Nɔnɔme Nyuiwo “Agbenɔnɔ Yeye” Lae Gbeea?
‘Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, amesiwo tsɔa veve wɔa vivii.’—Yesaya 5:20.
NƆNƆME nyuiwo kple agbenɔnɔ trɔ le teƒe geɖe le ƒe alafa 20 lia sia me. Ʋeʋeʋe la, wova bu agbenɔnɔdzidzenu siwo nɔ anyi tsã la tsigãdzinuwoe le ƒe siwo va ɖe xexemeʋa eveawo yome. Nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ kple nufiafia yeyewo le amegbetɔ ƒe nuwɔna kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti na ame geɖe va bui be viɖe megale dzidzenu xoxowo ŋu o. Wotsɔ nɔnɔme siwo ŋu wode asixɔxɔe tsã la ƒu gbe abe agba tsidzi siwo ge ɖe mɔ to ene. Wogbe Biblia me mɔfiame siwo ŋu wode bubui tsã la be wozu tsigãdzinuwo. Wosesẽ na ƒe alafa 20 lia sia me tɔ ablɔɖeme, ɖokuisinuwɔla siwo nɔa agbe blibaa la akpa.
Ƒe 1914 mee nuwo ƒe tɔtrɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me alea dze egɔme. Nusiwo ŋutinyaŋlɔlawo ŋlɔ le ƒe ma kple Xexemeʋa I ŋu ɖe nusiwo wokpɔ la gblɔ tsitotsito be ƒe 1914 nye ƒe si me nuwo trɔ le kpata, enye dzesideƒe vevi aɖe si mã azãwo me le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Aʋakeɣi si woyɔ be Ƒe 1920 Nudzedzinameƒewo va ɖe aʋa la yome enumake eye amewo dze agbagba be yewoaɖu agbe ɖe kɔɖiɖi si bu ɖe yewo le aʋaƒe mawo me nu. Woɖe dzidzenu xoxowo kple agbenɔnɔdzidzenu siwo mesɔ na amewo o ɖa bene woate ŋu aɖu agbe. Wova ɖo agbenɔnɔdzidzenu yeye, ŋutilãmevivisese didi vivivo anyi—enye ɖeke-medze-vɔ̃-o ƒe nɔnɔme. Agbenɔnɔdzidzenu yeyea na amewo ƒe nɔnɔme trɔ.
Ŋutinyaŋlɔla Frederick Lewis Allen gblɔ tso esia ŋuti be: “Nu bubu si tɔtrɔ kpata sia gahe vɛ enye be, menye ɖeko amewo ƒe nɔnɔme trɔ o, ke—le ƒe ʋee aɖewo me la—womeganɔ agbe ɖe ɖoɖo nu o. . . . Nyɔnu kplɔ̃subɔlawo kpɔe le ƒe siawo me be . . . yewoƒe amedzrowo megatsɔa ɖeke le eme hã be woaɖo dze kple yewo ne wova alo ne wodzo yina o; be woda asi ɖe ‘kpɔdzedze’ age ɖe ɣeɖuƒewo dzi be enyo, ‘megbetsitsi’ yi kplɔ̃ɖoƒewo ‘va zu dɔ na amesiame,’ wotsɔa sigaret-takpoewo ƒua gbe ɖe afisiafi, wokakaa sigaret-dzofiwo ɖe anyigbakuntruwo dzi taflatsemadomadoe. Dzidzenu xoxoawo bu, womekpɔ yeyewo ɖo wo teƒe o, eyata aglãdzelawo dzo ɖo gbe yi nusi dze wo ŋu wɔ ge. Ðewohĩ woava yɔ ƒe ewo siwo va ɖe aʋaƒea yome gbeɖeka be Nɔnɔme Baɖa Ƒewo. . . . Ne wonɔ agbe vlo le ƒe ewo mawo me la, ke dzidzɔ hã menɔ eme o. Nuɖoanyi xoxoa kple dzidzenu siwo na agbenɔnɔ vivi eye gɔmesese nɔ eŋu la nu yi, eye womete ŋu kpɔ dzidzenu bubuwo ɖo wo teƒe bɔbɔe o.”
Womekpɔ dzidzenu bubu siwo ana agbenɔnɔ navivi eye gɔmesese nanɔ eŋu la ɖo eteƒe kpɔ o. Womegadi wo emegbe hã o. Ðeke-medze-vɔ̃-o ƒe nɔnɔme si nɔ anyi le Ƒe 1920 Nudzedzinameƒewo me la na ablɔɖe amewo tso agbenɔnɔdzidzenuwo me, eye ema ko dim wole. Menye ɖe wole agbenyuinɔnɔ ɖem ɖa o, ke asi ko trɔm wole le eŋu be eme naka bɔbɔ vie. Wova yɔe emegbe be Agbenɔnɔ Yeye. Amesiame wɔa nusi le dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume. Eya ŋutɔ tɔ ko wòdina. Ewɔa nusi dze eŋu. Enɔa ɖokuisigbe.
Etsɔnɛ be alea ko wòle tso gbaɖegbe ke. Le nyateƒe me la, nunyala Fia Salomo gblɔ ƒe akpe etɔ̃e nye sia be: “Nu yeye aɖeke mele ɣea te o.” (Nyagblɔla 1:9) Do ŋgɔ na ema le Ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli gɔ̃ hã la, ablɔɖe geɖe nɔ Israel-viwo si be woawɔ Mawu ƒe Se dzi loo alo womawɔe o: “Ɣemaɣi la fia aɖeke menɔ Israel o, eye amesiame wɔ nusi dze eŋu.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 21:25) Gake ame akpa gãtɔ melɔ̃ be yewoawɔ Se la dzi o. Israel-viwo ƒe nuwɔna sia he dzɔgbevɔ̃e va dukɔ bliboa dzi ƒe alafa geɖe. Nenema ke egbea la, nusia he vevesese kple fukpekpe va dukɔwo dzi ƒe alafa geɖe—eye vɔ̃ɖitɔ wu le ŋgɔ gbɔna.
Nyagbɔgblɔ bubu aɖe li si de dzesi Agbenɔnɔ Yeye sia nyuie wu, eyae nye “agbenɔnɔdzidzenu ɖoɖo na ame ɖokui.” Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ɖe egɔme be: “Enye nukpɔsusu si le amewo si be agbenɔnɔdzidzenu ɖoɖo kpɔ ame ɖekaɖekawo alo ame hahoo siwo si susu mawo le la ŋkume.” Kpuie ko la, amesiwo da asi ɖe agbenɔnɔdzidzenuwo ɖoɖo na ame ɖokui dzi la ʋlia nya be nusianu si nyo na yewo la nye agbenɔnɔdzidzenu nyui na yewo. Nuŋlɔla aɖe gaɖe agbenɔnɔdzidzenu ɖoɖo na ame ɖokui gɔme yi ŋgɔe esi wògblɔ be: “Agbenɔnɔdzidzenu ɖoɖo na ame ɖokui si le ɣaɣla ɣeyiɣi didi aɖe enye sia la do kpoyi va zu ƒe 1970 ƒeawo ƒe nɔnɔme si bɔ le ‘tɔnye-ko-nenyo-ƒeawo’ me; egabɔ ɖe agbegãɖulawo dome kokoko le ƒe 1980 ƒeawo hã me. Míagate ŋu atsɔ nu anɔ dzidzenu tsãtɔwo kafumee, gake le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me la, nusi dze ame ŋu ye wobua nu nyuitɔe.”
Amewo ƒe nɔnɔme hã le eme—‘Ne edze ŋunye la, mawɔe; ne medze ŋunye o la, nyemawɔe o. Ne enye nɔnɔme nyui na wò la, masɔ na nye ya o. Ava gblẽ ɖokuisinɔnɔ ƒe gome tɔxɛ si le asinye la me, ava na woabum be megbɔdzɔ, ava wɔm ame tsɛe.’ Edze ƒã le amesiawo gome be menye amemabumabunuwɔnawo ŋu koe esia ku ɖo o, ke eku ɖe gbesiagbenyagbɔgblɔ nyui bɔbɔewo abe ‘Meɖe kuku, Tɔnye medzɔ o, Taflatse, Akpe na wò, Maʋu ʋɔa na wò, Nɔ anyi ɖe tenyeƒe, Makɔ nubablɛ ma kpe wò’ ene hã ŋu. Nyagbɔgblɔ siawo kple bubuwo le abe ami nyui siwo na mía dome ƒomedodowo nyona hevivina ene. Gake tɔnye-ko-nenyo-tɔ agbe agblɔ be, ‘nunyuiwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu agblẽ nu le nye agbenɔnɔ ŋu eye nyemate ŋu aɖee afia be nye koe le tsia dzi o.’
Hadomegbenɔnɔŋutinunyala James Q. Wilson gblɔ be masɔmasɔ kple nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi tso “nusiwo wobuna fewuɖutɔe be wonye ‘tsigãdzidzidzenuwo’ egbea la gbɔ,” eye egblɔ yi edzi be: “Edze abe ɖe dzidzenu siawo ƒe bubu—kple agbenɔnɔdzidzenu ɖoɖo na ame ɖokui ƒe dzidziɖedzi—sɔ ɖe nuvlowɔwɔ ƒe gãdodo ɖe edzi nu ene.” Le nyateƒe me la, esɔ ɖe fifi nɔnɔme si nye be woagbe se ɖesiaɖe si wode ɖe ɖokuisinuwɔna nu, metsɔ le eme alesi wògblẽ alo ɖia ame nui o. Esia sɔ kple alesi hadomegbenɔnɔŋutinunyala bubu, Jared Taylor, gblɔe: “Ʋeʋeʋe la, míaƒe xexea va ɖe asi le ɖokuidziɖuɖu ŋu hetrɔ ɖe ɖokuisinuwɔna ŋu, eye ame geɖe bua tsigãdzidzidzenuwo be wotea ame ɖe anyi.”
Agbenɔnɔdzidzenu ɖoɖo na ɖokuiwò ana nànye wò agbenɔnɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃la, màgakpɔ ame bubu aɖeke ƒe nyametsotsowo ɖe nemi me o, Mawu tɔ hã le eme. Èle nya me tsom na ɖokuiwò le nyui kple vɔ̃ ŋu abe alesi ame eve gbãtɔwo wɔ le Eden-bɔa me esime wogbe Mawu ƒe se eye wotso nya me na wo ɖokui le nyui kple vɔ̃ ŋu ene. Da la ble Xawa wòsusu be ne mewɔ Mawu ƒe se dzi o eye wòɖu ati si ŋuti wode se ɖo ƒe ɖe la, ekema anɔ nɛ abe alesi wògblɔ nɛ ene be: “Miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Eyata Xawa gbe tsetsea ɖe heɖu eye wòna Adam hã wòɖu. (Mose I, 3:5, 6) Nyametsotso si Adam kple Xawa wowɔ heɖu atia la nye afɔku na wo eye enye dzɔgbevɔ̃e na woƒe dzidzimeviwo.
Esi nuteƒekpɔla aɖe gblɔ nyataƒonya didi aɖe tso nutovowɔwɔ si le dunyahelawo, asitsalawo, lãmesẽfefewɔlawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, Nobel Nunanaxɔla aɖe, kple osɔfo aɖe ŋu vɔ la, egblɔ le nuƒo aɖe me le Harvard Asitsatsa Nusrɔ̃sukua me be: “Meka ɖe edzi be nusi mayɔ be nɔnɔme ƒe gbegblẽ gãtɔ la teƒe kpɔm míele le míaƒe dukɔ sia me egbea, nusi wobu le Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe ŋkuʋuʋu me tso blema ke be enye sedede kple nɔnɔme nyui ememetɔ si xea mɔ na mí be míagawɔ mía ŋutɔwo ƒe dzɔdzɔmedidi ɖigbɔwo dzi o la ƒe bubu kura.” Eƒo nu tso “nya siwo aɖi nyamasekpɔwo ne wogblɔ wo le teƒe siawo, nyawo abe kalẽwɔwɔ, amebubu, dɔdasi, agbanɔamedzi, nublanuikpɔkpɔ, ʋuɖɔɖɔ ene—nya siwo zazã nu yi kloe la ŋuti.”
Nya aɖewo fɔ ɖe te le yunivɛsitikpowo dzi le ƒe 1960 ƒeawo me. Ame geɖe gblɔ be ‘Mawu aɖeke meli o, Mawu ku, naneke meli o, dzidzenu kɔkɔ aɖeke meli o, gɔmesese mele agbe ŋu kura o, ɖokuisigbe ko woanɔ ŋutsuwɔwɔtɔe hafi ate ŋu anɔ te ɖe agbe ƒe toflokonyenye nu.’ Gbevuviwo tsɔnɛ be ɖe woɖoe ɖi na yewo eye wotoa kokaine dodo ɖe ŋɔti me, marijuana nono, agbegbegblẽnɔnɔ, kple tomefafa didi na wo ɖokui me ɖua agbe be yewoaɖu agbe ƒe toflokonyenye dzi.’ Gake woƒe tome mefa kpɔ o.
Gbɔlɔha siwo tsia tre ɖe ɖoɖowo ŋu hã nɔ anyi le ƒe 1960 ƒeawo me. Menye tsukunuwɔlawo koe gbɔlɔha siawo nye o ke wosɔe na Amerikatɔwo ƒe nuwɔna eye wòyi edzi va ge ɖe ƒe 1970 ƒe ‘Tɔnye-ko-nenyo-ƒeawo’ me. Eyata míege ɖe ɣeyiɣi si hadomegbenɔnɔmekula Tom Wolfe yɔ be “Tɔnye-ko-nenyo-ƒeawo” la me. Enɔ alea ge ɖe ƒe 1980 ƒeawo me, ame aɖewo yɔe fewuɖutɔe be “ŋukeklẽ ƒe dzidzɔkpɔɣi gã la.”
Aleke nusiawo katã ku ɖe amewo ƒe nɔnɔme ŋui? Ame ɖokui ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ ŋue wòku ɖo, eye ne èɖoa ɖokuiwò nɔƒe gbãtɔ la, màlɔ̃ ɖe ame bubuwo ƒe nya dzi bɔbɔe o, màte ŋu atsɔ ame bubuwo aɖo ŋgɔ na ɖokuiwò o, màte ŋu anɔ agbe nyui ɖe ame bubuwo ŋu o. Ne èɖoa ɖokuiwò nɔƒe gbãtɔ le nyateƒe me la, àƒo ɖokuiwò ɖe Ðokuisubɔsubɔ ƒomevi aɖe me. Aleke Biblia ƒo nu tso amesi wɔa ale nusia la ŋuti? Enye “ŋuklẽla, si sɔ kple trɔ̃subɔla,” enye ‘ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ.’ (Efesotɔwo 5:5; Kolosetɔwo 3:5) Ameka koŋ subɔm amesiawo le? “[Woƒe] ƒodo nye mawu na wo.” (Filipitɔwo 3:19) Yeremya 10:23 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi koe agbenɔnɔ ƒaƒã siwo ame geɖe tia be wonyo na yewo kple dzɔgbevɔ̃e kple ku si dona tsoa nɔnɔme mawo tɔgbe me la ɖo kpee: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”
Biblia kpɔ nusiawo katã do ŋgɔ eye wògblɔe ɖi be wòanye nuxlɔ̃ame na mí le “ŋkeke mamleawo” ŋu abe alesi woŋlɔe ɖe Timoteo II, 3:1-5 me ene: “Nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo; ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake woagbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ.”
Míete ɖe aga sã tso nusi wowɔ mí be míanye—le Mawu ƒe nɔnɔme nu gbɔ kura. Nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, nunya, dzɔdzɔenyenye, kple ŋusẽ siwo míate ŋu aɖe afia la kpɔtɔ le mía me, gake womegada sɔ o eye wotɔtɔ. Woɖe afɔɖeɖe gbãtɔ si míawɔ atrɔ ayi egbɔ la fia ɖe Biblia ƒe kpukpui si me míeyɔ nya tsoe ɖe etame la ƒe nya mamletɔ me: “Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ.” Di nɔnɔme yeye bubu si atrɔ wò seselelãme gɔ̃ hã. Nya siwo me nunya le siwo Dorothy Thompson ŋlɔ ƒe aɖewoe nye sia ɖe The Ladies’ Home Journal me la nye nufiame nyui aɖe hena esia wɔwɔ. Egblɔ tsɔ ʋu eƒe nyawo nui be, ɖevi ƒe seselelãme boŋ wòle be woana hehee ke menye eƒe susu o, eya ko hafi woaɖu ɖeviwo ƒe tomaɖomaɖo dzilawo ƒe nuwɔna dzi:
“Ðevi me nuwɔnawo kple nɔnɔmewo kpɔa ŋusẽ ɖe nuwɔna kple nɔnɔme siwo anɔ esi ne etsi la dzi vevie. Gake menye eƒe ahɔhɔ̃ gbɔe esia tsona o, eƒe seselelãme gbɔe. Nusi wode dzi ƒo nɛ hena hehee be wòalɔ̃, akafu, asubɔ, ado vivi ɖe eŋu, eye wòatsɔ eɖokui asa vɔ ɖe eta la, nu mae wòava zu. . . . Nɔnɔme nyui wɔa akpa vevi aɖe le esiawo katã me, elabena ame bubuwo ŋu bubu ɖeɖefia tututue nye nɔnɔme nyui. . . . Woɖea seselelãmewo fiana le gotagomegbenɔnɔ me, gake gotagomegbenɔnɔ hã na wotua seselelãmewo ɖo. Ne èbua ame ŋu la, asesẽ ŋutɔ hafi nàwɔ akplãnu. Gbã la, ameŋkumenuwɔwɔ koe nɔnɔme nyuiwo anye, gake ƒã hafi wotsia nenema.”
Egagblɔ be “menye ahɔhɔ̃ lae ɖoa” nyuiwɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenye “ƒe nɔnɔme o, ke seselelãmee” eye be “menye ʋukawo ƒe lialiae na amewo zua nuvlowɔlawo o, ke woƒe dzimesesẽe.” Ete gbe ɖe edzi be seselelãmewo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna dzi zi geɖe wu susua eye be ne ɖe wozi hehe si wona mí kple alesi míewɔa nui ɖe mía dzi gbã hã la, ekpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi eye wòtrɔa dzi la.
Gake Biblia lae ƒo wo katã ta le afɔɖoƒe siwo tso gbɔgbɔ me le alesi woatrɔ dzi la ƒe amenyenye ememetɔe la gbɔgblɔ na mí me.
Gbã, Efesotɔwo 4:22-24 gblɔ be: “Miaɖe [amenyenye] xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzrowo me la ɖa; ke boŋ mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me, eye mido [amenyenye] yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.”
Evelia, Kolosetɔwo 3:9, 10, 12-14 gblɔ be: “[Miɖe amenyenye] xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido [amenyenye] yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu. Eyata esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.”
Ŋutinyaŋlɔla Will Durant gblɔ be: “Menye kɔmiunisttɔwo kple ɖokuisigbenɔlawo, Europa kple Amerika dome nyaʋiʋli ye nye nya gã si li egbea o, eye menye ʋiʋli si le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dome gɔ̃ hãe o; nya lae nye ne amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe Mawu manɔmee loo alo womate ŋui o.”
Hafi míanɔ agbe dzidzedzetɔe la, ele be míawɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. “Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be o, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo; elabena woahe agbenɔnɔ didi, ƒe nyuiwo kple ŋutifafa vɛ na wò kpaŋkpaŋ. Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi; ekema amenuveve kple gɔmesese nyui asu asiwò le Mawu kple amegbetɔwo ŋku me. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:1-6.
Ameŋububu ƒe agbenɔnɔ nyui ɖɔʋu si wotsɔ ƒe alafa geɖe srɔ̃ la menye agba tsidzi siwo ge ɖe mɔ to o, eye afɔɖoƒe siwo Biblia na le agbenɔnɔ ŋu hã mezu tsigãdzinu kura o, ke wonyo na ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ. Womate ŋu anɔ agbe Yehowa manɔmee o elabena ‘Yehowa gbɔe agbedzɔƒe le.’—Psalmo 36:10.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
Ne ɖe wozi alesi míewɔa nui ɖe mía dzi gbã hã la, ekpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi eye wòtrɔa dzi la.
[Aɖaka si le axa 10]
Nuɖukplɔ̃ ŋu Nɔnɔme Nyui si Anyo be Amewo Nasrɔ̃
Xevi siwo woyɔna be cedar waxwing nya kpɔ, woƒe nɔnɔme nyo, wowɔa nu le hame, woɖua nu ɖekae le avekɔe aɖe si me kutsetsewo ɖi ɖo fũ la me. Wonɔa fli me le atilɔ dzi heɖua kutsetsea, gake womehanɛ gbeɖe o. Wotsɔa woƒe dɔ nɔa kutsetsea ɖom ɖe wo nɔewo nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm vaseɖe esime ɖeka ɖunɛ kple dzidzɔ. Womeŋlɔa wo “viwo” be gbeɖe o, wotsɔa nuɖuɖu vɛ na wo ɖekaɖeka vaseɖe esime wo katã ɖui ɖi ƒo.
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
H. Armstrong Roberts
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Ame aɖewo gblɔna be: ‘Mitsɔ Biblia la kple agbenɔnɔdzidzenuwo da ɖe afi aɖe’
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
“Mawu ku.”
“Gɔmesese mele agbe ŋu o!”
“No marijuana, do kokaine ɖe ŋɔti me”
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]
Miame: Agbe; Ðusime: Grandville