Ne Dzo Dze Gbe
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Ghana gbɔ
DZO. Ne mele nu gblẽm o eye nàte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi la, enye subɔvi nyui aɖe na ame. Gake ne eƒe ŋusẽ nu maganya nɔ o la, ate ŋu azu nugblẽla gã aɖe si atsrɔ̃ nusianu si le eƒe mɔ dzi—amewo, lãwo, atiwo, kple gbe.
Le ƒe 1983 me la, dzo si dze gbe le Australia gblẽ nu le Dziehe Australia kple Victoria nutowo me. Etsrɔ̃ amesiwo wu 70 le alafa me le teƒe mawo, nyi 36,000 kple alẽ 320,000 ye tsi eme, eye aƒe siwo wu 2,000 fiã.
Le ƒe ma ke me, dzo si dze gbe le Ghana gblẽ nu le dukɔ ma ƒe anyigba si lolo kilometa 238,000 togodo ƒe akpa 72 le alafa me ŋu. Ne mede ɖeke o la, ame 29 ye tsi eme eye ame 34 xɔ abi.
Dzobibiawo ƒe akpa sue aɖe tsoa dzɔdzɔmenuwo, abe dziɖegbe ene, gbɔ. Amegbetɔ gbɔe akpa gãtɔ tsona. Le Ghana la, nusi koŋ tɔa dzo gbee nye ahakpakpa. Ahakpalawo tsɔa kakatiwo yɔa dee. Gake zi geɖe la, dzoa kakana ɖi si womenyana o eye kaka nàkpɔ ko wotɔ dzo nu xoxo.
Enye nusi bɔ le Afrika-dukɔ aɖewo me be adelawo tɔa dzo gbe be lã siwo le eme nasi yewoawu. Anyiɖelawo hã tsɔa dzo nyãa anyiawoe tso anyigbàwo me. Ɣeaɖewoɣi la, womedzea agbagba aɖeke be yewoatsi dzoa o.
Le Afrika ƒe anyigba xɔdzowo dzi la, woƒoa ave tɔa dzoe na agbledede. Woŋlɔa afisi wodi be woade agble ɖo hetɔa dzoe. Ne womele ŋudzɔ ɖe dzoa ŋu o la, ate ŋu alé nu bɔbɔe.
Le teƒe aɖewo la, lãkplɔlawo tɔa dzo gbe ne gbea ƒu kple susu be ne tsi dza la, gbe yeye neto na yewoƒe lãwo. Ne wogblẽ dzoa ɖi dzo le egbɔ la, akeke ɖe enu—abe alesi wòdzɔna zi geɖe ene. Asaɖabɔlawo kple amesiwo wɔa dɔ le gbedzi hã tɔa dzo gblẽnuwo ɣeaɖewoɣi ne wometsi dzo si wodo le asaɖa la me o.
Eyata eme kɔ ƒã be ŋumaɖɔmaɖɔɖo gbɔe dzodzegbe akpa gãtɔ tsona. Gake ɖe nane li míawɔ atsɔ axe mɔ ɖe dzotɔtɔ nu nuia? Ŋudzɔnɔnɔ ate ŋu axe mɔ ɖe dzo geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, ne èŋlɔ wò bo to wòkeke de meta 5 va ɖo 10 la, ana dzoa madze agble siwo te ɖe tɔwò ŋu me o. Dzo ɖesiaɖe si nàdo la tsitsi keŋkeŋ hã nye mɔxeɖenunu vevi bubu. Nenɔ susu me na wò be mɔxexe ɖe dzotɔtɔ nu bɔbɔ sãa wu etsitsi.
Ame aɖewo bui be to sesẽ hehe na agɔdzelawo ana woaɖɔ ŋu ɖo eye woadzudzɔ dzotɔtɔ gbe kple aƒewo. Ame bubuwo hã gblɔna be mɔ nyuitɔ si dzi woato axe mɔ na dzodzegbewoe nye be woafia nu amewo le eƒe nugbegblẽ ŋu eye be amesiame nadze agbagba awɔ ɖe nusia dzi.
Kpɔ nyuie le dzo ŋu. Ne míele ŋudzɔ ɖe eŋu nyuie la, ana míagado dziku na subɔvi nyui sia wòazu aƒetɔ gblẽnu o.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]
P. Riviere/Gamma Liaison