Wodo Ʋu Gbegblẽ na Ʋusisidɔlélawo
ƲU VA zu asitsadɔ si me wokpɔa dɔlar biliɔn eve le le ƒe ɖeka me. Didi be woakpɔ viɖe tso eme va zu afɔku gã aɖe le France. Ʋu siwo me HIV-dɔlékui le na dɔléle siwo do ƒome kple AIDS wu ʋusisidɔléla 250, eye egale wo dometɔ alafa geɖe ŋu.—The Boston Globe, October 28, 1992, axa 4.
“Nubabla makɔmakɔ” si le atikewɔwɔ me ɖekematsɔleme kple ŋukeklẽ ƒe asitsatsa dome la wu ʋusisidɔléla 400 le Germania eye wogado ʋu siwo me HIV-dɔlékuia le na wo dometɔ siwo ade ame 2,000 teti.—Guardian Weekly, August 22, 1993, axa 7.
Ʋu ŋuti busunya sia le Canada hã. Wosusui be wodo ʋu si me HIV-dɔlékuia le na ʋusisidɔléla siwo ade ame 700 le Canada. Wogblɔ na dziɖuɖua le July 1984 me be Atitsoga Dzĩ Habɔbɔa le ʋu si me AIDS le la dzram na ʋusisidɔlélawo le Canada, gake ƒe ɖeka megbe hafi woɖe ʋu gbegblẽ mawo ɖa le asiwo me le August 1985 me.—The Globe and Mail, July 22, 1993, axa A21, kple The Medical Post, March 30, 1993, axa 26.
Dukɔwo dome nyatakakanadɔwɔƒe si le Britania gblɔ tso Madrid, Spania, le April 21, 1993 dzi be, Spania ƒe Lãmesẽ Dɔwɔƒea gblɔ be ele be woaxe fe na ʋisisidɔléla 1,147 siwo xɔ AIDS-dɔlékuia le esi wodo ʋu kple ʋutsi na wo le ƒe 1980 me ta. Wo dometɔ siwo wu 400 xɔ AIDS heku gɔ̃ hã xoxo.—The New York Times, April 22, 1993, axa A13.
Esi ƒe 1982 yina enu wu ge la, Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Habɔbɔ xlɔ̃ nu Dukɔa ƒe Ʋusisidɔlélawo ƒe Habɔbɔa le afɔku si le ʋublatike VIII me la ŋu—esia ɖeka dodo sɔ kple ʋu xɔxɔ tso ame 20,000 gbɔ, eye ne AIDS le ɖeka me la, agblẽ susɔeawo katã. Wogaxlɔ̃ nu vevie le March 1983 me gake le ƒe ma ƒe May me la, Dukɔa ƒe Ʋusisidɔlélawo ƒe Habɔbɔa ŋlɔ nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Dukɔa ƒe Ʋusisidɔlélawo ƒe Habɔbɔ De Dzi Ƒo be Woazã Ʋublatike.” Amewo nɔ kukum ɖe edzi ɣemaɣi eye wonɔ ame akpe geɖe dem afɔku me. Ʋublatike sia mehiã akpɔ ʋusisidɔlélawo ta hafi o; nu bubuwo li woatsɔ awɔ atikee na wo. Anye ne ame geɖe maku hafi o. Atikedɔwɔƒewo kpɔe le ƒe 1985 me be ne woɖa ʋublatikea la, afɔku maganɔ eme o. Ke hã la, wokpɔ be wogale ʋublatike gbogbo siwo womeɖa o siwo wova xlẽ le ʋudzraɖoƒewo la dzram kokoko.—Dateline NBC, December 14, 1993.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]
CDC, Atlanta, Ga.