Nonana Vi Ŋu Nya Veviwo
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ
Ne èɖoe be yeana no ye vi abe alesi vidada geɖe hã ɖoe ene la, ke ameƒomea Wɔla ƒe ɖoɖo si wòwɔ lɔlɔ̃tɔe dzie ma nètiae be yeawɔ ɖo. Notsi si wò ŋutɔ wò ŋutilã wɔna la ana nunyiame siwo katã viwò ahiã lae pɛpɛpɛ, eye wòana wòatsi le ɖoɖo nu le lãmesẽ nyui me. Akpɔ viwòa ta tso dɔléle siwo bɔ hã si me. Susu nyui aɖe tae Xexeame Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔe ɖo be: “[Vidada ƒe notsi] ye nye vidzĩ ƒe nuɖuɖu nyuitɔ kekeake. Nuɖuɖu bubuwo, abe nyinotsi, nyinotsiwɔ si ŋu wotrɔ asi le, kple dzogbɔ ƒomevi aɖeke mede enu o.”
Nonana vi ade wò ŋutɔ hã dziwò. Màklɔ atukpa aɖeke me alo aɖae o, eye màfɔ zãtitina ava nɔ nu ɖam na viwò le dzodoƒe o. Nonana vi ade wò lãmesẽ hã dzi elabena aɖe alesi nèkpe ɖe edzi le fufɔfɔ me la dzi akpɔtɔ eye wòana wò vidzidɔ nagaɖo eƒe nɔnɔme. Eye numekukuwo ɖee fia be nyɔnu siwo naa no wo viwo mete ŋu xɔa no me dɔdzẽ bɔbɔe o.
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ gblɔ be: “Vinɔ ɖesiaɖe kloe ate ŋu ana no via.” Anɔ eme be wò hã àte ŋu anae. Gake ɖewohĩ àkpɔe be nonana vi mele bɔbɔe abe alesi nèbui ene o, vevietɔ ne emae nye zi gbãtɔ nèle enam. Nusitae nye be togbɔ be nonana vi nye dzɔdzɔmenu hã la, wometsɔe dzi amee o; aɖaŋudɔ wònye wòle be nàsrɔ̃. Ðewohĩ àva kpɔe be axɔ ŋkeke alo kwasiɖa geɖe hafi ewɔwɔ nava mã mia kple viwòa nyuie.
Hafi Nàdzi Vi
Ne mèna no vi kpɔ o la, ke ɖo dze kple vidada siwo nae kpɔ. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na kuxiwo alo aɖu wo dzi. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi hã be yeate ŋu ana no ye vi nyuie.
Ele vevie be nàɖi ɖe eme nyuie le fufɔfɔ me kple emegbe. Hekpe ɖe eŋu la, kpɔ egbɔ be yeɖu nu ɖi ƒo nyuie. Xexeame Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe agbalẽ si nye Breastfeeding gblɔ be: “Vidzĩ ƒe matsimatsi nyuie le vidzidɔ me ate ŋu atso nunyuimaɖumaɖu do ŋgɔ na fufɔfɔ alo le fufɔfɔa me gbɔ. Agate ŋu afia hã be vidadaa mete ŋu dzra ami agbɔsɔsɔme si ana noa nato nyuie emegbe ɖo o. Eyata ehiã be vidadaa naɖu nu vovovowo be wòakpɔ nunyiame si da sɔ le fufɔfɔ me kple nonaɣi katã.”
Beléle na noa hã le vevie. Klɔ noa ne èle tsi lem le fua ƒe ɣleti mamleawo me, gake mègazã adzalẽ o. Lãmeka siwo le nokua (noa ƒe nugbɔ yibɔa) nu la toa dɔlékuiwutsi aɖe si naa nokua nu wɔa tsi eye wòxea mɔ na dɔlélewo. Adzalẽ ate ŋu ana nokua nu naƒu eye wòaɖe dɔlékuiwutsia ɖa alo axɔ aɖi le esi. Ne wò noawo ƒu alo wofiea wò la, àte ŋu asi ami alo ŋutibɔbɔmi ɖe wo. Gake mègasii ɖe nokuawo alo woƒe nugbɔ yibɔa o.
Ðɔktawo kafui kpɔ be vidadawo nanɔ woƒe nokua miam sesĩe ne wofɔ fu bene “wòasẽ.” Togbɔ be wobui be nusia ana noa mave ame le nonaɣi o hã la, numekukuwo fia be meɖea vi boo o. Zi geɖe la, ɖevia maɖomaɖo noa nu nyuie ye na noa nu vea ame.
Menye noa ƒe lolome kple eƒe nɔnɔme ye nye nusiwo na wonaa no vi nyuie o, gake vidzĩ mate ŋu alé noku si nyé ɖe eme alo wɔ gbabɛ o. Àte ŋu atsɔ degblefetsu kple mɔfiasi amia noku ɖesiaɖe blewu atsɔ ado ɖokuiwò kpɔ be nokuawo nu do hã. Ne womedo o la, gblɔe na wò ɖɔkta. Ðewohĩ agblɔ na wò be nàzã noga, enye ga sue si wodea no le fufɔɣi alo ne ɖevia no no vɔ. Nogawo te ŋu ɖɔa noku gbabɛ alo esi nyé ɖe eme ƒe nɔnɔme ɖo zi geɖe.
Via Dzidzi ƒe Ŋkeke Gbãtɔwo
Anyo be nàdze nonana viwò gɔme ne èdzii gaƒoƒo ɖeka megbe. Ame aɖewo abu be ɖeɖi ate vidada kple vidzĩa siaa ŋu akpa be woate ɖe wo nɔewo ŋu le vidzidzi ƒe dɔ sesẽ ma megbe. Gake zi geɖe la, nudzɔdzɔa dea agbe vidadaa me eye vidzĩa hã, ne etsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo dzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le vidzidɔa godo ŋu vɔ la, edina vevie be noa nafa akɔ na ye.
Vidadawo ate ŋu ana notsi toto alo notsi dzadzɛ si ƒe amadede nye aŋutiɖiɖi si woyɔna be colostrum la wo viwo. “Sikatsi” sia nyo na vidzĩa ŋutɔ. Nusiwo wɔa avu kple dɔlékui vɔ̃ɖiwo le eme. Protein le eme zã, eye sukli kple ami mesɔ gbɔ ɖe eme o, esiae na wònye nuɖuɖu nyuitɔ kekeake na vidzĩ le eƒe agbenɔnɔ ƒe ŋkeke ʋee gbãtɔwo me. Ne dɔlénya medo mo ɖa o la, vidzĩa mahiã na nuɖuɖu alo nunono bubu aɖeke o. Atukpa me nuɖuɖu ana vidzĩa magalɔ̃ ano no o, elabena atukpa me nuɖuɖu nya nona nɛ wu.
Zi geɖe la, vidadawo ƒe no dzudzɔa colostrum toto le via dzidzi ƒe ŋkeke eve vaseɖe atɔ̃ megbe. Alesi ʋu sina vaa noa me le ɣeyiɣi sia me la ana noawo nalolo ahabɔbɔ. Naneke megblẽ le eŋu o. Nonana vi aɖɔe ɖo. Gake ɣeaɖewoɣi la, noa ƒe toto ana nokuawo nawɔ gbabɛ. Esi esia na nonono sesẽna na vidzĩ ta la, ahiã be nàmia noa be tsia ɖe nado. Àte ŋu atsɔ asi evea alili noa ɖesiaɖe ŋu be tsia nado, nàdze egɔme tso eƒe agunu aɖo ta nokua nu.
Màte ŋu adzidze notsi agbɔsɔsɔme si viwòa nona o, gake mègatsi dzi o—wowɔ wò ŋutilã be wòate ŋu ana notsi agbɔsɔsɔme si vidzĩ hiã lae, ne venɔvi wonye hã! Zi alesi nènaa noe la, zi nenema noa hã tonae. Esiae nye susu ɖeka si ta mele be nàtsɔ atukpa me nuɖuɖuwo, abe nyinotsiwɔ si ŋu wotrɔ asi le, alo nyinotsi ene aɖo no teƒe o. Ne ètsɔ nu bubuwo ɖo eteƒe la, nu ʋee aɖe koe viwòa akpɔ tso gbɔwò. Esia fia be wò no hã mato sɔ gbɔ o.
Gabrielle Palmer ŋlɔe ɖe The Politics of Breastfeeding me be: “Vidzĩ siwo tsi nyuie hafi wodzi la meblena le wo dziɣi fũ abe alesi wobui ene o, eye woate ŋu atrɔ asi le woa ŋutɔwo ƒe nuɖuɖu ŋu wòasɔ na woa ŋutɔwo kple wo dada ƒe ŋutilã, ne ame bubuwo alɔ̃ woawɔe ko.” Nunana kple nuxɔxɔ koe nye gɔmeɖose si le eŋu—ne viwòa bia nuɖuɖu (zi geɖe to avifafa me) la, tsɔe nɛ. Gbã la, adi be yeano no gaƒoƒo eve alo etɔ̃ ɖesiaɖe. Na viwòa nano no evea ɣesiaɣi. Togbɔ be ɖevi aɖewo dina be yewoano no vivivi ne edzro yewo hafi hã la, akpa gãtɔ nonɛ aɖabaƒoƒo 20 vaseɖe 40. Ðevi miɔɔ siawo ate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo 60 sɔŋ ano noae. Ne viwòa noa no zi enyi teti le gaƒoƒo 24 me, ne èsenɛ be ele notsia mim glugluglu, eye ne egblẽa go zi enyi alo esi wu nenema gbeɖeka le ŋkeke atɔ̃lia megbe la, efia be ele ƒo ɖim nyuie.
Aɖaŋu vevitɔ siwo le be wòamã wò le nonana vi me ƒe ɖee nye alesi nàlé viwòa ɖe noa nu nyuie. Viwòa malémalé nyuie ana mano noa wòasui o. Ðevi aɖewo gɔ̃ hã gbea enono.
Emalémalé nyuie agate ŋu ahe kuxi bubu si bɔ la vɛ: nokua nu afe alo ave wò. Breastfeeding Source Book gblɔ be: “Noku ƒe ame veve tsoa nu geɖe gbɔ, gake vevitɔ wue nye alesi ɖevia ‘lé noae,’ eye esia hã nɔ te ɖe akpa si eƒe ta le na noa dzi. Be nàlé viwòa nyuie la, ele be wòate ɖe noa ŋu, eƒe ta nadzɔ (wòagawu mo dzi, ade mo to alo atrɔ mo ɖe axadzi o), eye wòadzɔ ɖe nokua nu tututu be wòagahee ɖe akpa ɖeka o.”
Be wòasɔ la, ele be vidzĩa namia nu ɖe noa dzi eye eƒe nuyi nalé nokua sentimeta 3 ya teti. Ànya be yelée nyuie ne viwòa dze ŋgɔwò, ne enoa no ʋuu, ne eɖea dzi ɖi hekpɔa dzidzɔ, eye ne nokua mevea wò o.
Ɣeyiɣi si me Nàtso No Nɛ
Mia kple viwòa miava nya mia nɔewo le kwasiɖa ʋee gbãtɔawo megbe eye ɖewohĩ nonanae adze eme na mia kplii siaa eye wòavivi mia nu. Viwòa mahiã nuɖuɖu alo nunono bubu aɖeke wu notsi le ɣleti ene vaseɖe ade gbãtɔwo me o. Esia megbe la, ele be nànɔ nuɖuɖu bubuwo abe nuku, bli, alo atikutsetse siwo wogbã la namee vivivi. Gake ne viwòa mexɔ ɣleti asieke alo ewo o la, wò notsi me ko wòle be wòakpɔ nunyiame siwo katã hiãe la ƒe akpa gãtɔ tsoe; eyata anyo ɣesiaɣi be nàna no viwòa hafi ana nuɖuɖu sesẽe.
Vaseɖe ɣekaɣie nàna no viwòa ase ɖo? Xexeame Lãmesẽ Habɔbɔ kafui be, nɔ enana dzi ko alesi nàte ŋui. Vidada geɖe naa no wo viwo va ɖo ƒe evelia me, ɖevia ŋue woléa ŋku ɖo, ke menye ƒe si wòxɔ o. Agbalẽ si nye Mothering Your Nursing Toddler gblɔ be: “Alesi wòhiã be mía viwo nayi edzi ano noe la kpɔkpɔ mesesẽ o—dzidzɔ si wokpɔna ɖe enono ŋu kple veve si wosena ne wotee wo. Nu vevitɔ si hã ta wòle be woayi edzi ana no ɖeviae nye be woana eƒe dzi nadze eme.”
Efia be Wɔla Lɔlɔ̃tɔ aɖe Li
Ne èle no nam viwò, ɖewohĩ le zã me esime ƒomea me tɔ mamleawo le alɔ̃ me la, bu Wɔla si wɔ ɖoɖo sia ŋuti. Ne mènya alesi ŋutilã ƒe dɔwɔna wɔnuku si wɔa esia le o hã la, nonana vi ƒe nukununyenye akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nunya kple lɔlɔ̃ si le mía Wɔla la si.
Bui kpɔ ko—vidzĩ ƒe nuɖuɖu bubu aɖeke menyo de vidada ƒe notsi nu o. Nuɖuɖu kple tsi si hiã na vidzĩ le eƒe ɣleti gbãtɔwo me la le eme. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enye atike wɔnuku hã si xea mɔ na dɔléle. Enyo, edza, mehiã be woaɖae o eye womeƒlenɛ hã o. Ele afisiafi eye alesi vidzĩa le tsitsimee la nenema nue wòtona ɖo.
Eye gabu alesi nonana nyea dzidzɔ na vidada kple via siaae ŋu kpɔ. Nuɖuɖu nana, nu kple ŋutilã ƒe wo nɔewo ŋu kaka, kpakple dzo si léa ɖevia le no nono me, wo katã hea lɔlɔ̃ sẽŋu dea vidada kple via dome eye woƒe nu léa dzi na wo nɔewo vevie.
Ẽ, ele be woakafu Wɔla si wɔ ɖoɖo nyui sia ŋutɔ. Ðikekemanɔmee la, àgbugbɔ nya siwo hakpala Dawid gblɔ la agblɔ, amesi ŋlɔe bena: “Meda akpe na wò [Yehowa] le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.”—Psalmo 139:14.
[Aɖaka si le axa 12]
Srɔ̃ŋutsuwo, Mina Kpekpeɖeŋu
• Na srɔ̃wòa nanya be yeda asi ɖe nonana vi dzi. Gaka ɖe edzi nɛ eye nàkpe ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe.
• Kpe ɖe srɔ̃wòa ŋu wòaɖu nunyiame siwo da sɔ le eƒe fufɔfɔ me kple le vidzĩa ƒe nonoɣi.
• Kpɔ egbɔ be wòaɖi ɖe eme nyuie. Asesẽ hafi vidada si ŋu ɖeɖi te la ƒe no nato asɔ gbɔ. Àte ŋu akpɔ ɖevi bubuawo gbɔ alo akpe asi ɖe eŋu le aƒemedɔwo me atsɔ aɖe agba aɖewo le edzia?
• Ne srɔ̃wò ƒe dzi dze eme eye wòle dzidzɔ kpɔm la, eƒe no ato nyuie wu. Na dzi nadzɔe alesi nàte ŋui. Ðo to nàse eƒe kuxiwo, eye nàkpe ɖe eŋu miakpɔ wo gbɔ.
[Aɖaka si le axa 13]
No Kple Atukpa
“Nunyiame le notsi me wu, edza wu, exea mɔ na vidzĩwo ƒe dɔxɔxɔ, eye wòna vidada mete ŋu xɔa no kple azigolo me dɔdzẽ o. Hekpe ɖe asi si vidzĩ nuɖuɖuwo xɔna ŋu la, wotsɔa tsi si me ɖi le tɔa wo akpa zi geɖe, eye womeɖaa nuɖuɖutukpa siwo me wodenɛ la hafi kpenɛ na ɖeviwo o. Nya la to vovo le nuto dahewo me ale gbegbe be wobu akɔnta be ne vidadawo le xexeame katã agatrɔ ɖe no ɖeɖeko nana vidzĩwo le ɣleti ene vaseɖe ade gbãtɔwo me ŋu la, woaɖe ɖevi siwo ade miliɔn 1 ƒe agbe ƒe sia ƒe.”—The State of the World’s Children 1993, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ ƒe agbalẽ aɖe.