Mɔɖeɖeɖenuŋu—Ne Egbɔ Eme alo Womeɖee Fia Kura O
ALESI Kashmir Balia me dze anii ʋã ƒe alafa 16 lia me xexemenunyala aɖe wògblɔ be: “Ne paradiso aɖe li la, ke afisia ye!” Edze ƒã be menya nusi ava dzɔ emegbe le xexeame ƒe akpa ma o. Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, wowu ame 20,000 ya teti le afima le aʋa si nɔ ablɔɖetaʋlilawo kple India-ʋakɔ dome la me. Fifia Germany-nyadzɔdzɔgbalẽ Süddeutsche Zeitung ɖɔ teƒea be enye “aɖatsibali.” Kashmir Balia fia nu vevi aɖe si me kɔ la mí: Mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ate ŋu agblẽ afisi ate ŋu azu paradiso.
Nukae wòfia be woaɖe mɔ ɖe nu ŋu? Collins Cobuild English Language Dictionary gblɔ be, “ne èɖea mɔ ɖe nu ŋu la, àɖe mɔ na ame bubuwo be woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔmewo alo dzixɔsewo nanɔ wo si, alo be woawɔ nu le mɔ tɔxɛ aɖe nu, ne mèlɔ̃ ɖe edzi alo da asi ɖe edzi o hã.” Nɔnɔme nyui kae nye si wònye woaɖe afia! Ðikekemanɔmee la, míeɖea dzi ɖi ne míele amesiwo dea bubu míaƒe dzixɔsewo kple nɔnɔmewo ŋu ne woto vovo na woa ŋutɔwo tɔ gɔ̃ hã la gbɔ.
Ne Mɔɖeɖeɖenuŋu Zu Tɔnyee Wu
Nusi to vovo na mɔɖeɖeɖenuŋue nye mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, si dzena le mɔ vovovowo nu. Mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ate ŋu adze egɔme tso kuku ɖe ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ko ŋu ahagbe ame bubu ƒe nɔnɔme alo alesi wòwɔa nui dzi. Kuku ɖe ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ko ŋu xea mɔ ɖe agbemevivisese nu eye mena ame bua susu bubuwo ŋu o.
Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ɖevi ƒe nugbenugbeewɔwɔ madzɔ dzi na amesi le kpaɖii o. Nu ate ŋu ati kɔ na sɔhɛ le amesi tsi wui si bua nuwo ŋu ƒe nuwɔna ta. Ne èna ame ɖɔŋuɖo wɔ dɔ kple amesi lɔ̃a nuwɔwɔkpɔ la, dzi aku wo ame evea siaa. Nukata madzɔ dzi na wò o, nu ati kɔ na wo, eye dzi naku wo? Elabena le wo dometɔ ɖesiaɖe gome la, esesẽna na ame ɖeka be wòaɖe mɔ ɖe ame kemɛa ƒe nɔnɔmewo alo nuwɔnawo ŋu.
Ne mɔmaɖemaɖeɖenuŋu do mo ɖa la, kuku ɖe ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ko ŋu ate ŋu akeke ta azu nazãbubu, si nye ƒuƒoƒo, ameƒomevi, alo subɔsubɔha aɖe tsitsri. Nusi nu gasẽ wu nazãbubue nye tɔnyee wu, si ate ŋu adze le fuléle ŋutasesẽtɔe me. Nusi dona tsoa emee nye fukpekpe kple ʋukɔkɔɖi. Bu nusi mɔmaɖemaɖeɖenuŋu he vɛ le Atitsogaʋawo me ŋu kpɔ! Egbea gɔ̃ hã la, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu gbɔ koŋ aʋa siwo wowɔ le Bosnia, Rwanda, kple Titina Ɣedzeƒe tso.
Mɔɖeɖeɖenuŋu bia be woada asɔ, eye mele bɔbɔe be woada asɔ nyuie ɣesiaɣi o. Míele abe gaƒoɖokuigã ƒe ga si nyena tso akpa ɖeka yia akpa kemɛ ene. Ɣeaɖewoɣi la, míeɖea mɔ ɖe nu ŋu kura o; ɣeaɖewoɣi hã míeɖea mɔ ɖe nu ŋu wògbɔa eme.
Ne Mɔɖeɖeɖenuŋu Zu Agbegbegblẽnɔnɔ
Ðe wòate ŋu adzɔ be woaɖe mɔ ɖe nu ŋu akpaa? Esi United States Sewɔhamenɔla Dan Coats nɔ nu ƒom le ƒe 1993 me la, eƒo nu tso “gɔmesese si le mɔɖeɖeɖenuŋu kple alesi woɖenɛ ŋuti nyaʋiʋli aɖe ŋu.” Nuka wòwɔnɛ? Sewɔhamenɔla la fa konyi be le mɔɖeɖeɖenuŋu ta ame aɖewo “gblẽ agbenyuinɔnɔ ŋu nyateƒe ƒe dzixɔse aɖe ɖi—le nu nyui kple nuvɔ̃ ŋu, le nusi sɔ kple nusi mesɔ o ŋu.” Amesiawo buna be amewo mekpɔ mɔ adrɔ̃ ʋɔnu le nuwɔna nyui kple nusi nye vɔ̃ ŋu o.
Le ƒe 1990 me la, Britaintɔ dunyahela Lord Hailsham ŋlɔ bena “menye mawudzimaxɔse, Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi maxɔse, ŋutilãmenudidi, ŋukeklẽ alo nɔnɔme bubu siwo woyɔna la dometɔ aɖekee nye nu vɔ̃ɖitɔ kekeake si tsi tre ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu o. Nusi tsi tre ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu ŋutɔŋutɔe nye dzixɔse ɖesiaɖe gbegbe, si ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, enye nanekedzimaxɔse.” Edze ƒã be ne míexɔ naneke dzi se o la, dzidzenu aɖeke manɔ mía si le nuwɔna nyui ŋu o eye míate ŋu aɖe mɔ ɖe nusianu ŋu. Gake ɖe wòsɔ be míaɖe mɔ ɖe agbenɔnɔ ɖesiaɖe ƒomevi ŋua?
Denmark-sukukɔkɔdzikpɔla aɖe bui be mesɔ o. Eŋlɔ nyati aɖe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ me le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze eye wòto nyatoƒoe le boblo si wodo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa me le amamaɖeɖe ƒe fefe siwo me woɖe lãwo kple amegbetɔwo ƒe gbɔdɔdɔ fia le la ŋu. Wolɔ̃ wodo boblo siawo le Denmark ƒe “mɔɖeɖeɖenuŋu” ta.
Edze ƒã be menye mɔmaɖemaɖe kura ɖe nu ŋu koe hea kuxiwo vɛ o ke mɔɖeɖeɖenuŋu akpa hã henɛ vɛ. Nukata wòsesẽ be woatsri nuwɔwɔ wòagbɔ eme le go evea siaa me ahada asɔ nyuie? Taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Nuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ƒe vodadawo ŋu wòagbɔ eme ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Mɔɖeɖe ɖe nusianu si ɖeviwo wɔna ŋu madzra wo ɖo ɖe agbe me agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu o