INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 2/8 axa 31
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
  • Nyɔ!—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fuɖeɖe—Menye Kuxia Gbɔ Kpɔnu Bɔbɔetɔ O
    Nyɔ!—2009
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
    Nyɔ!—1994
Nyɔ!—1994
g94 2/8 axa 31

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Fuɖeɖe Miaƒe nyati siwo dze le “Fuɖeɖe—Agbe Gɔmedzedze Kple Edome Gbegblẽ” (August 8, 1993) me la na aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nam eye mese veve le dzime. Ðe mexlẽ nyatakaka sia le ƒe enyi siwo va yi me la, anye ne nyemeɖe fu o. Exɔ ƒe adre kloe hafi mete ŋu ʋu nuvɔ̃ sia me na srɔ̃nye si anye ɖevia fofo hafi. Mele mɔ kpɔm be amesiame si anɔ fuɖeɖe ŋu bum la axlẽ nyati siawo eye wòakpɔe adze sii be asixɔxɔ le agbe ŋu eye wònye nunana si tso Mawu gbɔ.

G. D., United States

Mexɔ ƒe 16 eye míesrɔ̃ nu tso fuɖeɖe ŋu le suku. Gake nyemekpɔ veve si gbegbe ɖevia ase la dze si tututu o. Dzi kum vevie ŋutɔ esime menɔ magazine sia xlẽm, eye avi dzi ko menɔ. Nukata wòle be amewo nabu agbe si nye nunana xɔasi si Yehowa na mí dɔmenyotɔe la nu tsɛe alea gbegbe?

N. K., Japan

Metsɔ magazine sia yi sukui eye ewɔ nuku nam ŋutɔ be sukuviawo do vivi ɖe eŋu! Ewɔ dɔ ɖe mía tɔ sukuviwo dzi ale gbegbe be wo dometɔ ɖeka mete ŋu ɖu eɖokui dzi o eye wòwo avi hehehe. Eɖe fu ŋkeke ʋee aɖewo do ŋgɔ.

L. S., United States

Nazitɔwo ƒe Yometiti Akpe na mi ɖe nyati si nye “Nuteƒewɔwɔ le Nazi Germania” (April 8, 1993) la ta. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo to dodokpɔ geɖewo me gake wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi! Ne dodokpɔ sesẽ aɖe ava dzinye ­gbaɖegbe la, meka ɖe edzi be Josef Rehwald kple eƒe ƒomea ƒe ŋusẽ kple tetenɔnɔ sesĩe anɔ asinye.

D. J., United States

Mexlẽ Josef Rehwald ƒe agbemeŋutinya egbea. Mefa avi esi menɔ alesi Yehowa léa esubɔlawo ɖe te le xaxaɣiwo me ŋu bum. Medaa akpe nɛ ɖaa!

V. M., Italy

Aɖatsi Nyati si nye “Aɖatsifafa Gbogbo Siawo Gbegbe Gɔme Ðe?” (February 8, 1993) wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ɣeyiɣi aɖee nye esia menɔ agbagba dzem be manya nusita míefaa avi ɖo kple akpa si aɖatsi wɔna. Akpe na mi ɖe nyati sia si mieŋlɔ nyuie la ta, mese egɔme azɔ. Ena mekpɔ ŋudzedze deto ɖe Yehowa ŋu le alesi wòwɔ mí nukutɔe la ta.

F. G., Portugal

Hadzidzi Fifia ko mewu nyati siwo nye “Egbegbe Hadzidziwo​—⁠Modzakaɖeɖe si Megblẽa Nu le Ame Ŋu O Ye Wònyea?” (August 8, 1993) la xexlẽ nu. Esi menɔ suku kɔkɔ la, heavy-metal haƒoƒo ɖe aboyom. Nya siwo wogblɔ le hadzidzi gbegblẽ sia si me gbɔgbɔ vɔ̃ nyawo le me gbɔe nye nɔnɔme gbegblẽ kple aglãdzenuwɔnawo tso. Gake zi alesi meva te ɖe Yehowa ŋu la, zi nenemae meva lé fu hadzidzi ma kple eƒe ɖiɖi gɔ̃ hãe!

L. K., United States

Aɖaŋu nyui siwo ŋu kakaɖedzi le eye wosɔ ɖe ɣeyiɣi dzie míeɖo na mí ɖeviwo. Ame aɖewo bunɛ be ne hadzidzi aɖe de agbegbegblẽnɔnɔ, nuvlowɔwɔ, kple atike vɔ̃ɖiwo zazã ƒe dzi ƒo evɔ menye heavy-metal alo rap haƒoƒowo o ko la, ke enyo. Nyati siawo tsi tre ɖe nukpɔsusu gbegblẽ sia ŋu. Fifia mí katã míenya alesi míawɔ tiatiae ne míele míaƒe hadzidziwo tiam.

F. M., Italy

Woɖe vinyeŋutsuvi si nye ƒewuivi le Kristo-hamea me eteƒe medidi o. Mewɔ nusianu si mate ŋui be wòadzudzɔ rap-haƒoƒo sese​—⁠medzroa nu me kplii, mefiaa Biblia me gɔmeɖosewoe, eye mexlẽa nyati siwo ƒo nu tso nya sia ŋu la kplii. Gake rap-haƒoƒoa sese dzi ko wònɔ le bebeme henɔ bubum be mele ŋusẽ aɖeke kpɔm ɖe ye dzi o. Gake eva wɔ nu gbegblẽ siwo dzi hadzidzi sia da asi ɖo la dometɔ geɖe. Vinye ƒe anyidzedze gatena ɖe dzinye kokoko. Mekpɔ mɔ be dzila Kristotɔwo katã aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ­nyatakaka sia ŋu to exexlẽ kple esɔsrɔ̃ kple wo viwo me.

G. C., United States

Menye ɖeko mieɖee fia be ele be woatsri hadzidzi ƒomevi aɖewo ko o ke boŋ míetsɔ ŋugbledede si ŋu womate ake ɖi le o si me dɔmefafa kple lɔlɔ̃ le la gblɔ míaƒe nyawoe. Míekpɔe dze sii be miaƒe didi vevitɔe nye be yewoakpe ɖe ɖeviwo ŋu be woasi le xexe sia si gblẽ ku keŋkeŋ la nu.

B. V., France

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe