Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
Fuɖeɖe Mexɔ ƒe 14, eye miaƒe nyati siwo nye “Fuɖeɖe—Agbe Gɔmedzedze Kple Edome Gbegblẽ” (August 8, 1993 ƒe Nyɔ!) la kpe ɖe ŋunye meva se alesi nyati sia le vevie egbea la gɔme geɖe wu. Ete gbe ɖe edzi be togbɔ be fugboe nɔa nyɔnu ƒe ŋutilã me hã la, menye eƒe ŋutilã ɖeɖeko ŋutie fugege gblẽa nu le o. Agbee fugboea nye tso fufɔɣi ke—menye ŋutilã ƒe akpa dzro aɖe ko o. Ewɔ nam be ele be dziɖuɖu nade se ɖe fuɖeɖe nu.
J. R. W., United States
Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo bu fɔ fuɖeɖe eme kɔ ƒã hã la, “Nyɔ!” medea nu dunyahehe me o eye medea ha kple habɔbɔ siwo le eƒom ɖe amewo nu be woade se ɖe fuɖeɖe nu la dometɔ aɖeke o. Ke boŋ wotrɔa asi le míaƒe nyatiwo ŋu be woakpe ɖe amesiame ŋu woawɔ Mawu ƒe Nya la ŋudɔ le woƒe agbenɔnɔ me.—ED.
Nuwɔametɔnyenye Nyati siwo ƒo nu tso nuwɔametɔnyenye ŋu dometɔ ʋee aɖewo koe te ŋu ƒo nu tso nya la ŋuti kã abe alesi nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Nye Nuwɔametɔnyenye Nui?” (September 8, 1993 ƒe Nyɔ!) wɔe ene. Esi metsɔ ƒe aɖewo wɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Rome, Italy, megbe la, mekpɔ lɔrifɔku aɖe si me nye dzimeƒu ŋe le. Enumake nu bɔbɔe aɖewo wɔwɔ abe azɔlizɔzɔ kple kplu si me tsi le tsɔtsɔ zu dɔ nam. Eva hiã kpata be ame aɖe nakpe ɖe ŋunye hafi mafɔ, mado awu, malia xɔ ƒe atrakpui, kple bubuawo. Esi medo dziku, xa nu, nye nu wɔ nublanui na ɖokuinye, eye meɖu aɖukli ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, meva lɔ̃ ɖe nye nɔnɔmea dzi mlɔeba eye mekpɔe be ehiã be mawɔ nusi mate ŋui le nɔnɔme si me mele la me. To atikewɔla veviedonula aɖe, dzinyelawo, kple xɔ̃nyewo ƒe kpekpeɖeŋu me la, nye nɔnɔmea ka ɖe eme eye megayi edzi le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒea. Magblɔe nyateƒetɔe be togbɔ be ame anye wɔametɔ hã la, ate ŋu agawɔ dɔ vevie eye viɖe nanɔ eŋu godoo!
A. E., Italy
Tsɔtsrɔ̃ Gã aɖe ƒe Blemanudzraɖoƒe Nyitsɔ laa la, nye dɔdzikpɔla wɔ ɖoɖo be yeaɖi tsa ayi Tsɔtsrɔ̃ Gã la ƒe Ŋkuɖodzi Nudzraɖoƒea. Metsɔ Nyɔ! July 8, 1993 ƒe nyati si nye “Tsɔtsrɔ̃ Gã aɖe ƒe Blemanudzraɖoƒe kple Yehowa Ðasefowo” nɛ be wòana woàse nuwo gɔme wu le eƒe tsaɖiɖia me. Womãna nuteƒekpɔkpɔ 500 siwo woŋlɔ ɖe agbalẽvi vovovowo dzi la na amewo le nudzraɖoƒea. Yehowa Ðasefo aɖe—Emma Arnold ƒe nuteƒekpɔkpɔe le agbalẽvi si wotsɔ nɛ la dzi. Míaƒe ƒomea do go Arnold ƒe ƒomea le ƒe 1951 me eye woƒe foto si woɖe la le míaƒe fotodzraɖoƒe. Ewɔ nuku na nye dɔdzikpɔla be menye Ðasefo ƒe nuteƒekpɔkpɔ koe wotsɔ nɛ o ke boŋ ƒome aɖe si nye ƒomea nya la hã tɔe! Megblɔ Nɔvinyɔnu Arnold ƒe toyɔvi Max Liebster ƒe nuteƒekpɔkpɔ kple eƒe foto si dze le October 1, 1978 ƒe Watchtower me la ƒe ŋutinya na eya kple ame bubu siwo le dɔa me.
J. K., United States
Srɔ̃gbegbe Ƒe eve tututu le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, srɔ̃nye va wɔ ahasi kple xɔ̃nye vevi aɖe. Egbem le ƒe eve megbe. Eyata esi mekpɔ Nyɔ! si nye September 8, 1993 tɔ si ƒe tanya gblɔ be “Srɔ̃gbegbe—Ðe Wònana Wosea Vivi na Agbe Wua?” la, nye lãme koe fa. Esesẽna nam ɣeaɖewoɣi be masrɔ̃ nyati siwo te gbe ɖe ƒomegbenɔnɔ dzi. Gake exexlẽ va de dzi ƒo nam mlɔeba be “srɔ̃tɔ si medze agɔ o la ate ŋu ado tso xaxaa me ava zu amesi si amenyenye sẽŋu le wu, si me agbe le eye wòde blibo wu.” Nyemagblɔ be meɖo afima haɖe ya o, gake mele agbagba dzem. Melé blanui vevie ŋutɔ. Gake nya gbogbo siwo miegblɔ ɖe nyati bubuwo me le blanuiléle ŋuti kpe ɖe míaƒe hamea me hamemegãwo ŋu be wonɔ megbe nam meto ɣeyiɣi sesẽ ŋutɔ aɖewo me. Akpe na mi ɖe kpekpeɖeŋu siwo katã miele mía nam to magazineawo dzi la ta.
D. P., United States
Dzila Vixɔnyilawo Esi mexlẽ miaƒe nyati si nye “Aɖaŋuɖoɖo Vevi Siwo Akpe Ðe Dzila Vixɔnyilawo Ŋu” (September 8, 1993 ƒe Nyɔ!) vɔ la, ɖeko wòle be maŋlɔ agbalẽ na mi. Mexɔ ƒe ewo eye mele danye gbɔ. Fofonye ɖe nyɔnu bubu eyata mele nyɔnu bubu gbɔ fifia. Esi mexlẽ nu le alesi ɖevi bubuwo sena le wo ɖokui me le dzila vixɔnyilawo ŋu la, megblɔ be ‘alea tututu mesena le ɖekuinye me!’ Edzɔ dzi nam be miaƒe aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ ɖekae nye be míakpɔ nyuie be míagaʋã ŋu o. Mebua nyɔnu yeyea be ele ho ʋlim kplim. Fofonye nana mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi abe ɖe wòlɔ̃ srɔ̃a yeyea wum sã ene. Mele mɔ kpɔm be fofonye kple srɔ̃a yeyea woaxlẽ nyati nyui sia eye woase nu gɔme nam ɖe edzi wu.
V. N., United States