Amesiwo Ku Le Aʋa Me Kple Xɔsetakukulawo —Vovototo Kae Le Wo Dome?
LE ŊUTINYA katã me la, amegbetɔ ƒe ŋutasesẽ le nɔvia ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo ŋu he fukpekpe geɖe vɛ eye wòna ame miliɔn geɖe ku. Eɖanye dunyahehe, dukɔmevinyenye, ŋutigbalẽ, alo mawusubɔsubɔ ƒe susuwo tae o, wokɔ ʋu maɖifɔ geɖe ɖi eye wogale wo kɔkɔ ɖi dzi. Fuléle ɖua lɔlɔ̃ kple nugɔmesese na ame nɔewo dzi. Nazãbubu xea mɔ ɖe mɔɖeɖe ɖe ame bubuwo ƒe nuwɔnawo ŋu nu. Eye amewuwu la le edzi yim.
Le ƒe alafa siwo va yi me la, aʋakpekpe na asrafowo wɔ aʋa kple wo nɔewo, eye dumevi ʋee aɖewo koe ƒo wo ɖokui ɖe eme. Le míaƒe ƒe alafa 20 lia sia me la, le bɔmbdada tso yameʋu me, aʋawɔtu siwo gblẽa nu le adzɔge kple aʋawɔnuwo ƒe toto ta la, dumevi dzro siwo wowu la sɔ gbɔ ale gbegbe be numekuku aɖe gblɔ be: “Fifia dumevi dzrowo koŋ ye wowuna wu le aʋawɔwɔwo me. Le ƒe alafa sia me la, wowu dumevi dzro siwo mebla aʋakpa o dometɔ geɖe le aʋawɔwɔwo me wu asrafo siwo wona hehee.” Wowu ame maɖifɔ siwo ƒe agbe womebu nu xɔasii o la le aʋawɔwɔ siwo dunyaheheŋgɔnɔlawo he vɛ la me. Le míaƒe ƒe alafa sia ɖeɖe dzaa me la, amesiwo kuna le aʋawɔwɔ me la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye ame miliɔn alafa ɖeka kple edzivɔ ku eye alesi wowɔa nuvevi amewo ƒe lɔlɔ̃tɔwo eye wokuna la tena ɖe ame miliɔn alafa geɖe dzi vevie.
Hekpe ɖe amesiwo kuna le aʋa siwo wowɔna egbea me ŋu la, ame bubu aɖewo hã ku le woƒe xɔse ta.a Vovototo kae le wo dome? Ame miliɔn geɖewo—Yudatɔwo, Slavwo, Gypsiwo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple ame bubuwo—ku le Nazi Germania le amesiwo wonye la ta. Xɔname kple tiatia aɖeke meli na wo o. Le dziɖuɖu vɔ̃ɖi ma te la, womate ŋu asi le woƒe ku nu o. Gake mehiã be wo dometɔ aɖewo naku hafi o. Woate ŋu asi le enu hafi, gake le gɔmeɖose siwo dzi wowɔna ɖo ta la, wotia be yewomaxɔ yewo ɖokui ɖe agbe o.
Kpɔɖeŋu ɖedzesiawo dometɔ ɖekae nye esi Katolikotɔwo ƒe nunɔla si ŋkɔe nye Maximilian Kolbe, amesi kpe ɖe Yudatɔ sisilawo ŋu le Xexemeʋa II me la ɖo ɖi. Le ƒe 1941 me la, “woɖoe ɖe [Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔ me le] Auschwitz, afisi wòtsɔ eƒe agbe na faa le amesi woa kpli wonɔ gaxɔ me si ŋkɔe nye Franciszek Gajowniczek si wotso kufia na teƒe le. Gbã la, wogblẽe ɖi dɔ wu eye mlɔeba wodo aɖi ɖe lãme nɛ wòku eye wotɔ dzoe.” (Encyclopædia Britannica) Eva zu xɔsetakukula si tsɔ eɖokui sa vɔe—esi to vovo tso alesi wowɔnɛ le Protestant kple Katoliko-hawo me la gbɔ.
Le Nazitɔwo ƒe ɣeyiɣi me le Germania (ƒe 1933-45) la, Yehowa Ðasefowo kpe yometiti sesẽ ƒe fu le esi wòdze agbagba be yewomade akpa aɖeke dzi o eye wogbe be yewomaƒo yewo ɖokui ɖe Hitler ƒe aʋawɔwɔnuwɔnawo me o ta. Woɖo wo dometɔ akpe geɖewo ɖe fuwɔamegaxɔ dziŋɔwo me, afisi wowu wo dometɔ geɖe le eye bubuwo ku le fuwɔame ta le. Gake mele be woakpe fu ahaku hafi o. Tiatia li woawɔ. Mɔ li na wo be woasi le enu. Ne wode asi agbalẽ te tsɔ gbe nu le woƒe xɔse gbɔe la, woate ŋu aɖe asi le wo ŋu faa. Wo dometɔ akpa gãtɔ tiae be yewomade asi agbalẽa te o, eye menye Nazitɔwo ƒe ŋutasesẽ me koe woku le o ke wozu xɔsetakukulawo hã. Eyata togbɔ be xɔsetakukulawo hã nye amesiwo wowu hã la, amesiwo wowu le aʋa me dometɔ ʋee aɖewo koe ate ŋu atiae be yewoaku xɔseta eye wotiae hã. Woɖu aʋa dzi vaseɖe ku me ke.
Ðaseɖiɖi siwo mede akpa aɖeke dzi o siwo tso amesiwo menye Ðasefowo o gbɔ la ɖo kpe esia dzi. “Switzerlandtɔwo ƒe Osɔfo Bruppacher de dzesii le ƒe 1939 me be ‘Togbɔ be amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo do kpo nu le dodokpɔ sesẽwo me hã la, Yehowa ƒe ɖasefo siawo siwo womenya o, siwo le abe Kristotɔ xɔsetakukulawo ene, la yi edzi tsi tre ɖe woƒe dzitsinya dzi zizi kple trɔ̃subɔsubɔ ŋu vevie . . . Wokpea yometiti ƒe fu geɖe hetoa eme kuna gɔ̃ hã elabena abe Yehowa ƒe ɖasefowo kple Kristo ƒe Fiaɖuƒea taʋlilawo ene la, wogbe Hitler kple Swastika la subɔsubɔ.’”
Gake menye Nazi Germania koe Yehowa Ðasefowo lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le vaseɖe ku me ke o. Eva hiã be woaɖe woƒe dzideƒo afia le Kɔmiunist-dziɖuɖu, Fasi-dziɖuɖu, kple dunyahedziɖuɖu sẽŋuta bubuwo kpakple mawusubɔsubɔhawo ƒe tsitretsiɖeŋu te. Le dukɔ siwo woyɔna be demokrasidukɔ siwo le Ɣetoɖoƒe la me gɔ̃ hã la, Ðasefowo dze ŋgɔ nuvlowɔwɔ. Míaƒe nyati si kplɔe ɖo la aƒo nu geɖe tso nusiwo dzɔ ɖe Ðasefo siwo ɖu aʋa dzi vaseɖe ku me ke dzi la ŋuti.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Woɖe amesi ku le nane me la gɔme be “enye amesi ame bubu aɖe wɔ nuvevii alo wu . . . Amesi nuwɔna, nɔnɔme, nu, alo nɔnɔme aɖe wɔ nuvevii alo wòle fu kpem le eta.” Gake xɔsetakukula enye “amesi tiae be yeaku tsɔ wu be yeagbe nu le yeƒe mawusubɔsubɔ ƒe gɔmeɖosewo gbɔ. . . . Amesi tsɔa nu geɖe saa vɔe alo kpea fu geɖe be wòatsɔ ado dzixɔse, nuwɔna, alo gɔmeɖose aɖe ɖe ŋgɔ.”—The American Heritage Dictionary of the English Language, Tata Etɔ̃lia
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Le Xexemeʋa II megbe la, Ɣedzeƒe Germania-ʋɔnudrɔ̃ƒewo bu fɔ Yehowa Ðasefowo madzemadzee be wonye Amerikatɔ ŋkutsalawo
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Neue Berliner Illustrierte