Nusiwo Hea Dzre Vɛ la Me Kuku
NYƆNUA kpɔ be ele be yeagblɔ yeƒe seselelãmewo. Ŋutsua di be yeagblɔ nusi wòate ŋu awɔ le wo ŋu nɛ. Nya miliɔn nane siwo wohe le ƒe akpewo me le ŋutinya me aku ɖe nya vovovo ŋu, gake zi geɖe la, nu vevi ʋee aɖewo ŋu koe wonɔa xlã ƒom le. Ne èse vovototo si le srɔ̃wo ƒe nukpɔsusu kple alesi wòƒo nui kpakple tɔwò dome la, ana be nɔnɔme si ɖi ave si lé dzo la natrɔ zu abe akadzo si le ƒome kpɔdzidzɔ ƒe mle me ene.
“Mèganɔ Nu Ðom Nam O!”
Anɔ eme be ŋutsu siwo srɔ̃ nyadɔewɔlawo dina be yewoaɖu wo dzi akpɔe be wotsɔ aɖaŋuɖoɖowo, biabia be woawɔ esi kple ekeme na ye, kple nyaheheɖeameŋuwo bla yewoe le nusianu si yewodi be yewoawɔ me. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be awɔ na ŋutsuwo nenema esi wògblɔ be: “Nyɔnu nyawɔla enye betrɔ, si le ɖuɖum ɖaa.” (Lododowo 19:13) Nyɔnu ate ŋu abia be ye srɔ̃ nawɔ nane na ye si ŋutsua agbe le susu aɖe siwo nyɔnua menya o ta. Esi wòwɔ na nyɔnua be ɖe mesee o ta la, fifia ya nusi wòwɔe nye eva gblɔ nusi wòawɔ la nɛ. Alesi ŋutsua ɖoe be yemawɔe o la nu gasẽ ɖe edzi. Ðe wòanye be nyɔnu nyadɔewɔla kple nyɔnu si de srɔ̃a nu ƒe nyae nye sia? Alo ame eve siwo mete ŋu gblɔ woƒe seselelãmewo nyuie o ko ƒe nyaea?
Le nyɔnua ƒe susu nu la, mɔ nyuitɔ si nu wòkpɔ be yeato aɖee fia be yelɔ̃ srɔ̃a ye nye be yeaɖo aɖaŋu siwo akpe ɖe eŋu la nɛ. Le ŋutsua gome la, etsɔe be ele gbe ɖem na ye eye esia fia be ŋutsu ɖɔe ye yenye. Ne nyɔnua gblɔ be, “Mègaŋlɔ wò mɔzɔkploa be o lo” la, ebui be efia be yetsɔ ɖe le eme na ye srɔ̃ eye yedi be yeakpe ɖe eŋu be megagblẽ naneke si ava hiãe ɖi o. Ðeko wòna ŋutsua ɖo ŋku alesi nɔa yɔnɛ ɖo ɖa biana be, “Ètsɔ wò vuvɔmewua?” dzi nɛ.
Nyɔnu si ŋu ɖeɖi te agblɔ bubutɔe be, “Àdi be yeaɖu nu le gbɔme egbe fiẽa?” evɔ nya si tututu wòdi be yeagblɔe nye, “Màkplɔm míava yi ɖu nu le gbɔme egbe fiẽ oa? Ðeɖi te ŋunye akpa, nu manya ɖa nam o.” Gake srɔ̃aŋutsu si kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu la azã mɔnukpɔkpɔ ma atsɔ akafu eƒe nuɖaɖae eye wòaka ɖe edzi nɛ be eƒe nuɖaɖa vivina na ye wu amesiame tɔ. Alo ɖewohĩ awɔ nɛ be, ‘Nyɔnu sia di be yeaɖo nu nam!’ Fifia nyɔnua atsɔ dziku abia eɖokui se be, ‘Nukata kura megabiae se ya?’
“Mèlɔ̃am O!”
Ŋutsua si tɔtɔ eye meganya alesi wòawɔ o la ado ɣli be “Nukatae wòsusui nenema? Nyee wɔa dɔ tsɔ kpɔa ƒomea dzii, eye ɣeaɖewoɣi meƒlea nu vɛ nɛ hã ɖe!”
Togbɔ be ehiã be amegbetɔwo katã nase le wo ɖokui me be wolɔ̃ yewo hã la, ehiã be woaka ɖe edzi na nyɔnu zi gbɔ zi geɖe be wolɔ̃e. Ðewohĩ make nu agblɔe ya o, gake le eƒe dzime la, awɔ nɛ be ye srɔ̃ bu ye be yenye agba dzodzro ɖe ye dzi, vevietɔ ne eƒe dzinukpɔkpɔ le fu ɖem nɛ. Le ɣeyiɣi mawo me la, srɔ̃a manɔ nu dom ɖe egbɔ kabakaba o kple susu be nyɔnua medi be ame aɖeke naɖe fu na ye o. Ne edzɔ alea la, nyɔnua ase alesi megaƒoa nu nɛ kabakaba o gɔme be efia nyateƒe be nusi yenɔ vɔvɔ̃m na wu la dzɔ azɔ—be ŋutsua megalɔ̃a ye kura azɔ o. Fifia anɔ gbe dam ɖe ŋutsua bene yeazi edzi wòalɔ̃ ye.
“Srɔ̃nye Lɔlɔ̃a, Nukae Dzɔ?”
Alesi ŋutsu kpɔa nyawo gbɔe ne nane te ɖe edzie nye be ɖewohĩ wòadi teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le anɔ asusu nya la ŋu. Nyɔnu ƒe susu agblɔ nɛ zi ɖeka be masɔmasɔ aɖe di be yeaɖo yewo dome eye wòawɔ nane zi ɖeka be yeana ŋutsua naƒo nu. Togbɔ be nyɔnua adze agbagba kpem hã la, ŋutsua abui be ele fu ɖem na ye eye wòdi be yeada ye ɖe anyi. Esi ŋutsua dzo le egbɔ yina be yeava yi bu yeƒe kuxia ŋu la, ekpɔ be ye srɔ̃ si gbɔ yemelɔ̃a nu le o la le ye yome kplikplikpli. Lɔlɔ̃gbe ma kplɔe ɖo matɔmatɔe be: “Nye aƒetɔ, èle sesĩe hafia? Nukae dzɔ? Va míagblɔee.”
Ne mede nu me o la, ave nyɔnua. Ne nane le fu ɖem na nyɔnua la, edina be yeagblɔe na ŋutsua. Gake ŋutsu si wòlɔ̃ ya medina be yeagblɔ yeƒe seselelãme nɛ o. Ðewohĩ ɖeko nyɔnua atsɔe be “ke ɖe megale lɔ̃yem azɔ o.” Eyata esi ŋutsua si menya nusi le dzɔdzɔm o ƒe mo kɔ azɔ eye dzi le edzɔm be yekpɔ ta na nyaa la, eya hã megava ke ɖe srɔ̃a lɔlɔ̃a si tsia dzi ɖe eŋu la ŋu o; nyɔnu si yɔ aɖi si le klalo be yeahe nya kplii be egblẽ ye ɖeɖe ɖi lae wòva tu.
“Mesea Nye Gbe Gbeɖe O!”
Nutsotso ma ɖi kokoe na ŋutsua. Ewɔ nɛ be ɣesiaɣi yedzea agbagba ɖoa to sea eƒe nyawo nɛ. Gake esi srɔ̃anyɔnua le nu ƒom la, esena le eɖokui me be ŋutsua si ƒe susu ɖana la le yeƒe nya sia nya sem hele wo ŋu bum be yeaɖɔ nusi le fu ɖem la ɖo. Ne ŋutsua tso enu gblɔ be: “Ke nukatae mè . . . o?” la, enaa kakaɖedzii be nusi susum yele la nye nyateƒe.
Ne nyɔnua tsɔ nya va srɔ̃a gbɔ la, zi geɖe la, menye vodada ɖe ge wòva nɛ alo nusi wòawɔ tso eŋu bia ge wòva o. Nusi wòdina vevie wue nye be wòake to ase nyaa me na ye, menye nyawo ŋutɔŋutɔ ko o, ke boŋ nusi nye yeƒe seselelãme le nya la ŋu. Le ɣeyiɣi ma me la, menye aɖaŋuɖoɖo biam wòle o, ke boŋ be woalɔ̃ ɖe yeƒe seselelãmewo dzi na ye. Eyatae ne srɔ̃ŋutsu geɖe siwo ɖoe kple susu nyui be yewoakpe ɖe yewo srɔ̃ ŋu ƒe nya zua dzre ɖo evɔ nya si ŋutsua gblɔ koe nye: “Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, mègasusui nenema o. Nya la mesesẽ nenema gbegbe o.”
Zi geɖe la, srɔ̃tɔwo dina be yewo srɔ̃wo nanya nusi susum yewole. Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Ƒe 25 sɔŋ enye sia si míeɖe mía nɔewo. Ne vaseɖe fifia meganya nusi medina o la, ke efia be metsɔ ɖeke le eme o alo meléa ŋku ɖe nu ŋu o.” Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ le eƒe agbalẽ si wòŋlɔ le srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu me be: “Ne srɔ̃tɔwo megblɔ nusi dim wole na wo srɔ̃wo o eye ɣesiaɣi wole nyahehe dzi ɖe wo nɔewo ŋu be womete ŋu wɔ nusi wòle be woawɔ na yewo o la, mewɔ nuku o be enaa lɔlɔ̃ kple nuwɔwɔ ɖekae si anɔ anyi la buna ɖa. Ðe eteƒe la . . . hoʋiʋli si me srɔ̃tɔ ɖesiaɖe dina be yeazi ame evelia dzi ne wòawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu koe va nɔa anyi.”
“Mètsɔa Ðeke Le Eme Kura O!”
Nyɔnua make nu agblɔ nya ma na srɔ̃a tẽ o, gake gbe si wòtsɔna ƒoa nui ate ŋu afia nenema tututu. Ne ebia be: “Nukatae zã gatsi ɖewò alea?” la, afia be ele nya aɖe dim be yease. Gake nusi me wògadzena le wue nye alesi wòtroa ŋku ɖee, atsɔ asi aɖo ali, si gblɔna na srɔ̃a be: “Mikpɔ ŋutsuvi ɖekematsɔmetɔ sia nam ɖa, kpɔ alesi nèna metsi dzii ɖa. Nukatae mèƒo ka nam o? Mèbua ame ŋu kurakura o! Kpɔ alesi nègblẽ míaƒe fiẽnuɖuɖu mee ɖa!”
Nyateƒee wòto le fiẽnuɖuɖua gome. Gake ne ezu dzre la, ɖe magblẽ woƒe ƒomedodoa hã me oa? Ðk. John Gray de dzesii be: “Menye esi wo ame evea melɔ̃ ɖe nane dzi tae dzre dzɔna ɖo o, ke boŋ ɖewohĩ esi ŋutsua susu be nyɔnua melɔ̃ ɖe yeƒe susu dzi o alo esi alesi ŋutsua le nu ƒom na nyɔnua medzɔ dzi na nyɔnua o tae.”
Ame aɖewo ƒe susue nye be ne èle aƒeme la, ele be nàvo agblɔ nya sia nya faa, alesi dze ŋuwò. Gake dzeɖola nyui dina be yeagblɔ nya aɖe si dzi yewo ame evea yewoalɔ̃ ɖo be ŋutifafa nanɔ anyi eye wòbua alesi amesi wòle nu ƒom na ase le eɖokui me ŋu. Míate ŋu atsɔ nuƒo ma tɔgbe asɔ kple alesi nàtsɔ tsi fafɛ kplu na srɔ̃wò kple alesi nàtsɔe aƒo ɖe eƒe ŋkume. Míagblɔ be vovototo si le wo mee nye alesi nèƒoa nu nɛ.
Nya siwo le Kolosetɔwo 3:12-14 ŋudɔwɔwɔ axe mɔ na dzre ƒe dzɔdzɔ eye wòana dzidzɔ nanɔ aƒea me: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye ƒe nublanu.”
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ŋutsua le alesi nuwo le ta ʋlim, nyɔnua le eƒe seselelãmewo ta ʋlim