Tsɔtsrɔ̃ Gã aɖe ƒe Blemanudzraɖoƒe Kple Yehowa Ðasefowo
NAZITƆWO ƒe ŋutasẽdziɖuɖu la wu ame miliɔn geɖewo ŋɔdzitɔe, vevietɔ Judatɔwo kple Slavwo. Gake masusubɔsubɔha aɖe—si nye Yehowa Ðasefowo—tsɔ nusɔsɔ gbe be yewomabɔbɔ yewo ɖokui na Nazi-dziɖuɖu la o, menye le ameƒomevi si wonye alo dukɔ si me wotso la tae o, ke boŋ le woƒe wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi pɛpɛpɛ tae.—Yohanes 17:14, 16.
Nazi-dziɖuɖu la he yometiti sesẽ va Yehowa Ðasefowo dzii—esi nye wo dzi dzedze gã aɖe. Nukatae? Le mawusubɔsubɔ ƒe susuwo ta la, Ðasefowo gbe be yewomanɔ Germania-dɔwɔha si dziɖuɖua ɖo me alo awɔ dɔ le eme o eye wogbe be yewomaka atam na Hitler abe Führer alo dziɖula ene o. Eyata Nazi-dziɖuɖua ɖo asi wo dzi le ƒe 1933 ƒe April me. Esi wotso wo nu be wonye dumevi kple subɔsubɔha si meɖoa to dziɖuɖu o ta la, wonɔ ame gbãtɔ siwo wode fuwɔamegaxɔwo me la dome. Blemanudzraɖoƒe aɖe ƒe nyatakala aɖe gblɔ be: “Mlɔeba la, Ðasefo siwo wu 30,000 yomee Nazitɔwo ti.”
Woʋu United States ƒe Holocaust Memorial Museum si le Washington, D.C. la nu be woatsɔ anɔ habɔbɔ siwo katã yome Nazitɔwo ti, si me Yehowa Ðasefowo hã le ƒe ŋutinyawo gblɔmee. Ame aɖe gblɔ be “ele be Amerikatɔwo kple Yudatɔ siwo tso dukɔ bubuwo me kpakple Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔha siwo Hiter ƒe dziɖuɖua tɔ ŋkui be yeatsrɔ̃ wo ɖa la natsɔ ɖe le” blemanudzraɖoƒe “sia me vevie.” To nutatawo, agbalẽwo, eteƒekpɔlawo ƒe ɖaseɖiɖi si wolé ɖe video dzi, ŋutinyamefotowo, kple sinema siwo woɖena me la, wode habɔbɔ vovovo siwo wowɔ fui le aʋaŋɔlia ƒe nuteƒekpɔkpɔwo blemanudzraɖoƒea ƒe nuɖeɖefiawo, agbalẽdzraɖoƒe, kple nudzraɖoƒe bubuwo me. Yehowa Ðasefowo dometɔ 74 siwo Nazi-dziɖuɖua wɔ fui siwo wobia nyae helé ɖe video dzi la le blemanudzraɖoƒea. Woʋu blemanudzraɖoƒea nu le April 1993 me.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]
To United States Holocaust Memorial Museum ƒe mɔnana me