Vidada ƒe Notsi ƒe Viɖewo
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ
TSƆE BE vidzĩwo ƒe nuɖuɖu vivi aɖe li, si woƒe dɔka ate ŋu atu bɔbɔe, eye nunyiame siwo katã hiã na vidzĩwo ƒe tsitsi la le eme. Enye nuɖuɖu si ana woƒe lãme nasẽ nukutɔe, eye wòxea mɔ na dɔxɔxɔ alo nyea dɔdada na wo. Enye nuɖuɖu si ta màxe naneke ɖo o eye ekpɔkpɔ le bɔbɔe na ƒomewo le xexeame ƒe afisiafi.
Ðe wòwɔ na wò be nuɖuɖu aɖeke mate ŋu anɔ anyi nenema oa? Gake ɖe li nenema, ɖeko menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawoe wɔe o. Eyae nye vidada ƒe notsi.
Le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, wobu nuɖuɖu wɔnuku sia be ehiã vevie le ɖeviwo dzikpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be esi Farao vinyɔnu fɔ Mose si nye vidzĩ la, edɔ nɔvianyɔnu ɖa be wòayɔ ‘nyɔnu si ana noe’ vɛ be wòakpɔ edzi. (Mose II, 2:5-9) Emegbe le Helatɔwo kple Romatɔwo dome la, dzila kesinɔtɔwo xɔa nyɔnu siwo ƒe lãme sẽ wonaa no wo viwo na wo. Gake le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, nonana vi dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ, eye nusi gbɔ wòtso ƒe akpa aɖee nye be boblododo na wòwɔ na ame geɖe abe ɖe nyinotsiwɔ si ŋu wotrɔ asi le to mɔ̃ɖaŋununya me nyo wu vidada ƒe notsi ene. Gake egbea amewo ƒe susu le tɔtrɔm eye vidada geɖe va le ekpɔm be “nonana vie nye nyuitɔ.”
Nuɖuɖu Nyuitɔ Kekeake
Ðe dzɔdzɔmeŋutinunnyalawo ƒe agbagbadzedze wɔe be woke ɖe nuɖuɖu nana vidzĩwo ƒe mɔnu si nyo wu esi Wɔla ŋutɔ ɖo la ŋua? Kura o. UNICEF (Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ) gblɔ be: “Vidadawo ƒe notsi ɖeɖekoe nye nuɖuɖu kple nunono nyuitɔ kekeake na vidzĩwo le woƒe agbenɔnɔ ƒe dzinu ene vaseɖe ade gbãtɔawo me.” Nunyiame hamehame (ami, proteins, carbohydrates, vitamins, enzymes) siwo ana ɖevia natsi kaba eye eƒe lãme nasẽ le eƒe agbenɔnɔ ƒe dzinu gbãtɔwo me la katã le vidada ƒe notsi me.
Menye ɖeko vidada ƒe notsi nye nuɖuɖu nyuitɔ kekeake na vi fẽwo ko evɔ o, eya koe nye nuɖuɖu si wohiã hã. Xexeame Katã ƒe Lãmesẽ Takpekpe habɔbɔ gaɖo kpe edzi le May 1992 me be “le vidzĩ ƒe dzinu ene va ɖo ade gbãtɔawo me la, nuɖuɖu alo tsinu aɖeke mehiã nɛ le nuɖuɖu siwo ana wòatsi le lãmesẽ me dome o, tsi ŋutɔ hã mehiãe wu notsi o.” Tsi agbɔsɔsɔme si hiã be tsikɔ magawu vidzĩ o ne xexeame xɔ dzo alo fifia le wɔwɔm la hã le vidada ƒe notsi me. Menye ɖeko tsi alo tsinuɖuɖu siwo me sukli le dede atukpa be woanɔ kpekpem nɛ mehiã nɛ o, ke boŋ ate ana vidzĩa nadzudzɔ nonono hã, elabena atukpa me nuɖuɖu si nono le bɔbɔe la nya nona na vidzĩwo wu nonono. Gake le dzinu gbãtɔ mawo megbe la, ehiã be woatsɔ nuɖuɖu kple nunono bubuwo anɔ vidzĩa ƒe nuɖuɖu kpem vivivi.
Womekpɔ nu bubu aɖeke si me nunyiame siwo da sɔ pɛpɛpɛ alea le si ana vidzĩwo natsi eye woƒe lãme nasẽ o. Agbalẽ si nye Reproductive Health—Global Issues gblɔ be: “Agbagba siwo wodze be woakpɔ nu bubu aɖo [vidada ƒe] notsi teƒe la medze edzi o. Ðaseɖiɖi siwo ɖee fia be vidzĩ siwo womena noe o lɔ̃a dɔdzedze eye nunyuimaɖumaɖu ɖea fu na wo wu esiwo no no la bɔ ɖe agbalẽ siwo woŋlɔ le ŋutinya me le nuɖuɖu nana vidzĩwo ŋu la me fũ.”
Nonana Vidzĩwo Xɔa Wo ɖe Agbe
Xexeame Lamesẽ Habɔbɔ (WHO) gblɔ be ne vidada ɖesiaɖe na no ɖeɖeko via le edzidzi ƒe dzinu ene vaseɖe ade gbãtɔawo me la, ɖevi miliɔn atsi agbe ƒe sia ƒe le xexeame katã. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ ka nya ta le State of the World’s Children 1992 me be: “Alesi woate ŋu adzɔe be mitsinyenye nawu vidzĩwo le nuto dahewo me la yi ŋgɔ zi gbɔ zi 15 le vidzĩ siwo wokpea atukpa me nuɖuɖu na gbɔ wu vidzĩ siwo wona no ɖeɖekoe eye alesi wòate ŋu adzɔe be axamedɔ nawu wo la yi ŋgɔ zi gbɔ zi 4 wu.”
Nuka gbɔe wòtso? Nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye be hekpe ɖe alesi nyinotsiwɔ menyo de vidada ƒe notsi nu o ŋu la, wolɔ̃a tsi si me ɖi le tɔtɔ notsia akpa eye womeɖaa nuɖuɖutukpa siwo me wodenɛ be dɔlékuiwo naku le wo me hafi denɛ eme o. Eyata dɔlékui siwo naa wonyea mitsi alo esiwo na woxɔa akɔtadɔ, esiwo nye dɔ siwo wua ɖeviwo wu le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me la ate ŋu age ɖe atukpa me nyinotsi me bɔbɔe. Gake dɔlékuiwo mate ŋu age ɖe notsi ŋutɔŋutɔ me bɔbɔe o, mehiã be woatsɔ tsi adzroe o, megblẽna o eye womate ŋu atɔ tsii akpa o.
Nu evelia si tae nonana xɔa vidzĩwo ɖe agbee nye be lãmenu siwo wua dɔlékuiwo si xea mɔ na ɖevia ƒe dɔdzedze la le dadaa ƒe notsi me. Ne mitsinyenye alo dɔ bubuwo le fu ɖem na ɖeviwo hã la, zi geɖe la, mesesẽna akpa na ɖevi siwo wona noe o eye wo dada nɔa bɔbɔe wu. Numekulawo gagblɔ hã be aɖudɔ, dɔdzẽ, suklidɔ, dɔléle siwo nana be nanewo ƒe ʋeʋẽ sese alo nanewo ɖuɖu hoa dɔ na ame melɔ̃a ɖevi siwo wona noe dzi dzedze o. Eye esi wòhiã be ɖevia nagbugbɔ noa sesĩe hafi anoe ta la, enana be eƒe taƒuwo kple lãmekawo te ŋu tsina ɖe ɖoɖo nu nyuie.
Vi Siwo Wòɖena na Vidadawo
Menye vidzĩa ɖeɖekoe nonana la ɖea vi na o; eɖea vi na dadaa hã. Viɖeawo dometɔ ɖekae nye be vidzĩa ƒe nonono wɔnɛ be lãmeŋusẽ si woyɔna be oxytocin, si nana be noa tona eye wòganaa vidzidɔa miãna la dzana ɖe lãme na vidadaa. Ne vidzidɔ la miã kaba le via dzidzi vɔ megbe la, ana be ʋu manɔ sisim le dadaa ŋu eteƒe nadidi o. Nonana hea nyɔnuwo ƒe azi ƒe tsitsi kple eƒe dzinukpɔkpɔ hã ɖe megbe. Esia nana be megafɔa fu kaba o. Ne dometsotso si le fufɔfɔ dome didi la, enana be vidadawo kple wo vi fẽawo ƒe lãme sẽna wu.
Viɖe gã bubu si nyɔnuwo kpɔnae nye be nonana ɖea nyɔnuwo ƒe azigolo me kple nodɔdzẽ xɔxɔ dzi kpɔtɔna. Eŋutinunyala aɖewo gblɔ be alesi wòate ŋu adzɔe be dɔdzẽ nalé nyɔnuwo ƒe no la ƒe afã koe dzɔna ɖe wo dzi ne wonaa no wo viwo.
Nusi mele be míaŋlɔ be o ne míele nu ƒom tso vi siwo nonana ɖena ŋue nye be enaa kadodo nɔa vinɔa kple via dome. Esi menye nuɖuɖu dzaa koe vinɔa naa via o ke boŋ via ƒe nu kaa dadaa ƒe no ŋu, woƒe ŋutilã kaa wo nɔewo ŋu, eye woƒe dzoxɔxɔa léa wo nɔewo ta la, nonana vi nana be kadodo vevi aɖe va nɔa vinɔa kple via dome eye esia akpe ɖe ɖevia ŋu le eƒe tsitsi le seselelãme kple nuwɔwɔ ɖe ame ŋu gome.
Nyametsotso le Nonana Vi Ŋu
Vinɔ ɖesiaɖe kloe ƒe no ate ŋu ato wòana via ne nɔnɔme aɖewo li. Ele be woadze nonana vi kaba alesi woate ŋui le gaƒoƒo gbãtɔ si me wodzi ɖevia le. (Notsi toto gbãtɔ si ƒe amadede le abe aŋutiɖiɖi ene si woyɔna be colostrum la nyo na vidzĩwo eye wòxea mɔ na woƒe dɔxɔxɔ.) Le ema megbe la, ne dɔ le ɖevia wum wòbia no ko hafi wòle be woana noe, nenema ke nye le zã me hã, eye menye be woaɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ ɖe eŋu o. Ðevia léle nyuie hafi ana noe hã le vevie. Amesi kpɔ nuteƒe le nusia me eye nublanuikpɔkpɔ hã le eme ate ŋu aɖo aɖaŋu na ame le nya siawo ŋu.
Gake menye ŋutete si anɔ vinɔa si be wòana no via koe nye nusi dzi wòanɔ te ɖo atso nya me be yeana noe alo yemanae o. The State of the World’s Children 1992 ka nya ta be: “Ehiã be vinɔwo naxɔ kpekpeɖeŋu tso kɔdziwo bene woana wo viwo ƒe agbe nadze egɔme ɖe mɔ nyuitɔ kekeake nu; gake be nonana la nayi edzi la, woahiã dɔtɔwo, dɔŋutiɖoɖowɔlawo, amesiwo le nuto si me wole—kpakple ŋutsuwo ƒe kpekpeɖeŋu hã.”
[Aɖaka si le axa 17]
Nonana Vi le Dukɔ Siwo Le Ŋgɔ Yim Me
1. Vidada ƒe notsi dzaa koe nye nuɖuɖu kple nunono nyuitɔ na vidzĩ le edzidzi ƒe dzinu ene va ɖo dzinu ade gbãtɔwo me.
2. Ele be vidzĩwo nadze nonono gɔme ne wonya dzi wo ko. Vinɔ ɖesiaɖe kloe ate ŋu ana no via.
3. Ele be ɖevia nanɔ noa nom edziedzi hafi noa nate ŋu anɔ totom.
4. Nuɖuɖutukpa me nuɖuɖu nana vidzĩ ate ŋu ana wòadze dɔ sesĩe, esi ate ŋu awui hã.
5. Ele be woanɔ nonana vi dzi eteƒe nadidi nyuie le eƒe ƒe evelia me eye ne anyo hã wòagayi ŋgɔ wu nenema.
Nyawo tsoƒe: Facts for Life si UNICEF, WHO, kple UNESCO ta.
[Aɖaka si le axa 18]
Nonana Kple AIDS
Le April 1992 ƒe nuwuwu lɔƒo la, WHO kple UNICEF ƒo numekula deŋgɔ geɖewo nu ƒu tso dukɔ vovovo me be woalé ŋku ɖe ƒomedodo si anɔ AIDS kple nonana dome ŋu. Ðk. Michael Merson, ɖoɖo si WHO wɔ ɖe numekuku le AIDS ŋu le xexeame katã la ƒe tatɔ gblɔ nusitae takpekpe sia hiã ɖo me be: “Nonana nye nane si hiã vevie na ɖeviwo ƒe agbetsitsi. Ele be woatsɔ vidzĩ ƒe kuku le AIDS xɔxɔ le no me kple alesi wòate ŋu aku le dɔ bubuwo si me ne womena noe o la asɔ kple wo nɔewo akpɔ.”
Le WHO ƒe nyagbɔgblɔ nu la, le vidzĩ etɔ̃ ɖesiaɖe kloe siwo dada ŋu HIV (AIDS dɔlékuia) le dome la, ɖevia ɖeka xɔa dɔlélea. Togbɔ be fufɔfɔ kple via dzidzi mee ɖevia xɔa dɔlékuia tsoa dadaa gbɔ le hã la, kpeɖodziwo li be ate ŋu axɔe le no me hã. Gake WHO gblɔ be “vidzĩ siwo dada ŋu HIV le la ƒe akpa gbogbo aɖe mexɔa dɔa to nonono me o.”
Numekula bibi siawo ƒo nya ta be: “Afisiwo dɔxɔleameŋuwo kple nunyuimaɖumaɖu nye nusiwo wua vidzĩwo eye ɖeviwo kuna le kabakaba la, aɖaŋu si wòle be woaɖo na funɔwoe nye be woana no wo viwo, esiwo ŋu HIV dɔlékuia le hã le eme. Nusitae nye be afɔku si li be ɖevia axɔ HIV dɔlékuia to nonono me made nu bubu siwo awui ne womena noe o la nu o.
“Gake le afisiwo menye dɔxɔleameŋue wua ɖeviwo eye vidzĩwo mekuna le kabakaba o la, . . . aɖaŋu si wòle be woanɔ ɖoɖom na funɔ siwo wonya be HIV le wo ŋue nye be woadi nuɖuɖu nana wo viwo ƒe mɔnu si le dedie wu nonana wo.”