INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 3/8 axa 13-17
  • “Oo, Yehowa, Na Vinyenyɔnuvia Nawɔ Nuteƒe!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Oo, Yehowa, Na Vinyenyɔnuvia Nawɔ Nuteƒe!”
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yometiti le Suku
  • Dɔwɔwɔ le Adzame
  • Wokplɔm Yi Ðevi Dzeaglãwo ƒe Sukui
  • Gododo Wɔnublanuiwo
  • Aleke Mate Ŋu Aɖo Eteƒe Na Yehowae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ƒe Ametakpɔkpɔ Lɔlɔ̃tɔe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Míede Hitler ƒe Aʋawɔwɔ Dzi O
    Nyɔ!—1994
  • Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzigbɔɖitɔe tso Nye Ðevime Ke
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 3/8 axa 13-17

“Oo, Yehowa, Na Vinyenyɔnuvia Nawɔ Nuteƒe!”

WODZIM ɖe aɖaŋuwɔlawo ƒe ƒome aɖe me le Alsace, France, le ƒe 1930 me. Le fiẽsiwo la, Fofonye dzea ŋe ɖe eƒe akpasa me nɔa anyigba alo ɣletivi ŋutinunyagbalẽwo xlẽm. Nye avũvi dɔa alɔ̃ ɖe Papa ƒe afɔnu eye Papa gblɔa nusi xlẽm wòle la ƒe nya vevi aɖewo na Danye le esime Danye hã nɔa ƒomea ƒe nuwo tɔm. Mese vivi le fiẽsi mawo me ale gbegbe!

Mawusubɔsubɔ nye nu vevi aɖe le míaƒe agbe me. Katolikotɔ veviedolawo míenye eye ne amewo kpɔ mí míeyina sɔleme Kwasiɖagbe ŋdiwo la, wogblɔna be: “Eƒo ga asieke. Arnold ƒe ƒomea yina sɔleme.” Medea sɔleme gbesiagbe hafi yia suku. Gake le nunɔlaa ƒe nugbegblẽwɔwɔ ta la, Danye gbe nam be nye ɖeɖe magayi sɔlemea o. Mexɔ ƒe ade ɣemaɣi.

Esi Danye xlẽ Bibelforscher (Biblia Nusrɔ̃viwo, siwo woyɔna fifia be Yehowa Ðasefowo) ƒe agbalẽvi etɔ̃ vɔ ko la, edze gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme gɔme. Ete ɖe Papa dzi ŋutɔ. Ede se be woagadzro mawusubɔsubɔnya aɖeke me le gbɔnye azɔ o. ‘Ame aɖeke megaxlẽ nu ma o!’ Gake Danye tsɔ dzo ɖe nyateƒea ŋu ale gbegbe be eɖoe be nye kple ye míanɔ Biblia xlẽm ɖekae. Edi Katolikotɔwo ƒe Biblia gɔmeɖeɖe aɖe eye woxlẽnɛ ŋdi sia ŋdi gake meɖea eme o be wòawɔ ɖe Papa ƒe sedede dzi ta.

Gbeɖeka exlẽ le Psalmo 115:4-8 be: “Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. . . . Amesiwo wɔa wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, sɔ kpli wo.” Etsɔe sɔ kple se evelia, si gblɔ be: “Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o.” (Mose II, 20:4-6) Metso enumake va gbã nye vɔsamlekpui si nɔ nye xɔ me la.

Meyia suku va gblɔa nusiwo xlẽm mele le Biblia me gbesiagbe la na nye sukuhati siwo nye Katolikotɔwo. Ehe tɔtɔ vi aɖe va sukua. Zi geɖe ɖeviwo kplɔam ɖo le mɔdodo dzi eye wonɔa yɔyem be “Yudatɔ ʋeʋẽ.” Nya mawo dzɔ le ƒe 1937 me. Nɔnɔme sia na fofonye di be yeanya nusi srɔ̃m mele. Eya ŋutɔ xɔ Creation-gbalẽ si Yehowa Ðasefowo ta la. Exlẽe eye eya ŋutɔ va zu Ðasefo!

Esi Germania-srafowo tso Belgium-dea ge ɖe France teti ko la, míeva nɔ aflaga siwo me wota Nazitɔwo ƒe atitsoga le la kpɔm le sɔlemexɔwo tame, togbɔ be Franseawo ƒe aflaga kpɔtɔ nɔ dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒewo gake. Franseawo tu míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo eye woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi, eye hafi Germaniatɔwo nava ɖo la, míenɔ dɔ wɔm le adzame gɔ̃ hã xoxo. Gake agbagba si dzem wonɔ be woaɖe Ðasefoawo ɖa la nu gasẽ ɖe edzi. Mexɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe eve megbe esi mexɔ ƒe 11.

Ɣleti ɖeka megbe le September 4, 1941 me le ŋdɔ ga eve me la, ame aɖe ƒo míaƒe agbonuga. Ɣeyiɣi sia mee Papa gbɔna tso dɔme. Meƒu du va ʋu ʋɔa eye medzo kpla nɛ. Ŋutsu aɖe si nɔ amea megbe do ɣli be: “Heil Hitler!” Esi meɖe asi le eŋu vɔ hafi mekpɔe dze sii be Nazitɔwo ƒe adzamekpovitɔe mekpla asi kɔ na! Wonyãm ɖo ɖe nye xɔ me eye wobia gbe danye gaƒoƒo ene sɔŋ. Hafi woadzo la, wo dometɔ ɖeka gblɔ sesĩe be: “Mègale srɔ̃wò kpɔ ge akpɔ o! Nya ma kee le dzɔdzɔ ge ɖe mia kple viwò hã dzi!”

Wolé Papa ŋdi ma. Eƒe ɣletikukuifetu nɔ eƒe kotoku me. Nazi-srafoawo zi eƒe ga dzi le gadzraɖoƒea eye wogbe be womegana dɔwɔgbalẽvi—agbalẽvi si hiã hafi woakpɔ dɔ awɔ—Danye o. Nusi woɖoe nye be: “Lãvi mawo mele naneke kpɔ ge aɖu o!”

Yometiti le Suku

Le ɣeyiɣi sia me la, nyaƒoɖeamenuwo nu nɔ sesẽm ɖe edzi le suku. Ne nufiala la va sukuxɔa me ko la, ele be sukuvi 58 katã natso ado woƒe abɔwo ɖe dzi agblɔ be, “Heil Hitler.” Ne nunɔla la va mawusubɔsubɔ nu fia ge la, egena ɖe xɔa me hegblɔna be, “Heil Hitler—woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me.” Sukuviawo xɔnɛ nɛ be, “Heil Hitler—Amen!”

Megbe be nyemagblɔ be, “Heil Hitler” o eye nya sia va ɖo sukumegã gbɔ. Woŋlɔ nyanyanamelɛta aɖe si gblɔ be: “Sukuvi aɖe mele eɖokui bɔbɔm ɖe sukusewo te o, eye ne metrɔ le kwasiɖa ɖeka me o la, sukuvi sia adzo le sukua.” Woŋlɔ ɖe ete be nye Simone Arnold ye axlẽ agbalẽ sia na klass siwo wu 20 la katã.

Ŋkekea ɖo azɔ esi woyɔm va sukuviawo ƒe ŋkume be magblɔ nye nyametsotsoa woase. Sukumegã la na aɖabaƒoƒo atɔ̃m be mado gbe na na aflaga la loo alo be mafɔ nye agbalẽwo adzo. Ðeko wòwɔ nam abe ɖe gaƒoɖokuia ƒe aɖabaƒoƒo atɔ̃ mawo maɖo gbeɖe o ene. Nye afɔwo me gbɔdzɔ, nye ta nɔ kpekpem zĩi, nye dzi hã nɔ tsotsom. Ame aɖe do ɣli be “Heil Hitler” tsɔ tso sukuviawo katã ƒe ɖoɖoezizi gã la me eye sukuxɔviawo gblɔe zi gbɔ zi etɔ̃. Meƒu du yi nye nusrɔ̃kplɔ̃a gbɔ va fɔ nye agbalẽwo eye meƒu du dzo.

Megatrɔ yi suku Dzoɖagbe si kplɔe ɖo. Sukumegã la gblɔ be yewoalɔ̃ matrɔ ava ne nyemagblɔ nusita wonyãm le sukua na ame aɖeke o ko. Nye sukuhatiwo do adã ɖe ŋunye eye wonɔ yɔyem be fiafitɔ kple vi dzeaglã henɔ gbɔgblɔm be eyatae wonyãm ɖo. Nyemete ŋu ɖe nusi tututu tae la me o.

Menɔ megbe le sukuxɔa me. Nyɔnuvi si nɔ axanye de dzesii be nyemedoa gbe na aflaga o. Esusu be Franseawo ƒe adzameha si tsi tre ɖe Hitler ŋu me tɔe menye. Ðeko wòle be maɖe nusita megbe be nyemagblɔ be “Heil Hitler” o la me nɛ: “Dɔwɔwɔwo 4:12 gblɔ be, ‘Menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o; elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.’ Kristo ɖeka koe nye mía Ðela. Esi ‘heil’ fia be woakpɔ xɔname to ame aɖe dzi ta la, nyemate ŋu agblɔ be xɔname sia atso Hitler alo ame bubu aɖeke gbɔ o.” Nyɔnuvi sia kple dadaa va srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo eye wozu Ðasefowo!

Dɔwɔwɔ le Adzame

Míenɔ gbeƒã ɖem le adzame le ɣeyiɣi siawo katã me. Míeyia teƒe aɖe le towo dzi ɣleti sia ɣleti ƒe Kwasiɖagbe gbãtɔ, afisi míeva xɔa Fransegbe me Gbetakpɔxɔ le heɖea eme ɖe Germaniagbe me. Danye tɔ awutewui tɔxɛ aɖe nam, esi ŋu kawo le be matsɔ abla nuawoe kple kotoku ɣaɣla aɖe be matsɔ Gbetakpɔxɔ ade eme. Gbeɖeka asrafo eve tɔ te mí eye wokplɔ mí yi agble aɖe me le toa dzi va ka mía ŋu. Medze dɔ ale gbegbe be wokɔm va mlɔ gbeme eye le esia ta womete ŋu kpɔ Gbetakpɔxɔ la o. Ewɔ abe Yehowa ɖeam le mɔ vovovowo nu ɣesiaɣi ene.

Woƒo ka nam gbeɖeka be mayi “tagbɔdɔdaƒe.” Nazi-srafo evee ƒo ka la. Ðasefowo ƒe vi bubuwo hã va afima. Nyee nye ame mamletɔ si woyɔ. “Ðɔkta” eveawo nɔ kplɔ̃ aɖe ŋu, menɔ anyi eye wotsɔ akaɖi da ɖe gbɔnye wònɔ keklẽm ɖe ŋkume nam, eye wodze nyawo biabiam gɔme. “Ðɔkta” ɖeka biaa anyigbaŋutiŋunya alo ŋutinya aɖewom, gake kaka maɖo wo ŋu la, evelia hã dea nu eme hebiaa nyam le míaƒe dɔwɔwɔ le adzame ŋu. Ebia Ðasefo bubuwo hã ƒe ŋkɔwom. Esusɔ vie ko nu naglom kasia ame aɖe ƒo ka eye wògblẽ woƒe nyabiabia me. Aleke gbegbe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu vana nukutɔe ɣesiaɣi enye si!

Ɣeaɖeɣi wotia míaƒe klass la be míayi Hitler ƒe Sɔhɛwo heƒe aɖe kwasiɖa eve. Nyemegblɔe na danye o. Nyemedi be agba aɖeke nanɔ edzi ne metso nya me be nyemayi o. Hafi ŋkeke si dzi míadzo naɖo la, sukumegã la gblɔ nam be: “Ne Dzoɖagbe ɖo eye meyi ketekeɖoƒea alo meva nye ɔfis o la, mana kpovitɔwo nalé wo!”

Eyata meva to ketekeɖoƒea Dzoɖagbe ŋdi yi suku. Nye sukuhatiwo katã nɔ yɔyem be mayi kple yewo gake meɖoe be mayi sukumegã la ƒe ɔfis. Metsi megbe hafi ɖo, eyata esusu be manya ɖo ketekea kple ame bubuawo yii. Dzi kui ŋutɔ esi wòkpɔm. Ekplɔm yi eƒe sukuxɔ mee eye wòna sukuviawo katã kpe fu gaƒoƒo ene sɔŋ. Le kpɔɖeŋu me, eyɔa sukuviawo ɖekaɖeka be woava tsi tre ɖe ŋgɔgbe eye le esi teƒe be wòatsɔ woƒe agbalẽ na wo la, etsɔnɛ ƒoa tomee na wo boŋ. Efiaa asim hegblɔna be: “Eyae na!” Edze agbagba be yeana ɖevi 45 siwo xɔ ƒe ewo ko la nadzum. Gake esi míekpã la, wova nɔ kafuyem le esi megbe gbidii be nyemadzi asrafohawo o ta.

Emegbe wotiam be manɔ agbalẽ kakɛwo, ganuwo, kple ƒuwo nu ƒom ƒu. Megbe elabena asrafowoe zãa ganuawo. Woƒom kaka meku ƒenyi eye wodzo le gbɔnye. Emegbe nye sukuhatiwo kpe ɖe ŋunye megafɔ.

Esi metrɔ yi suku la, ewɔ nuku nam ŋutɔ be mekpɔ sukuvi siwo ade 800, wo katã wotsi tre ƒo xlã aflagati aɖe. Wotsɔm da ɖe wo titina. Woƒo nu legbee aɖe tso ablɔɖe ŋu kpakple fu si woawɔ yomemɔfialawo la ŋu, emegbe wodo ɣli sesĩe zi gbɔ zi etɔ̃ be Sieg heil! (aʋadziɖuɖu kple xɔnamekpɔkpɔ). Wodzi dukɔa ƒe ha la gake nye ya ɖeko melia ɖe afima henɔ ƒoƒom. Yehowa lém ɖe te; melé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Emegbe esi mege ɖe míaƒe xɔa me la, mekpɔ nye awuwo le aba la dzi eye woŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be: “Wodi tso Simone Arnold si be woàva ketekoɖoƒe etsɔ ŋdi.”

Wokplɔm Yi Ðevi Dzeaglãwo ƒe Sukui

Le ŋufɔke la, mía kple Danye míeyi ketekeɖoƒea. Nyɔnu eve ye xɔm. Danye gagblɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa le ketekea me le alesi manɔ agbee ŋu. “Bɔbɔ ɖokuiwò ɣesiaɣi, nyo dɔme, eye nàwɔ nu le ɖoɖo nu ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe ŋuwò hã. Mègasẽ to gbeɖe o. Mègada gbe ɖe ame gbɔ alo aƒo nu ame mabumabutɔe gbeɖe o. Ðo ŋku edzi be menye tosesẽe nye tenɔnɔ sesĩe o. Afia alesi nànɔ agbee le etsɔ me la wò. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míato dodokpɔwo me be eme nava nyo na mí le etsɔ me. Esu te na ema wɔwɔ. Ènya nutɔtɔ, nuɖaɖa, nunyanya, kple agbledede. Ðetugbivie nènye fifia.”

Esi míenɔ ketekea me gaƒoƒo atɔ̃ megbe la, míeva ɖo vi dzeaglãwo ƒe aƒea me azɔ. Mía kple Danye míedze klo fiẽ ma eye míedzi Fiaɖuƒeha aɖe le tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu, eye míedo gbe ɖa. Danye do gbe ɖa ɖe tanye kple gbe sesẽ aɖe be: “Oo, Yehowa, na vinyenyɔnuvia nawɔ nuteƒe!” Danye lém ɖo aba dzi hegbugbɔ nu nam zi mamlea.

Ðeko nuwo dzɔ kabakaba esi ŋu ke ale be nyemete ŋu do hedenyuie na Danye hã o. Nyɔnuvi aɖe fia aba aɖe si wotsɔ lutsro tɔe lam. Wotsɔ nye afɔkpawo dzoe, eye míezɔ afɔ ƒuƒlu va ɖo November ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Le alesi nuwo te ɖe dzinyee ta nyemete ŋu ɖu ŋdɔnuɖuɖu gbãtɔ o. Wotsɔ afɔwui ade nam be matɔ; ne menye nenema o la, nyemakpɔ naneke aɖu o. Afimae medze avifafa gɔme le. Nye aɖatsiawo na afɔwui mawo ƒo tsi. Mefa avi zã bliboa katã kloe.

Mefɔ ga 5:30 le ŋdi me. Ʋu wɔ ɖe nye aba dzi—nye gbeléɣi dze egɔme do ŋgɔ teti hafi nusia dzɔ. Le vɔvɔ̃ ta meƒu du yi Aƒenɔvi Messinger si nye nufiala gbãtɔ si ŋu meke ɖo la gbɔ. Eyɔ nyɔnuvi aɖe wòva fia alesi matsɔ tsi fafɛ anya abadzivɔe lam. Anyigba fa miamiamia eye vevesesea nu gasẽ ɖe edzi. Megadze avifafa gɔme ake. Ke Aƒenɔ Messinger gblɔ fewuɖuɖutɔe be: “Gblɔ na wò Yehowa la be wòanya wò abadzivɔ la na wò!” Nya ma tututu dim mele be mele mase. Metutu ŋkume eye womegate ŋu do avi nam kpɔ o.

Ele be míafɔ ga 5:30 ŋdi sia ŋdi adzra aƒea me ɖo hafi míaɖu ŋdinu si nye detsi agba ɖeka le 8:00 me. Wofiaa sukunu ɖevi 37 siwo xɔ tso ƒe 6 vaseɖe ƒe 14 la le aƒea me. Míenyaa nu, tɔa nu, yia agble le ŋdɔ me elabena ŋutsu aɖeke meli awɔ dɔ sesẽawo o. Le ƒe 1944/45 ƒe vuvɔŋɔli la, mía kple nyɔnuvi bubu aɖe míetsɔa laxalaxa gã aɖe dzea ati siwo ƒe lolome de sentimeta 60. Womeɖe mɔ na ɖeviawo be woaƒo nu na wo nɔewo alo woawo ɖeɖe nanɔ anyi o eye womeɖe mɔ na wo gɔ̃ hã be woawo ɖeɖe nayi nugodo o. Míeyia dua ƒe lãmesẽtsileƒe zi eve le ƒe me eye míeklɔa míaƒe ɖa zi ɖeka ƒe ɖeka. Míaƒe tohehee nye be woate nuɖuɖu mí alo aƒo mí.

Wode dɔ asi nam be makplɔ Aƒenɔ Messinger ƒe xɔ me. Egblɔ be mage ɖe abatia te ne matutu gawo ŋu gbesiagbe. Biblia sue aɖe si meɣla tsɔ va aƒea mee la nɔ asinye eye medze agbagba tsɔe ɣla ɖe abatia te le gawo dome. Le ema megbe la, mete ŋu xlẽa Biblia ƒe akpa aɖewo gbesiagbe. Eyata mewɔ nuku o be woyɔam be nyɔnuvi si ƒe lãme fa wu si wokpɔ kpɔ o!

Nyɔnuvi siwo nye Protestantɔwo yia woƒe sɔleme eye nyɔnuvi etɔ̃ siwo nye Katolikotɔwo hã yia sɔleme gake nyee ɖaa nu na ɖevi 37 la katã. Menɔ kpuie ale gbegbe be ɖe medea zikpui dzi hetsɔa asi eve léa gatia hafi blua detsia me. Nyee ƒoa detsi, ƒoa abolo, heɖaa nu na míaƒe nufiala eneawo. Míetsɔa tɔnui tɔa asitutunuwo le Kwasiɖagbe ŋdɔwo. Fefeɣi meli kura o.

Ɣleti geɖe megbe Aƒenɔ Messinger, amesi edze ƒã be enɔ dzidzɔ kpɔm la, gblɔ nam be wolé Danye lɔlɔ̃tɔ la eye wodee fuwɔamegaxɔ me.

Aʋa la ke le ƒe 1945 me. Fuwɔamegaxɔwo gbã eye amesiwo wowɔ fui le wo me la do, ena ame akpe geɖewo nɔ tsatsam henɔ woƒe ƒometɔ siwo ɖewohĩ woatsi agbe la dim.

Gododo Wɔnublanuiwo

Danye nya nɔnyeƒe ya gake esi wòva be yeaxɔm la, nyemekpɔe dze sii o. Mewɔ nuku o le nusiwo me wòto ta! Esi wolé Danye la, wokplɔe yi Schirmeck-gaxɔ ma ke si me wokplɔ Papa yii la me, gake eya nɔ nyɔnuwo ƒe kpɔ me. Egbe be yematɔ asrafowo ƒe awuwo o eye wokplɔe ɖade ameɖekɛgaxɔ me le tomexɔ me ɣleti geɖewo. Be woana wòaxɔ dɔ ta la, woɖee yi nyɔnu siwo ŋu agbadzà nɔ la gbɔe. Kpe sesẽ aɖe lée ƒu abadzi esime wokplɔe yi Ravensbrück. Germaniatɔwo si ɣemaɣi eye woɖe asi le gameme siwo wokplɔ yi Ravensbrück la ŋu kpata, danye hã nɔ wo dome. Edze Germania mɔ ɖo ta gbɔnye gake tu aɖe si woda tso yame de abi mo nɛ eye wònɔ ʋu ɖim.

Esi wokplɔm yi egbɔe la, etrɔ ale gbegbe—dɔwuame na wòɖi ku, ezu dɔnɔ, eƒe mo wɔ abi eye ʋu blae, asesẽ ŋutɔ hafi nàse eƒe nuƒo me. Wohem be mabɔbɔ ta na amedzrowo eye mafia dɔ siwo katã mewɔna la wo—asitutunuwo kple awuwo tɔtɔ—elabena nyɔnu aɖewo vaa aƒea me be yewoaxɔ gbɔvi. Eye nenemae mewɔ na Danye nublanuitɔ la! Esi wòkplɔm yi ʋɔnudrɔ̃la aɖe gbɔ be wòaɖe mɔ na ye le se nu be yeakplɔm ayi aƒeme hafi mekpɔe dze sii be Danyee! Enumake mefa aɖatsi siwo mezi ɖi ɣleti 22 sɔŋ la katã zi ɖeka.

Esi míenɔ dzodzom la, Aƒenɔvi Lederle si nye sukumegã la ƒe nya si wògblɔ na Danye la le abe ami si faa nu na ame ene. Egblɔ be: “Alesi viwò nyɔnuvia ƒe tamesusu nɔ hafi wòva la, nenema tututu wòle mekplɔ le dedem asi na wò.” Megalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi kokoko. Míekpɔ míaƒe aƒe si me míenɔ tsã eye míeva nɔ eme. Nu ɖeka si naa míeléa blanui enye be Papa bu. Atitsoga Dzĩ habɔbɔa bui de amesiwo ku la dome.

Ame aɖe va ƒo ʋɔ na mí le May 1945 domedome. Megaʋu du yi ʋɔa ʋu ge. Mía xɔlɔ̃ Maria Koehl ye le ʋɔtrua nu eye wògblɔ be: “Simone menye nye ɖekae va o. Fofowò le anyigba.” Papa mete ŋu le atrakpuia liam o eye megale nu hã sem o. Eva to ŋunye eye wòzɔ yi Danye gbɔ! Nyɔnuvi dzaa si xɔ ƒe 11 wònya la, tsi zi ɖeka le ɣleti gbogbo mawo siwo me míegakpɔ mía nɔewo kpɔ o me va zu ƒewuivi si ŋu kpena. Mekpɔ nyɔnuvi yeye sia dze sii gɔ̃ hã o.

Nusi dzɔ ɖe edzi la gblẽ nu le eŋu. Gbã la, wokplɔe yi Schirmeck si nye asaɖa tɔxɛ aɖe me, emegbe wokplɔe yi Dachau, afisi asrãdɔ sesẽ aɖe va lée le eye emegbe ena wòtsi ɖime ŋkeke 14. Emegbe wodo atike yeye siwo woto vɛ kpɔ le eŋuti. Wokplɔe tso Dachau yi Mauthausen si nye asaɖa si me wowua ame le, si vɔ̃ɖi wu Dachau, wona wòwɔ dɔ sesẽ le afima eye woƒoe, woyɔ kpovitɔwo ƒe avũ dee. Gake etsi agbe eye mlɔeba egatrɔ gbɔ va aƒe.

Mege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me hezu Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla esime mexɔ ƒe 17, emegbe mede Gilead Suku si nye dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖo la le United States. Esi menɔ dɔ wɔm le Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒea ƒe ta la, medo go Max Liebster, amesi nye Germania Yudatɔ si va zu Ðasefo le Hitler ƒe fuwɔamegaxɔwo me. Míeɖe mía nɔewo le 1956 me eye le mía Mawu Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míeyi edzi nye subɔla siwo nye mɔɖela veviwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le France.

Nya siwo Danye gblɔ le gbe si wòdo ɖa ɖe tanye me le ƒe gbogbo mawo siwo va yi me hafi wòadzo le gbɔnye le ɖevi dzeaglãwo ƒe aƒea me be: “Oo, Yehowa, meɖe kuku na wò na vinyenyɔnuvia nawɔ nuteƒe!” la va eme nam ale gbegbe.

Eye Yehowa le esia wɔm nam vaseɖe egbea!—Abe alesi Simone Arnold Liebster gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Simone Arnold Liebster kple srɔ̃a Max Liebster

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe