyata nye koe adzi vi ʋee aɖewoa?”
Ke hã la, nukpɔsusu ma megabɔ abe alesi wòbɔ tsãe le Nigeria ene, afisi ne mede ɖeke o hã la, nyɔnu dzia vi ade ya teti o. Esi nuwo ƒe asixɔxɔ le fu ɖem na ame miliɔn geɖe ta la, woƒe ƒomewo dzi kpɔkpɔ kple woƒe nudodowo nana wo nye agba kpekpe na wo. Le nusi dzɔ ɖe ame geɖe dzi ta la, wosrɔ̃ nu le nyateƒenya si dze le Yorubatɔwo ƒe lododo me ŋu be: “Ọmọ bẹẹrẹ, òṣì bẹẹrẹ” (vi geɖe dzidzi kple ahedadae zɔna).
Srɔ̃tɔ geɖe nya vi siwo ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ɖena, gake womewɔa eŋudɔ o. Nukae dona tsoa eme? Agbalẽ si nye The State of the World’s Children 1992, si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ, ta gblɔ be menye ɖeko womawɔ ɖoɖo ɖe fufɔfɔ 1 le 3 ɖesiaɖe me ŋu le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me le ƒea me ko o, ke womanɔ edim hã o.
Ðoɖo Wɔwɔ Ðe Vidzidzi Ŋu Xɔa Ame Ðe Agbe
Le ganyawo ƒe sesẽ megbe la, susu vevi aɖe si ta míabu ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu enye le vinɔ kple viawo ƒe lãmesesẽ ta. Ɣetoɖoƒe Afrikatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Fufɔfɔ nye tsatsadada eye vidzidzi nye agbe kple ku ƒe tododo.” Ƒe sia ƒe le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me la, nyɔnu miliɔn ɖeka kuna le fufɔfɔ, alo vidzidzi me, eye ɖevi miliɔn ɖeka dadawo kuna le wo gbɔ, eye nyɔnu miliɔn atɔ̃ vaseɖe adre bubuwo zua nuwɔametɔwo alo nu gblẽna le woƒe lãmesẽ ŋu le vidzidzikuxiwo ta.
Menye nyɔnu siwo katã le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me dzie afɔku mawo ke dzɔna ɖo o. Abe alesi aɖaka si le afisia ɖee fia ene la, amesiwo le afɔku me wu enye ɖevi siwo metsi haɖe o ƒe vidzidzi, nyɔnu siwo dzia kpedevi, alo medzia vi kaba o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe akɔntabubuwo ɖee fia be ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ate ŋu axe mɔ ɖe nyɔnu siawo ƒe akpa enelia vaseɖe etɔ̃lia ƒe kuku nu eye wòaxe mɔ ɖe nyɔnu miliɔn geɖe ƒe wɔametɔwo zuzu nu.
Gake menye ɖeko ame miliɔn geɖewo xɔxɔ ɖe agbe adzi amewo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi oa? Ewɔ mo yaa be nɔnɔmea ŋuti nunyala geɖe gblɔ be madzii ɖe edzi o. Ƒe 1991 Human Development Report gblɔ be: “Woasusui be ne ɖevi geɖe wu tsi agbe la, kuxi siwo amewo ƒe agbɔsɔsɔ hena vɛ nu asẽ ɖe edzi. Nusi to vovo na ema kurae adzɔ. Ne kakaɖedzi geɖe le dzilawo si be yewo viwo atsi agbe la, womegadzia wo kpaŋkpaŋ o.”
Gake nyɔnu miliɔn geɖe, vevietɔ esiwo le teƒe siwo ahedada le, yi edzi le kpedeviwo dzim. Nukatae? Le esi amesiwo dome wole la kpɔa mɔ be woawɔe nenema, eye esi ɖewohĩ ɖevi aɖewo atsi agbe le vi geɖe siwo wodzi me kokoko la tae, eye le esi ɖewohĩ womanya nu le ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ƒe ɖoɖowo ŋu alo ɖeke mele wo gbɔ o la tae.
Ke hã nyɔnu siwo dzia vi fũ la dometɔ geɖe adii nenema be yewoƒe ƒome nalolo. Wobua ɖevi ɖesiaɖe be enye yayra tso Mawu gbɔ.
[Aɖaka si le axa 15]
Fufɔfɔ si me Afɔku Geɖe Wu Le le Dukɔ Siwo Le Ŋgɔ Yim Me
Vidzidzi Kaba Akpa: Afɔku si le eme be woate ŋu aku le fufɔfɔ kple vidzidzi me le nyɔnu siwo xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 19 dome la yi ŋgɔ zi gbɔ zi etɔ̃ wu nyɔnu siwo xɔ tso ƒe 20 vaseɖe 24. Afɔku geɖe le eme be vi siwo ƒewuiviwo dzina la aku kaba wu ame tsitsiwo tɔ, woadzi wo esi woƒe ɣeyiɣi mede o, alo woƒe kpekpeme made naneke kura ne wodzi wo o.
Kpedevidzidzi: Ɣeyiɣi ƒe didime si wotsona ɖe vidzidzi me la kpɔa ŋusẽ ɖe ɖevi ƒe agbetsitsi dzi. Alesi wòate ŋu adzɔe be ɖevi siwo mexɔ ƒe eve hafi wogadzi vi ɖe eyome o la naku bɔbɔe la yi dzi wu; eyae nye 66 le 100 me. Ne ɖevi siawo tsi agbe la, afɔku geɖe anɔ eme be woaku te eye ɖewohĩ woƒe susu hã maɖa o. Ne wotsoa dome na vidzidzi nyuie la, woate ŋu axe mɔ ɖe ɖevi abe 1 le 5 ɖesiaɖe me ene ƒe kuku nu. Afɔku mele ƒe etɔ̃ alo esi wu nenema si woatso ɖe dome na vidzidzi la me boo o.
Vidzidzi Fũ: Vi siwo wu ene dzidzi dzia afɔku siwo le fufɔfɔ kple vidzidzi me ɖe edzi, vevietɔ ne ƒe siwo wotso ɖe dome na vi siwo wodzi va yi la mewu ƒe eve o. Le vidadawo ƒe fufɔfɔ zi ene vɔ megbe la, afɔku geɖe anɔ eme be ʋu avɔ le lãme na wo, eye ʋu geɖe aɖuɖu le wo ŋu, eye afɔku geɖe le eme be ɖevi siwo woadzi la anye nuwɔmetɔwo.
Vimadzimadzi Kaba: Afɔku geɖe le eme be nyɔnu siwo xɔ wu ƒe 35 aku le woƒe fufɔfɔ alo vidzidzi me wu nyɔnu siwo xɔ tso ƒe 20 vaseɖe 24 zi gbɔ zi atɔ̃. Afɔku geɖe hã le eme be vi siwo nyɔnu tsitsiwo adzi la aku.
Teƒe Siwo Wotso: Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ, kple esi Kpɔa Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ dzi Ðeɖe Akpɔtɔ ƒe Nyawo Gbɔ.