INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 7/8 axa 5-7
  • Vevesese Si Maganɔ Anyi O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vevesese Si Maganɔ Anyi O
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbagbadzedze be Woase Nusi Vevesese Nye Gɔme
  • Etsoa Ahɔhɔ̃ Kple Ŋutilã Siaa Gbɔ
  • Nusiwo Te Ŋu Kpɔa Ŋusẽ Ðe Vevesese Dzi
  • Ŋgɔyiyi Si Wowɔ Le Vevesese Nu Tsitsi Me
    Nyɔ!—1994
  • Menye Futɔ Vɔ̃ɖi Ko Wònye O
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Dzime Vea Wòa?
    Nyɔ!—1994
  • Agbe Si Me Vevesese Manɔ O La Gogo!
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 7/8 axa 5-7

Vevesese Si Maganɔ Anyi O

VEVESESE si woaɖe ɖa be Biblia ƒe ŋugbedodo nava eme ye nye esi ame gbãtɔ ƒe blibomademade he vɛ. Vevesese si woayɔ be vevesese atraɖii le esia me.

Le esi teƒe be vevesese atraɖii nana nyanya ame le dɔléle kple nuveviwɔame ŋu la, wogblɔ be “nyanyanana fluame” si metɔna o boŋ ye wònye. Vevesese siae na veveselawo zãa dɔlar biliɔn geɖe ƒe sia ƒe be yewoakpɔ gbɔdzɔe, eye ena ame miliɔn geɖe mesea vivi le agbe me o.

Veveseseŋutinunyala Ðk. Richard A. Sternbach ŋlɔ bena: “Vevesese atraɖii menye dɔléle ƒe dzesi abe vevesese helĩhelĩ ene o; vevesese atraɖii menye nyanyananu o.” Emergency Medicine te gbe ɖe edzi be: “Tameɖoɖo aɖeke kura mele vevesese atraɖii ŋu o.”

Eyata ɖɔkta geɖe va bu vevesese sia le nyitsɔ laa ƒewo me be enye dɔléle le eɖokui si. Ðk. John J. Bonica gblɔ ɖe The Management of Pain si nye veveseseŋutigbalẽ nyui si li egbea me be: “Vevesese helĩhelĩ nye dɔléle alo nuveviwɔame ƒe dzesi. Gake vevesese atraɖii ŋutɔe nye dɔlélea.”

Agbagbadzedze be Woase Nusi Vevesese Nye Gɔme

Womese nusi tututu vevesese nye gɔme haɖe o. American Health magazine gblɔ be: “Didi vevie si li ɖaa be woanya nusi vevesese nye la na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le dɔ dzi sesĩe.” Wosusui le ƒe ʋee siwo va yi me be vevesese nye lãmenusese ƒomevi aɖe, abe nukpɔkpɔ, nusese, kple nulélekpɔ ene, si lãmeka tɔxɛ si le ŋutilã la me ƒe nugbɔ sena tsɔ toa ka lɛ tɔxɛ aɖewo me yia ahɔhɔ̃ mee. Gake wova kpɔe be vevesese ŋuti nufiafia sia si meɖɔ nusi wònye tututu o la menye nyateƒe o. Aleke?

Nu ɖeka si na gɔmesese yeye woe nye nusi wosrɔ̃ le ɖetugbi aɖe si mesea veve koŋ o la ŋuti. Esi wodo eƒe ahɔhɔ̃ kple lãmekawo kpɔ le eƒe ku megbe le ƒe 1955 me la, ena gɔmesese yeye kura va su wo si le nusi na wosea veve ŋu. The Star Weekly Magazine, July 30, 1960 tɔ gblɔ be: Ðɔktawo “di lãmekawo ƒe nugbɔwo. Ne ɖeke mele [nyɔnuvia] si o la, ke esia tae mesea veve o ɖo. Gake lãmekawo ƒe nugbɔwo li eye edze ƒã be naneke megblẽ le wo ŋu o.

“Emegbe ɖɔktawo do lãmeka siwo wogblɔ be wotsiã lãmekawo ƒe nugbɔwo kple ahɔhɔ̃a la kpɔ. Woka ɖe edzi be nane agblẽ le esia ŋu godoo. Gake naneke megblẽ o. Wokpɔe be kawo katã li pɛpɛpɛ negbe esiwo ŋu nuveviwɔame gblẽ nu le ko.

“Mlɔeba wogado nyɔnuvia ƒe ahɔhɔ̃ kpɔ gake naneke megblẽ le eya hã ŋu o. Sidzedze kple nunya siwo katã li fia be ele be nyɔnuvi sia nase veve hafi, gake mesea konukonuidodo gɔ̃ hã o.” Gake ne womiã eƒe ŋutilã la esenɛ eye ne wotsɔ abi ƒe tagbɔ alo nugbɔ tɔe la, edea vovototo wo me togbɔ be mevenɛ o hã.

Ronald Melzack si hã nɔ eme woto nufiafia yeye aɖe vɛ le ƒe 1960 ƒeawo me be woatsɔ aɖe nusi vevesese nye gɔme la gblɔ alesi egɔmesese sesẽe ƒe kpɔɖeŋu bubu. Egblɔ be: “Aƒenɔ Hull nɔ asi fiam eƒe afɔ si meli o la [wolãe ɖa] eye wònɔ gbɔgblɔm be yele veve sem abe ke ga dzodzoe wotsɔ ƒo ɖe afɔbidɛ me na ye ene.” Melzack gblɔ na Macleans magazine le ƒe 1989 me be “yegale agbagba dzem kokoko be yease nusi yeyɔna be ‘vevesese fluame’ la gɔme.” Hekpe ɖe eŋu la, vevesese bubu li si me ame ƒe ŋutinu ƒe akpa aɖe manɔ dɔ wɔm nyuie o evɔ wòanɔ veve sem le ŋutinu bubu me.

Etsoa Ahɔhɔ̃ Kple Ŋutilã Siaa Gbɔ

Wova kpɔe azɔ be vevesese nye “kadodo wɔnuku aɖe le ahɔhɔ̃ kple ŋutilã dome.” Mary S. Sheridan gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Pain in America, ƒe 1992 tɔ me be “vevesese ku ɖe susua ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi ŋu ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi la, susua malɔ̃ ɖe edzi be eli o eye wòana woase veve ɣeaɖewoɣi ne nuvevi wɔ ame va yi xoxo gɔ̃ hã eye woléa vevesese ma ɖi.”

Tamesusu, ŋugbledede, amenyenye, aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ, kple nu bubuwo katã nye nusiwo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi ame sea vevee dzi. Veveseseŋutinunyala Ðk. Bonica gblɔ be: “Vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi na wowɔa nu wògbɔa eme.” Eyata woate ŋu asrɔ̃ alesi woase vevee. Susuŋutinufiala Ðk. Wilbert Fordyce, si nya nu le vevesese ŋuti nyuie gblɔ be:

“Menye nya lae nye ne vevesese nye nu ŋutɔŋutɔ alo menyee o. Le nyateƒe me la, nu ŋutɔŋutɔe. Biabia lae nye be nu vevi kawoe kpɔa ŋusẽ ɖe edzi. Ne meƒo nu tso abolo si me wode halãe ŋu na wò do ŋgɔ teti na ŋdɔnuɖuɖu la, àmi ta. Àmi ta godoo. Gake àmii le alesi nètrɔ wò susu ɖe nua ŋui ta. Abolo si me wode halãe aɖeke mele afima o. Susu tɔtrɔ ɖe alesi nuwo le ŋu wɔa dɔ ɖe amegbetɔwo dzi ŋutɔ. Ekpɔa ŋusẽ ɖe hadomegbenɔnɔ, ta mimi, ʋu ƒe dɔwɔwɔ, nuɖuɖu ƒe tutu kabakaba alo blewuu, vevesese, kple nusianu ƒomevi dzi.”

Alesi wò seselelãmewo kple tamesusu ana vevesese nu nasẽ ɖe edzii la, nenema ke woate ŋu ana enu nafa vie. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Lãmeka kple ahɔhɔ̃ kola aɖe gblɔ be nyɔnuvi aɖe ƒe nu lé dzi na ye le yeƒe ɖekakpuime ale gbegbe be esime yewonɔ anyi ɖe tsikpe fafa dzi hã la, yemesee be yeƒe agɔnu fa miamiamia alo ve ye gɔ̃ hã o. Egblɔ be: “Fafa lém kloe. Míenɔ afima aɖabaƒoƒo 45 sɔŋ, gake nyemese avuvɔ aɖeke kura o.”

Kpɔɖeŋu siawo bɔ. Bɔlƒola siwo bɔlƒoƒo ɖo lãme na alo asrafo siwo ƒe ŋku biã le aʋagbe dzi ate ŋu axɔ abi vevie gake womase veve boo o alo womasee kura ɣemaɣi o. David Livingstone si nye Afrika-nyigba yeyewo dila xɔŋkɔ aɖe gblɔ be dzata aɖe dze ye dzi, eye wòʋuʋu ye abe alesi “avũ ʋuʋua alegelii ene. Vɔvɔ̃ na . . . wòbu ɖe eɖokui ale be mese veve kura o.”

Anyo be míade dzesii be Yehowa Mawu subɔla siwo kpɔa mɔ nɛ heɖoa ŋu ɖe eŋu kple kakaɖedzi blibo hã kpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be yewoƒe vevesese nu tsi vie. Kristotɔ aɖe si woƒo gblɔ be: “Nukutɔe la, le ƒoƒo ʋee aɖewo megbe ko la, nyemegasea veve azɔ o. Ke ɖeko wònɔ ɖiɖim abe ʋu aɖe ƒom wole le adzɔge ene.”—Nyɔ!, April 8, 1994, axa 10.

Nusiwo Te Ŋu Kpɔa Ŋusẽ Ðe Vevesese Dzi

Le ƒe 1965 me la, susuŋutinufiala Ronald Melzack kple ŋutilãŋutinufiala Patrick Wall woto nufiafia aɖe vɛ be agbo aɖe li si ʋua mɔ na vevesese alo xea mɔ ɖe enu be woatsɔ aɖe vevesese ŋuti nya ɣaɣla aɖewo gɔmee. Ðk. Bonica ƒe vevesese ŋuti nusrɔ̃gbalẽ ƒe 1990 tɔ gblɔ be nufiafia sia “le ŋgɔyiyi gãtɔ kekeake siwo wowɔ le vevesese ŋuti numekuku kple enutsitsi me la dome.”

Nufiafia ma gblɔ be wosrɔ̃e be agbo aɖe le ame ƒe dzimeka me si ɖoa nyatakaka ɖe ahɔhɔ̃ la me si ƒe ʋuʋu alo tutu ɖoa vevesese ŋuti nyatakaka ɖe ahɔhɔ̃a alo xea mɔ nɛ. Ne lãmenusese siwo menye vevesese tɔ o xe agboa nu la, ekema vevesese ŋuti nyatakaka si ɖoa ahɔhɔ̃a gbɔ la dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ. Eyata le kpɔɖeŋu me, ne wolili asi ɖe asibidɛ si dzo me ŋu alo woʋuʋui la, vevesese nu fana vie elabena nyatakaka siwo menye vevesese tɔ o ye yia ka si ɖoa nya ɖe ahɔhɔ̃a me va tsakana kple vevesese tɔ.

Nusi wokpɔ le ƒe 1975 me be míaƒe ŋutilã ŋutɔ wɔa lãmetsi si tsia vevesese nu si woyɔna be endorphin gakpe ɖe wo ŋu le numekuku si wɔm wole be woase vevesese ƒe nya ɣaɣlawo gɔme la me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo mase veve tututu o alo womasee kura o le esi woƒe ŋutilã wɔa endorphin fũ ta. Endorphin agana woase nusita gbedamɔnu si me wotsɔa tɔnui siwo le lɛlɛlɛ abe ɖa ene tɔa ame ƒe ŋutilã te ŋu ɖea vevesese dzi kpɔtɔna alo tsia enu la gɔme. Eteƒekpɔlawo gblɔ be tɔnui lɛlɛlɛ siawo ko wotsɔ tɔ dɔnɔ aɖe ƒe ŋutilã abe vevesesenutsitike ene eye woko eƒe dzi esime wònɔ ŋu, nɔ ŋudzɔ heɖe dzi ɖi! Nukata mese veve o?

Ame aɖewo susui be tɔnuiawo ana ŋutilãa nawɔ endorphin sɔ gbɔ si atsi vevea nu vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Nusi hã ate ŋu adzɔe nye be tɔnui tsɔtsɔ tɔ ŋutilã tsia vevesese nu elabena tɔnuiawo wɔa dɔ ɖe lãmekawo dzi be woɖoa nya siwo menye vevesese tɔ o boŋ ɖe ahɔhɔ̃a. Nyatakaka siawo xea dzimeka si ɖoa nya ɖe ahɔhɔ̃a la ƒe agbowo nu ale be vevesese ŋuti nyatakaka mete ŋu toa eme ɖoa ahɔhɔ̃ si na wosea veve la gbɔ o.

Dzimeka ƒe agbo siwo ŋu wosrɔ̃ nu le kple alesi ŋutilã ŋutɔ wɔa eƒe vevesesenutsitike hã ate ŋu aɖe nusita ame ƒe nɔnɔme, tamesusu, kple seselelãmewo te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe alesi woase vevee dzi la gɔme. Eyata ɖewohĩ vɔvɔ̃ si ɖo Livingstone esi dzata dze edzi le vome la na eƒe ŋutilã wɔ endorphin sɔ gbɔ eye wòɖo nyatakaka siwo menye vevesese tɔ o la ɖe dzimeka si me nya tona yia ahɔhɔ̃a me la me. Esia na mese veve boo o.

Gake abe alesi míede dzesii va yi ene la, ame ƒe tamesusu kple seselelãme ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi. Gbesiagbexaxa si tsoa agbenɔnɔ sesẽ si li egbea gbɔ ate ŋu ana woatsi dzimaɖi, woaxaxa, lãmekawo namiã eye wòadzi vevesese ɖe edzi.

Gake dzidzɔtɔe la, mɔkpɔkpɔ li na veveselawo. Nusitae nye be gbedamɔnu deŋgɔwo le vi ɖem na dɔnɔ geɖe fifia. Gɔmesese si va su amewo si le dɔléle vɔ̃ɖi sia ŋu lae na wowɔ ŋgɔyiyi siawo. Ðk. Sridhar Vasudevan si nye Amerika ƒe Vevesese Ŋuti Nusrɔ̃suku ƒe zimenɔla la gblɔ be: “Esi wokpɔe be vevesese ate ŋu anye dɔléle le eɖokui si ɣeaɖewoɣi ta la, ena gbedamɔnuwo trɔ keŋkeŋ le ƒe 1980 ƒeawo me.”

Aleke vevesese nu tsitsi ƒe gbedamɔnuwo trɔe? Gbedamɔnu kawoe le dɔ wɔm nyuie wu?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Aleke tɔnui lɛlɛlɛ tsɔtsɔ tɔ ŋutilã nana vevesese nu tsina vie alo tsina kurae?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

H. Armstrong Roberts

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe