Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
Nuwɔametɔnyenye Nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukatae Wònye Nuwɔametɔe Manye?” (August 8, 1993) ƒo nu tso kuxi sia ŋu abe alesi wòle tututu ene. Nye afɔ evea siaa tu eye etena ɖe dzinye ŋutɔ ne amewo le nublanuinu wɔm ɖe ŋunye. Nusi veam wue nye ne ame aɖe na num—abe nubialae menye ene! Nusi faa akɔ nam enye be manyae be menye alesi wole le ŋutilã me ŋue Yehowa léa ŋku ɖo o ke boŋ ‘nusi le ame ƒe dzi mee wòkpɔna.’—Samuel I, 16:8.
A. A. A. S., Brazil
Nyemewɔ ɖeka kpli mi esi miegblɔ be tutu si tso ahɔhɔ̃ ƒe akpa aɖe ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie gbɔ [si woyɔna be cerebral palsy] nye dɔléle o. Ne nuvevi aɖe wɔ ame ƒe ahɔhɔ̃ le amea ƒe fufɔɣi, edziɣi, alo edzidzi vɔ megbe tetie wɔnɛ be wotuna alea. Menyrãna alo wòanye dɔ woate ŋu axɔ le ame ŋu o. Menye dɔlélee o eye mele be woayɔe be dɔléle gbeɖe o.
L. Z., United States
Míeɖe kuku ne nya si miezã la ve ame. Míezã nya “dɔléle” la le nya la ƒe gɔmesese gbadza si le “Webster’s New Collegiate Dictionary” ƒe gɔmeɖeɖe nu, esi nye “nɔnɔme . . . si xea mɔ na [ŋutilã ƒe] dɔwɔna vevi aɖe.”—Etalawo.
Nyɔnuwo Tata Meda akpe na mi ɖe alesi mieklo nu le alesi nyɔnuwo tata nye gbɔgbɔvɔ̃nuwɔna vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi la ta! (Ame Miliɔn Geɖewo Le Fu Kpem—Woate Ŋu Akpe Ðe Wo Ŋua? June 8, 1993) Ne nyati sia ate ŋu axɔ na ɖevi ɖeka pɛ tso nuvlowɔwɔ dziŋɔ sia si dzi womekɔa nu le o ƒe vevesese helĩhelĩ si me la, ke alesi mietae la ɖe vi.
J. C., United States
Ðeko aɖatsi lolo ɖe ŋku dzi nam esi mebu alesi dzilawo naa ɖevi siwo ŋu wɔna aɖeke mele o kpea fu alea. Wometaa nya siawo tɔgbe le míaƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo me o, eyata meda akpe na mi be miena míenya.
C. C. G. M., Brazil
Sukudɔdasiwo Meda akpe geɖe na mi ɖe nyati si nye “Nukae Mate Ŋu Awɔ tso Sukudɔdasi Geɖe Siwo le Ŋunye la Ŋu?” (July 8, 1993) Mexlẽ nyatia le ɣeyiɣi si me sukudɔdasi gbogbo aɖe nɔ dzinye be mawɔ le aƒeme. Vovo menɔ ŋunye be magbɔ ɖe eme alo madzra ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu o. Fifia metsɔ miaƒe aɖaŋuɖoɖoawo le dɔ wɔmee.
M. H., United States
Ʋuʋu Yi Dukɔ Bubuwo Me Edzɔ dzi nam be maŋlɔ agbalẽ ada akpe na mi ɖe nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Wòle Be Maʋu Ayi Dukɔ si Nuwo Dze Edzi na Wu Mea?” ta. (June 8, 1993, Nyɔ!) Mexɔ ƒe 16 eye mesusui be maʋu ayi dukɔ si me nuwo adze edzi nam le agbe me wu me. Gake esi mexlẽ nyatia vɔ la, mekpɔ be menye afisi míele ye nye nya la o. Ne míena Yehowa ƒe Fiaɖuƒea xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la, míazu kesinɔtɔwo [le gbɔgbɔ me] godoo elabena Yehowa akpe ɖe mía ŋu.
V. L. A., Brazil
Nyɔnuwo Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe Enye dzidzɔ kple vevesese nam esi mexɔ March 8, 1993 (May 8, 1993 le Eʋegbe me) ƒe tata si ƒe tanyae nye “Nyɔnu Gbɔ Dɔdɔ Sesẽe—Ŋɔdzie Wònye na Nyɔnuwo.” Miekpɔa, wodze danye si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla ƒe geɖee nye sia la dzi ŋɔdzitɔe eye wodi be woadɔ egbɔ sesẽe le eya ŋutɔ ƒe aƒeme. Nyati siawo xexlẽ kpe ɖe eŋu be wòaɖe eƒe susu ɖa le edzi.
P. G., United States
Nyee nye “Ƒomea me Ŋutasẽnuwɔnawo Kple Amegbɔdɔdɔ Sesẽe ŋu Nyawo Gbɔkpɔƒe” si le mía gbɔ la ƒe amegã ƒe kpeɖeŋutɔ. Miaƒe subɔlawo dometɔ aɖe si nye sɔhɛ kpe ɖe mía ŋu míedze Nyɔ! xexlẽ gɔme esi wòtsɔ tata si ƒo nu tso ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu vɛ na mí (October 8, 1991 ƒe Awake!) Fifia míedɔe wòvana na mí. Medi be mana mianya alesi gbegbe miaƒe nyati siwo ƒo nu tso aƒemenuvlowɔwɔ kple nyɔnu gbɔ dɔdɔ sesẽe ŋuti wɔ dɔ ɖe dzinyee! Woŋlɔ wo nyuie eye woku nu me tsitotsito nyuie hã.
D. G., United States