Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ Adzudzɔ Agbevenɔnɔ?
Anna gblɔ be “Nyemeɖoa to dzinyelawo ƒe nya aɖeke o, medze aglã ɖe wo ŋu eye meva nɔ alakpa dam na wo. Megblɔna na wo be meyina asime, gake ŋutsuvi aɖe gbɔ koŋ ye meyina.”
ANN nɔ agbeve nɔm, eye eteƒe medidi o la, menye edzilawo koe megaɖoa toe o ke boŋ eƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee hãe. Ekpɔea, Ann kple eƒe ahiãvi nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽ nɔm le adzame. Eɖo ŋku edzi be: “Medze agbagba be maɖe Yehowa ɖa le nye susu me kura.” Gake, eteƒe medidi o la, eke ɖe emetsonu si nye ŋkubiãnya la ŋu be ‘nusianu si ƒãm amewo le la, eyae woaŋe.’ (Galatiatɔwo 6:7) Ann fɔ fu. Egblɔ be: “Mèlɔ̃ vinyea kple nye dzi blibo, gake mele be nusia nadzɔ ɖe ame aɖeke dzi o. Mele be esia nadzɔ ɖe trewo dzi o. Mele be vi nanɔ trewo si o.”
Ðe agbevenɔnɔ ƒe mɔ̃ ɖe wò le mɔ aɖe nu—si nye be ènɔ wò nɔnɔme ɣlam ɖe dziwòlawo kple hati Kristotɔwoa? Ðewohĩ èɖia tsa kple xɔ̃wò sukuvi aɖewo siwo nènya nyuie be woƒe nu madze dziwòlawo ŋu o. Alo ɖewohĩ èva le nuvɔ̃ siwo lolo wu ema wɔm, abe sigaretnono, ahamumu ene, alo èle agbegbegblẽ nɔm esi mèɖe srɔ̃ o. Abe alesi wòdzɔ ɖe Ann dzi ene la, ɣeyiɣi aɖewo ava yi godoo hafi nàke ɖe emetsonu sesẽwo ŋu.b
Togbɔ be nya la le alea hã la, nyateƒenya siawo meɖea dzi le sɔhɛ aɖewo ƒo kura le woƒe aglãdzenuwɔnawo wɔwɔ me o. Wole abe ŋutsu si kpɔ eɖokui le ahũhɔ̃e me eye “enumake la eŋlɔ alesi wòle la be” ene. (Yakobo 1:23, 24) Míexɔe se be wò ya èto vovo sã. Ðewohĩ èdzro ɖokuiwò me kpɔ tsitotsito xoxo—eye nusi nèkpɔ la medze ŋuwò o. Èdi be yeawɔ tɔtrɔ. Èkpɔ be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ. Biabia lae nye be, alekee nàwɔ tɔtrɔe?
Dzimetɔtrɔ—Eyae Nye Afɔɖeɖe Gbãtɔ
Gbã la, ele be nàɖoe kplikpaa be yeawɔ tɔtrɔ. Dɔwɔwɔwo 3:19 xlɔ̃ nu mí be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo, bena ne gbɔɖemeɣi nava tso [Yehowa] ƒe ŋkume.” Gake dzimetɔtrɔ fia nu geɖe wu tagomenunya ƒe nuwɔwɔ dzro ko. Dzimetɔtrɔ fia be “woase veve, woaxa nu alo dzitsinya naɖe fu na ame, le nusi amea wɔ ta.” Biblia-ŋlɔla Yakobo xlɔ̃ nu be: “Mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le [Yehowa] ŋkume.” (Yakobo 4:9, 10) Alekee nàte ŋu ase veve ɖe nane si wɔwɔ vivi nuwò ʋuu va ɖo fifia la tae? Bu alesi mesɔ o la ŋu kpɔ. De ŋugble le alesi wòna Mawu se vevee la ŋu kpɔ. Bu tame tso kuxi siwo wò adzamenuwɔwɔwo he va dziwò kple alakpa siwo wòle be nàda be womagalé wò o la ŋuti kpɔ. Ðo ŋku edzi na ɖokuiwò be Mawu lé fu alakpadada! (Psalmo 5:7) Ŋugbledede le nya siawo ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtsri nugbegblẽwɔwɔ le susu me kple seselelãme me.
Gake vevesese ɖe wò nuwɔnawo ta ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Robert, amesi ƒo eɖokui ɖe atike vɔ̃ɖi zazã me la lɔ̃ ɖe edzi be: “Mèxa nu. Mènya nu nyui kple nuvɔ̃. Gake mèganɔ agbe eve nɔm kokoko.” Eyata ehiã be nàwɔ nu dzideƒotɔe! Le Kronika II, 7:14 la, Mawu gblɔ be ne nuvɔ̃lawo “bɔbɔ wo ɖokui, wodo gbe ɖa, eye wodi [eƒe] ŋkume, eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema [eya ŋutɔ asee] le dziƒo.”
‘Mawu ƒe ŋkume didi’ fia be nàte ɖe eŋu le gbedodoɖa me, aʋu wò nuvɔ̃ me, eye nàɖe kuku abia tsɔtsɔke. Esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe ya o, gake ewɔwɔ nenema ana nàvo le ɖokuiwò me godoo. Hakpala la gblɔ be: “Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyunyɔ. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã. . . . Meɖe nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodada dzi o.”—Psalmo 32:3-5.
Egbɔgblɔ Na Dziwòlawo
Ele be ame aɖe hã nanya nu tso wò kuxiwo ŋu. Gake amekae nàgblɔe na? Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Brian ʋu eme be: “Vodada gãtɔ siwo mewɔ la dometɔ ɖekae nye be le esi teƒe be magblɔ nye kuxiwo na nɔnye si nye Kristotɔ la, megblɔe na xɔ̃nye aɖewo boŋ. Gake menɔ vɔvɔ̃m be magblɔe nɛ le esi mesusu be ado dziku ta, eyata metrɔ ɖe xɔ̃nyewo ŋu, amesiwo kplɔm trae sã tso nyateƒea gbɔ.” Mègawɔ vodada ma ke o. Tsɔ wò dzi na dziwòla mawuvɔ̃lawo. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 23:26) Wokpɔ mɔ anya nusi wɔm nèle. Alesi nàte ɖe dziwòlawo ŋu le nya sia me la ŋuti ɖaŋuɖoɖo geɖe le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe ta evelia me.c
Le dzɔdzɔme nu la, womakpɔ dzidzɔ ɖe alakpa si nèda na wo la ŋuti o. Gake lɔlɔ̃ deto le dzilawo si na wo viwo kokoko. Agbalẽŋlɔla Clayton Barbeau de dzesii be: “Womagbe wò le esi nèwɔ vodada alo nège ɖe kuxi aɖe me ta o. Ðevi siwo fɔ fu, xɔ nulɔdɔ, wova kpɔ aha geɖe nono alo atikevɔ̃ɖizazã me kuxiwo alo woge ɖe kuxi bubuwo me la susu be, yewo dzilawo ado adã ɖe yewo ŋu ŋɔdzitɔe eye woagbe yewo enumake, ahagblɔ ŋɔdzidonya siwo agblẽ nu le aƒea me, eye woadzo le yewo gbɔ. Gake ne wogblɔe na wo dzilawo la, wokpɔnɛ be wokplaa asi kɔ na wo hegblɔna na wo be, ‘Nya ŋutɔŋutɔe dzɔ ɖe dziwò, eye ɖeko míakpɔe ɖa be nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò hã.’ ” Vavãe, ne fuɖename kple dzikudodo si vana le gɔmedzedzea nu ka yi vie vɔ la, dzila geɖewo dzea agbagba be yewoakpe asi ɖe ɖevia ŋu. Aleke gbegbe esia nye nyateƒee nye si ne dzilawo nye Mawuvɔ̃lawo! Woƒe didi vevie enye be yewomagado ŋukpe wò alo ado vevesese na wò o, ke boŋ be yewoaɖɔ nuwo ɖo. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 1:18.) Woawɔ ɖoɖo hã be nàƒo nu kple hamemegãwo le nya sia ŋuti.—Yakobo 5:14, 15.
Nyateƒee, tohehe si nèdze na kple ɖewohĩ se sesẽ siwo woade ɖe nuwo la dzi wɔwɔ asesẽ na wò. Gake esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màgatrɔ ayi wò nuwɔna xoxoawo wɔ ge o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ne èɖo dze kple dziwòlawo tso nya la ŋu eye nèkpɔ alesi wotsɔ ɖe le eme na wò lɔlɔ̃tɔe la, ana nukpɔsusu si le asi wò ɖe wo ŋu la natrɔ. Ðewohĩ va ɖo fifia la, ègatsi tre ɖe woƒe sewo kple mɔxeɖeamenuwo ŋu ko. Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Paulette la lɔ̃ ɖe edzi be: “Mía dzilawo ƒe nuxlɔ̃ame kple aɖaŋuɖoɖo siwo wonaa mí la dzi wɔwɔ sesẽna. Gake meva kpɔe dze sii be mía ŋutɔwo ƒe nyonyo kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖaa tae woɖoa aɖaŋu siawo ɖo.”
Tɔtrɔwɔwɔ le Wò Hadedewo Me
Menye nusi bɔ be sɔhɛ ŋutɔ nanɔ agbe eve nɔm le eɖokui si o. Miatɔ sɔhɛ aɖewo kura gɔ̃ hã aƒo ƒu anɔ ŋusẽ dom wò be nàdze aglã! Be magatrɔ ayi agbevenɔnɔ gbɔ o la, ahiã be nàtrɔ wò hadedewo. Hakpala la gblɔ be: “Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ [amesiwo ɣlaa woƒe nɔnɔme] ƒe ha me o.” (Psalmo 26:4) Xɔlɔ̃ xoxowo gbegbe menye nu bɔbɔe o. Ahiã be nàdo gbe ɖa abe hakpala la ene be: “Ðem tso alakpatɔ kple ame vlo la si me.” (Psalmo 43:1) Wɔ nu wòasɔ kple gbedodoɖa sia le esi nàgblɔ na xɔ̃wo xoxowo be yetrɔ heɖoe kplikpaa be yeawɔ nu dzɔdzɔe. Le esi teƒe be nànye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame la, ƒo nu tso wò xɔse ŋuti na ame bubuwo. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 19:38.) Zi geɖe la, xɔlɔ̃ gbegblẽwo adi zɔhɛ bubuwo enumake.
Emegbe ahiã be nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo atsɔ axɔ ɖe hadede gbegblẽwo teƒe. Ðe sɔhɛ mawuvɔ̃lawo le vevema? Ekema de ŋugble tso nyagblɔɖila Yeremya ŋu, amesi gblɔ be: “Nyemebɔbɔ nɔ nukolawo dome le dzidzɔ kpɔm o, ke boŋ nye ɖeka mebɔbɔ nɔ aga le wò alɔ ta.” (Yeremya 15:17) Anyo be nàɖe aga ɖokuiwò tsɔ wu be nàde ha kple sɔhɛ siwo ana nàgbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Gake zi geɖe la, àte ŋu akpɔ xɔlɔ̃ nyuiwo ne èdze agbagba di wo. Le kpɔɖeŋu me, Tammy vanɔ ha dem kple etɔɖia vi aɖe si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla. Tammy gblɔ be: “Míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Le ŋkeke siwo dzi nyemeyi suku o la, mía kplii míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa. Esia kpe ɖe ŋunye be mewɔ tɔtrɔwo le nye agbenɔnɔ me.”
Gake Germania-sɔhɛ aɖe gblɔ be “ametakpɔnu nyuitɔe nye dzitsinya nyui si sua ame si to ƒomedodo kplikplikpli tutu ɖo kple Yehowa Mawu me.” Nyɔnuvi dzaa aɖe si va ge ɖe agbevenɔnɔ me la lɔ̃ ɖe edzi be: “Nyemetu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Fofonye Yehowa o.” To gbedodoɖa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ me la, evanɔ tɔtrɔwo wɔm. Egblɔe kakaɖedzitɔe be: “Fifia ƒomedodo aɖe le mí kple Yehowa dome si dome ame aɖeke mate ŋu agblẽ gbeɖe o.” Wò hã àte ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli ma me kple Mawu. Akplɔ wò ahalé wò ɖe te nenye be asiɖeɖe le wò agbenɔnɔ xoxotɔwo ŋu le sesẽm na wò gɔ̃ hã. Psalmo 37:24 gblɔ le Mawu subɔla anukwaretɔ aɖe ŋu be: “Ne edze anyi la, maɖo baba ɖe anyi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te.” Vavãe, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu adzudzɔ agbevenɔnɔ.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔa dometɔ aɖewo.
b Kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . .” ƒe nyati siwo dze le December 22, 1993 ƒe Awake! kple March 8, 1994 ƒe Nyɔ! me.
c Enye agbalẽ si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc ta.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]
“Medze agbagba be maɖe Yehowa ɖa le nye susu me kura”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]
Ele be nàɖoe kplikpaa atso nya me be yeawɔ tɔtrɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Ðe eme na xɔ̃wò tsã tɔwo be yetrɔ eye yemagade ha kple wo le woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me azɔ o.