INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 7/8 axa 20-22
  • Aleke Mawɔ be Ame aɖe ƒe Nu Manɔ Dzi Lém Nam O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ be Ame aɖe ƒe Nu Manɔ Dzi Lém Nam O?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ
  • Ƒomedodoa Me Tsotso Keŋkeŋ Enumake
  • Nuxaxa Dzi Ðuɖu
  • Ne Dzimaxɔsetɔ ƒe Nu Va Lé Dzi Nam Ðe?
    Nyɔ!—1994
  • Aleke Mawɔ Adzudzɔ Agbevenɔnɔ?
    Nyɔ!—1994
  • Aleke Mawɔ Agbe?
    Nyɔ!—2001
  • Ne Melɔ̃e Gake Eya Melɔ̃m O Ðe?
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 7/8 axa 20-22

Sɔhɛwo Biana Be. . .

Aleke Mawɔ be Ame aɖe ƒe Nu Manɔ Dzi Lém Nam O?

“MEXƆ ƒe 20 eye menye Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃. Gake meva nɔ gbe ɖom ɖi kple [dzimaxɔsetɔ] aɖe si xɔ ƒe 28 henɔ go dom kplii. Melɔ̃e vevie eye meka ɖe edzi be eya hã lɔ̃m. Dzinyelawo menya o elabena menya be womalɔ̃ ɖe edzi o. Esi wova nya mlɔeba la, eve wo eye wòwɔ nuku na wo. Womese nusita xexemeŋutsu ƒe nu alé dzi nam nenema gbegbe la gɔme o.”

Nya mae Kristotɔ ɖetugbi aɖe si míayɔ be Monique ŋlɔ.a Nublanuitɔe la, sɔhɛ geɖe de wo ɖokui xaxa sia tɔgbe me​—⁠wova lɔ̃ dzimaxɔsetɔ si si woƒe Kristotɔ ƒe dzixɔsewo kple agbenɔnɔdzidzenuwo mele o la vevie. Nyati si do ŋgɔ le tata siawo me (Nyɔ!, June 8, 1994) ɖee fia be menye ɖeko ƒomedodo sia medzea Mawu ŋu o ke egblẽa nu le ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple nyonyo hã ŋu vevie. Ðetugbivi Ruth va kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Eʋu eme be: “Dzimaxɔsetɔ aɖe ƒe nu va lé dzi nam vevie. Gake mekpɔe be ne medi be ƒomedodo nanɔ mía kple Yehowa dome la, ke ele be mía kplii míatɔ.”

Ne Kristotɔe nènye la, ɖewohĩ àte ŋu aɖo ŋku Biblia me nya siwo le Yakobo 4:4 me dzi agblɔ: “Mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” Gake ne dzimaxɔsetɔ aɖe ƒe nu va lé dzi na wò vevie la, nya siawo dzi wɔwɔ manɔ bɔbɔe nenema gbegbe o. Nyaƒetee, ƒomedodoa me tsotso ate ɖe ­dziwò. Àkpɔe be yetɔtɔ keŋkeŋ le ye ɖokui me. Ðewohĩ àbia be, ‘Aleke mawɔ be nyemagalɔ̃ ame aɖe alo eƒe nu nagalé dzi nam vevie o?’

Apostolo Paulo gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me. O, nye nublanuitɔ!” (Romatɔwo 7:​22-24) Ðewohĩ ànɔ avu wɔm kple wò seselelãmewo abe Paulo ene. Gake sɔhɛ Kristotɔ geɖe ɖu aʋa sia dzi eye ‘woɖe wo le dzo me’ le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu. (Tsɔe sɔ kple Yuda 23.) Aleke wowɔe? Eyae nye be wodzudzɔ ƒomedodo siwo me afɔku le la hafi wòava gblẽ nu si womate ŋu aɖɔ ɖo o.

Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ

Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ si Mark yɔ be “lɔlɔ̃ gbãŋku sesẽ” la va ɖo eme na dzimaxɔsetɔ aɖe esime wòxɔ ƒe 14 pɛ ko. Le esi teƒe be wòadi kpekpeɖeŋu la, etsɔ eƒe seselelãmewo ɣla. Gake eƒe seselelãme na nyɔnuvia nu va nɔ sesẽm ɖe edzi. Eteƒe medidi o ebena ƒoa ka na nyɔnuvia. Esi nyɔnuvia hã te ka ƒoƒo nɛ la, mexɔ ɣeyiɣi hafi dzilawo va kpɔ nusi nɔ edzi yim o.

Mègawɔ vodada ma ke esi nànɔ agbagba dzem be yeakpɔ kuxia gbɔ le ye ɖokui si o. Lododowo 28:26 gblɔ be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke amesi zɔna le nunya me la, woaɖee.” Le nyateƒe me la, ɖe nàge ɖe nɔnɔme sia me ne ­menye ɖe mèbu nuwo ŋu nyuie gbã oa? Ɣeaɖewoɣi la, míaƒe seselelãme ɖua míaƒe tamesusu dzi eye ehiã be amesi ƒe susu me kɔ eye wòbua nu ŋu nyuie wu la nakpe ɖe mía ŋu. Ðewohĩ dziwòlawoe le ɖoƒe nyuitɔ be woakpe ɖe ŋuwò, vevietɔ ne wovɔ̃a Mawu. Anɔ eme be wonya wò nyuie wu ame bubu ɖesiaɖe. Wonɔ ɖevime kpɔ eye woate ŋu ase nɔnɔme si me tom nèle gɔme na wò. Biblia-ŋlɔla Salomo xlɔ̃ nu mí le Lododowo 23:26 be: “Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu!” Nukata màtsɔ wò dzi ana dziwòlawo ana woanya be yehiã kpekpeɖeŋu o?

Nusia tututue ɖekakpui Jim wɔ. Enɔ avu wɔm kple eƒe seselelãme le alesi nyɔnuvi aɖe ƒe nu lé dzi nɛ le suku vevie ta. Egblɔ be: “Meva gblɔe na dzinyelawo mlɔeba be woakpe ɖe ŋunye. Esiae nye nu vevitɔ si na meɖu seselelãme mawo dzi. Dzinyelawo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Esi Jim kpɔ alesi dzilawo kpe ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe la, eɖo aɖaŋu sia be: “Mesusu be mele be sɔhɛ Kristotɔ bubuwo nagbe nuƒoƒo kple wo dzilawo o. Miɖo dze kple wo. Woase nu gɔme na mi.”

Ðekakpui si ŋkɔe nye Andrew di kpekpeɖeŋu le mɔ bubu nu le nɔnɔme sia tɔgbe me. Egblɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe aɖe si wòde ŋu be: “Nuƒoawo dometɔ ɖeka na mebu tame vevie. Nutome sue dzikpɔla la ɖo aɖaŋu sesẽ aɖe tsi tre ɖe ƒomedodo kple ŋutsu alo nyɔnu siwo menye Kristotɔwo o la ŋuti. Menya be ele be maɖɔ nye tamesusu ɖo enumake.” Eyata nukae wòwɔ? Egblɔe na dadaa si nye dzila ɖekɛ la gbã, eye eƒe aɖaŋuɖoɖowo kpe ɖe eŋu. Emegbe eyi hamemegã aɖe gbɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe hamea me, eye wòna kpekpeɖeŋui edziedzi. Hamea me hamemegãwo ate ŋu anye “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu” na amesiwo dzi nu te ɖo. (Yesaya 32:⁠2) Nukata màte ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu ana wòanya nusi le fu ɖem na wò o?

Ƒomedodoa Me Tsotso Keŋkeŋ Enumake

Esi Mark dzilawo va kpɔ eƒe ƒomedodo si wòtsɔ ɣla la, wotso ɖe eŋu kpla. Mark gblɔ be: “Wogblɔ nam tẽ be matso ƒomedodo sia me. Gbã la, medze aglã. Míedo nu ɖe mía nɔewo gbɔ eye metu ɖokuinye ɖe xɔnye me. Gake emegbe meva bu nɔnɔmea ŋu nyuie eye mekpɔ be mía kple nyɔnuvia ƒe taɖodzinuwo mesɔ o. Madze edzi o.” Ẽ, alesi nɔnɔmea le tututu ŋu bubu nyuie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò seselelãmewo nu nafa. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye taɖodzinuwo, dzixɔsewo, kple agbenɔnɔdzidzenuwo le amesia sia? Ne míeɖe mía nɔewo la, ɖe amesia akpe ɖe ŋunye be masubɔ Mawua? Ðe dzo si le menye ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu le amesia hã mea? Le nyateƒe me la, ɖekawɔwɔ kae ate ŋu anɔ ƒomedodo sia tɔgbe me?’​—⁠Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 6:​14-18.

Gake ƒomedodoa me tsotso keŋkeŋ manɔ bɔbɔe o. Monique si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Metee kpɔ zi eve be míatɔ gake medze edzi o. Nyemedi be mía kplii dome natɔ keŋkeŋ o. Meva nɔ ɖase ɖim nɛ kple susu be alɔ̃ Yehowa. Eva nusrɔ̃ƒe zi ɖeka le Kwasiɖagbe aɖe gɔ̃ hã. Gake lɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔ menɔ esi na Yehowa o. Mekpɔe be nu nyuitɔ koe nye be maɖe asi le eŋu keŋkeŋ.”

Esia ɖo ŋku Yesu ƒe nya siwo le Mateo 5:30 dzi na mí. Eƒo nu tso nusiwo axe mɔ na ame be mage ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me o la ŋu le afima—nusiwo axɔ asi abe nuɖusibɔ ene. Ke hã la, Yesu ɖo aɖaŋu be: “Lãe ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka nagblẽ, wu esi wò ame blibo la katã nagblẽ le [Gehenna] [si nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe kpɔɖeŋu] la me.” Le wɔwɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi me la, tsɔ dzideƒo te ɖe amesi ƒe nu lé dzi na wò la ŋu eye “nagblɔ nyateƒea.” (Efesotɔwo 4:25) Gblɔ nɛ kɔte be ƒomedodoa tɔ—le ame dome—menye ne míawo ɖeɖe míeli alo ne míele mía nɔewo gbɔ lɔlɔ̃tɔe o. Ðetugbivi Sheila gblɔ be: “Nusi kpe ɖe ŋunyee nye eɖoɖo kplikpaa awɔ nu. Ŋdɔ me nu ɖuɖu ɖekae tɔ. Míegagogoa mía nɔewo le nusrɔ̃ɣiwo o. Mena wònya nusi meɖo ɖe tame.” Nyɔnuvi Kristotɔ si ŋkɔe nye Pam hã ƒo nu tẽ nenema ke: “Megblɔ nɛ mlɔeba be nena mavo, eye meɖee le susu me kura.”

Nuxaxa Dzi Ðuɖu

Ne mietɔ megbe kpui la, àse le ɖokuiwò me abe hakpala la ene, amesi gblɔ be: “Mexa gobaa, eye mebi ŋutɔ [melé blanui] le yiyim ŋkekeawo katã.” (Psalmo 38:⁠7) Àxa nu ɣeyiɣi aɖe ya godoo. Biblia gblɔ be “avifaɣi li.” (Nyagblɔla 3:⁠4) Gake mele be nànɔ nuxaxa dzi ɖaa o. Vevesesea nu afa vie le ɣeyiɣi aɖe megbe. Mark gblɔ be: “Nyateƒee, mexa nu vie ya. Dzinyelawo kpɔe xoxo eye wona menɔ ha dem kple sɔhɛ Kristotɔ bubuwo ɖe edzi wu. Esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Andrew si hã lé blanui nenema ke esi wòtso eƒe ƒomedodoa me la gblɔ be: “Hamemegãwo kpe ɖe ŋunye. Meƒo ɖokuinye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me wu eye meva nɔ kplikplikpli kple Kristotɔ nɔviŋutsu aɖewo, siwo ɖekawɔwɔ nɔ mía kpli wo dome.” Ẽ, biã ŋku ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu. (Korintotɔwo I, 15:58) Ŋutilãmedɔ alo kamedede aɖewo hã akpe ɖe ŋuwò. Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga o. (Lododowo 18:⁠1) Wò susu nenɔ nusiwo doa dzidzɔ hetua ame ɖo ŋu.​—⁠Filipitɔwo 4:⁠8.

Ðo ŋku edzi hã be wò tenɔnɔ dzideƒotɔe adze Yehowa ŋu. Te ɖe eŋu le gbedodoɖa me faa be wòakpe ɖe ŋuwò ahado ŋusẽ wò. (Psalmo 55:23; 65:⁠3) Ðetugbi Sheila gblɔ be: “Medo gbe ɖa zi geɖe.” Ao, mele bɔbɔe be woatso ƒomedodo si me afɔku le la me o. Sheila gblɔ be: “Togbɔ be míetɔ hã la, mebua alesi wòanɔ wɔwɔm la ŋu ɣeaɖewoɣi. Gake esi nènya be Yehowa ŋu dzem yele ta la, wɔ ɖe wò tameɖoɖo kplikpa la dzi.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Gblɔ nɛ kɔte be ƒomedodoa tɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe