INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 9/8 axa 25-27
  • Aleke Mawɔ Aɖe Susu Ða le Nyɔnuwo alo Ŋutsuwo Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Aɖe Susu Ða le Nyɔnuwo alo Ŋutsuwo Dzi?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Ŋudzɔ ɖe Ha si Nèdena Ŋu
  • Modzakaɖeɖe—Ehiã be Nàtia Wo Me
  • Ðe Dzodzro Mawo Ða le Susu Me!
  • Nukata Susu Ðeɖeɖa le Amesi ƒe Vidzinu To Vovo na Tɔnye Dzi Sesẽna Nam Alea?
    Nyɔ!—1994
  • Aleke Mawɔ Aɖe Susu Ða Le Gbɔdɔnyawo Ŋu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nukae Gblẽ le Gbegblẽnyawo Sese le Telefon Dzi Ŋu?
    Nyɔ!—2004
  • Ðo Dze Kple Viwòwo Le Gbɔdɔnyawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 9/8 axa 25-27

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Aɖe Susu Ða le Nyɔnuwo alo Ŋutsuwo Dzi?

‘TSO ŋkeke yi ŋkeke la, nyakakamɔnuwo tsɔa aɖaŋuɖoɖo gbegblẽwo kple gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ wɔ fefee gblẽa sɔhɛwo ƒe agbenyuinɔnɔ me; wosea rock-hadzidzi siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu; wobla gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ ƒe dzodzro si woate ŋu ami abe kpetike ene la ɖe lɔlɔ̃gbalẽ siwo woƒlena wu la me.’ Aleae nuŋlɔla Lesley Jane Nonkin gblɔ. Ẽ, esi nènye ƒewuivi ta la, nyakakamɔnuwo dea dzi ƒo na wò vevie be wò susu nanɔ nyɔnuwo alo ŋutsuwo dzi.

Le nyateƒe me la, ele dzɔdzɔme nu be woatsɔ ɖe le nyɔnu alo ŋutsu me.a Gake ne lɔlɔ̃susuwo, susu ƒe tsatsa, kple nudzodzrowo va ɖu wò susuwo dzi ale gbegbe be wogblẽa wò alɔdɔdɔ, gbedodoɖa, sukudɔdasi, Biblia xexlẽ, alo aƒemedɔwo me la, ekema efia be nɔnɔmea ɖo afɔku me ɣeyiɣi aɖee nye ma. Le nyateƒe me la, nu manyomanyo siawo ŋu bubu ate ŋu akplɔ ame ade nugbegblẽwɔwɔ me.—Yakobo 1:14, 15.

Mefia be nadzudzɔ nyɔnuwo—alo ŋutsuwo—kpɔkpɔ o. Gake ele be “[nàtrɔ] wò dzi ɖe amehehe ŋu” abe alesi Lododowo 23:12 gblɔ ene. Ao, egbɔkpɔnu bɔbɔe aɖeke meli o, naneke meli ana nàdzudzɔ nusia kpata o. Gake àte ŋu adze agbagba ana wò susu nada asɔ nyuie wu. Na míakpɔ mɔ nyui siwo dzi nàto awɔ esia la dometɔ ʋee aɖewo ɖa.

Nɔ Ŋudzɔ ɖe Ha si Nèdena Ŋu

Lé ŋku ɖe ha si nèdena ŋu nyuie. Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Amesiwo dome nèle la katã ƒoa nu tsoa gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu abe nuɖuɖue wònye nàva ɖu ene.” Ðe nya siawo tɔgbe sese ɣesiaɣi agblẽ nu le ŋuwòa? Ðikeke mele eme o be agblẽ nu le ŋuwò. Sɔhɛwo ŋuti numekuku aɖe si wowɔ la ɖee fia be wo me mamã ene ƒe akpa etɔ̃lia lɔ̃ ɖe edzi be “hatiwo sɔsrɔ̃ (alo nusi to vovo na wo tɔ wɔwɔ) ye kpɔa ŋusẽ ɖe alesi yewobua gbɔdɔdɔe dzi.”

Ke wò xɔlɔ̃wo ya ɖe? Ðe dzeɖoɖo ɖesiaɖe va trɔna zua nuƒoƒo tso nyɔnu alo ŋutsu ŋu veviea? Ðe nya siawo gbɔgblɔ gbɔa eme va zua yakanyawo alo dea dzodzro ame mea? Ne nenemae la, nu dede nya la me—alo toɖoɖo wo ko—ana wòasesẽ na wò be wò susu nanɔ nusiwo le dzadzɛ ŋu. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me.”—Kolosetɔwo 3:8.

Gake asesẽ be nàwɔ ɖe Biblia me aɖaŋuɖoɖo sia dzi ne wò hatiwo medea bubu Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o; àva srɔ̃ woƒe nɔnɔmewo godoo mlɔeba. (Lododowo 13:20) De ŋugble le nyɔnuvi Kristotɔ aɖe ŋu kpɔ, amesi gblɔ be: “Nyemedi be magblɔ na sukuviawo be Yehowa Ðasefoe menye o. Eyata woƒoa nu tso gbɔdɔdɔ ŋu nam faa ɣeawokatãɣi.” Eteƒe medidi hafi wòva nɔ agbe gbegblẽ hefɔ fu o. Lododowo 9:6 ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Do le ame mabunuwo ƒe ha me ne nànɔ agbe. Lé sidzedze ƒe mɔ la tsɔ.” (Today’s English Version) Ẽ, nɔ xɔlɔ̃ siwo hã léa Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ kple dzidzenuwo me ɖe asi abe wò ene, xɔlɔ̃ siwo atu wò ɖo le gbɔgbɔ me—eye womagblẽ wò o la dome.

Enye nyateƒe be sɔhɛ Kristotɔ siwo sroa Mawu ɖa ɣesiaɣi la gɔ̃ hã ‘ada vo le nuƒoƒo me’ ɣeaɖewoɣi. (Yakobo 3:2) Ne esia dzɔ eye dzeɖoɖoa va le mɔ gbegblẽ tom la, nukae nàte ŋu awɔ? Biblia gblɔ na mí be Fia Salomo va lɔ̃ nyɔnuvi alẽkplɔla aɖe. Gake nyɔnuvia melɔ̃e o. Esi ehati sɔhɛ aɖewo dze agbagba be yewoana wòalɔ̃ Salomo la, meɖe mɔ wotsɔ lɔlɔ̃nyawo ɖu edzi o. Eƒo nu gblɔ be: “Meta . . . mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!” (Hawo ƒe ha 2:7) Nenema ke wòahiã be nàƒo nu ne dzeɖoɖoa le gbegblẽm. Ao, mehiã kokoko be nàƒo nu na wò xɔlɔ̃wo ku ɖe nya la ŋu o. Ke boŋ ate ŋu adze agbagba atrɔ dzeɖoɖoa wòaku ɖe nya siwo tua ame ɖo wu ŋu.

Modzakaɖeɖe—Ehiã be Nàtia Wo Me

Akpa vevi bubu hãe nye modzakaɖeɖe. Sinima, video, alo agba yeye si gato la anya kpɔ. Gake Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.” (Yohanes I, 2:16) Abe alesi míegblɔ le gɔmedzedzea me ene la, wotrɔ asi le egbegbe modzakaɖeɖewo ƒe akpa gãtɔ ŋu be woanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me. Le kpɔɖeŋu me, hadzidzi kple sinima nyanyɛwo ɖea nusianu fiana gaglã—zi geɖe la, wonyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me.

Ŋusẽ kae ɖokuiwò ƒoƒo ɖe modzakaɖeɖe siawo me akpɔ ɖe dziwò? Nuŋlɔla John Langone gblɔ be: “Numekuku geɖe ɖee fia . . . be ne míele nusiwo nyɔa dzodzro ɖe ame me kpɔm la, ena míeƒoa nu tsoa gbɔdɔdɔ ŋu wu. Ɣeaɖewoɣi la, nusiawo na míetea nusiwo míate kpɔ hafi o la kpɔna.” Ẽ, nuvevi ko ‘susu tsɔtsɔ ɖo ŋutilãmenuwo dzi’ awɔ wò. (Romatɔwo 8:5) Atɔtɔ wò nukpɔsusu le lɔlɔ̃ kple gbɔdɔdɔ ŋuti eye wòana dzodzro makɔmakɔwo nayɔ wò susu me. Aɖaŋu kae Biblia ɖo? “Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.” (Korintotɔwo II, 7:1) Eyata te ɖa le sinima, video, kple agba siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me ŋu.

Kristotɔ ŋutsu aɖe si nye tre la ɖo aɖaŋu nyui sia gbeɖeka be: “Mègabu nu gbegblẽwo ŋu hafi namlɔ anyi o. Nusiwo woɖena le television dzi le zãtsiƒe dometɔ geɖe nyɔa dzodzro ɖe ame me.” Aleae agbalẽ geɖe hã le. Kristotɔ sɔhɛ si ŋkɔe nye Sherry ʋu eme be: “Mexlẽa lɔlɔ̃gbalẽwo. Mebua gbɔdɔdɔ ŋu hekua drɔ̃e le vivisese kple dɔdɔ kple ame vovovowo ŋu.” Esi gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo yɔ eƒe susu me ta la, enɔ bɔbɔe be woa kple ɖekakpui aɖe va nɔ wo nɔewo lém henɔ nu gbugbɔm na wo nɔewo. Àte ŋu aƒo asa na kuxi siawo tɔgbe ne èxlẽa nu tuameɖowo—abe magazine sia kple eƒe kpeɖeŋutɔ Gbetakpɔxɔ ene. Agbalẽ siawo tɔgbe xexlẽ kpe ɖe sɔhɛ geɖe ŋu ‘wotsɔ susu ɖo gbɔgbɔmenuwo dzi’ ɖe ŋutilã madeblibo ƒe dzodzrowo teƒe.—Romatɔwo 8:5.

Ðe Dzodzro Mawo Ða le Susu Me!

Nyɔnuwo alo ŋutsuwo ƒe nya age ɖe susu me na wò le vome ɣeaɖewoɣi. Scott si xɔ ƒe 17 la ʋu eme be: “Esesẽna nam ŋutɔ ɣeaɖewoɣi be maɖe susu ɖa le gbɔdɔdɔ dzi.” Alo ɖewohĩ àkpɔ ŋutsuvi dzeɖeka alo nyɔnuvi dzetugbe aɖe. Hafi nàdze sii la, àkpɔe be yele eŋu bum xoxo. Gake alesi woakpɔe be ame aɖe nya kpɔ la to vovo tso nusi ŋu Yesu xlɔ̃ nu le la gbɔ sã, si nye be ‘woanɔ nyɔnu kpɔkpɔ dzi wòadzro ame.’ (Mateo 5:28; tsɔe sɔ kple Lododowo 6:25.) Ne mètsi aɖe srɔ̃ haɖe o la, lɔlɔ̃nya dzroame siwo màte ŋu aɖi kɔ na o ŋububu ana nu nate ɖe dziwò ahaɖe dzi le ƒowò.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 13:12.

Eyata Scott gblɔ be: “Nusi kpena ɖe ŋunyee nye be matrɔ nya la—maɖe susu ɖa le nusiwo doa dzidzɔ nam la dzi. Meɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be seselelãmeawo alo dzodzroawo nu ava fa.” (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 4:8.) Apostolo Paulo gblɔ be: “Meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi.” (Korintotɔwo I, 9:27) Nenema ke wòle be nàzi ɖokuiwò dzi ne nyɔnuwo alo ŋutsuwo ƒe nya di be yeaxɔ aƒe ɖe wò susu me. Ne èkpɔtɔ le wo ŋu bum la, te kamedefefe aɖe wɔwɔ kpɔ. “Ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe,” eye azɔlizɔzɔ kabakaba alo kamedenuwɔna anye nusi nèhiã be wòakpe ɖe ŋuwò nàbu nu nyuiwo ŋu.—Timoteo I, 4:8.

Sɔhɛ geɖe kpɔe hã be ‘dɔ geɖe wɔwɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔa me’ kpena ɖe ame ŋu vevie. (Korintotɔwo I, 15:58) Sɔhɛ si ŋkɔe nye Debra la gblɔe ale: “Mekpɔ be egbɔkpɔnue nye be nànɔ nuwo wɔwɔ dzi vaseɖe esime ɖeɖi nate ŋuwò.” Hadede kple Kristo-hamea kpakple gomekpɔkpɔ le eƒe dɔwɔnawo katã me vevie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ be wò susu nada asɔ.

Gake ne èdze agbagba ʋuu hã la, asesẽ na wò ɣeaɖewoɣi be naɖe susu ɖa le nyɔnuwo alo ŋutsuwo dzi. Ne nenemae la, na ame tsitsi aɖewo nakpe ɖe ŋuwò. Ðewohĩ àte ŋu aƒo nu tso eŋu na dziwòlawo dometɔ ɖeka. Bu nya si Carl si nye sɔhɛ la gblɔ ŋu kpɔ: “Dzeɖoɖo kple ame tsitsi kpɔnuteƒe aɖe tso nya la ŋu kpe ɖe ŋunye. Zi alesi megblɔ nya sia nyae la, zi nenemae nɔnɔmea nyo ɖe edzi.” Ƒo ye katã ta la, megaŋe aɖaba ƒu kpekpeɖeŋu si nàte ŋu akpɔ tso wò Dziƒofofo gbɔ la dzi o. Ŋutsu Kristotɔ aɖe si nye tre gblɔ be: “Ne mekpɔ be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo di be yeanyɔ la, medoa gbe ɖa vevie.” Biblia gblɔ be: “Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.” (Hebritɔwo 4:16) Ao, Mawu maɖe wò ɖetsɔtsɔ le nyɔnuwo alo ŋutsuwo me ɖa o. Gake akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be nu bubu geɖe li siwo ŋu nàte ŋu abu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Susu Ðeɖeɖa le Amesi ƒe Vidzinu To Vovo na Tɔnye Dzi Sesẽna Nam Alea?” le míaƒe tata si nye August 8, 1994 tɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ne nuƒoƒo tso nyɔnuwo alo ŋutsuwo ŋu le eme gbɔm la, dzi nènɔ ƒowò nàtrɔ dzeɖoɖoa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe