INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 10/8 axa 13-15
  • Aleke Mawɔ be Nyemagaxɔ AIDS O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ be Nyemagaxɔ AIDS O?
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AIDS—Eŋuti Glitotowo Kple Nyateƒenyawo Ðeɖefia
  • “Gbɔdɔdɔ si me Afɔku Mele O Yea”?
  • Nyaƒoɖeamenuwo
  • Gbɔgblɔ be Ao
  • Aids Alesi Nàkpe Akɔ Kplii
    Nyɔ!—1998
  • Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Aʋa si Woho ɖe AIDS ŋu Me
    Nyɔ!—2005
  • AIDS Datike—Ehiã Kpata!
    Nyɔ!—2005
  • AIDS Kaka ɖe Afrika
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 10/8 axa 13-15

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ be Nyemagaxɔ AIDS O?

KAYE gblɔ be: “Eveam ŋutɔ be mena esia dzɔ. Nye nuwɔnawo gblẽ mɔnukpɔkpɔ nyui siwo asu asinye le etsɔ me hafi la me.” (Newsweek magazine, August 3, 1992) Kaye xɔ AIDS dɔlélea esime wòxɔ ƒe 18.

Kaye nye amesiwo wu miliɔn ɖeka siwo xɔ dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete si meganɔa ame me o ƒe dɔlékui si wua ame si woyɔna be HIV (Human Immunodeficiency Virus) le United States la dometɔ ɖeka ko—esi nye dɔlékui si ɖɔktawo gblɔ be ehea AIDS dɔlélea vɛ.a Ame aɖeke menya sɔhɛ siwo xɔ dɔléle sia ƒe agbɔsɔsɔ tututu o, gake edze ƒã be sɔhɛwo tsia dzi be yewoava xɔ dɔ la. Numekuku aɖe ɖee fia be le Britaniatɔ siwo nye sɔhɛwo gome la, AIDS ŋue woxaa nu ɖo wu nu bubu ɖesiaɖe. Togbɔ be wotsi dzi ɖe eŋu alea hã la, United States Dɔlélenutsitsidɔwɔƒe gblɔ be: “Nyatakakawo ɖee fia be sɔhɛwo yi edzi le wo ɖokui ƒom ɖe nuwɔna siwo ate ŋu ana woaxɔ HIV dɔlékuia me.”

AIDS nye dɔ si wua ame ɣesiaɣi, eye ele ta kekem le xexeame katã kabakaba. Aleke nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò tae?

AIDS—Eŋuti Glitotowo Kple Nyateƒenyawo Ðeɖefia

Agbalẽvi si Unites States ƒe Dɔlélenutsitsidɔwɔƒea ta la ɖe eme be: “HIV dɔlékui xɔxɔ ‘mevana kpoyi ko o.’ Màte ŋu ‘axɔe’ abe alesi kpe ƒoa ame alo dzamezã dzea ame dzi ene o.” Eyata afɔku mele nuwɔwɔ edziedzi kple amesiwo xɔ AIDS me o. Mele be nàvɔ̃ be yeaxɔ AIDS tso sukuhati si xɔe gbɔ le esi yenɔ anyi ɖe exa ta ko o. Esi wònye HIV dɔlékuia menɔa yame o ta la, mele be natsi dzi ne amesi ŋu AIDS le kpe kpe alo nyẽ o. Le nyateƒe me la, ƒometɔ siwo xɔ AIDS zã tsiletse, nuɖugbawo, gatsiwo, aɖuŋututunuwo gɔ̃ hã kple ƒomea me tɔ bubuwo eye womexɔ dɔa o.b

Esia le alea elabena dɔléle sia si wua ame la nɔa ame ƒe ʋu, ŋutsu alo nyɔnu ƒe tsinyenyẽ me. Ame geɖewo xɔa AIDS to gbɔdɔdɔ me—le ŋutsu kple ŋutsu ƒe gbɔdɔdɔ alo ŋutsu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ me.c Ame geɖe hã xɔe to abiwo zazã ɖekae kple amesi xɔ HIV dɔlékuia xoxo me, zi geɖe le atike vɔ̃ɖiwo zazã me.d Eye togbɔ be ɖɔktawo gblɔ be “woɖe afɔkua ŋutɔŋutɔ ɖa” to ame ƒe ʋu dodo kpɔ tsitotsito be dɔlélea mele eme o me hã la, woate ŋu axɔ AIDS to ʋudodo hã me.

Eyata amesiame si ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe alo atike vɔ̃ɖiwo dodo me le AIDS xɔxɔ ƒe afɔku gã me. Amesi nàdɔ kplii la madze amesi le dɔ lém o. Gake agbalẽvi si nye Voluntary HIV Counseling and Testing: Facts, Issues, and Answers ɖo ŋku edzi na mí be: “Màte ŋu alé ŋku ɖe ame aɖe ŋu agblɔ be HIV dɔlékuia le eŋu o. Lãmesẽ blibo ate ŋu adze le ame aɖe ŋu eye wòasee le eɖokui me nenema be lãmesẽ le ye si, gake HIV dɔlékuia anɔ eŋu. Le esia ta la, amesiwo ŋu HIV dɔlékuia le ƒe akpa gãtɔ menya be ele yewo ŋu o.”

“Gbɔdɔdɔ si me Afɔku Mele O Yea”?

Eyata lãmesẽdɔwɔlawo kple nufialawo le kɔndɔm zazã kafum.e Television dzi boblododowo, gbeƒãɖeʋuƒowo, kple sukunuƒowo kaka mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu sia ɖi be enye nusi na “afɔku mele gbɔdɔdɔ me o”—alo “takpɔkpɔ le eme wu.” Suku aɖewo mã kɔndɔm na sukuviwo gɔ̃ hã. Nya sia si wokaka ɖi na sɔhɛ geɖe wu le ezãm.

Togbɔ be ele nenema hã la, aleke gbegbee “gbɔdɔdɔ si me afɔku mele o” sia le dedie? Amerika Atitsoga Dzĩ Habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be: “Kɔndɔm ate ŋu ana màxɔ dɔléle o.” Gake ɖe nasẽ le ɖokuiwò me be afɔku aɖeke madzɔ ɖe ye dzi o ne ‘èdze aɖaŋu’ ko le dɔléle si wua ame ɣesiaɣi xɔxɔ ŋua? United States ƒe Dɔlélenutsitsidɔwɔƒea lɔ̃ ɖe edzi be: “Wogblɔ be kɔndɔm nye aŋe si xea mɔ ɖe HIV dɔlékuia kple dɔléle bubu siwo woxɔna tsoa gbɔdɔdɔ me nu . . . Gake womenye nusi ŋu kakaɖedzi le boo o.” Le nyateƒe me la, woate ŋu awó, avuvu, alo aɖe ɖa ne wole dɔdɔm. Time gblɔ be kɔndɔm “ate ŋu ada ame aƒu le gbɔdɔdɔ 10 vaseɖe 15 le alafa ɖesiaɖe me.”! Ðe nàde wò agbe afɔku sia mea? Vɔ̃ɖitɔ wu la, sɔhɛ siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ me vevie le United States ƒe xexlẽme si mede woƒe afã o kloe zãa kɔndɔm.

Nuxlɔ̃ame si le Lododowo 22:3 ƒe nyawo me sɔ ɖe enu be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” Mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi woato aƒo asa na AIDS dɔléle xɔxɔ dometɔ ɖekae nye be woatsri atike vɔ̃ɖiwo zazã kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ keŋkeŋ. Ðe egbɔgblɔ le bɔbɔe wu edziwɔwɔa? Ame geɖe susu nenema, vevietɔ le nyaƒoɖeamenu sẽŋu si sɔhɛwo doa goe ta.

Nyaƒoɖeamenuwo

Ne wole “srɔ̃ɖeɖe me tom” la, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽna ŋutɔ. (Korintotɔwo I, 7:36) Television kple sinimawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi va kpe ɖe eŋu fifia. Le numekuku aɖewo me la, wokpɔe be ƒewuiviwo tsɔa gaƒoƒo atɔ̃ kple edzivɔ kpɔa television gbesiagbe—esi ƒe akpa gãtɔ nyea gbɔdɔdɔ. Gake dukɔ siwo me television kpɔkpɔ bɔ ɖo gblɔna be naneke medona tsoa gbɔdɔdɔ si woɖena le television dzi la me o. Numekuku aɖe ɖee fia be le United States television dzi la, “ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o dɔa wo nɔewo gbɔ zi ene vaseɖe zi enyi wu ŋutsu kple nyɔnu srɔ̃tɔwo. Womeƒoa nu tsoa mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu aɖeke ŋu alo zãnɛ o, gake ƒã hafi nyɔnuwo fɔa fu; ƒã hafi ŋutsu kple nyɔnuwo xɔa dɔléle siwo woxɔna toa gbɔdɔdɔ me negbe ɖe wonye gbolo alo ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ.”—Dukɔmeviwo ƒe Nudidiwo Dɔwɔƒe.

Ðe nusiawo siwo woɖena le television dzi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nɔnɔme dzia? Ẽ, Biblia ƒe gɔmeɖose si le Galatiatɔwo 6:7, 8 gblɔ be: “Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me.” Esi wowɔ numekuku aɖe le sɔhɛ 400 ŋu la, wokpɔe be “amesiwo kpɔa ‘gbɔdɔdɔ’ ƒe television geɖe la ƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna wu amesiwo mekpɔnɛ fũ o tɔ.”

Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu hã nye nu sẽŋu bubu si kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi. Sɔhɛ aɖe si ƒe ŋkɔe nye David ʋu eme be: “Menɔ amesiwo dome mate ŋu anɔ dim, eye esia nye nu sesẽ nam. Meƒoa ɖokuinye ɖe nɔnɔme gbegblẽwo me zi geɖe. . . . Wodom kpɔ me mexɔ AIDS.” Nenema ke sɔhɛ siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me hã do go sɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu. Aleke Biblia ɖo aɖaŋu le esia ŋui? Lododowo ŋlɔla gblɔ be: “Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, megalɔ̃ edzi o.”—Lododowo 1:10.

Gbɔgblɔ be Ao

Amesiwo kafua “gbɔdɔdɔ si me takpɔkpɔ le” la gblɔna be masɔ be woaɖe ame ɖokui ɖa le gbɔdɔdɔ ŋu o. Gake ɖe viɖe le eme be woaŋe aɖaba aƒu agbegbegblẽnɔnɔ dzia? Sɔhɛ aɖe gblɔ be ɖeko esia tɔtɔa sɔhɛwo, eye wògblɔ be: “Wogblɔna na mí be míagbe gbɔdɔdɔ eye be enyo be ame nanɔ anyi nyuie ahanɔ dzadzɛ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, womãa kɔndɔm na mí hegblɔa alesi míakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me gake aƒo asa na emetsonu gbegblẽwo la fiaa mí.”

Mègana agbenyuinɔnɔ si wotɔtɔ la naflu wò o. Biblia—togbɔ be adze tsigãdzinui hã—ɖo aɖaŋu na wò be nàtsri nuwɔna si ate ŋu ana nàxɔ AIDS la. Ne èɖo to Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be ‘nàtsri ʋu’ la, màxɔ AIDS to ʋudodo me o. (Dɔwɔwɔwo 15:29) Ðo to alesi Biblia ƒo nu tsi tre ɖe ‘atike vɔ̃ɖiwo’ zazã ŋu eye màvɔ̃ na dɔléle xɔxɔ to abidodo me o. (Galatiatɔwo 5:20; Nyaɖeɖefia 21:8; The Kingdom Interlinear) Vevietɔ Biblia ƒe sedede le gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu akpɔ tawò. Biblia de se be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.” (Korintotɔwo I, 6:18) Alesi AIDS le nu gblẽmee ɖo kpe alesi nunya le nya siawo me la dzi.

Aleke sɔhɛ ate ŋu ‘asi’ le agbegbegblẽnɔnɔ ‘nui’? Le ƒe siwo va yi me la, “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” ƒe nyatiwo ɖo aɖaŋu nyui geɖe abe le gbeɖoɖoɖi le amehawo dome, asaƒoƒo na nɔnɔme siwo ana wòanɔ agbe gbegblẽ (abe ŋutsu kple nyɔnu ƒe afi ɖeka nɔnɔ le xɔ alo aƒe alo ʋu si wotɔ ɖi me ene), seɖoƒe ɖoɖo na nuwɔna siwo wotsɔ ɖea lɔlɔ̃ fianae, asaƒoƒo na aha sesẽ nono (si gblẽa ŋudzɔnɔnɔ me), kple gbɔgblɔ be ao ŋusẽtɔe ne seselelãmewo nu va sesẽ ɖe edzi ene.f Le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, megana ame aɖeke naƒo nya ɖe nuwò naƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna siwo menye afɔku le ŋutilã me ɖeɖeko o ke wonye afɔku le gbɔgbɔ me hã me o. (Lododowo 5:9-14) Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Amy si ŋu woƒo nu tsoe le Newsweek ƒe nyati aɖe me gblɔ be: “Ðe nèdi be yeatsɔ yeƒe agbe ade ame bubu ƒe asi mea?” Exɔ HIV dɔlékuia le eƒe ahiãvi aɖe ŋu hafi wu eƒe suku kɔkɔ dede nu. Ebia kã be: “Ðe wòdze be woaku ɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvi sia taa? Nyemeka ɖe edzi o.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le kpɔɖeŋu me, kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” ƒe nyati siwo dze le April 22, 1986; April 22, 1989; kple April 22, 1992 ƒe Awake! ƒe tatawo me

b Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . AIDS—Mate Ŋu Axɔea?” si dze le August 22, 1993 ƒe Awake! ƒe ta-taa me.

c Ðk. C. Everett Koop si nye United States ƒe amekolawo ƒe amegã tsã la ɖo amesiwo kea ɖi le AIDS ŋu ƒe nya ŋu be: “Dukɔ sia mee wogblɔ be AIDS do ɖo gbã le ƒe 1981 me. Ðe wote ŋu xɔnɛ ko gbɔdɔdɔ manɔmee la, anye ne míanyae fifia.”

d Gbɔdɔdɔ to nu me alo to mieƒi me hã le eme.

e United States Dɔlélenutsitsidɔwɔƒea yi edzi xlɔ̃ nu be: “Ne èdi be yeaŋɔ to la . . . , kpɔ egbɔ be yeyi amesi nya eŋɔŋɔ nyuie si azã toŋɔnu yeye alo esi woɖa nyuie la gbɔ. Megakpe ŋu na wò be nàbia nyawo o.”

f Magazine si nye FDA Consumer ɖe eme be: “Kɔndɔm nye kotoku aɖe si woɖɔna na ŋutsu ƒe vidzinu bliboa. Exea mɔ ɖe dɔléle siwo woxɔna toa gbɔdɔdɔ me nu to alesi wòxea mɔ ɖe ŋutsu ƒe tsinyenyẽ, ʋu, kple nyɔnu ƒe tsinyenyẽ nu be magayi ame bubu me o me.”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Tanana le gbɔdɔdɔ ƒe nyaƒoɖeamenu me ate ŋu ana nàxɔ AIDS

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe