Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Woxe Fe na Ʋusisidɔléla Siwo Wode Dɔ Lãme Na
Roma Dukɔmeviwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe tsɔ nya ɖe Italy Dɔwɔƒe si Kpɔa Lãmesẽnyawo Gbɔ ŋu be “wogbe ŋudzɔnɔnɔ kple ŋkuléle ɖe nu ŋu” kpakple be “wohe atike [siwo me dɔlékui ge ɖo] ɖeɖeɖa ɖe megbe.” Eyata wodo fe na wo be woaxe teƒeɖoɖoga na ʋusisidɔléla 385 siwo xɔ aklãdɔ alo AIDS dɔlékui tso atike siwo me ʋu si me dɔlékui ge ɖo le hafi wozã na wo me. Amesiawo ƒe akpa etɔ̃lia ku xoxo. Italy Atikewɔnyadrɔ̃lawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔ ƒe zimenɔla senyala Míeyraa Lana gblɔ be “wode dzesii le ʋɔnudɔdrɔ̃ sia me be Italy Dukɔa ƒe ŋumaɖɔmaɖɔɖo koŋue gblẽ nu le ʋusisidɔlélaawo ŋu.” Ʋusisidɔléla siwo ade 2,000 ye xɔ AIDS dɔlékuia le Italy, eye amesiwo gogo 5,000 sɔŋ xɔ aklãdɔ si nye hepatitis C. Italytɔ 1,246 ku ɖe ʋumenu siawo siwo me dɔlékui ge ɖo zazã na wo ta.
Kolera Vɔ̃ɖi aɖe Do
Times of Zambia ka nya ta be le February me la, kolera aɖe si le ame wum vevie zi Lusaka, Zambia, ƒe dudzikpɔlawo dzi be woxe mɔ ɖe “nuɖuɖu mumu ɖesiaɖe dzadzra le ablɔdzi” nu. Nyatakakaa gblɔ be tsɔ kpe ɖe eŋu la, “esi amesiwo wòwu dzi ɖe edzi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me ɖo ame 42 la, woɖiaa amedzrodzeƒe kple nuɖuƒewo ɣesiaɣi.” Lãmesẽnyagbɔkpɔlawo tsi dzi be mitsinyedɔ sia “yi edzi le dzidzim ɖe edzi le dukɔa ƒe akpa bubuwo hã.” Lãmesẽ Kple Sukudede Dɔwɔƒe ƒe tatɔwo ɖo dɔwɔha aɖe be woaxɔ gbeɖuɖɔlɔla bubuwo akpee tsɔ kpe ɖe ame bubu siwo anɔ atike si nye chlorin dem vudo siwo me megoglo o, siwo me anyigbatsi siwo me dɔlékui ge ɖo te ŋu sina yina bɔbɔe la me. Lusaka Dudzikpɔha ƒe nyanuɖela Daniel M’soka gblɔ be: “Míaƒe taɖodzinue nye be míaɖe kolera dɔvɔ̃a dzi akpɔtɔ.”
Womeléa Be na Woƒe Dzi O
National Post nyadzɔdzɔgbalẽ gblɔ be “le esi Canada nyɔnuwo naɖe afɔ siwo ade woƒe lãmesẽ dzi teƒe la, womele beléle tsɔm na woƒe dzi kurakura o.” Wokpɔ le numekuku aɖe si Canada Dukɔa ƒe Dzi Kple Gbagbadɔ ƒe Nyawo Gbɔkpɔha na wowɔ nyitsɔ laa le Canada nyɔnu 400 siwo xɔ tso ƒe 45 vaseɖe 74 ŋu me be “wo dome ame 30% [30 le alafa me] ko ƒe kpekpemee nye nusi magblẽ nu le woƒe lãmesẽ ŋu o, ame 36% wɔa dɔ siwo ana woade woƒe lãmekawo me, eye ame 74% gblɔ be nu tena ɖe yewo dzi le dɔ vovovo siwo wɔm yewole fifia ta.” Dɔwɔha sia ƒe nyanuɖela Elissa Freeman ƒo nya ta be “nyɔnuwo léa be na wo srɔ̃wo wu woawo ŋutɔ wo ɖokui.” Nyatakakaa gblɔ be “dzidɔ kple gbagbadɔ ye wua nyɔnu 40%—esi nye xexlẽme si sɔ gbɔ wu 41,000 ƒe sia ƒe.”
Ŋutsuwo ƒe Vidzidziŋutete Dzi Le Ðeɖem Kpɔtɔ
World Watch magazine ka nya ta be: “Ŋutsu siwo le United States kple Europa ƒe vidziŋusẽtsi ƒe agbɔsɔsɔme si le wo si fifia ɖiɖi alafa memama 50 wu agbɔsɔsɔme si nɔ wo si tsã tso ƒe 1930 ƒeawo me. “Nusiwo wokpɔ la na be wotsi dzi be nu le gbegblẽm le ŋutsuwo ƒe vidzidziŋutete ŋu, eye be anye nusiwo ƒoa ɖi amegbetɔ ƒe nutome gbɔe wòtso.” Wotu nyataƒoƒo sia ɖe numekuku 61 siwo ŋu nyawo wota tso keke 1938 me, siwo me woku nu me le ame 14,000 ŋu le la dzi. Wosusui be atike aɖewo siwo gblẽa nu le nutoa me ŋu gblẽa nu le amegbetɔ ƒe lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ hã ŋu eye wodoa kplamatsɛ alesi wote ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe tsitsi, lãmesẽkpɔkpɔ, kple vidzidzi dzi. Wode dzesi atike ƒomevi vovovo siwo ade 60 be woawoe gblẽa nu le ame ŋu nenema. Gake World Watch gblɔ be “le atike 80,000 siwo wosusu be wowɔ le zazãm egbea me la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋutɔ koe wodo kpɔ be woanya ne nu vovovo siwo le wo me gblẽa nu le amegbetɔ ƒe lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu.”
“Vivimedɔ” Aɖe
Nutome Nyatakakanaha ka nya ta be “lead [tsumikpe] gbogbo aɖe le ɖevi siwo wosusu be woade miliɔn 15 va ɖo 18 ƒe ʋu me.” Le kpɔɖeŋu me, le India la, wode dzesii be ƒomedodo aɖe le ɖeviwo ƒe nunyanya kple tsumikpe agbɔsɔsɔme si gena ɖe lãme na wo dome. The Indian Express ka nya ta be Ðk. Abraham George gblɔ be “ɖeviwo ƒe tagbɔ megakɔna tututu o . . . le esi tsumikpe nɔa gegem ɖe woƒe ahɔhɔ̃ me ɣeyiɣi didi aɖe ta.” Nusi gbɔ koŋ tsumikpe ƒe aɖia tsona le India-dugãwo mee nye ʋu siwo gale mɔ̃memi si me tsumikpe le zãm. Esi wònye be amewo ƒe susu meyia tsumikpe ƒe aɖidedelãmename dzi enumake o ne wotsɔe sɔ kple kuxi siwo nye ahedada kple dɔwuame ta la, Ðk. George yɔe be enye “vivimedɔ.”
Dzamezã Gale Ame Wum Kokoko
Dzamezã ŋu nunyalagã siwo wu 300 kpe ta nyitsɔ laa le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔwɔƒegã le Geneva, Switzerland, be woadzaka alesi woawɔ atsi dɔ vɔ̃ɖi wuame sia nui. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nyatakakanadɔwɔƒe ka nya ta be togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi gãwo le ƒe 50 siwo va yi me hã la, Dzamezã gawua ame akpe alafawo kokoko ƒe sia ƒe. Bene woaɖe eƒe amedzidzedze dzi akpɔtɔ eye enu nanya tsi la, Lãmesẽ Habɔbɔa ava ta agbalẽ aɖe si akpe ɖe amewo ŋu be woadzra ɖo ɖe nusi woyɔ be “dzamezã si ƒe dɔvɔ̃ ava dze ame gbogbo aɖe dzi” ŋu. Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe dɔdzikpɔlagã Gro Harlem Brundtland gblɔ be: “Ate ŋu adzɔ be ɣeyiɣi si woatso ɖe eŋu anɔ kpuie ŋutɔ—tso esime woade dzesi dɔlékui suesue yeye aɖe si ado va ɖo esime wòazu dɔvɔ̃ agba ɖi.”
Kpakpaluʋui Ƒomevi Siwo Le Vɔvɔm
Monarch kpakpaluʋui miliɔn geɖe dzona wu kilometa 3,200 tsoa Canada yia afisi wonɔna le vuvɔŋɔli le California kple Sierra Madre to siwo le Mexico titina. Gake nyitsɔ laa sia la, tsi ƒe anyigba kpɔkplɔ kple ati si nye oyamel fir si nu wode se ɖo la tsotso va le nu gblẽm le kpakpaluʋuiawo ƒe nɔƒe siwo le Mexico ŋu. Mexico Dugã la ƒe The News ka nya ta be le esia ta “le ƒe eve siwo va yi me la, kpakpaluʋui siwo vana afisia le vuvɔŋɔli la dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 70.” Modzakatsaɖiɖi mee afima tɔ aɖewo kpɔa ga tsonɛ, gake ɖewo hã ƒe dɔ si wowɔnae nye be woatsɔ ʋu alɔ ati siwo nu wode se ɖo le zã me. The News la gblɔ be “ne atiawo tsotso gale edzi yim kokoko la, ke Dziehe Amerika ƒe kpakpaluʋuiwo gbɔna tsɔtsrɔ̃ ge avɔ kura.”
Ðe Wole Nu Ƒom tso Ðeviwo Gbɔ Dɔdɔ Ŋu Geɖe Wua?
Caracas nyadzɔdzɔgbalẽ El Universal gblɔ be ɖevi agbɔsɔsɔme siwo gbɔ wodɔna le Venezuela dzi ɖe edzi tso ɖevi 1 le 10 ɖesiaɖe me le ƒe 1980 me va ɖo ɖevi 3 le 10 ɖesiaɖe me egbea. Le ƒe 1980 me la, ɖevi siwo gbɔ wodɔna xɔna tsoa ƒe 12 va ɖo 14 le mama dedie nu. Egbea ɖevi akpa gãtɔ megatsina ɖoa ƒe etɔ̃ hafi o. Amekawo koŋue nɔa hlɔ̃nu dziŋɔ sia wɔm? Menye nyateƒe kura be ame tutɔwoe wonyena dea xa ɖe ɖeviwo ƒe fefeƒewo le suku tsɔa kpetike nɔa ɖeviwo nu blemee o. El Universal ɖe nu me be nugbegblẽa wɔlawo dome ame 70 le alafa me nyea ƒometɔwo alo ƒomea ƒe xɔlɔ̃wo. Wo dometɔ siwo wu afã nyea dzila vixɔnyilawo, eye susɔeawo nyea ame aɖe si le ŋusẽnɔƒe, si ƒe ɖewoe nye wo fo, alo woƒe nufiala.
Dzitsitsi Ðe Ʋuŋutidɔwo Ŋu
Amerika Ʋuwɔlawo ƒe Habɔbɔ gblɔ be nyitsɔ laa la, ʋu siwo United States wɔ la ɖo agbɔsɔsɔ si nye miliɔn alafa ɖeka. Compressed Air magazine gblɔ be “exɔ ƒe 25 hafi wowɔ ʋu miliɔn gbãtɔ.” Gake egbea “xexlẽme si wowɔna dɔmedegbe ɖesiaɖee nye ametsɔʋu 30 kple agbatsɔʋu kpakple bɔs ewo le aɖabaƒoƒo ɖeka me.” Ne èbu dɔwɔƒe siwo wokpea ʋuwo le, ʋuŋutinudɔwɔƒewo, edzralawo kple edzraɖolawo, kpakple amesiwo ƒe dɔ koŋue nye ʋukuku kpe ɖe eŋu la, ke dɔwɔla 1 le 7 ɖesiaɖe me nye amesi wɔa nane le ʋu ŋuti le United States. Wosusui be ʋu siwo wozãna fifia le United States ade miliɔn 40.
Sukumademade ƒe Kuxi
England ƒe News Unlimited Nyatakaha ka nya ta be: “sukumademade nye kuxi na ɖevi miliɔn 125, amesiwo dometɔ akpa gãtɔ nye nyɔnuviwo, elabena womeɖo wo ɖe suku o eye ɖevi miliɔn 150 bubu tɔa te sukudede hafi ɖoa afisi woanya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ le dukɔ madeŋgɔwo me.” Fifia le dukɔ madeŋgɔwo me la, le ame tsitsi 4 ɖesiaɖe me la, ame 1 nyea agbalẽmanyala, alo ame miliɔn 872 ye menya agbalẽ o. Gawu la, egagblẽa nuwo ɖe edzi ne dukɔ siwo me agbalẽmanyamanya bɔ ɖo do ga le dukɔ siwo si kesinɔnuwo le si. Nukatae? Elabena wozãa ga si wohiã vevie be woatsɔ aɖo ɖeviwo ɖe sukui tsɔ xea fe siwo le wo ŋu boŋ. Enana be ɖeko agbalẽmanyamanyaa dzina ɖe edzi si hã gadzia ahedadaa ɖe edzi.