INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 11/8 axa 4-7
  • Aids Alesi Nàkpe Akɔ Kplii

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aids Alesi Nàkpe Akɔ Kplii
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔxexe Ðe Enu ƒe Mɔnu Vevi Aɖewo
  • Ɣeyiɣi si Me Woawɔ Eƒe Dodokpɔ
  • Aleke Nunyanya tso Eŋu Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe?
  • Edadamɔnu Kawoe Li?
  • Abɔtasisi Ate Ŋu Adaea?
  • Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Aʋa si Woho ɖe AIDS ŋu Me
    Nyɔ!—2005
  • AIDS Kaka ɖe Afrika
    Nyɔ!—2002
  • AIDS Datike—Ehiã Kpata!
    Nyɔ!—2005
  • Aleke Mawɔ be Nyemagaxɔ AIDS O?
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 11/8 axa 4-7

Aids Alesi Nàkpe Akɔ Kplii

VASEÐE fifia la, womekpɔ atike na AIDS o, eye edze abe atikeŋutinunyalawo mate ŋu akpɔ atike nɛ fifia o ene. Togbɔ be eƒe atike yeyewo hea eƒe nugbegblẽ ɖe megbe hã la, enyo wu sã be womagaxɔ dɔa kura o. Gake hafi míadzro mɔxexe ɖe enu me la, mina míade ŋugble le mɔ siwo dzi woxɔna AIDS ƒe dɔlékuia (HIV) kple mɔ siwo dzi womexɔnɛ tonɛ o me.

Woate ŋu axɔe to mɔ vevi ene siwo gbɔna dzi: (1) to abui si ŋuti dɔlékuia le alo nusi me wolɔa atikea ɖo hafi tsɔ doa abuiae zazã me, (2) to amesi ŋu dɔa le gbɔ dɔdɔ (to nyɔnu me, meƒi me, alo nu me), (3) to ʋudodo kple atike alo nu bubu siwo wotsɔ ʋu wɔe zazã me, togbɔ be esia ƒe dzɔdzɔ dzi ɖe kpɔtɔ le dukɔ deŋgɔwo me, afisi wodoa ʋu kpɔ be woakpɔ HIV ƒe dzesi aɖe hã gake, kple (4) to vidada si xɔ HIV dɔlékuia, amesi ate ŋu aɖe dɔa na vidzĩa le vidziɣi loo do ŋgɔ na vidziɣi alo le nonana me.

United States ƒe Dɔléle Dziɖeɖekpɔtɔ Kple Mɔxexeɖenu Dɔwɔƒe gblɔ be, dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodzi si li fifia la fia be (1) màte ŋu axɔ AIDS abe alesi woxɔa kpeƒoame alo wɔɖi ene o, (2) màte ŋu axɔe ne èbɔbɔ nɔ amesi xɔ AIDS xa loo ne èka asi amea ŋu alo ne èkpla asi kɔ na amesi xɔ dɔa o, (3) màte ŋu axɔe ne èɖu nuɖuɖu si amesi ŋu dɔa le ka asii loo alo nuɖuɖu si wòɖa alo ne eyae ɖo kplɔ̃a o, eye (4) màte ŋu axɔe ne mia kple amesi xɔ dɔa miezã nugododeƒe, telefon, awu, alo nuɖugba kple tsinokplu ɖeka o. Gakpe ɖe eŋu la, Dɔléle Dziɖeɖekpɔtɔ Dɔwɔƒea gblɔ be mũ alo nudzodzoe bubu aɖeke mekakaa dɔlékuia o.

Mɔxexe Ðe Enu ƒe Mɔnu Vevi Aɖewo

Amesiwo xɔ dɔa ƒe ʋu mee AIDS dɔlékuia bena ɖo. Ne wodo abui na amesi ŋu dɔa le la, ʋua hekpe ɖe dɔlékuia ƒe ɖe ŋu tsia abuia ŋuti alo nusi me wolɔa atikea ɖo hafi tsɔ dona abuiae me. Amesi woazã abui sia ke na hã ate ŋu axɔ dɔa. Ne mèka ɖe edzi be menye abui yeyee o la, mègavɔ̃ eŋutinya biabia ɖɔkta alo dɔnɔdzikpɔlaa o. Gome le asiwò be nàbia; agbe kple ku ƒe nyae.

AIDS dɔlékuia nɔa amesiwo xɔ dɔa ƒe ŋutsu me tsinyenye alo nyɔnumetsi hã me. Eyata mɔxexe ɖe enu ƒe mɔnu si Dɔléledziɖeɖekpɔtɔ Dɔwɔƒea kafue nye: “Gbɔdɔdɔ tsitsri koe nye ameɖokuitakpɔkpɔmɔnu ɖeka kolia si ŋu kakaɖedzi le. Lala vaseɖe esime nàɖe amesi mexɔ dɔa o, eye srɔ̃ɖeɖe si nye ƒomedodo si me miawɔ nuteƒe na mia nɔewo ɖaa le ɖo mia dome hafi miadɔ.”

De dzesii be hafi nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta la, ele be “ƒomedodo si me miawɔ nuteƒe na mia nɔewo ɖaa le” nanɔ mia dome ɣesiaɣi. Ne èwɔa nuteƒe gake wò kpeɖeŋutɔ ya mewɔnɛ o la, ke mèle dedie o. Zi geɖe esia nyea kuxi sesẽ na nyɔnu siwo le nuto siwo me ŋutsuwo ɖua nyɔnuwo dzi le gbɔdɔdɔnyawo kple ganyawo gome. Le dukɔ aɖewo me la, womeɖea mɔ na nyɔnuwo be woaɖo dze tso gbɔdɔdɔ ŋu kple ŋutsuwo o, ʋuu keke ava yi gbɔdɔdɔmɔnu siwo ade ame dzi wu do ge ɖa o.

Gake menye nyɔnu siawo katã ŋue wɔna mele o. Numekuku si wowɔ le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖe me fia be nyɔnu siwo si ga le te ŋu te gbɔdɔdɔ wo srɔ̃ŋutsu siwo ŋu dɔa le eye womekpe fu aɖeke le esia ta o. Le New Jersey, U.S.A., la, nyɔnu aɖewo meɖea mɔ le gbɔdɔdɔ ŋu ne ŋutsua medi be yeado kɔndɔm o. Gake togbɔ be kɔndɔm aŋekotokua xea mɔ ɖe HIV dɔlékuia kple nulɔdɔ bubuwo nu hã la, ele be woazãe nyuie eye woazãe ɣesiaɣi.

Ɣeyiɣi si Me Woawɔ Eƒe Dodokpɔ

Nu boo aɖeke meli si Karen si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me awɔ atsɔ akpɔ eɖokui ta tso dɔa xɔxɔ me o. Srɔ̃ŋutsua xɔ dɔa ƒe geɖe do ŋgɔ na woƒe srɔ̃ɖeɖe, eye woɖe wo nɔewo le ɣeyiɣi si me amedodokpɔ ne woxɔ dɔa alo HIV dɔlékuia dze egɔme teti koe nye ma. Gake fifia amedodokpɔ ne HIV dɔlékuia le ame ŋu va zu nusi wowɔna ɖaa le dukɔ aɖewo me. Eyata ne mèka ɖe edzi be yexɔ HIV dɔlékuia alo yemexɔe o la, nunya le eme be nàwɔ dodokpɔ hafi nàge ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋugbedodo me kple ame aɖe. Karen xlɔ̃ nu be: “Tia wò kpeɖeŋutɔ le nunya me. Tiatia gbegblẽ wɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò vevie, ate ŋu awu wò gɔ̃ hã.”

Amedodokpɔ ate ŋu akpɔ srɔ̃tɔ maɖifɔ ta le ahasiwɔnyawo gome. Esi wònye be menye ɣesiaɣie HIV dɔlékui dzena ne wodo ame kpɔ o vaseɖe ɣleti ade le dɔlékuia xɔxɔ vɔ megbe hafi ta la, ahiã be woawɔ dodokpɔa edziedzi. Ne wogadze gbɔdɔdɔ gɔme kple srɔ̃tɔ si wɔ ahasi (si fia be wotsɔ ke ahasiwɔla) la, kɔndɔm zazã ate ŋu akpɔ ame ta tso dɔa xɔxɔ me.

Aleke Nunyanya tso Eŋu Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe?

Enye nusi ɖe dzesi be togbɔ be woŋlɔ Biblia do ŋgɔ xoxoxo hafi AIDS nava do hã la, agbenɔnɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu kpɔa ame ta tso dɔ sia xɔxɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia tsri amesi menye ame srɔ̃ o gbɔ dɔdɔ, ebia tso srɔ̃tɔwo si be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo, eye wògblɔ be ele be Kristotɔwo naɖe amesi wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi nenema ke la ko. (Korintotɔwo I, 7:39; Hebritɔwo 13:4) Egade se hã ɖe atike vɔ̃ɖi ƒomevi ɖesiaɖe zazã alo ahamumu nu eye wògade se be womegaɖu ʋu loo alo adoe o, le esi nusiawo ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã ta.—Dɔwɔwɔwo 15:20; Korintotɔwo II, 7:1.

Nunya le eme be nàsrɔ̃ nu tso alesi dɔa xɔxɔ le amesiwo ŋu HIV dɔlékuia le gbɔ le bɔbɔe kple afɔku siwo ate ŋu anɔ eme ŋu. Nusɔsrɔ̃ tso AIDS ŋu kpena ɖe amewo ŋu be woakpɔ wo ɖokui ta be womagaxɔe o.

Habɔbɔ si woyɔna be AIDS Dɔwɔha gblɔ be: “Woate ŋu axe mɔ ɖe AIDS dɔa xɔxɔ dometɔ geɖe nu hafi. Vaseɖe esime woakpɔ atike nɛ la, nunyanya tso AIDS ŋue nye mɔ nyuitɔ kekeake kple [ameƒomea] ƒe ɖokuitaʋlimɔnu ɖeka kolia si li fifia.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Enyo be dzilawo naƒo nu tso AIDS ŋuti na wo nɔewo kple na wo viwo nanekemaɣlamaɣlae.

Edadamɔnu Kawoe Li?

Dɔlélea ƒe dzesiwo medzena zi geɖe o, enɔa anyi ʋuu ƒe ade va ɖo ƒe ewo megbe tso esime amea xɔ HIV dɔlékuia hafi wòva dzena. Le ƒe mawo me la, aʋawɔwɔ sesẽ aɖe nɔa edzi yim le ŋutilã la me. Dɔlékuiawo dzina eye wowua ŋutilã me nugbagbevi siwo wɔa avu kple dɔlékuiwo. Ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo ƒe nugbagbeviwo hã wɔa aʋa kple dɔlékuiawo. Mlɔeba esi dɔlékui biliɔn gbogbo aɖewo dzina ɖe edzi gbesiagbe ta la, wova ɖua ŋutilã ƒe dɔlékuiwusrafo siawo dzi.

Wotrɔ asi le atike vovovowo ŋu be woatsɔ ado ŋusẽ ŋutilã ƒe dɔlékuiwusrafoawo; wonye atike siwo ƒe ŋkɔ yɔyɔ sesẽ si na be wotsɔ ŋɔŋlɔdzesiwo ko yɔa woe—AZT, DDI, kple DDC. Togbɔ be ame aɖewo xɔe se be atike siawo aɖe vi nukutɔe eye kura gɔ̃ hã be ate ŋu ava da dɔa ɣeaɖeɣi hã la, mexɔ ɣeyiɣi aɖeke kura hafi mɔkpɔkpɔ mawo nu yi o. Menye woƒe dɔwɔwɔ nu koe tsi le ɣeyiɣi aɖe megbe o, ke woƒe dɔwɔwɔ gagblẽa nu le ame aɖewo ŋu vevie—wovɔa ʋumenugbagbeviwo le lãme na wo, wonaa wòsesẽna na wo be woƒe ʋu natso, le kpɔɖeŋu me ne woxɔ abi, eye wogagblẽa nu le asi kple afɔ me kawo hã ŋu.

Fifia atike yeye tɔxɛ aɖewo gado: atike siwo tsia HIV dɔlékui ƒe dɔwɔwɔ nu (protease inhibitors). Ðɔktawo ŋlɔa atike siawo wonyea etɔ̃ ƒokpli tsɔ kpe ɖe dɔlékuiwutike bubuwo ŋu na dɔnɔawo. Dodokpɔwo ɖee fia be togbɔ be atike etɔ̃ ƒokpli sia mewua dɔlékuia o hã la, exea mɔ na dɔlékuia ƒe dzidzi ɖe lãme na ame kura alo edea mɔ xe ge nɛ kura le ame ƒe ŋutilã me kloe.

Atike etɔ̃ ƒokpli sia dea amesiwo ŋu dɔa dze nugbegblẽ gɔme le ƒe lãmesẽ dzi ŋutɔ. Gake eŋununyalawo susui be atikea wɔa dɔ nyuie wu ne wozãe na amewo esime wonya xɔ HIV dɔlékuia teti ko, hafi dɔlékuiawo nava dze. Ne wozãe nenema la, ate ŋu ava eme be axe mɔ na dɔlékuia, alo kura ɖewohĩ ate ŋu atɔ te dɔlékuia ƒe dɔwɔwɔ kura be magatsi ava zu AIDS dɔléle o. Esi wònye be dɔdamɔnu sia do eteƒe medidi o ta la, ɖeko míalala akpɔ ne atikea ate ŋu ava ɖu dɔlékuia dzi.

Atike etɔ̃ ƒokpli sia xɔ asi ŋutɔ. Le mamã dedie nu la, ga si wogblẽna ɖe dɔlélenutsitike etɔ̃ siawo kple dodokpɔ si woawɔ na ame ŋu le ƒe ɖeka mee nye $12,000. Tsɔ kpe ɖe ga gbogbo sia gbegbe ŋu la, ele na dɔnɔ si le atike etɔ̃ ƒokpli sia zãm be woazɔ afisi wotu koŋ na atikeawo dzadzraɖo dome zɔli zi geɖe. Le alesi amea ƒe dɔa le nu la, ele be woazã atikekuia ƒe ɖewo zi eve gbeɖeka eye woazã ɖewo hã zi etɔ̃ gbeɖeka. Ele be woazã ɖewo do ŋgɔ hafi aɖu nu eye woazã ɖewo hã le nuɖuɖu vɔ megbe. Atikea zazã gava ɖea fu ɖe edzi wu ne wòva hiã be woagazã atike bubuwo atsɔ axe mɔ na dɔléle bubu vovovo siwo dzea AIDS dɔlélawo dzi.

Nusi ŋu atikewɔlawo tsi dzi ɖo vevie ye nye nusi adzɔ ɖe ame dzi ne edzudzɔ atike etɔ̃ƒokpli sia zazã. Dɔlékuiawo agadze dzidzi ɖe edzi gɔme madzudzɔmadzudzɔe, eye atike siwo amea zãna tsã magawɔ naneke le dɔlékuiawo dometɔ siwo gakpɔtɔ le agbe ŋu o. HIV dɔlékui siwo gbea atike sese dada agasesẽ wu. Gawu la, woate ŋu axɔ dɔlékui sesẽtɔ siawo.

Abɔtasisi Ate Ŋu Adaea?

AIDS ŋuti numekukuwɔla aɖewo bui be, nu vevi si woatsɔ axe mɔ na AIDS dɔvɔ̃ si xɔ xexeame katã lae nye eƒe abɔtasisi adodoe aɖe si magblẽ nu le ame ŋu o. Wotrɔ asi le abɔtasitike siwo wotsɔ dɔlékui siwo ŋu ŋusẽ vɔ le wɔe la ŋu tsɔ si asrãdzẽ, agbaɣi, zegedeʋu kple agbaɣi bubu aɖe ƒe abɔta na amewo dzidzedzetɔe. Zi geɖe ne wodo dɔlékui siwo ŋu ŋusẽ vɔ le ɖe lãme na ame la, menye ɖeko ŋutilã ƒe dɔlékuiwusrafowo ƒe ŋutete tsrɔ̃nɛ ko o, ke enana wosua te te ŋu tsrɔ̃a dɔlékui ma tɔgbe ɖesiaɖe si age ɖe lãme na ame dzidzedzetɔe.

Dodokpɔ eve siwo wowɔ yeyee le fiẽwo ŋu fia be kuxi si le HIV dɔlékuia ŋue nye be ŋusẽ agate ŋu aɖo eƒe dɔlékui siwo gbɔdzɔ gɔ̃ hã ŋu woagblẽ nu. Ne míagblɔe bubui la, abɔtasitike sia si ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ axe mɔ na dɔlékuia la ate ŋu ade dɔa lãme na ame.

Agbagba si dzem wole be woatrɔ asi le eƒe abɔtasisi aɖe ŋu medze edzi o eye wògaɖe dzi le ame ƒo. Dɔdadamɔnu vovovo siwo wote kpɔ ɖe HIV dɔlékuia ŋu si ate ŋu awu dɔlékui siwo ŋu ŋusẽ mele nenema o godoo la mefo ayi gɔ̃ hã le eŋu o. Hekpe ɖe eŋu la, HIV dɔlékuia ƒe tɔtrɔ ɖe nɔnɔme vovovowo me na be edada zu agba. (HIV dɔlékui vovovo ƒomevi ewo ya teti ye li le xexeame katã fifia.) Nusi gana wòsesẽ ɖe edzie nye be ŋutilã ƒe dɔlékuiwusrafowo, siwo ŋu wotrɔ asi le abɔtasitikea ŋu be wòado ŋusẽe lae dɔlékuia va léna.

Asi kpɔkpɔ na atikea hã wɔ akpa aɖe le numekukuwɔwɔ me. Dukɔwo Dome AIDS ƒe Abɔtasidɔwɔƒe Ðolawo, si le Washington gblɔ be, “numekukuwɔƒe siwo le wo ɖokui si meléa fɔ ɖe eŋu tututu o.” Wobe wovɔ̃ be abɔtasisitike mahe viɖe vɛ o, le esi wònye dukɔ madeŋgɔwo mee woadzra eƒe akpa gãtɔ le tae.

Togbɔ be kuxi sesẽ siawo li hã la, numekulawo yi edzi le mɔnu vovovowo dom kpɔ be yewoake ɖe abɔtasisi aɖe si akpɔ dzidzedze ŋu. Gake fifia la, edze abe womate ŋu atrɔ asi le abɔtasitike adodoe aɖeke ŋu fifia o ene. Ne wote ŋu va trɔ asi le abɔtasitike adodoe aɖe ŋu tso numekukuwɔƒewo vɔ la, ke egakpo ɖe dɔ geɖe wɔwɔ le eŋu kple etetekpɔ ɖe amegbetɔ ŋu si ŋu vɔvɔ̃ le hã gbɔ.

[Aɖaka si le axa 5]

Amekawoe Le HIV Dɔlékuia Xɔm?

Le xexeame godoo la, ame 16,000 ye xɔa dɔlékuia gbesiagbe. Wogblɔ be amesiawo dometɔ siwo wu alafa memamã 90 tso dukɔ madeŋgɔwo me. Eye wo dometɔ 1 le 10 me nyea ɖevi si mexɔ ƒe 15 haɖe o. Wo dometɔ mamlɛawo nye ame tsitsi siwo dome ame alafa memamã 40 nye nyɔnuwo eye amesiwo sɔ gbɔ wu woƒe afã xɔ tso ƒe 15 va ɖo ƒe 24.—Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe HIV/AIDS Ðekawɔɖoɖo.

[Aɖaka si le axa 6]

Ƒomedodo si Le HIV Dɔlékuia Kple AIDS Dome

HIV tsi tre ɖi na “human immunodeficiency virus,” eye enye dɔlékui si wua ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo ƒe ŋutete vivivi. AIDS hã tsi tre ɖi na “acquired immunodeficiency syndrome.” Esiae nye HIV dɔlékuia ƒe dɔwɔwɔ ƒe akpa mamlɛa si va ɖea ame ƒe agbe ɖa. Ŋkɔa fia alesi gbegbe HIV dɔlékuia gblẽa nu le ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo ƒe ŋutete ŋu vevie, hewɔnɛ be dɔléle bubu siwo dzi dɔnɔa ƒe ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔlékuiwo ƒe ŋutete ate ŋu aɖu hafi la va kpɔa ŋusẽ ɖe edzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Aleke Nàwɔ Anya Amesi Xɔ Dɔa?

Màte ŋu akpɔ ame ko anya ne exɔ dɔa o. Togbɔ be HIV dɔlékuia xɔla siwo ŋu dzesi aɖeke medze le haɖe o adze abe amesiwo ƒe lãme sẽ ene hã la, woate ŋu aɖe dɔa na ame bubuwo. Ðe nàte ŋu aka ɖe numenya si ame aɖe agblɔ be dɔa mele ye ŋu o dzia? Menye ɣesiaɣie wònyea nyateƒe o. Amesiwo xɔ HIV dɔlékuia dometɔ geɖe menya gɔ̃ hã be dɔa le yewo ŋu o. Amesiwo nya ate ŋu aɣlae, alo aka aʋatso. Numekuku si wowɔ le United States ɖee fia be amesiwo xɔ HIV dɔlékuia dometɔ 4 le 10 ɖesiaɖe me gbe woƒe nɔnɔmea gbɔgblɔ na amesiwo wodɔna kplii.

[Credit Line 6]

CDC, Atlanta, Ga.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

HIV dɔlékuia ƒe dodokpɔ wɔwɔ do ŋgɔ hafi abu ame aɖe ɖeɖe ŋu nye afɔɖeɖe si me nunya le

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe