INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 10/8 axa 30
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
  • Nyɔ!—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Nànɔ Te Ðe Enu ne Wodɔ Gbɔwò Sesẽe
    Nyɔ!—1993
  • Nyɔnu Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe ƒe Nu Ŋutɔŋutɔ Nyenye
    Nyɔ!—1993
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
    Nyɔ!—1993
  • Alesi Nàxe Mɔ Ðe Gbɔwò Dɔdɔ Sesẽe Nu
    Nyɔ!—1993
Nyɔ!—1993
g93 10/8 axa 30

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Afrika-fefenuwo Aleke gbegbe nyati si nye “Afrika-Fefenu Siwo Ta Womexea Fe Ðo O” do dzidzɔ na amee nye si! (March 22, 1993 ƒe Awake!) Esi menye aɖaŋudɔfiala ta la, menya alesi wòhiã vevie be woado aɖaŋudɔwɔwɔ ɖe ŋgɔ le ɖeviwo dome le television kple kɔmpiuta dzi fefewo ƒe ɣeyiɣi sia me. Ne dzilawo zãa ɣeyiɣi tsɔ wɔa nuwo kple wo viwo la, nusiwo wofia wo la léna ɖe woƒe susu me hã ɣeyiɣi didi.

D. B., Germania

Mexɔ ƒe adre. Nyatia do dzidzɔ nam, eye mebui be enye nu ɖedzesi be [ɖevi Afrikatɔwo] te ŋu wɔa woa ŋutɔwo ƒe fefenuwo! Ele abe modzakaɖeɖe ene, eye mawɔe akpɔ. M. S., United States

M. S., United States

Nyɔnuwo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe Nyati vovovo siwo mieta le “Nyɔnu Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe—Ŋɔdzie Wònye na Nyɔnuwo” ŋu do dzidzɔ nam ŋutɔ. (May 8, 1993 ƒe Nyɔ!) Ƒe 14 vi ye menye eye mese nu tso ɖevi siwo metsi wui siwo gbɔ wodɔ sesẽ ŋuti. Gake nyemexɔ edzi se o vaseɖe esime mexlẽ miaƒe nyatia esi na aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam, eye mekpɔe dze sii be esia nye afɔku gã aɖe wu alesi mesusui. Akpe geɖe na mi.

S. B., United States

Le nye suku kɔkɔ dede ƒe ƒe gbãtɔ me la, ame aɖe si nye “míaƒe ƒomea xɔlɔ̃” la dɔ gbɔnye sesẽe. Le ƒe ʋee siwo va yi me la, mebui be mewɔ matre. Gake fifia mese egɔme be Yehowa nya be menye nye vodadae o! Ðeko wòvem be nyemexɔ kpekpeɖeŋu kaba do ŋgɔ o.

A. S., United States

Gbedada ŋuti aɖaŋuɖoƒe geɖewo ɖoa aɖaŋu tso alesi woahaya ne wodɔ ame gbɔ sesẽe me, gake womegblɔa alesi woawɔ aƒo asa nɛ la o. Le nyateƒe me la, ele vevie be woaxe mɔ ɖe nu nu tsɔ wu be nu nawɔ ame hafi woanɔ asi trɔm le eŋu! Nyati la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le go sia me, eye akpe ɖe nyɔnu siwo le afisiafi siwo gbɔ woate ŋu adɔ sesẽ la ŋu godoo.

J. A. M., Brazil

Ame aɖe si di be yeadɔ gbɔnye sesẽe la dze dzinye le gbɔme. Mewɔ avu si nyemewɔ nenema kpɔ o la kplii eye medo ɣli yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ sesĩe zi geɖe ale gbegbe be ɖeko avũwo va nɔ wówom. Nye ɣlidodoa va ti kɔ na amesi dze dzinye la mlɔeba eye wòsi dzo. Mele edom ɖe amesiame gbɔ be woawɔ ɖe miaƒe aɖaŋuɖoɖoawo dzi. Le nɔnɔme siwo míado goe nu la, alesi míawɔ nui afia ne woadɔ mía gbɔ sesẽe alo womadɔ mía gbɔ o.

S. P., United States

Ƒe 20 kloe nye sia la, nye ame nyanyɛ aɖe dɔ gbɔnye sesẽe. Nyemegblɔe na ame aɖeke o le esi ŋu nɔ kpeyem ta. Nyemeƒo nu tso eŋu kpɔ o vaseɖe nye susudɔdaɣi le ƒe etɔ̃ siwo va yi me. Ɣemaɣi hafi megblɔe na srɔ̃nye. Fifia ese nusitae gbɔdɔdɔ medoa dzidzɔ nam o la gɔme. Esi mewu miaƒe nyatiawo xexlẽ nu la, mefa dzidzɔvi—menye vevesesevi o—zi gbãtɔ le ƒe 20 siwo va yi me, eye meda akpe na Yehowa.

T. P., United States

Nusɔsrɔ̃ le Yamenutome Ŋu Mewu nyati nyui siwo mieŋlɔ le nusɔsrɔ̃ le yamenutome ŋu le September 8, 1992 ƒe Awake! me xexlẽ nu. Togbɔ be nu vi aɖe koe menya le nyati sia ŋu hã la, numeɖeɖe si me kɔ si mieŋlɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye. Mexɔe se be nyati siawo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe tame si Yehowa ɖo ɖe amegbetɔƒomea me tɔ toɖolawo ŋu la ŋuti geɖe wu.

W. D. F., Costa Rica

Míele agbalẽ ŋlɔm tsɔ le akpe dam na mi le agbagba si miedze le nusɔsrɔ̃ le yamenutome ŋu ŋuti nyatiwo ŋɔŋlɔ me ta. Esi míexlẽ nyati mamletɔ la, míetsɔ dzidzɔ da akpe na Yehowa, Mawu nusianunyala, amesi wɔ xexeame le mɔ wɔnuku ma gbegbe nu. Míele mɔ kpɔm na eƒe nuɖoanyi yeyea vevie, esime wòana mɔnukpɔkpɔ amegbetɔ toɖola siwo si susu deblibo le be woase alesi xexeame le gɔme nyuie wu.

I. N. O. kple J. N. O., Nigeria

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe