INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 2/8 axa 21-23
  • Dɔwɔŋkeke Ðeka le Kpakpaluʋui ƒe Agbe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔwɔŋkeke Ðeka le Kpakpaluʋui ƒe Agbe Me
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Hiãnɛ le Ŋdi
  • ‘Atsua ƒe Ʋeʋe Hea Nɔea’
  • Didi be Yeano Seƒoƒometsi
  • Axadede na Afɔku
  • Mɔzɔzɔa ƒe Nuwuwu
  • Ale Si Kpakpaluʋui Ƒomevi Aɖe Kea Eƒe Aʋalae
    Ðe Wowɔea?
  • Kpakpaluʋui Ƒe Aʋala
    Nyɔ!—2014
  • Nye Biblia Nusɔsrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nusɔsrɔ̃ 1
    Nye Biblia Nusɔsrɔ̃wo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 2/8 axa 21-23

Dɔwɔŋkeke Ðeka le Kpakpaluʋui ƒe Agbe Me

NE EDZE abe wò gbesiagbedɔwɔna tena ɖe dziwò hesesẽna na wò ene la, ekema bu kpakpaluʋui dɔsesẽwɔla la ŋu kpɔ. Àsusu gbã be ɖoɖo si nu kpakpaluʋui wɔa dɔ ɖo la le abe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe ɖiɖiɖeme ene. Esi kpakpaluʋui dzona tsoa seƒoƒo ɖeka dzi yia bubu dzi henɔa seƒoƒometsiwo nom, eye wòkekea eƒe aʋalawo me nɔa ŋdɔ ƒum ɣesiaɣi si dze eŋu ta la, awɔ na wò abe ɖe wòvo ŋutɔ ene.

Gake le nudzodzoewo gome la, nuwo menɔna abe alesi wodzenae ene ɣesiaɣi o. Kpakpaluʋuiwo nye nugbagbe siwo ŋu vovo menɔna o siwo wɔa dɔ vevi aɖe eye wowɔa nu alɔtsɔtsɔe abe ɖe ɣeyiɣi tsi tre ɖe wo ŋu ene. Mina míalé ŋku ɖe kpakpaluʋui ŋu le eƒe dɔwɔŋkeke ɖeka dzi kpɔ.

Nusi Hiãnɛ le Ŋdi

Ðe nègbɔdzɔna ne èfɔ le aba dzia? Kpakpaluʋuiwo ƒe lãme gbɔdzɔna ŋdikanyawo. Ŋdi aɖewo la, womete ŋu ʋãna kura o. Woƒe kuxie nye woƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ si nɔa tɔtrɔm le alesi nusiwo ƒo xlã wo le la nu. Ne wonɔ aŋgba dzi le zã si me fa miamiamia me ŋu ke vɔ la, woƒe ʋu fana ale gbegbe be womete ŋu ʋãna alo dzona hã o. Eyata ele be woalala ŋdɔ naʋu.

Ne agu dze la, kpakpaluʋui kekea eƒe aʋalawo hetrɔnɛ ɖe afisi ŋdɔ ate ŋu aklẽ ɖe edzi le wu. Aʋala si me wòkeke si wɔa dɔ abe mɔ̃ si léa ŋdɔ ƒe ŋusẽ ɖi ene la xɔa dzoxɔxɔ si hiã eye kpakpaluʋui la dzona azɔ. Gake ne alilikpo xe yame ya ɖe? Le nuto siwo fa miamiamia me la, ele be kpakpaluʋuiwo nanɔ teƒe ɖeka—atsi atilɔ alo seƒoƒo dzi—vaseɖe esime ŋdɔ naʋu. Esia menye kuviawɔwɔ o. Woƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔe.

Ne xexeame mexɔ dzo tututu le ŋkekea me o la, kpakpaluʋui tɔna hexɔa ŋdɔ ƒe keklẽ edziedzi bene yeƒe lãme nahaya. Ehiã be wòade dzo lãme to ŋusẽ si ŋdɔ nanɛ la xɔxɔ me abe alesi ko wodzea petro dea ʋu me le petrodzraƒee ene. Le anyigba xɔdzowo dzi la, fɔŋli kple tsidzadza megbee wòhiã be kpakpaluʋui naklẽ eƒe aʋalawo ɖe ŋdɔ nu. Ne míagblɔe gbadzaa la, alesi yame fae la, nenemae wòƒua ŋdɔ eteƒe didinae. Ne ŋusẽ gaɖo eŋu ko la, eyia dɔ si li be wòawɔ la dzi.

‘Atsua ƒe Ʋeʋe Hea Nɔea’

Dɔ si wòle be wòawɔ kpatae nye asi didi. Esi eƒe agbenɔƒe nye kwasiɖa ʋee aɖewo ko ta la, mele be wòagblẽ ɣeyiɣi kura o. Eye kpakpaluʋuiwo ƒ e asididi hã mele bɔbɔe o—ebia dzigbɔɖi kple agbagbadzedze blibo.

“Lɔlɔ̃ le ame kpɔkpɔ zi gbãtɔ me” mele kpakpaluʋuiwo dome o. Womete ŋu kpɔa nu dea adzɔge boo o eye kpakpaluʋui si ƒe nɔnɔme mele abe woa ŋutɔwo tɔ ene o flua wo enuenu. Esia wɔnɛ be zi geɖe la, kpakpaluʋui si le asi dim la kplɔa bubuwo ɖo dzodzro vaseɖe esime wòkpɔnɛ be menye kpakpaluʋuinɔ si sɔ kple ye lae yekplɔ ɖo o.

Nusi nana agbenɔnɔ gasesẽna na woe nye be kpakpaluʋuinɔwo melɔ̃na kaba o. Atsua si le nɔa kplɔm ɖo vevie la dzona ƒoa xlãe zi geɖe atsyãtɔe henɔ mɔ kpɔm be ava lɔ̃ mlɔeba. Gake kpakpaluʋuiawo ƒe dzodzo alea si nya kpɔna la wua enu kpata ne kpakpaluʋuinɔ la dzo dzo le atsu si mekpɔ dzidzedze o la gbɔ eye wòle be wòayi eƒe kpeɖeŋutɔ didi dzi.

Nukutɔe la, atsua si le kpeɖeŋutɔ dim ƒe amadede dzeania mekpɔa ŋusẽ boo ɖe nɔea dzi o. Togbɔ be Darwin gblɔe kple dzidzɔ be kpakpaluʋuiwo ƒe amadede keklẽawo ‘de nɔnɔmetɔtrɔ dzi’ hã la, ɖaseɖiɖi aɖeke meɖo kpe dzi nenema o. Le nuwɔkpɔ aɖe me la, kpakpaluʋui tɔgbe aɖe siwo woyɔna be Anartia amathea siwo le Dziehe Amerika la ƒe asiƒome la de ha faa kple atsu siwo ƒe aʋalawo le dzĩe kple yibɔ si klẽna siwo wosi nu yibɔ na keŋ la. Nusi dze abe eya mee wotsɔa ɖe le koŋ ene ye nye alesi atsua dzonae, eƒe kutrikuku, kple nusi woyɔna be “lɔlɔ̃ ƒe ʋuʋudedi” si ƒo ye katã ta la.

Nane si woyɔna be pheromone si nye nusi koŋ atsua zãna tsɔ hea kpakpaluʋuinɔa ƒe susu la le lɔlɔ̃ ƒe ʋuʋudedia me. Enye atike si ʋẽna lilili si mua kpakpaluʋuinɔwo si ƒe nɔnɔme le abe eya ŋutɔ tɔ ene la. Ne atsua le asi dim la, etea kpɔ be yeakɔ ʋuʋudedi sia si ƒe “ʋeʋẽ lilili si nu sẽna” la ɖe nɔea ŋu. Togbɔ be lɔlɔ̃ ƒe ʋuʋudedia mefia kokoko be atsua akpɔ dzidzedze o hã la, ewɔa dɔ nyuie ne ekpɔ nɔea si lɔ̃ nɛ mlɔeba.

Didi be Yeano Seƒoƒometsi

Ele be wòaɖo ŋusẽ si wògblẽ le asi didi me la teƒe. Eyatae seƒoƒometsi vivia kpakpaluʋuiwo nu ɖo. Seƒoƒowo naa nuɖuɖu sia si me ŋusẽ le ŋutɔ la dzroa wo to woƒe nɔnɔme kple amadede dzeaniwo dzi. Ne kpakpaluʋuia dze ɖe seƒoƒoa dzi la, eƒoa eƒe dɔ si le tsuẽ la ɖe seƒoƒoa me aɖaŋutɔe wòyia eme ke eye wònoa tsi si le eme.

Ne nudzodzoea le seƒoƒometsia nom la, ʋuʋudedi si le seƒoƒoa ŋu la ʋuʋuna ɖe eƒe ŋutilã si ŋu fu le la dzi eye wòtsɔnɛ yia seƒoƒo bubu si dzi wòagadze ɖo la gbɔ. Le eƒe dɔwɔŋkeke ƒe akpa gãtɔ me la, ete ŋu dudua ʋuʋudedi ɖe seƒoƒo alafa geɖe dzi si wɔnɛ be wotsena. Gake seƒoƒowo mesɔ gbɔ le anyigba xɔdzo dzi vewo me o. Nukae kpakpaluʋui siwo le anyigba xɔdzowo dzi nona?

Kpakpaluʋui siwo le anyigba xɔdzowo dzi media naneke wu atikutsetse vóvo me tsi nono o. Wokpɔa suklinu geɖe si me ŋusẽ le la tso kutsetse siwo ɖi gbɔ eme siwo gena ɖe anyigba la me.

Kpakpaluʋuiwo lɔ̃a dze hã. Wokpɔna wo zi geɖe be wole tsi siwo me dze le nom le aɖukpo siwo wɔ ba dzi alo ɣeaɖewoɣi wodzena ɖe amegbetɔ si kpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu ƒe asi ŋu nɔa eƒe fifia nom. Wokpɔ kpakpaluʋui si mevɔ̃na o be wòle lo ƒe aɖatsi gɔ̃ hã nom.

Esime mía xɔlɔ̃ nudzodzoe sia le dɔ wɔm sesĩe le asi didi, ʋuʋudedi si wòduduna ɖe seƒoƒowo dzi si wɔnɛ be wotsena, kple eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu didi me la, enɔa ŋudzɔ hã ɖe eƒe futɔwo ŋu. Edze abe ɖe mate ŋu aʋli eɖokui ta o ene, gake enya mɔnu vovovowo si dzi wòato be asi masu edzi o.

Axadede na Afɔku

Kpakpaluʋui dzeani si le eƒe aʋalawo kem le seƒoƒowo me adzro xevi ɖesiaɖe si ɖua nudzodzoe. Gake alesi kpakpaluʋui medzona tẽ ɖoa ta teƒe ɖeka o naa eléle sesẽna. Xevi geɖe naa ta ne wote kpɔ be woalée do kpoe. Ne xevi lé kpakpaluʋui gɔ̃ hã la, nudzodzoea ate ŋu asi to alesi wòana eƒe aʋala ƒe akpa aɖe nakli atsi xevia ƒe nume la me.

Alesi woƒe ŋku kpɔa nui hã nye takpɔkpɔ na wo. Togbɔ be kpakpaluʋuiwo mete ŋu kpɔa nu dea adzɔge o hã la, woƒe ŋku si mã ɖe akpa vovovowo me la te ŋu nyaa nuwo ƒe zɔzɔme ŋutɔ. Wodzona le wo nɔƒe ne wokpɔ be afɔku aɖe gbɔna, abe alesi wòle nyanya na amesiame si te kpɔ be yeaɖe foto kpakpaluʋui ene.

Takpɔnu bubu aɖe hã le kpakpaluʋui siwo mete ŋu dzona sesĩe o la si—alesi woƒe lã venae. Numiemie siwo me aɖi le siwo woɖu esime wonye ŋɔ la gbɔe esia tsona. Ne xevi aɖe tɔ dɔ kpakpaluʋui sia tɔgbe ŋu ko la, megatena ɖe eŋu azɔ o. Zi geɖe la, kpakpaluʋui siawo siwo ƒe lã mevivina o—abe kpakpaluʋui si woyɔna be monarch ene—la ƒe amadede klẽna, si dze ƒã be eɖoa ŋku edzi na xeviwo be mele be woate ɖe eŋu o.

Mɔzɔzɔa ƒe Nuwuwu

The World Book Encyclopedia de dzesii be kpakpaluʋui geɖe nɔa agbe kwasiɖa ʋee aɖewo ko, gake egblɔ be ɖewo ya te ŋu nɔa agbe wòdea ɣleti 18. Ðewo megate ŋu wɔa naneke le vuvɔŋɔli fafawo me alo le pepiŋɔli si nɔa anyi didi le anyigba xɔdzowo dzi o.

Gake togbɔ be kpakpaluʋuiwo ƒe agbenɔɣi le kpuie hã la, wote ŋu wɔa nu wɔnukuwo. Le ƒe alafa si va yi me la, kpakpaluʋui si woyɔna be monarch ƒe agbɔsɔsɔ gã aɖe siwo tso Afrika-ƒuta la tso Atlantic-ƒu la va nɔ Canary Ƒukpowo dzi. Kpakpaluʋui dzeani bubu si hã te ŋu zɔa mɔ didi la zɔa mɔ tso Anyiehe Afrika yia Europa ƒe anyiehe gome le dzomeŋɔli.

Le kpakpaluʋui si ŋu ɖeɖi metena o ƒe agbenɔɣi kpui ma me la, ewɔa dɔ vevi aɖe be wòdudua ʋuʋudedi ɖe seƒoƒowo, numiemie suewo, kple ati siwo te ŋu tsena dzi. Gawu ema la, woƒe anyinɔnɔ hã naa gbedzi nya kpɔna hedoa dzidzɔ na ame. Ne womeli o la, xexeame madze ani le dzomeŋɔli me o.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ŋdɔƒuƒu ŋdikanya

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Seƒoƒometsi nono

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Zamu nono tso anyigba

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Le Buckfast Butterfly Farm ƒe mɔɖeɖe nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe