Agbe Si Me Vevesese Manɔ O La Gogo!
ŊUTILÃ la ƒe dɔwɔwɔ siwo gɔme sese goglo siwo kpɔa mía ta be nuvevi magawɔ mí o la wɔ nuku ŋutɔ. Ele be nusɔsrɔ̃ tso wo ŋu naʋã mí be míakafu Wɔla la abe alesi Biblia ƒe hakpala la kafui ene, amesi ŋlɔe be: “[Makafu] wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta.” (Psalmo 139:14) Vavãe, Mawu ɖeka koe ate ŋu ana míanɔ agbe eye míase veve o! Gake aleke esia ava emee?
De dzesii be hafi Biblia nado ŋugbe be woaɖe vevesese kple avifafa ɖa teti la, eƒo nu tso “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋu; “elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:1, 4) Menye míaƒe dziƒo kple anyigba siae Biblia wɔnɛ be wo nu ayi o. Ke boŋ ɖeko wòle gbɔgblɔm kpuie be nuɖoanyi yeye ava xɔ ɖe fifitɔ teƒe. Ẽ, dziɖuɖu yeye si kɔ wu amegbetɔwo tɔ awɔe be míanɔ agbe le anyigba dzi afisia eye míase veve o.
Esi Biblia nɔ nu ƒom tso dziɖuɖu sia ŋuti la, egblɔ be “dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe [alo dziɖuɖu] aɖe anyi, . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, efia mí be míado gbe ɖa be Fiaɖuƒedziɖuɖu sia nava esime wògblɔ be: “Miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.
Gake aleke gbedodoɖa sia ƒe emevava ana nànɔ agbe si me vevesese mele o?
Dziɖula si Tri Akɔ Wu Amegbetɔwo
Amesi Mawu tia be wòanye Yeƒe dziɖuɖua ƒe ta ƒe nunya kple ŋusẽe awɔ esia. Amesiae nye Yesu Kristo ŋutɔ. Biblia me nyagblɔɖi aɖe gblɔ le eŋu be: “Dziɖuɖu le abɔta nɛ . . . eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o.”—Yesaya 9:5, 6.
Yesu si le dziƒo fifia ƒe nunya kɔ boo wu anyigba dzi atikewɔlawo katã tɔ. Enya alesi míaƒe ŋutilã kple eƒe dɔwɔnu siwo kpɔa eta be nuvevi magawɔe o wɔa dɔe nyuie. Esi wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi ƒe 1,900 kple edzivɔe nye sia la, dɔléle alo vevesese aɖeke menɔ anyi si mete ŋu da o. Eto esia me ɖe nusi lolo wu si wòava wɔ ne eva nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula la fia. Biblia gblɔ le nudzɔdzɔawo ƒe ɖe ŋu be:
“Ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi vɛ, eye wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu. Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa.” (Mateo 15:30, 31) Vevesese atraɖii hã anɔ dɔléle siwo Yesu ada le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la dome.
Yayra wɔnuku kae nye si wòanye! Eye menye ame ʋee aɖewo ko wòawɔe na o. Wɔla la do ŋugbe be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Ekema ŋugbedodo sia ava eme le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te be, “veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Le Kristo ƒe ŋutikɔkɔe Fiaɖuƒedziɖuɖu te la, míaƒe ŋutilã ƒe dɔwɔnuwo katã kple esiwo kpɔa mía ta be nuvevi magawɔ mí o awɔ dɔ nyuie ade goe elabena woaɖe nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi la ɖa. Ŋutilã ƒe lãmenusese magazu fuwɔamela gbeɖe o. Dzidzɔtɔe le Biblia me nyagblɔɖi siwo le eme vam fifia nu la, míele xexeme yeye ma si me vevesese magana míakpe fu o la ƒe agbo nu tututu.—Mateo 24:3-14, 36-39; Timoteo II, 3:1-5; Petro II, 3:11-13.
Àte ŋu ase vivi le agbe me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te ne vevesese si le fu wɔm ame miliɔn geɖe fifia la megali o. Gake ehiã be nàwɔ nane. Yesu Kristo tɔ asi nudidi vevi aɖe dzi esime wònɔ gbe dom ɖa na Mawu be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.
Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò sidzedze vevi sia nasu asiwò. Bia wo dometɔ ɖeka le mia gbɔ alo nàŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo be yedi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye le aƒeme alo le teƒe bubu ɖesiaɖe si sɔ. Woawɔ ɖoɖo na wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso tame si Mawu ɖo na amegbetɔwo be woanɔ agbe eye womase veve o la ŋuti.