Sɔhɛwo Biana Be . . .
Agbevenɔnɔ—Amekawoe Dze be Woanya?
Robert gblɔ be: “Dada kple Papa kplɔam yia Kristotɔwo ƒe kpekpewoe, eye menya nyui kple vɔ̃. Gake medi be nye nu nadze ɖevi bubuwo ŋu le suku eye woaxɔm de woƒe ha me. Eyata be magazu tsigãdzitɔ o eye nye nu nadze amewo ŋu la, medze atamanono gɔme tso klass adelia. Esi meɖo klass adrelia la, medze LSD kple marijuana nono gɔme. Le klass enyilia la, medze atike vɔ̃ɖi si woyɔna be methamphetamine dodo gɔme. Meblea amesiame—gake nye nu wɔ nublanui na ɖokuinye.”
EGBEA sɔhɛ geɖe—siwo dome esiwo dzila Kristotɔwo nyi ƒe ɖewo hã le—nye agbevenɔlawo. Menye wo katãe va zua atikevɔ̃ɖizãlawo abe Robert ene ya o. Gake sɔhɛ aɖewo toa wo dzilawo megbe ɖoa gbe ɖi kple nyɔnuviwo alo ŋutsuviwo, wonoa aha sesẽwo, wodoa awu tɔŋkuwo, wosea hadzidzi gbegblẽwo, woyia kplɔ̃ɖoƒe siwo ɣli dea dzi le bobobo, eye wowɔa nu bubu geɖe siwo dzi wo dzilawo meda asi ɖo o alo esiwo ƒe se wode na wo. Ðe wò hã wò agbenɔnɔ le nenemaa?
Ne ele nenema la, ke anɔ eme godoo be ènya be yele nu gbegblẽ wɔm. Abe Robert ene la, ɖewohĩ wò dzitsinya aɖe fu na wò vevie kura gɔ̃ hã. (Romatɔwo 2:15) Gake ɖewohĩ madzro wò be nàgblɔ wò nugbegblẽwɔwɔwo na dziwòlawo o. Eye ne èbu nusiwo ado tso eme ŋu la, awɔ na wò be susu le nyagbɔgblɔ si nye ‘Nusi dzinyelawo mese o la mave wo o’ la me. Gake ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò.
Tamebubu si Mesɔ O
Le kpɔɖeŋu me, awɔ na wò be yekpɔ vodada aɖe le alesi ye dzilawo wɔa nui si nyateƒe mesɔ o la ŋu. Ðewohĩ ànya kpɔe baa. Gake ne wodea se sesẽ siwo mesɔ o na wò ɣeaɖewoɣi eye womelɔ̃a nuƒoƒo na wò o, alo ne wowɔa nusi dze woawo ŋutɔ ŋu la, ɖe wòfia be tɔwò dzɔ be nàgbe wo bubua? Biblia melɔ̃ ɖe edzi nenema o eye exlɔ̃ nu be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie.” (Kolosetɔwo 3:20) Ke ne èkpɔ be ye tɔ dzɔ be yeakpɔ dziku ɖe ye dzilawo ŋu ɖe? Ðe wòsɔ be nàbe anɔ Mawu ƒe dzidzenuwo dzi dam atsɔ aɖe dziku ɖe wo ŋua? Ne èwɔe nenema la, ɖeko wòawɔ abe ‘Yehowa ŋutɔ ŋue nèdo dziku ɖo’ ene. (Lododowo 19:3) Nu nyuitɔ si wòle be nàwɔe nye be nàyi ɖe dziwòlawo gbɔ adzro nusianu si le fu ɖem na wò la me kple wo.—Lododowo 15:22.
Tamesusu bubu si hã mesɔ o ye nye be nàsusui be ne yezi kpi ɖe edzi la, ke yele kpekpem ɖe ye dzilawo ŋu be dzi megaku wo o. Ŋutsuvi ƒe 16 vi aɖe gblɔ be: “Nyemagblɔ nya aɖeke si ave dzinyelawo o.” Nuŋumabumabu yi ŋgɔ sia hã nye ameɖokuifuflu ko. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, ele ko abe amesi ŋu wogblɔ le be: “Evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eŋu, eye wòalé fui” la ene. (Psalmo 36:3) Ne ètsi dzi ɖe dziwòlawo ƒe seselelãme ŋu nyateƒe la, màwɔ nusi anye tomaɖomaɖo wo o. Hekpe ɖe eŋu la, agbagba ɖesiaɖe si nàdze be yeaɣla nu ɖe dziwòlawo la madze edzi o, elabena ɖikekemanɔmee la, ame bubuwo nya nu tso agbe si nɔm nèle le bebeme la ŋu.
Naneke Mele Ɣaɣla O
Blema Israel-viwo va kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii esime wodi be yewoasi le nu gbegblẽ siwo yewowɔ le bebeme nu. Nyagblɔɖila Yesaya xlɔ̃ nu wo be: “Baba na amesiwo nɔa bebem le Yehowa ŋku me, woɣlaa woƒe adaŋudede, eye wowɔa woƒe nu le vivi me henɔa gbɔgblɔm be: Ameka le mía kpɔm, eye ameka dze si mí?” (Yesaya 29:15) Israel-vi siawo ŋlɔ be be Mawu kpɔ yewoƒe nuwɔnawo kple yewoƒe agbenɔnɔ vloawo. Esi ɣeyiɣia de la, ebia woƒe vodada ŋu kɔnta wo.
Nenema ke wòdzɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me hamea me Kristotɔ aɖewo hã dzii. Wò ŋutɔ xlẽ Anania kple srɔ̃a Safira ŋutinya le Dɔwɔwɔwo 5:1-11. Esi woɖo gadzɔdzɔ tɔxɛ aɖe be woatsɔ akpe ɖe Kristo siwo hiã tu ŋu la, Anania dzra anyigba eye wògblɔ dzideƒotɔe be yetsɔ ga si yedzrae la katã va le dzɔdzɔm. Gake le nyateƒe me la, Anania ‘tsɔ ga la ƒe ɖe ɣla’ be ye ŋutɔ yeazã. Ðe ameŋkumenuwɔwɔ ƒe dɔmenyo sia flu ŋkume na Mawua? Kura o. Apostolo Petro gblɔ be: “Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ. Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso.” Safira si hã kpe ɖe eŋu le aʋatsokaka sia me la dze anyi ku le ema megbe teti. Ewɔ abe ɖe wo ame evea ŋlɔ be be Mawu “[nya] dzi me gogloeaƒe ke” ene.—Psalmo 44:22.
Nenema ke egbea hã ne ète ŋu ɣlaa wò nugbegblẽwɔwɔwo ɖe dziwòlawo hã la, màte ŋu aɣla nugbegblẽwɔwɔ mawo ɖe Yehowa Mawu, amesi ƒe ŋku kpɔa nusianu la o. Hebritɔwo 4:13 gblɔ be: “Nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me.” Èsusu be teƒe aɖe gali si woakpɔ wò nugbegblẽwɔwɔ le wu egbɔa? Eye ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ame bubuwo hã ava nya nu tso nuvɔ̃ siwo nèwɔ tsɔ ɣla la ŋu. Lododowo 20:11 gblɔ be: “Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔ adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.” Lododo bubu gblɔ be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o.”—Lododowo 28:13.
Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Tammy va kpɔe be alea wòle le yeƒe ɖevime. Togbɔ be dzila siwo nye Kristotɔwoe nyii hã la, eva nɔ atama, kple aha sesẽ nom, eye wònɔa zɔzɔm kple dzimaxɔsetɔwo hã. Tammy dze agbagba vevie be yeaɣla nu gbegblẽ siwo yenɔ wɔwɔm, gake egblɔ be: “Dzinyelawo de dzesi tɔtrɔ aɖewo le ŋunye. Meva dze aglã eye ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ ge ɖe menye. Ne wole agbe eve nɔm la, ne eteƒe didi ʋuu hã la, ava dze gbeɖeka godoo. Le gonyeme la, eteƒe medidi hafi wòdze o. Fofonye lém esi mía kple nye ahiãvi míedo go le suku aɖe si te ɖe mía ŋu la ƒe kpodzi.”
Alesi Yehowa Bunɛ
Eyata nusi dziwòlawo menya o la ate ŋu ave wo le etsɔ me—eye ɖewohĩ ave wo godoo hã. Gake esi le vevie wu la, ɖe nèbia ɖokuiwò se kpɔ be, ‘Aleke Yehowa bua aʋatsokalawoe’ hã? Psalmo 5:6, 7 ɖo eŋu be: ‘Yehowa léa fu nuvlowɔlawo katã; atsrɔ̃ aʋatsokalawo. Ameblelawo nye ŋunyɔnu na Yehowa.’ Mègable ɖokuiwò asusu be ne yewɔ ye ɖokui abe ɖe yele Mawu subɔm ene hedea kpekpewo ko la, yeate ŋu afa dzi nɛ o. Enyana ne amewo ‘tsɔ nuyi ko le bubu dem eŋu, evɔ woƒe dzi te ɖa xaa tso egbɔ.’—Marko 7:6.
Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Ricardo si nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe makɔmakɔ la ɖe nu me ale: “Ne wonya be wowɔ nusi ave Yehowa la, vɔvɔ̃ gã aɖe dzea ame dzi.” Gake ɖe woate ŋu awɔ nusi ave Yehowa, si fia be woawɔ nusi ate ɖe edzi nyateƒea? Ẽ, woate ŋui! Esi blema Israel-dukɔa ɖe asi le Mawu ƒe Sea ŋu la, “wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.” (Psalmo 78:41) Aleke gbegbe wòavee egbea nye si ne sɔhɛ siwo wohe le ‘Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ bena wɔa nu gbegblẽwo!—Efesotɔwo 6:4.
Enyea Vevesese na Dzilawo
Eyata nyae be yeƒe nuwɔna manɔ ɣaɣla ɖaa o. Enye wò agbanɔamedzi le Mawu gbɔ, le dziwòlawo gbɔ, kple na ɖokuiwò be nàzɔ va agblɔ nyateƒea eye nàʋu go nusiwo nènɔa wɔwɔm le bebeme la na wo. Nyateƒee, ate ɖe wo dzi eye nusiwo ado tso eme hã anye nusiwo me vevesese le. (Hebritɔwo 12:10, 11) Ne ètsɔ aʋatsokaka kple amebeble ɖo dɔe la, ke èwɔe be dziwòlawo magaka ɖe dziwò o. Eyata megawɔ nuku na wò ne woƒe asi gasẽ ɖe dziwò wu tsã o. Tammy ɖo ŋku edzi be: “Esi fofonye lé mía kple nye ahiãvia la, ɖeko vɔvɔ̃ ɖo fofonye. Fifia enya be yemate ŋu aka ɖe dzinye o. Eyata eƒe ŋku va le ŋunye ɣesiaɣi.” Gake Tammy nya be nusi yeƒã la ŋem yenɔ.—Galatiatɔwo 6:7.
Àte ŋu akpɔ mɔ be ave ye dzilawo eye wòaku dzi na wo. ȃo ɖi woƒe ŋkɔ kple bubu si le wo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 34:30.) Ne Yehowa Ðasefoe fofowò nye la, ɖewohĩ aɖe asi le eƒe mɔnukpɔkpɔ aɖewo ŋu le hamea me. (Tito 1:5-7) Ẽ, abe alesi Lododowo 17:25 gblɔe ene la, ɖevi dzeaglã ate ŋu anye “dziku na fofoa kple nuxaxa na dadaa.”
Agbalẽŋlɔla Joy P. Gage tsɔ vevesese gblɔ alesi dzilawo sena le wo ɖokui me ne ɖevi aɖe dze aglã. Egblɔ be: “Ðewo faa avi ɖe tame. Ðewo faa avi hehehe. Ðewo bena va faa avi. Wofaa avi ɖe fu siwo katã wokpe va yi ta. Wofaa avi elabena wova kpɔe zi ɖeka be etsɔ me aɖeke megali na yewo o. Wofaa avi ɖe nusi adzɔ hafi la ta. Wofaa avi ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge godoo ta. Wofaa avi le dziku ta. Wofaa avi le dziɖeleameƒo ta.” Eme kɔ ƒã be manɔ bɔbɔe be nàdze ŋgɔ alesi nàdo nuxaxa na ame eve siwo nèlɔ̃na wu amesiame le xexeame la o. Tammy gblɔ be: “Ne metrɔ kpɔ megbe la, edzroam be anye ne nyemewɔ nusi ado nublanuitɔ fofonye kple danye nenema la hafi o.”
Gake màte ŋu atrɔ ayi megbe adzra nusi nègblẽ va yi la ɖo o. Togbɔ be ɖikekemanɔmee enye nusi me vevesese le eye wòsesẽ ŋutɔ hã la, enye wò agbanɔamedzi be nàɖɔ nyawo ɖo. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 1:18.) Efia be nàgblɔ nyateƒea na dziwòlawo, be nàlɔ̃ ɖe alesi wòanye vevesese kple dzikui na wo la dzi, eye nàxɔ to ɖesiaɖe si woahe na wò. Wò nyateƒea gbɔgblɔ ate ŋu anye afɔɖeɖe gbãtɔ si ana nàdo dzidzɔ na dziwòlawo ƒe dzi, kple na Yehowa ƒe dzi, eye esia hã anye dzidzɔ si me wò dzi adze eme le be dzitsinya nyui le ye si.—Lododowo 27:11; Korintotɔwo II, 4:2.
Gake aleke nàwɔ agblɔe na dziwòlawo? Aleke nàwɔ asi le agbevenɔnɔ nu? Míaƒe tata si gbɔna la adzro nyabiabia siawo me.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Nyateƒea gbɔgblɔ ate ŋu ana mia kple dziwòlawo siaa ƒe dzi nadze eme