“Nusɔsrɔ̃ tso Mɔɖeɖe ɖe Ame Bubuwo ƒe Nuwɔnawo Ŋu Me”
ESI míele ƒe alafa 20 sia ƒe nuwuwu gogom la, ɖe ameƒomea srɔ̃ nane tso eƒe ŋutinya si me nuvlowɔwɔ bɔ ɖo tso ƒe 1914 mea? Federico Mayor, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ ƒe Dɔwɔha si kpɔa agbalẽsrɔ̃nyawo, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple dekɔnunyawo gbɔ ƒe dɔdzikpɔlagã meɖe mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke si nye be nuwo ava nyo fia le nyati si wòŋlɔ na The Unesco Courier me o. “Xexe si ƒe dodo woate ŋu akpɔ dze sii . . . medea dzi ƒo be woatsɔ dzonɔameme si tso dzime la awɔ nui o. Mawusubɔsubɔha ƒe zãzɛnyahehe, dukɔmevinyahehe, ameƒomevi kple towo dome nazãbubu, tsitretsitsi ɖe Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ ŋu: ablɔɖe ƒe yaƒoƒowo de dzo fuléle ƒe dzofiwo me. . . . Nuɖoanyi xoxo la ƒe mumu ʋu mɔ na nu yeye ƒomeviwo katã dodo kpɔ, eye tɔtɔ le wo dometɔ aɖewo me ŋutɔ—eye nuvlowɔwɔ le fievo dom ɖe edzi.”
Nukatae nuvlowɔwɔ le dzidzim ɖe edzi ɖo? Nukatae amewo léa fu ame bubuwo hewua wo le esi wotso subɔsubɔha kple teƒe vovovowo ta? Eɖanye le dukɔ si woyɔna tsã be Yugoslavia me, le India, le Anyiehe Ireland, le United States, alo teƒe bubu aɖe le xexeame o, edze abe nusiwo gbɔ koŋ wòtsona dometɔ ɖekae nye nu gbegblẽ si wofia amewo ene. Le esi teƒe be woasrɔ̃ mɔɖeɖe ɖe ame nɔewo ƒe nuwɔnawo ŋu kple bubudede ame ŋu la, amewo srɔ̃ amedzimaxɔse kple fuléle tso wo dzilawo gbɔ, tso woƒe sukuwo, kpakple le amewo gbɔ.
Federico Mayor yi edzi gblɔ be: “Mina míaɖe asi le mɔɖeɖe ɖe nu ŋu si gblẽa nu si nana míeɖea mɔ ɖe nusiwo ŋu mele be míaɖe mɔ ɖo o—ahedada, dɔwuame kple amegbetɔ miliɔn geɖewo ƒe fukpekpe la ɖi. Ne míewɔe alea la, míakpɔ veveseɖeamenu kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe keklẽ nyui la.” Nukpɔsusu nyuie nye esiawo. Gake mɔ wɔdɔ ŋutɔŋutɔ kae li ate ŋu atrɔ gbɔgbɔ doviviti si le míaƒe xexe si woglɔna be eʋu ŋku la me?
Ƒe 2,500 kple edzivɔe nye esia la, Yesaya ŋlɔ Yehowa ƒe nya siawo be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.” (Yesaya 54:13) Esi “Mawu nye lɔlɔ̃” ta la, efia be amesiwo nɔa agbe ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu vavã la asrɔ̃ ŋutifafa, ke menye aʋawɔwɔ o; lɔlɔ̃, ke menye fuléle o; mɔɖeɖe ɖe nu ŋu, ke menye mɔmaɖemaɖe ɖe nu ŋu o.—Yohanes I, 4:8.
Amekawoe le nufiafia sia si kplɔa ame yia ŋutifafa kple lɔlɔ̃ mee eye wòna woɖea mɔ ɖe amewo ƒe nuwɔnawo ŋu dom ɖe ŋgɔ? Amekawoe nɔa anyi le ɖekawɔwɔ me eɖanye dukɔ ka mee wotso o? Amekawoe xɔ Biblia ƒe amehehe si trɔ woƒe fulélenukpɔsusu wòtrɔ zu esi nye lɔlɔ̃? Míele dzi dem ƒo na wò be nàdzro Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo me be nanya nusitae wolé nɔvisi le xexeame katã nyateƒe.—Yohanes 13:34, 35; Korintotɔwo I, 13:4-8.