Aʋawɔwɔ Tsrɔ̃a Ðevi Geɖe
ÐE WOÐOE be ɖevimenɔɣi nanye dzidzɔɣi hafi. Enye ɣeyiɣi si me woalɔ̃ wo ahakpɔ wo ta. Enye nuteƒemakpɔɣi. Wokpɔa mɔ be ɖeviwo nafe, woasrɔ̃ nu, eye woatu nɔnɔme siwo akpe ɖe wo ŋu woava zu ame tsitsi siwo ɖo ta la ɖo. Womekpɔa mɔ be woawu ɖeviwo o, eye edze ƒã be womekpɔa mɔ be woava zu amewulawo hã o. Gake ne wole aʋa wɔm la, nu geɖe siwo mele be woadzɔ hafi o lae dzɔna.
Nublanuitɔe la, wowɔa aʋa le xexeame ƒe afisiafi, eye ɖevi geɖe tsia eme, wònye nusi gblẽa ɖeviwo kple ɖevimenɔɣi dome. Le ƒe 1993 me la, wowɔ aʋa gãwo le dukɔ 42 me eye dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔwo yi edzi le 37 bubuwo me. Ðeviwo nɔ dukɔ 79 siawo dometɔ ɖesiaɖe me.
Ðevi geɖe li egbea siwo menɔ ŋutifafa me kpɔ o. Kaka ƒe 1995 nawu enu la, wonɔ aʋa wɔm le Angola ƒe 30 enye ma, ƒe 17 le Afghanistan, ƒe 11 le Sri Lanka, kple ƒe 7 le Somalia. Le teƒeteƒewo la, dunyahelawo tsɔ kakaɖedzi ƒo nu le “ŋutifafa hehe vɛ” ŋu, gake aʋawɔwɔ atraɖii yi edzi le amegbetɔ ƒe agbe tsrɔ̃m.
Aʋawɔwɔ le nu gblẽm le ɖeviwo ŋu tso gbaɖegbe ke ya, gake nɔnɔme si me aʋawɔwɔ trɔ ɖo le fifi ɣeyiɣiwo me na be dumevi dzro geɖe wu tsia eme, eye ɖeviwo hã le eme. Le aʋa siwo wowɔ le ƒe alafa 18 lia kple 19 lia me kpakple ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze me la, amesiwo tsi aʋa ƒe afã nye dumevi dzrowo. Le Xexemeʋa II si wowɔ tso ƒe 1939 vaseɖe ƒe 1945 me la, dumevi dzro siwo tsi aʋa dzi ɖe edzi va ɖo aʋatsilawo katã ƒe akpa eve le etɔ̃ me, eye nusiwo gbɔ wòtso dometɔ aɖee nye bɔmb geɖe siwo woda ɖe dugãwo me.
Kaka ƒe 1980 ƒe ƒeawo nawu enu la, dumevi dzro siwo wowu le aʋawɔwɔ me dzi ɖe edzi bobobo va ɖo ame 90 le alafa me kloe! Nusiwo ta wòdzɔ alea dometɔ ɖekae nye be aʋawɔwɔ va trɔ ɖe nɔnɔme vovovo geɖe me. Meganye aʋagbedzi koe asrafowo kpea ŋgo le o. Dukɔwo ŋutɔ mee wowɔa aʋa siwo dzɔna egbea ƒe akpa gãtɔ le, ke menye dukɔ aɖe kple bubu dome o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wokpea aʋa le kɔƒewo alo dugãwo me, eye le teƒe mawo la, ŋutasesẽ kple nazãbubu wɔnɛ be amewulawo megadea vovototo futɔwo kple amesiwo ŋu nyaa meku ɖo o dome boo o.
Egblẽ nu le ɖevi gbogbo aɖewo ŋu. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nyawo Gbɔ gblɔ be wobu akɔnta be le ƒe ewo siwo va yi ɖeɖeko me la, wowu ɖevi miliɔn eve le aʋa siwo wowɔ me eye ena ɖevi miliɔn ene vaseɖe miliɔn atɔ̃ bubuwo zu nuwɔametɔwo. Aʋawɔwɔ na ɖevi miliɔn ɖeka kple edzivɔ zu tsyɔ̃eviwo eye aƒe mele ɖevi miliɔn 12 si o. Ŋɔdzi gblẽ nu le ɖevi miliɔn ewo aɖewo hã ƒe susu ŋu le aʋawɔwɔ ta.
Agbalẽ siwo ƒo nu tso aʋawɔwɔ ŋu do agbogbo ɖe agbalẽdzraɖoƒewo. Agbalẽ siawo dzroa alesi wowɔ aʋawo kple nusita wowɔ woe me; woɖɔa aʋawɔnuwo kple aʋawɔmɔnu siwo wozã; wohea susu yia aʋafia siwo nɔ ŋgɔ wowu ame gbogbowo la dzi. Sinimawo na aʋawɔwɔ dzena dzidzɔdonui eye wòtsyɔa nu fukpekpe si wòhena vɛ dzi. Agbalẽ kple sinima siawo meƒoa nu tso fukpela maɖifɔawo ŋu boo o. Nyati siwo kplɔe ɖo adzro alesi wona ɖeviwo zu aʋawɔlawo tsɔ gblẽ wo domee, alesi wonye amesiwo ŋu wote ŋu gblẽa nu le bɔbɔe wu amesiame, kple nusita míegblɔ be etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui ŋutɔŋutɔ aɖe ate ŋu asu egbeviwo si me.