Biblia ƒe Nukpɔsusu
Ðe Wòle Be Woaganyrɔ̃ Wò Akea?
LUCILA tɔtɔ le eɖokui me. Togbɔ be wonyii le Katoliko-ha me tso ɖevime hã la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme vevie fifia to exɔlɔ̃ aɖe si menye Katolikotɔ o la ƒe kpekpeɖeŋu me. Eva kpɔe be Biblia ƒo nu tso nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu be eto vovo na kɔnu nyanyɛ si wowɔ nɛ le eƒe vidzĩme. Ebia anukwareɖiɖitɔe be: “Ðe esia fia be ele be magaxɔ nyɔnyrɔ̃ akea? Mele vɔvɔ̃m be nu ma wɔwɔ anye agɔdzedze le Mawu dzi.”
Wohlẽ tsi ɖe Katoliko kple Protestantɔ miliɔn alafa geɖe ŋu alo wokɔ tsi ɖe wo dzi esi wonye vidzĩwo le mawutsidedeta na wo me. Wona nyɔnyrɔ̃ ame miliɔn bubu geɖe to wo nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me keŋkeŋ esime wotsi nyuie me. Esia fɔ nyabiabia sia ɖe te be, Nuka koŋ ye nye Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ? Ðe nɔnɔme aɖewo li siwo ta wòahiã be woagaxɔ nyɔnyrɔ̃ zi evelia?
Pocket Catholic Dictionary ɖe mawutsidedeta (nyɔnyrɔ̃xɔxɔ) gɔme be enye “kɔnuwɔwɔ kɔkɔe aɖe si me wotoa tsi kple Mawu ƒe nya dzi, klɔa ame ƒe nuvɔ̃wo katã ɖa le eŋu eye wogbugbɔnɛ dzina hekɔa eŋu to Kristo dzi hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.” Agbalẽ sia ke gblɔ le mawutsigbugbɔdetaname ŋu be “mawutsidedeta dea dzesi si meɖena ɖa o la luʋɔ, esi fia be womagate ŋu adee ta na ame o, elabena megahiã o.” Nenemae Biblia gblɔa?
Miwɔ Nusrɔ̃lawo ne Mianyrɔ̃ Wo
Le Mateo 28:19, 20 me la, míexlẽ nu tso nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋuti se si Kristo si wofɔ ɖe tsitre la de na eƒe nusrɔ̃lawo hafi yi dziƒo la ŋuti. “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ̃ wo] ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” Eyata eme kɔ ƒã be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo—amesiwo wofia nui be woawɔ ɖe Kristo ƒe sededewo dzi la sie wobia tsoe be woaxɔ nyɔnyrɔ̃—ke menye vidzĩwoe o.a Esia wɔ ɖeka kple nyateƒenya si nye be nyɔnyrɔ̃xɔxɔ siwo katã ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe nusrɔ̃la siwo edze ƒã be wonyrɔ̃ wo ɖe tsi me keŋkeŋ la ŋu. Edze ƒã be aleae wowɔe esi Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela na nyɔnyrɔ̃ Kristo Yesu ŋutɔ enye esia. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be esi wonyrɔ̃ Yesu vɔ la, “edo go tso tɔa me enumake” le Yordan-tɔsisia me. (Mateo 3:16) Vavãe, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yohanes ɖɔ ŋu ɖo le eƒe nyɔnyrɔ̃naƒewo tiatia me bena wòadi afisi tsi sɔgbɔ anɔ.—Yohanes 3:23.
Emegbe esi Biblia nɔ nu ƒom tso Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu la, egblɔ na mí be “Filipo kple aƒedzikpɔla la, woɖi ɖe tsi la me, eye [wònyrɔ̃e],” le ema megbe la, “wodo le tsia me.” (Dɔwɔwɔwo 8:38, 39) Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me siawo nye nuwɔwɔ si sɔ ɖe gɔmesese gbadza si le Helagbe me nya ba·ptiʹzo ŋu nu; nya sia gɔmee nye be “woanyrɔ̃ ame,” eye etso baʹpto me, si gɔmee nye be “woade nu tsi me alo tsia gɔme.”
Nyɔnyrɔ̃gbugbɔgaxɔ si ŋu Nya Wogblɔ le Ŋɔŋlɔawo Me
Ke ame miliɔn geɖe siwo wode mawutsita na le woƒe vidzĩme alo amesiwo womenyrɔ̃ ɖe tsi me keŋkeŋ o ya ɖe? Ðe wòasɔ be woagana nyɔnyrɔ̃ wo akea? Nudzɔdzɔ aɖe si ŋu nya woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo 19:1-7 akpe ɖe mía ŋu be míaɖo biabia siawo ŋu. Anye ƒe 52/53 M.Ŋ. ƒe vuvɔŋɔli mee apostolo Paulo ɖi tsa yi Efeso-du si me kesinɔnu bɔ ɖo le Asia Sue la me. Ekpɔ nusrɔ̃la aɖewo le afima siwo wòhiã be woagbugbɔ ana nyɔnyrɔ̃e. Esi Paulo se be Yohanes ƒe nyɔnyrɔ̃nana mee wonyrɔ̃ amesiawo ɖo la, egbugbɔ wo nyrɔ̃ “le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me.” Mewɔ nɛ be ewɔwɔ nenema anye agɔdzedze le Mawu dzi o. Eme kɔ ƒã be Mawu da asi ɖe Paulo ƒe susua dzi, eye le esi teƒe be Mawu nado dziku ɖe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ake sia ŋu la, eɖe eƒe asidada ɖe edzi fia boŋ esi wòna gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana la wo.
Ne ɖe ŋutsu 12 mawo gbe Paulo ƒe nufiafia tso alesi woana nyɔnyrɔ̃ amee kple vevienyenye si le Mesia si nye Kristo Yesu ŋu la, ɖikekemanɔmee la, anye ne Paulo mena nyɔnyrɔ̃ wo o. Gbã la, ele be ameawo nadze na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ. Ne wowɔe nenema ko hafi Mawu ada asi ɖe woƒe nyɔnyrɔ̃gbugbɔgaxɔ dzi.
Alesi Woawɔ Adze na Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ
Aleke míawɔ adze na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ? De ŋugble le ameha siwo wonyrɔ̃ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la ŋu kpɔ. Aleke wowɔ dze? Gbã, esi wonye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo ta la, wodze egɔme kple Yehowa Mawu ŋuti sidzedze nyui si le wo si, eƒe nuwɔwɔ kple eƒe amewo, kple Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe eƒe Mesia si ŋugbe wòdo la ŋuti. Eveliae nye be wogaxɔ sidzedze vavãtɔ bubuwo to ɖase si gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wòɖi le ŋkeke ma dzi la dzi. Nukae do go tso eme?
“Esi wose nusiawo la, etɔ dzi na wo, eye wobia Petro kple apostoloawo be, ‘Nɔviwo, nukae wòle be míawɔ?’ Petro ɖo eŋu be, ‘Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye ele be woanyrɔ̃ mia dometɔ ɖesiaɖe le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me bena woatsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ake mi, eye miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana la.’” (Dɔwɔwɔwo 2:37, 38, JB) De dzesii be menye nya ʋee aɖewo koe Petro gblɔ le eƒe ɖaseɖiɖia me o. “Eɖi ɖase ɣeyiɣi didi aɖe kple numeɖeɖe geɖewo.” Eƒe numeɖeɖeawo me kɔ na wo, eye woxɔ nusi wògblɔ dzi se eye wonyrɔ̃ wo. “Gbemagbe ke wotsɔ amesiwo anɔ akpe etɔ̃ va kpe ɖe wo ŋu.”—Dɔwɔwɔwo 2:40, 41, JB.
Wogadia nu mawo ke le nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si dzi Ŋɔŋlɔawo da asi ɖo egbea la ŋu: (1) sidzedze vavãtɔ, (2) dzimetɔtrɔ anukwaretɔe, kple (3) alo alesi woagbugbɔ va Mawu gbɔ tso “dzidzime sẽto sia me.” Gawu la, ele be woana nyɔnyrɔ̃ siwo dzi Ŋɔŋlɔawo da asi ɖo la “le Yesu Kristo ƒe ŋkɔa me,” si fia be, woatui ɖe eƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse dzi la, hea nuvɔ̃wo tsɔtsɔke kple ame ɖokui bɔbɔ ɖe ete be eyae nye Mawu ƒe fia si woɖo zi dzi vanɛ.—Dɔwɔwɔwo 2:40, JB; Romatɔwo 5:12-19; 7:14-25.
Mehiã be anukwaretɔ siwo dze na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ le Ŋɔŋlɔawo nu navɔ̃ be yewo ƒe nyɔnyrɔ̃gbugbɔgaxɔ ake ado dziku na Mawu o. Ðe amesiwo dze ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si sɔ le Ŋɔŋlɔawo nu doa dzidzɔ na Mawu boŋ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ nyati si nye “Nyɔnyrɔ̃—Ðe Wòle Be Woana Vidzĩwo Naxɔea?” si dze le October 8, 1986 ƒe Awake! me.