Tenɔnɔ Sesĩe Le Nazitɔwo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te le Netherlands
LE United States Tsɔtsrɔ̃ Gã ƒe Ŋkuɖodzi Blemanudzraɖoƒe la, afimae woakpɔ asinudɔwɔwɔ kple sinima siwo ɖe hlɔ̃nu siwo Nazitɔwo wɔ le Xexemeʋa II wɔɣi fia la ƒe gbogbotɔ kekeake le xexeame le. Tso esime woʋu blemanudzraɖoƒea nu le ƒe 1993 me la, amedzro siwo ade miliɔn 12 sɔŋ ye ɖi tsa de nukpɔƒe sia si ƒe ŋkɔ le nyɔnyɔm ɖe edzi la le Washington, D.C.
Nuŋlɔɖi siwo ku ɖe yometiti sesẽ si ƒe fu Yehowa Ðasefowo kpe le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣia hã nɔ nu siwo woda ɖe blemanudzraɖoƒea dome. Tsɔ kpe ɖe nusiwo ko ŋu woɖe mɔ le be woanɔ nudzraɖoƒea ɖaa ŋu la, United States Tsɔtsrɔ̃ Gã ƒe Ŋkuɖodzi Blemanudzraɖoƒea ɖe Yehowa Ðasefowo ŋuti wɔna tɔxɛ vovovowo hã fia. Wɔna siawo te gbe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzidodo kple nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖewo koŋ dzi. Le April 8, 1999 dzi la, blemanudzraɖoƒea wɔ ɖoɖo ɖe wɔna tɔxɛ aɖe si woɖo tanya na be “Yehowa Ðasefowo Le Nazitɔwo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te le Netherlands” ŋu. Wɔna sia yi edzi le blemanudzraɖoƒea ƒe takpexɔ gã eve me.
Wodze wɔna la gɔme kple Aƒenɔ Sara Jane Bloomfield, si nye United States Tsɔtsrɔ̃ Gã ƒe Ŋkuɖodzi Blemanudzraɖoƒea ƒe dɔdzikpɔlagã ƒe ŋgɔdonyawo. Aƒenɔ Bloomfield ɖe ɖetsɔleme tɔxɛ fia ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya ŋu. Esi Nyɔ! bia gbee la, eɖe eme be yewo le agbagba dzem vevie be yewoana ame geɖe wu nanya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi le yometiti me ŋu. Egblɔ be: “Míeɖea gbeƒã nudzɔdzɔ siawo tɔgbe abe alesi tututu míeɖea gbeƒã wɔna vevi bubu siwo katã yia edzi le blemanudzraɖoƒea ene.”
Ŋutinyaŋlɔla geɖewo nɔ teƒea eye wokpɔ gome le wɔnaa me fiẽ ma. Wo dometɔ ɖekae nye Ðk. Lawrence Baron si nye nufialagã le egbegbe Germany kple Yudatɔwo ƒe ŋutinyawo ŋu le San Diego Nutoa ƒe Yunivɛsiti. Ðk. Baron gblɔ le eƒe nuƒoa me be “Yehowa Ðasefowo gbe ɖekawɔwɔ kple Nazi Dziɖuɖua le go ɖesiaɖe me wòɖe dzesi ŋutɔ.” Egblɔ be Ðasefoawo “tsɔ woƒe Mawu dzixɔse ɖo nɔƒe gbãtɔ na nusiwo Nazi-dziɖuɖua bia. Wobu tadedeagu na Hitler ƒe kplɔlanyenye be enye xexemesubɔsubɔ ƒomevi aɖe eye wogbe asidada ɖe eƒe mawunyenye dzi esi wogbe be yewomakɔ asi dzi na Nazitɔwo loo alo agblɔ be, ‘Heil Hitler,’ o. . . . Esi Mawu de se na wo be woalɔ̃ wo havi eye woagawu ame o ta la, wogbe asrafodɔ wɔwɔ . . . Esime Nazi-dziɖuɖua de se na wo be woatɔ te woƒe subɔsubɔnuwɔnawo la, Ðasefoawo ɖo eŋu kple nusɔsɔe be, ‘Ele be míabu Mawu dziɖulae awu amewo.’ ” Le esia ta wode Ðasefo geɖe siwo tso Europa-dukɔ geɖe me fuwɔamesaɖawo me, wowɔ funyafunya wo, eye wowu wo gɔ̃ hã.
Wokpe Netherlandstɔ numekulawo kple amesiwo tsi agbe tso Tsɔtsrɔ̃ Gã la me ƒe ƒuƒoƒo aɖe va United States Tsɔtsrɔ̃ Gã ƒe Ŋkuɖodzi Blemanudzraɖoƒea wova gblɔ Nazitɔwo ƒe Yehowa Ðasefowo yometiti le Netherlands ƒe kpɔɖeŋuwo. Le May 29, 1940 dzi, si nye esime Nazitɔwo va xɔ Netherlands teti vɔ megbe la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefo siwo ƒe xexlẽme anɔ abe 500 ene la ƒe dɔ nu le dukɔ ma me. Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, wolé Ðasefo alafa geɖe. Dziɖuɖumegãwo wɔ funyafunya amesiwo wolé la be woayɔ Ðasefo bubuwo ƒe ŋkɔwo na yewo. Kaka aʋa la nake la, wolé Ðasefo siwo wu 450. Amesiawo dometɔ 120 ku le yometitia ta.
Netherlandstɔ numekula aɖe ɖe nu me be “video 170 siwo me wobia gbe Yehowa Ðasefo siwo tsi agbe tso Tsɔtsrɔ̃ Gãa me le kple woƒe agbemeŋutinya ŋuti nuŋlɔɖi 200” le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Netherlands ƒe nudzraɖoƒewo. “Wo katã ɖee fia be nusi ʋã Ðasefoawoe nye lɔlɔ̃ na Mawu kple wo haviwo.”
Nuƒola geɖe te gbe ɖe edzi be nusi to vovo na ƒuƒoƒo bubu siwo Nazitɔwo tɔ ŋkui enye be le Yehowa Ðasefowo gome la, wo dometɔ akpa gãtɔ ate ŋu akpɔ ablɔɖe to asidede agbalẽ aɖe si ɖee fia be wogbe nu le woƒe dzixɔsewo gbɔ te hafi. Gake nuƒolawo kple amesiwo wobia gbee siaa ɖe eme be Ðasefo akpa gãtɔ wɔ tiatia si me susu le si ŋu wonya nu tsoe nyuie hetiae be le esi teƒe be yewoagbe nu le yewoƒe dzixɔse gbɔ la, yewoato yometiti me boŋ. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo de asi agbalẽa te elabena wodi be yewoadzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo.
Ame bubu aɖewo hã de asi agbalẽa te le esi wotɔtɔ ta. Menye ɖe amesiawo ɖoe gbe nu le woƒe tadedeagumɔnu gbɔ o. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo bui be esɔ be yewowɔ nenema tsɔ flu yewo yometilawo kple susu be yewoakpɔ ablɔɖe ahatrɔ ayi yewoƒe gbeƒãɖeɖedɔwo dzi. Ɣeyiɣi aɖe le asiɖeɖe le wo ŋu vɔ megbe la, wova kpɔe be eɖanye susu nyui ka ke tae o, asidede agbalẽa te nye nusi mesɔ o.
Womeɖe wo le hame le nyametsotso gbegblẽ si wowɔ ta o. Esi wotrɔ yi wo de kple woƒe hamewo me la, wona kpekpeɖeŋu wo le gbɔgbɔ me. Lɛta aɖe si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Netherlands ŋlɔ le June 1942 me, de dzi ƒo na Ðasefo siwo le dukɔ ma me be woase nɔnɔme siwo na be ame aɖewo de asi agbalẽa te la gɔme eye woakpɔ nublanui na wo. Togbɔ be Nazitɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia kpɔtɔ nɔ anyi hã la, eteƒe medidi o amesiawo siwo nye gamemewo tsã la, gadze egɔme nɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me, evɔ esia ate ŋu anye afɔku gã aɖe na wo. Wogalé wo dometɔ aɖewo zi evelia. Wowu wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã le esi wògbe gomekpɔkpɔ le asrafodɔwo me ta.
Togbɔ be Yehowa Ðasefo siwo le Netherlands kpe fu geɖe eye woto mɔnu siwo me afɔku nɔ dzi wɔ dɔ le adzame ƒe geɖe hã la, woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso amesiwo ade 500 lɔƒo le ƒe 1940 me va ɖo amesiwo wu 2,000 esime Nazi-dziɖuɖua mu le ƒe 1945 me. Woƒe dzideƒo kple alesi woɖoe kplikpaa ɖo to Mawu kpɔtɔ nye ɖaseɖiɖi gã aɖe va ɖo egbea.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Numekulawo ƒo nu na amesiwo kpe ta
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Gbebiabia Netherlandstɔ siwo tsi agbe le Tsɔtsrɔ̃ Gã la me