INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 1/8 axa 3-7
  • Kristmas—Ðe Wòbiaa Nu Geɖe Wu Alesi Nèsusua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristmas—Ðe Wòbiaa Nu Geɖe Wu Alesi Nèsusua?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Santa Ŋuti Glitoto—Enana Womegakana ɖe Ame Dzi Oa?
  • Ðe Wònye Nunana Fũ Akpaa?
  • ‘Ðe Mate Ðeviawo ɖe Anyi Oa?’
  • Kpe Ðe Viwòwo Ŋu Woalɔ̃ Mawu
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • “Naneke Mele Mía Ŋu Tom O!”
    Nyɔ!—1994
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Nyɔ!—1994
g94 1/8 axa 3-7

Kristmas—Ðe Wòbiaa Nu Geɖe Wu Alesi Nèsusua?

“PAPA kple Dada—ɖe Santa Claus li vavãa?” Enye nya si woabia atsɔ anya ŋuɖoɖoa, esi dzila geɖewo vɔ̃na na. Jimmy si xɔ ƒe adre la tsɔ dziɖeleameƒo kple nuxaxa ɖe kukue be woaka ɖe edzi na ye ne glimeme si wosusu be eli si tsɔ nunana nyui mawo katã vɛ la li ŋutɔŋutɔ—eye be ye dzilawo meka aʋatso na ye o.

Nusi dzɔe nye be ŋutsuvi si nye woƒe aƒelika ʋu go nyateƒea si mado dzidzɔ na ame o be aʋatsoe Santa Claus ƒe ŋutinya nye eye wòna dzila siawo tɔtɔ alea. Ðewohĩ ɖevimenu siwo dzi nègaɖoa ŋkui ƒe ɖee nye nudzɔdzɔ sia tɔgbe.

Menye subɔsubɔzã dzrowo koe azã siwo woɖuna egbea nye o. Ewɔ abe ɖe wova lɔ̃ ɖe Kristmasɖuɖu dzi le teƒe siwo womele mɔ kpɔm be eɖuɖu ava xɔ aƒe ɖo o ene. Japan Buddhatɔwo, Afrika-subɔsubɔha me tɔwo, Amerika Yudatɔwo, kple Singapore Moslemtɔwo katã ʋu mɔ ɖi na ŋutsu si do awu dzĩ si ƒe mo le tegble si lɔ nunanawo ɖe asi la. Subɔsubɔhakplɔla aɖe bia be, “Ðe Kristmas mezu ŋkekenyui si amesiame ɖuna le xexeame oa?”

Le ame geɖewo ƒe nukpɔsusu nu la, Kristmas kaka eƒe Ɣetoɖoƒe “Kristotɔwo” ƒe nudodowo ɖe teƒe geɖe eye wòzu azãɖuɣi si me amesiame kpɔa dzidzɔ le. Ðeviwo koŋ ye doa vivi ɖe azã la ɖuɖu ŋu. Ame aɖewo susuna be nyateƒee wònye be ɖevi aɖeke ƒe agbe medea blibo ne ŋkekenyui sia ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisese mesu esi o. Ðeko wòdze abe ɖe Kristmasɖuɖu anɔ anyi ɖaa ene. Wotua nusiwo wosrɔ̃na le suku la ɖe edzi. Wokafunɛ le television dzi. Fiasewo kple nudzraƒewo doa bobloe. Dzilawo gblẽa ɣeyiɣi kple ga geɖe ɖe Kristmasɖuɖu ŋu. Gake hekpe ɖe fe gbogbo si wonyina emegbe zi geɖe ŋu la, ɖe wògblẽa nu geɖe wu si wòahiã be wò ƒomea naɖɔ ɖoa?

Santa Ŋuti Glitoto—Enana Womegakana ɖe Ame Dzi Oa?

John si xɔ ƒe adre la gblɔ na dadaa be: “Nyemexɔe se be Mawu li o.” World Herald me nyati aɖe ɖe nusitae wògblɔ nya sia ɖo la me be: “Ewɔ abe ɖe John va nyae do ŋgɔ gbemagbe be menye ame ŋutɔŋutɔe Santa Claus nye o ene. Egblɔ na dadaa be ɖewohĩ Mawu hã menye ame ŋutɔŋutɔ si li o.” Esi John si xɔ ƒe 25 fifia ɖo ŋku dzi si ɖe le eƒo le eƒe ɖevime dzi la, egblɔ be: “Ne dzilawo gblɔ na wo viwo be ame ŋutɔŋutɔe nye Santa la, ewɔ nam be ɖewohĩ ema ana womagaka ɖe wo dzi o.”

Nukae wòle be woawɔ le nya vevi sia ŋuti? Ðeviwo ƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo melɔ̃ ɖe wo nɔewo ƒe nyawo dzi o. Wo dometɔ ɖeka de dzi ƒo na dzilawo be woagblɔ nyateƒea na wo viwo le woƒe ƒe ade alo adrelia xɔxɔ me, eye wòxlɔ̃ nu be “agblẽ nu le woƒe susu ŋu ŋutɔŋutɔ ne dzilawo yi edzi le aʋatsonyawo gblɔm.”

Ðk. Paul Ekman gblɔ le agbalẽ si nye Why Kids Lie—How Parents Can Encourage Truthfulness me be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be mi dzilawo miekpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe mia viwo dzi le nɔnɔmewo, dzixɔsewo, kple hadomenuwɔnawo abe alakpadada alo amebaba ene gome.” Ekman yi edzi be: “Zi alesi aʋatsokaka gblẽ kakaɖeamedzi dome ko la, ƒomedodo si le mia dome maganɔ abe tsã ene o. Asesẽ be woagaxɔ ame dzi ase ne wowɔ nu tsɔ gblẽ eme; ɣeaɖewoɣi la womate ŋu awɔ naneke atsɔ akpɔ egbɔe o.” Eyata nukatae nàble ame le ŋkekenyui dzi nunana gome?

Ðeviwo ŋuti numekula aɖe gblɔ be: “Mexɔe se be etena ɖe ɖeviwo dzi ŋutɔ ne wo dzilawo ka aʋatso na wo heble wo wu alesi ne woa ŋutɔwo va nya be Santa Claus menye nu ŋutɔŋutɔ si li o ana woatɔtɔe.” Ðk. Judith A. Boss si nye xexemenunyafialagã gblɔ be: “Ame tsitsiwo ƒe taɖodzinue . . . nye be yewoaɖoe koŋ able ɖeviwo le nusi Santa Claus nye ŋuti. . . . Ne míegblɔna na ɖeviwo be ame ŋutɔŋutɔe nye Santa Claus la, míele nanam be ɖeviwo nabu tame o. Aʋatso ko kamee míele na wo.”

Ne dzilae nènye la, ekema dɔ sesẽ ŋutɔ aɖe dze ŋgɔwò—be nàhe ɖevi siwo alɔ̃ ame siwo kpɔa dzidzɔ le xexe si me wosrɔ̃nɛ tso woƒe ɖevime ke be womate ŋu aka ɖe ame dzi o la me. “Mia kple amedzrowo migaɖo dze o.” “Màte ŋu axɔ nusianu si wodoa bobloe le television dzi ase o.” “Gblɔ na wo be Dada mele aƒea me o.” Aleke ɖevi awɔ anya amesi dzi wòate ŋu aka ɖo? Agbalẽ si nye How to Help Your Child Grow Up gblɔ be: “Ele be ɖeviwo nasrɔ̃ anukwareɖiɖi, dzideƒo, kple nuwɔwɔ kple ame bubuwo le bubu me ƒe vevienyenye kple alesi wònye nu nyuie; eye aƒemee nusiawo dzea egɔme tsonɛ.”

Enye nyateƒe be ƒome deblibo aɖeke meli o. Ke hã agbalẽŋlɔla Dolores Curran ɖoe be yeade dzesi ƒome siwo sesẽ ƒe nɔnɔme. Ebia tso ƒomeŋutinunyala 551 siwo le dɔ vovovowo wɔm la si be woatia ƒome ƒe nɔnɔme siwo le vevie wu. Nusiwo ŋu wòke ɖo siwo le agbalẽ si nye Traits of a Healthy Family me gblɔ nɔnɔme 15 siwo ƒo ɖesiaɖe ta si ƒomeŋutinunyalawo tia la. Nɔnɔme eneliae nye “nyanya be wokana ɖe ye dzi.” Egblɔ be “le ƒome si sesẽ me la, wobua kakaɖeamedzi be enye nunɔamesi xɔasi, nusi wotsɔ ŋuɖɔɖo srɔ̃na hetuna ɖo esi ɖeviwo kple wo dzilawo siaa le ŋgɔ yim ɖekae le ƒomegbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo me.”

Anyo be dzila nabia be, ‘Ðe Santa ŋuti glitoto dodo ɖe ŋgɔ awɔe be vinye naɖo ŋu ɖe ŋunye ahaka ɖe dzinyea?’ Ne nusiawo megali o la, naneke meli woawɔ agakpɔe o. Ðe nu gbegblẽ siwo menya kpɔna dzea sii o le Kristmas ŋua?

Ðe Wònye Nunana Fũ Akpaa?

Agbalẽvi si nye 12 Rules for Raising Delinquent Children gblɔ be: “Dze nusianu si ɖevia hiã la nanae gɔme tso eƒe vidzĩme ke. Le mɔ sia nu la, atsi axɔe se be ele be xexeame nakpɔ ye dzi.” Gbetete ɖe ŋutilãmenuwo dzi fũ ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu.

Agbalẽŋlɔla Maureen Orth si nye dzila bia be, “Aleke míawɔ aƒã dzidzenuwo kple agbenɔnɔ nyui ɖe mía viwo me le ŋutilãmenudidi ƒe xexe, si me wokafua nuwo zazã kple ŋukeklẽ le ŋutɔ le manyamanya me zi geɖe?” Efa konyi le nyati si nye “Numanamana ƒe Nunana La” me be: “Ðevi si wɔa nu abe dziɖula wònye ene xɔe se be nunanawo nye gbesiagbenudzɔdzɔ—abe lɛta xɔxɔ gbesiagbe ene.” Nusiae Kristmas fiana ŋutɔŋutɔa?

Ke ƒome siwo mate ŋu aƒle nunana xɔasi siwo wodzrana be wonye Kristmas dzi nunana siwo hiã godoo o ya ɖe? Aleke ɖevi mawo sena le wo ɖokui me ne wose be ɖevi nyuiwo ɖeɖekoe Santa naa nui? Eye ɖevi siwo le ƒome siwo me mã siwo wona wonyaa mamã si le woƒe ƒomewo me le ŋkekenyuiɖuɣiwo ya ɖe?

The New York Times gblɔ be: “Zi geɖe la ŋkekenyui dzi kplɔ̃ɖoɖo ƒe nu vevitɔ si dzi wohea susu yinae nye nunana ame. Gbetete ɖe esia dzi fiaa ɖeviwo be taɖodzinu si le ƒomekplɔ̃ɖoɖo ŋue nye nunanawo xɔxɔ eye wònana dzi ɖena le wo ƒo emegbe.”

Lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ kekeake si ʋãa ame be woawɔ nu nyui. Glenn Austin si ŋlɔ Love and Power: Parent and Child gblɔ be: “Le ƒome si me ɖekawɔwɔ le si me ɖevi lɔ̃a dzila hedea bubu eŋu me la, ɖevia anɔ agbe le mɔ si dzi woda asi ɖo nu be yeadze ye dzila la ŋu.” Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie be yewoana vividoɖeameŋu ma si me lɔlɔ̃ le nanɔ yewo ƒe aƒewo me. Hekpe ɖe eŋu la, wohea Yehowa Ðasefowo ƒe viwo be woanya Mawu si wosubɔna si nye Yehowa ahalɔ̃e. Nyuiwɔwɔ ƒe ŋusẽ ʋãme kae nye si le woƒe agbenɔnɔ me! Womehiã glimeme aɖeke be wòaʋã yewo yewoawɔ dɔ nyuiwo o.

Yehowa Ðasefowo dea asixɔxɔ wo viwo ŋu be wonye nunana siwo yewoxɔ tso Mawu gbɔ. (Psalmo 127:3) Eyata le esi teƒe be dzila siawo nalala ŋkeke ɖoɖi aɖewo nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nunana dzi la, woate ŋu ana nu ame le ƒea katã me. Le ɣeyiɣi mawo me la, asesẽ be woanya amesi dzi le dzɔdzɔm wu—ɖevi si mele mɔ kpɔm be woana nu ye o alo dadaa si dzi le dzɔdzɔm la. Ðevi la nya afisi nunanaa tso. Hekpe ɖe eŋu la, wodea dzi ƒo na dzila Ðasefowo be woatsɔ woƒe ɣeyiɣi ƒe nunana la ana edziedzi. Elabena ne nyɔnuvi sue lé blanui alo tsi akogo la, aleke fefenu gbogbo siwo woanae ade aɖabaƒoƒo ʋee siwo wòazã atsɔ anɔ dadaa ƒe akɔnu Dada nanɔ eƒe ɖevimeŋutinyawo gblɔm nɛ la nu? Ðe woate ŋu afia ŋutsunyenye ƒe nɔnɔme ŋutsuvi ne wofiaa baseball ƒoƒoe le aƒeme loo alo ne woa kple fofoa woɖoa dze vivi ɣeyiɣi didi esi wole tsa ɖim ɖekae?

Ƒomedodo kplikplikpli sia si wotu ɖo ate ŋu axɔ ame ɖe agbe. Ðeviwo ŋuti numekulawo kpɔe be ne mamã si le dzilawo kple wo viwo dome si wogblɔna zi geɖe dze egɔme la, ɖevia hatiwo te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe edzi wu. Ðeviwo ƒe nugbegblẽwɔwɔ dzena le woƒe nuwɔwɔ ɖe ame tsitsiwo ŋu si le gbegblẽm ɖe edzi la me. “Gake ɖevi siwo si nukpɔsusu nyui nɔ ɖe wo fofowo kple ame tsitsi bubuwo ŋu la mekpe ɖe wo hati bubuwo ŋu le woƒe nugbegblẽwɔwɔ me o.”

Wohea nya kple Yehowa Ðasefowo ɣeaɖewoɣi be womeɖua ŋkekenyui kple woƒe ƒomewo kpɔa dzidzɔ o. Adze abe ɖe wote dzidzɔ tɔxɛ sia Yehowa Ðasefowo ƒe viwo ene. Gake susu nyui siwo tae womeɖua ŋkekenyuiwo o siwo tso Biblia me la le dzila moveviɖola siawo kple wo viwo si. (Taflatse kpɔ axa 11-14.) Eye ɖevi siawo le agbenyuinɔnɔ deŋgɔ si woatsɔ anɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu sẽŋu si ɖua ɖevi bubuwo ƒe lɔlɔ̃nu dzi la tum ɖo. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si le dzidzim ɖe edzi la le agbenyuinɔnɔ me gblẽm. Gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, atike vɔ̃ɖiwo zazã, nuvlowɔwɔ, aha sesẽ nono, gbɔgbɔyɔyɔ, ɖevigbɔdɔlawo—wonye afɔkunu geɖe siwo doa ŋɔdzi na ɖevi siwo dzi nu te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖo bɔbɔe.

Aleke dzila awɔ akpɔ via ta tso afɔkunu siwo li ɣesiaɣi la mee? Wohea ɖevi Ðasefowo edziedzi tso woƒe ɖevime ke be woawɔ ɖe agbenyuinɔnɔse deŋgɔ siwo le Biblia me la dzi. Dzila lɔlɔ̃tɔwo kpena ɖe wo ŋu be woanya Mawu ƒe nukpɔsusu le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu, ke menye le ŋkekenyuiwo ɖeɖeko ŋuti o. Alesi wolɔ̃ woƒe Mawue hedea bubu eŋu tae woɖoa toe ɖo, ne esia fia be woawɔ nu wòato vovo gɔ̃ hã. Wò ya bu alesi esia adzra wo ɖo be woakpɔ dzidzedze le woƒe tsitsime ŋu kpɔ! Ne ɖevi abɔbɔ anɔ etɔ siwo le nusi doa dzidzɔ na wo wɔm dome le sukuxɔ me, gake wòʋlia nusi wòxɔ se be enyo ta la, aleke gbegbee woahanɔ te ɖe nu bubu siwo dze dzidzɔdonamenuwoe—atike vɔ̃ɖiwo zazã, gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, kple ameblenu bubu siwo gblẽa nu le ame ŋu—ƒe tetekpɔ si ava emegbe la nu nyuie enye si! Yehowa Ðasefowo ƒe viwo atu agbenyuinɔnɔ ƒe ŋusẽ si manɔ ɖevi bubu geɖewo si o la ɖo.

Ðk. Robert Coles si nye numekula le Harvard Yunivɛsiti gblɔ be: “Xɔse mele ɖevi siwo menya la dometɔ geɖe si o. Nusianu bu ɖe wo negbe vovokpɔkpɔ ɖe wo ɖokui ŋu ko, eye alesi wokplaa woe la dzia esia ɖe edzi gbesiagbe.”

Ðevitikewɔla aɖe ƒo nu tso ƒome bubu aɖe ŋu be: “Wodia ɖevi siwo tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo eye womebua wo ɖokui ŋu boo o la. . . . Wonɔa agbe si le bɔbɔe wu . . . , gake nu bubu aɖe hã le wo si. Esi nyemenya alekee magblɔe wòanyo wu o ta la, ɖeko magblɔ be eyae nye dzidzeme.”

Dolores Curran yɔ subɔsubɔdɔ si ŋu bubu le wɔwɔ na ame bubuwo be eyae ana woakpɔ dzidzɔ. “Le ƒome siwo le míaƒe dukɔa [United States] me—le wo dometɔ akpa gãtɔ—gome la, magblɔ be dzidzedzekpɔkpɔ kple agbeɖuɖu yometitie nye woƒe tameɖoɖo vevitɔ.” Gake “ƒome siwo kpɔa mɔ be ƒomea me tɔ bubuwo ate ŋu atsɔ ɖe le eme na ame bubuwo eye woatsɔ ɖe le eme na wo hã zua ƒome nyui siwo dea asixɔxɔ ame bubuwo subɔsubɔ ŋuti. . . . Ne ɖevi siwo le ƒome siawo me le tsitsim la, wova nyea amesiwo tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo ŋutɔ eye wolɔ̃na tsɔa agbanɔamedzi le nusiwo teƒe woƒe ƒomea kpɔ ta.” Curran de dzesi “tɔtrɔgbɔ va dzidzɔkpɔkpɔ didi le amewo dome kple le nunana me ke menye le nuƒeƒle, nuxɔxɔ, kple nuzazã me o ƒe asixɔxɔ gbɔ” le dzila siwo kpɔa dzidzedze la dome.”

Nunana ŋuti nunyala deŋgɔ aɖe gblɔe ɖe mɔ bubu nu be, “dzidzɔ geɖe le nunana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, New World Translation) Kristo Yesu ƒe nyagbɔgblɔ sia ɖe dzesi le ƒome si me tɔwo nye Ðasefowo ŋu. Wotua woƒe agbenɔnɔ ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dzi abe eyama ene. Awɔ na ame aɖewo be wole ɖevi Ðasefowo tafam hele wo dzi zim be woakplɔ wo dzilawo ɖo tso aƒeme yi aƒeme. Le nusi to vovo ŋutɔ na ema me la, wo dzilawo to kpɔɖeŋu ɖoɖo na wo me le alesi woaɖe lɔlɔ̃ afia wo haviwo to Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ na wo haviwo faa me la fiam wo.—Mateo 24:14.

‘Ðe Mate Ðeviawo ɖe Anyi Oa?’

Gake ɖe mawusubɔsubɔ ƒe hehe sesẽ nana ɖevi matee ɖe anyi oa? Ðe manyo wu be amesiame si tsi la nawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso le mawusubɔsubɔha ŋu oa? Esia wɔwɔ anye agbalẽvi si nye 12 Rules for Raising Delinquent Children ƒe se etɔ̃lia si gblɔ be: “Mègana gbɔgbɔmehehe aɖekee o. Lala vaseɖe esime wòxɔ ƒe 21 hafi, eye nàna eya ‘ŋutɔ natso nya me na eɖokui.’”

Gake Ðk. Coles gblɔ be ɖevi ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe ŋutete gbãtɔ dzea tsitsi gɔme kaba le eƒe ƒe etɔ̃lia xɔxɔ me. “Agbenyuinɔnɔ ƒe ŋutete aɖe nɔa tsitsim le ɖevia me. Mebunɛ be enye Mawu ƒe nunana, be agbenyuinɔnɔ ƒe didi aɖe le ame me.” Ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi vevitɔ si me woaƒã agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu vavãwo ɖe wo me. Le kpɔɖeŋu me, enye ɣeyiɣi si me woato kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo me afia nyateƒetoto si tsi tre ɖe aʋatsokaka ŋu ƒe asixɔxɔ wo. Biblia te gbe ɖe alesi amehehe le ɖevime le vevie dzi be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

Curran gblɔ be: “Womate ŋu akpɔ mɔ be egbeviwo nanɔ agbe nyui ne womekpe ɖe wo ŋu o. . . . Amesiwo gbɔ meku nu me le gblɔ be zi alesi ƒomea nyoe la, zi nenema ke woƒe sidzedze nyui kple vɔ ƒe ŋutete dzina ɖe edzii.”

Hadomededienɔnɔ ƒe dɔwɔla aɖe si gbɔ Curran wɔ numekuku le la gblɔ be: “Ŋusẽ triakɔ aɖe si nu womate ŋu asi le o le mawusubɔsubɔdzixɔse ŋu wònaa ƒomewo.” Curran gblɔ le ƒome si me tɔwo lé mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔse ɖeka me ɖe asi ŋu be “Mawu dzixɔse wɔa akpa vevi aɖe le ƒomea ƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Mawusubɔsubɔ ƒe kadodo nana nusi léa ƒomea ɖe te la sesẽna. Dzilawo kpɔnɛ be agba kpekpe aɖe le yewo dzi be yewoafia yewoƒe mawusubɔsubɔdzixɔse yewo viwo, gake wowɔa esia le mɔ nyui siwo me kɔ la nu.”

Kpe Ðe Viwòwo Ŋu Woalɔ̃ Mawu

Fia Mawu ƒe nunana siwo nana ɖeviwo kpɔa dzidzɔ alea la wo. Mia kpli wo mimlɔ sɔgbe dzi eye mialé ŋku ɖe seƒoƒo vi si wotsɔ aɖaŋu wɔnuku wɔe la ŋu. Milé ŋku ɖe nudzodzoe si woyɔna be ʋui si dzo le sɔgbea me yi ɖadze ɖe gbe tsrala aɖe ta, eye wòle eƒe aʋala dzĩ si le ŋɔtaŋɔta ƒom hedzo dzo la ŋuti. Na woakpɔ alesi gbegbe wòwɔa nuku ŋutɔ na amee ne akpakpaluʋui dze ɖe ame ƒe asi dzi hele eƒe aʋala aŋutiɖiɖiawo ƒom hele ŋdɔkutsu ƒe dzoxɔxɔ la ƒum. Midze ŋe miakpɔ alilikpo ɣi siwo va le yiyim, eye miakpɔe esi alilikpoawo ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm zu tɔdziʋuwo, sɔwo, kple fiasawo le yame. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ɖe eme na viwòwo be mía Wɔla, Mawue, wɔ nunana dodzidzɔname siawo na mí.

Eye nunana bubu geɖewo, abe dadivi si ƒe nukokoedonamefefe kple aŋgba nana míenɔa nukoko dzi ene alo avũvi si “dzona kplaa mí” nɔa eƒe ta ʋuʋum eye wònɔa gbe tem adãtɔe esi wòku ɖe míaƒe abɔ ŋu kple dzidzɔ hele asike ʋuʋu dzi. Alo tsiƒuƒu, tsaɖiɖi le towo dzi, alo dziŋgɔli si me yɔ fũ kple ɣletivi keklẽwo le zã me kpɔkpɔ si wɔa nuku na ame. Nyanya be nunana siawo kple bubu geɖe siwo xexlẽme meli na o tso Amesi wɔ mí gbɔ, alesi míate ŋu ada akpe nɛ ɖe nunana siawo ta, dzidzɔkpɔkpɔ be míenya eyama—nusiawo katã nana míekpɔa dzidzɔ eye wòɖea ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe lɔlɔ̃ deto nɛ fiana.

Eye mlɔeba le ƒomea me la, papa kple dada wowɔa atu na wo viwo hegbugbɔa nu na wo zi geɖe, esi nana ɖeviwo sena le wo ɖokui me be yewole dedie eye wodaa akpe ɖe eta gbesiagbe. Kpe ɖe wo ŋu woayi edzi axɔ Yehowa dzi ase, eye woagbe aʋatso gãtɔ si wu esi ku ɖe Santa si do awu dzĩ ŋuti, be ɖeko nunana nyui siawo katã siwo tso Mawu gbɔ la dzɔ le wo ɖokui si—esi nye aʋatsonufiafia si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe kpeɖodzi aɖeke mele o, si dzi dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe mɔnu aɖeke hã meɖo kpee o, eye wotsɔ dzizizinufiafia si wogblɔna zi geɖe tsɔ flua tagbɔ na ɖeviwo la ɖeɖeko lénɛ ɖe tee.a

Mia kple viwòwo mido gbe ɖa edziedzi na Nunala gãtɔ kekeake—le nuɖuɣiwo, ne miele eƒe Nya la xlẽm, le ŋkekea ƒe nuwuwu. He viwò be wòanye ame dakpe, eye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu ana eƒe agbemenuteƒekpɔkpɔ ɖesiaɖe navivi enu wu. Eya ŋutɔ atsi anye nunala si kpɔa dzidzɔ le Mawu vavã la kple edzila siwo wòlɔ̃ la sɔsrɔ̃ me. Ekema akpɔ dzidzɔ, menye to mɔkpɔkpɔ na ɣletiŋkeke siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ me o, ke boŋ to dzidzɔkpɔɣi siwo vana le vome le agbe me la me. “[Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo] ƒe Mawu Yehowa nye!”—Psalmo 144:15.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nunana nyuitɔ kekeake siwo nàte ŋu ana viwòwo la dometɔ ɖekae nye wò ɣeyiɣi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe