INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 8/8 axa 3-6
  • Nɔnɔme Nyuiwo Ƒe Gbegblẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔnɔme Nyuiwo Ƒe Gbegblẽ
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋu Deblibo La
  • Ele Be Mí Mawu Subɔlawo Míanɔ Nɔnɔme Nyuiwo Ðem Fia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nɔnɔme Nyuiwo—Mawumemewo ƒe Nɔnɔmee Wonye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ðe Nɔnɔme Nyui Ðeɖe Fia Le Veviea?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nɔnɔme Nyuiwo “Agbenɔnɔ Yeye” Lae Gbeea?
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 8/8 axa 3-6

Nɔnɔme Nyuiwo Ƒe Gbegblẽ

Nɔnɔme nyui le ame miliɔn geɖe si. Ame miliɔn bubuwo tua afɔkpoe.

NƆNƆME nyuiwo dze gbegblẽ gɔme tso ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze ke. Nya mae The New Encyclopædia Britannica gblɔ: “Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu kple ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, ame ŋkutawo bu agbenyuinɔnɔ le ɣeyiɣi ɖeka me be enye nu maɖinu, modzakaɖenu eye wònye dɔ vevi na nyɔnuwo. Wotrɔ asi le nuƒoƒo kple nuwɔna geɖe siwo wobu be wonyo la ŋu be wòaɖe ame ŋkutawo ɖe vovo eye wòana amesiwo medze anɔ ame ŋkutawo dome o la nanɔ numanyamanya me, aɖe wo ɖe aga le ame ŋkutawo ŋu.”

Esia to vovo na nusi wòle be nɔnɔme nyui nanye sã. Amy Vanderbilt nye nya sia ŋuti nunyala xɔŋkɔ aɖe, eye eŋlɔ ɖe eƒe New Complete Book of Etiquette me be: “Woakpɔ agbenɔnɔdzidzenu nyuitɔwo le Korintotɔwo Gbãtɔ Ta 13 lia me, enye dɔmenyo ŋutinya vivi aɖe si Ame Kɔkɔe Paulo ŋlɔ. Se siawo meku ɖe awudodo ŋu nya nyadriwo alo ameŋkumenuwɔwɔ ŋu o. Seselelãmewo kple nuwɔnawo, dɔmenyo, kple ame bubuwo ŋu bubu ŋue wòku ɖo.”

Nusi Amy Vanderbilt wɔnɛ enye Biblia me nya si le Korintotɔwo I, 13:4-8, si gblɔ be: “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lɔlɔ̃ la meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o; medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi. Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.”

Bebli hafi nàkpɔ woaɖe lɔlɔ̃ sia afia egbea! Anye ne le afisiafi la, vodada manɔ amewo ƒe nɔnɔme ŋu o hafi! Kristotɔ ƒe aƒemee woadze nɔnɔme siawo fiafia kple wo sɔsrɔ̃ gɔme tsoe. Ƒome le abe mɔ̃ aɖe si hiã beléle tɔxɛ si ƒe ŋutinuwo le wo nɔewo ŋu kplikplikpli ene. Amidede eme nyuie koe ate ŋu ana wòawɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu. Alesi woana kpekpeɖeŋu, aɖɔ ʋu, akpɔ dzidzɔ ahabu amee nye nu vevi siwo ana dzidzɔ nanɔ aƒea me. Ʋuɖɔɖɔ kple ameŋububu ƒe gbesiagbenyagbɔgblɔ siwo dzi woda asi ɖo la sɔsrɔ̃ ahagblɔ wo—abe “Akpe na wò,” “Taflatse,” “Tsɔe kem,” “Meɖe kuku” ene—awɔ geɖe be wòaɖe masɔmasɔwo ɖa le míaƒe ƒomedodo kple amewo me. Nya sue aɖewo ko wonye gake kpekpe le wo ŋu. Amesiame ate ŋu agblɔe nyuie. Míexea fe aɖeke ɖe wo ta o gake míate ŋu ato wo dzi adze xɔlɔ̃wo. Ne míeɖea nɔnɔme nyui fiana le aƒeme gbesiagbe la, míagblẽ wo ɖi ne míedo le aƒeme yi amehawo dome o.

Nɔnɔme nyui ɖeɖefia bia be míabu ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu, míade bubu wo ŋu, míawɔ nu ɖe wo ŋu abe alesi míadi be woawɔ ɖe mía ŋu ene. Gake ame geɖe de dzesii be nɔnɔme nyui gblẽ fifia. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Míegawɔa nu dzeame o elabena ɖokuisigbenɔnɔ va le vevie na mí wu.” Xexemenunyala Arthur Schopenhauer ŋlɔe bena: “Ðokuitɔdidi nye nu dziŋɔ ale gbegbe be míeto amebubu si míatsɔ atsyɔ nu edzi la vɛ.” Ame geɖe susui egbea be “amebubu” fia “gbɔdzɔgbɔdzɔ” eye be ame bubuwo tsɔtsɔ ɖo ŋgɔ na ɖokuiwò fia be ènye klenɔ. Ðe menye ƒe 1970 ƒe Tɔnye-ko-nenyo-ƒeawoe kplɔ mí de makpɔe-gbã ƒe agbenɔnɔ si li fifia me oa? Dugã aɖe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ gblɔ be: “Kuxia va ɖo afi aɖe ale be womagate ŋu agblɔ be nɔnɔme nyui si dzi woda asi ɖo la bɔ o.”

London ƒe Daily Mail ka nya ta be ɖevi siwo xɔ ƒe atɔ̃ gɔ̃ hã ƒe nɔnɔme vlo, womegadea bubu ɖevi bubuwo ƒe nuwo ŋu o, womegadea bubu ame tsitsiwo ŋu o, eye wogblɔa aɖɔnyawo. Nufiala siwo wobia gbee dometɔ geɖe kpɔe be dzilawoe le wo viwo gblẽm, eye be esia koŋ tae woƒe nɔnɔme le ku gblẽm ɖe edzi ɖo. Nufiala siwo wobia gbee le numekuku aɖe me dometɔ 86 le alafa me gblɔ be “dzidzenu siwo me kɔ kple nudidi siwo mele aƒewo me o” gbɔe wòtso. Wo dometɔ 82 le alafa me gblɔ be dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui maɖomaɖo gbɔe wòtso. Ƒomewo ƒe gbagbã, srɔ̃gbegbe, ame maɖesrɔ̃wo ƒe anyinɔnɔ ɖekae, television kpɔkpɔ vivivo, tomahemahe, agbenɔnɔse sesẽwo ƒe anyimanɔmanɔ—esiawo katãe gbãa ƒome.

Gɔmedzesuku aɖe dzi kpɔla gblɔ be: “Ðeviwo ƒe amemabumabu egbea tena ɖe dzinye ŋutɔ. Wometsɔa ɖeke le eme ne woɖi gbɔ woƒe zɔhɛwo alo da vo ɖe ame tsitsiwo ŋu o. . . . Woɖea woƒe amemabumabu fiana le mɔ geɖe nu—amenuɖianuwɔwɔ, nya madzetowo gbɔgblɔ, gbegbe be womazɔ ɖe ɖoɖo bɔbɔewo dzi o . . . , bɔl dzi zizi ne wole kame dem le hame . . . [Le go bubu me la], aƒe aɖewo me viwo dea bubu ame ŋu. Womenyea ɖevi siwo gbɔ nufialawo melɔ̃a nu le kokoko o . . . , gake wowɔa nu ɖe ame ŋu bubutɔe. Ne ame bubuwo le ame ŋgɔ tsom le fli me la, woawo tɔna kpoo nɔa lalam . . . Ne [ɖeviawo] srɔ̃ amebubu alo womesrɔ̃e o, edzena ƒã.”

Gɔmedzesukudzikpɔla bubu si kpɔ nuteƒe ƒe geɖe la gakɔ eme ɖe edzi be: “Míele nɔnɔme vlowo kpɔm gaglã wu. Ðeviwo megafena le fefeƒewo fifia abe tsã ene o; wonɔa hame nɔ tsatsam. Wodea dzesi ame ɖuɖɔewo, ɖevi siwo wobuna be womele yewo dome o, ɖevi siwo medoa kamedefefefɔkpa alo awu nyuiwo o la kaba. Wotia wo yome, woɖea alɔme le wo ŋu; wowɔnɛ ŋutasẽtɔe. Míedze agbagba be míatsi enu gake medze edzi tututu o.”

Nufialagã Jonathan Freedman si le Columbia Yunivɛsiti gblɔ be: “Ame geɖe va le ʋu kum tramatrama ale gbegbe. Mɔdodo gãwo dzi zu aʋagbedzi kloe.” Canada ƒe Royal Bank ƒe Monthly Letter ƒo nu tso “amewuwu le mɔdodowo dzi atraɖii” ŋuti eye wòƒo nya ta be “ʋumaɖɔmaɖɔ gbɔe kuxia tso. Enye ŋukpe be nudzeamewɔwɔ, ameŋububu, dzidodo, dzigbɔɖi kple amebubu le amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu, si nyea ŋkuʋuʋu la le bubum.”

The New York Times de dzesi New York Dugã me mɔdodowo le mɔ sia nu be: “Enye Ʋukulawo kple Dɔnɔkɔʋuwo dome hoʋiʋli.” Du ma me ʋukula geɖe melɔ̃na naa mɔ ʋu siwo yina nane gbe kpata, abe dɔnɔkɔʋuwo kple dzotsiʋuwo ene o—wona afɔkua nu sẽna ɖe edzi ale be amesi dze dɔ alo xɔ abi vevie la ate ŋu aku elabena womate ŋu aɖo eƒeme alo akɔe ayi kɔdzi kaba o. Emergency Medical Services ƒe amegã si ŋkɔe nye Ellen Scibelli gblɔ le ŋutsu aɖe si nɔ ʋu kum le New York du ƒe Pelham Mɔdodo dzi, amesi gbe mɔnana dɔnɔkɔʋu si yina dzidɔléla aɖe kɔ ge la ŋu be: “Eƒe nya dzi sẽ eye melɔ̃ na mɔ o, gake esi wòɖo aƒeme la ekpɔ bometsinu si wòwɔ. Dzi nɔ dadaa vem eye wonɔ agbagba dzem be woaɖa kɔe kple dɔnɔkɔʋua.”

The New York Times International ƒo nu tso Eŋlisiawo ƒe habɔbɔ aɖe si woyɔna be Ameŋubuha la ŋu, woɖoe elabena “amewo le ŋuta sẽm le wo nɔewo ŋu ŋɔdzitɔe, eye ele be woawɔ nane tso eŋuti.” Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ le The Evening Standard me be: “Dukɔ si xɔ ŋkɔ le eƒe amebubu me tsã la va le vevemaseɖeamenulawo ƒe dukɔ zum.” Scotlandtɔwo ƒe nugblẽfexeha aɖe “ƒo nya ta be lɔrifɔku siwo katã dzɔna dome 47 le alafa me tsoa nudzeamemawɔmawɔ gbɔ.”

Television hã le eme be amewo ƒe nɔnɔme gblẽ, vevietɔ le ɖeviwo kple ƒewuiviwo gome. Amewo ƒe awudodo, woƒe nuƒoƒo, alesi wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui, alesi wotsɔa nuvlowɔwɔ kpɔa kuxiwo gbɔe zi geɖe—television ye fiaa nusiawo katã. Ne mí kple mía viwo míanɔ nyakpakpafefe siwo me susu mele o kpɔm la, míanɔ amesiwo míekpɔna la ƒe ŋumakpemakpe, amemabumabu, kple fewuɖugbe nɔm. Woɖea dzilawo fiana zi geɖe be wonye movitɔwo eye ɖeviwo boŋ nyea nunyalawo.

Edzea eme na xexeame be woaƒo nu kple ŋusẽ adegbeƒoƒotɔe—wodoa kplamatse ame, wodana ɖe woƒe ame dzi ɖuɖu ta, wowɔa nu nyamanyama, wodoa wo ɖokui ɖe dzi, woɖia ame nu, eye wodia ge. Tsã la, amewo katã tsia tre ɖe ŋutasẽnuwɔna ŋu eye womegadea ha kple nugbegblẽwɔla la o. Woate ŋu awɔ nu vlo egbea evɔ womado ŋukpe agɔdzela la o. Eye ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, woadzui alo awɔ anyrã le eŋu! Sɔhɛ aɖewo nɔa hame nɔa ɣli dom eye wotsɔa nyagbegblẽgbɔgblɔ, nuwɔna baɖawo yɔa woƒe nutoa mee eye wotsɔa woƒe nɔnɔme maɖɔʋuwo nɔ ge dim le amewo ŋu, wowɔa nusiawo katã be woatsɔ ahe amewo ƒe susu va woƒe aglãdzenuwɔna vɔ̃ɖiwo dzii, eye wodoa voɖi na ame tsitsiwo kple woƒe ŋutasẽnuwɔna baɖawo. Gake abe alesi wogblɔe ene la, “amemabumabue nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ƒe ŋusẽ.”

Se siwo woli kɔ ɖi be woatsɔ aɖɔ amegbetɔwo ƒe nuwɔna ɖoe la ayɔ agbalẽdzraɖoƒe gake womete ŋu na mɔfiame si ameƒomea hiã la o. Ðe míegahiã na geɖe wua? Alo ɖewohĩ ɖe míehiã na ʋee wua? Wogblɔna be zi alesi amewo ƒe agbenɔnɔ nyoe la, zi nenemae womegahiãna se geɖe o. Ke se ɖeka pɛ ko ɖe? Le kpɔɖeŋu me, esia: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.”—Mateo 7:12.

Se sia dzi wɔwɔ aɖe fifi kuxiwo ƒe akpa gãtɔ ɖa, gake hafi woakpɔ amegbetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ keŋkeŋ la, ele be woatsɔ se bubu si le vevie wu akpee: “Nalɔ̃ [Yehowa] wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.”—Marko 12:30.

Amesiwo li egbea bua Biblia ƒe nudidi eve siawo kple afɔɖoƒe bubu siwo le Biblia me la be womehiã o. Biblia ƒo nu tso amesiawo ŋu le Yeremya 8:9 be: “Ŋu akpe nunyalawo, . . . Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?” Womekpɔe be ehiã be yewoƒe nu nasɔ le dzidzenu siwo dzi wolɔ̃ ɖo tso blema ke be wole vevie hena míaƒe mɔfiame la me o. Woƒe agbenɔnɔ yeye la nye mɔ gbadza si ɖe mɔ ɖe agbenɔnɔ ɖesiaɖe si dze amewo ŋu la ŋu—enye mɔ gbadza si Yesu de dzesi be eɖo ta tsɔtsrɔ̃ me—eye ame geɖewoe le edzi yina.—Mateo 7:13, 14.

Kpɔɖeŋu Deblibo La

Yesu Kristo, amesi “le Fofoa kɔme” la, nye kpɔɖeŋu ɖedzesi si wòle be míasrɔ̃. (Yohanes 1:18) Ewɔ nu ɖe amewo ŋu le tufafa kple nublanuikpɔkpɔ me le go ɖeka me, eye le go bubu me la, eɖoe kplikpaa wɔ nu; gake mesẽ ŋuta alo wɔ dɔmevevee le ame aɖeke ŋu o. Esi agbalẽ si nye The Man From Nazareth nɔ nu ƒom tso Yesu “ƒe nunana tɔxɛ si nye alesi wòwɔa nu ɖe ameƒomevi ɖesiaɖe ŋu bɔkɔɔ” ŋu la, egblɔ be: “Ede ha kple ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le dutoƒo kple aƒewo me ameŋkumemakpɔmakpɔe. Ete ŋu nɔ anyi kple ɖevi siwo mele ɖeke nyam o, eye esi gawɔ nuku wue nye be ete ŋu nɔ anyi kple adzodala siwo ƒe dzi gbã abe Zaxeo ene hã. Nyɔnu aƒedzikpɔla bubumewo abe Maria kple Marta ene te ŋu ƒo nu kplii faa, gbolowo hã di eƒe mɔ kple kakaɖedzi be ase nu gɔme na yewo eye wòadze xɔ̃ yewo . . . Alesi metsɔ ɖeke le vovototo si wode ame tsɛwo me tsɔ xe mɔ ɖe wo nui o la nye eƒe amenyenye tɔxɛawo dometɔ ɖeka.”

Yehowa Mawu wɔa nu le bubumɔ nu ɣesiaɣi ne ele nu ƒom na eteviwo, eye zi geɖe edoa “taflatse” hafi ƒoa nu. Esi wònɔ exɔlɔ̃ Abraham yram la, egblɔ be: “[Taflatse, NW] tsa ŋku tso afisi nèle.” Egagblɔ be: “[Taflatse, NW] kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo.” (Mose I, 13:14; 15:5) Esi Mawu nɔ Eƒe ŋusẽ ƒe dzesi nam Mose la, egblɔ be: “[Taflatse, NW] tsɔ wò asi ƒo ɖe wò axatome!” (Mose II, 4:6) Ƒe geɖe megbe la, Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Mixa dzi gblɔ na eƒe dukɔ tatra la gɔ̃ hã be: “[Taflatse, NW] mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, . . . [taflatse, NW] misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe tatɔwo.” (Mixa 3:1, 9) Ðe míenye “mawusrɔ̃lawo” le go sia me be míagblɔ be taflatse ne míele nu ƒom na ame bubuwoa?—Efesotɔwo 5:1.

Eyata afɔɖoƒe alo agbenɔnɔ ŋuti mɔfiame kawoe xexemenunyalawo na tsɔ ɖo Biblia me tɔ siwo wogbe la teƒe? Nyati si kplɔe ɖo adzro esia me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Womagate ŋu agblɔ be agbenɔnɔ si dzi woda asi ɖo la bɔ o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Wonɔ agbagba dzem be woatsɔ dɔnɔkɔʋua aɖa kɔ dadaa

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Amemabumabue nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ƒe ŋusẽ”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Miame: Agbe; Ðusime: Grandville

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe