Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
Dzila Tsitsiwo Tonye tsi dɔbadzi eye ehiã be woawɔ nusianu nɛ. Esi nu te ŋunye le susu kple ŋutilã me ta la, nyemegbɔa dzi ɖi ɣeaɖewoɣi o eye megblɔa nya siwo va veam emegbe. Eyata esi mexlẽ nyati siwo ku ɖe “Beléle na Dzila Tsitsiwo ƒe Kuxi La” (April 8, 1994) ŋu vɔ la, nye dzi koe be yeagbã! Akpe na mi kakaka ɖe nyati siawo siwo mieta ta. Nyatiawo akpe ɖe ŋunye le nye dɔdasiwo wɔwɔ me.
T. H., Japan
Mexɔ ƒe 16 eye eva hiã be malé be na danye gaƒoƒo 24 sɔŋ fifia. Mía kplii dome anɔ kilometa 160. Esia na agba te ɖe nye ƒomea dzi vevie. Eyata medi be mada akpe na mi ɖe nyatiawo ta. Wotum ɖo ŋutɔ.
M. R., United States
Mewɔa dɔ le dɔwɔƒe si naa kpekpeɖeŋu dzila tsitsiwo dzi kpɔlawo. Zi geɖe la, nye dɔwɔhatiwo mexɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ ɖesiaɖe si menaa wo o. Gake le dɔwɔlawo ƒe kpekpe si míewɔ va yi nyitsɔ me la, mena magazine ma ƒe ɖeka amesiame. Wo katã woxɔe! Mekpɔ dɔwɔla ɖeka wònɔ eƒe kplɔ̃ ŋu nɔ exlẽm.
B. H., United States
Miedo susua ɖa be woabia ŋutilã me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo tẽ be woana kpekpeɖeŋu le dzilawo dzi kpɔkpɔ me. Mebui tsã be ne ègblɔe na wo la, womagbe o. Magblɔe na mí lo, ƒe ewo kple edzivɔe nye sia mele dzinyelawo dzi kpɔm, gake esi mebia nɔvinyewo be woakpe ɖe ŋunye la, wogbe. Xexe mawɔame si metsɔa ɖeke le eme na ame o mee míele. Adzɔ dzi nam ŋutɔ ne amewo anyɔ le wo ɖokui me akpɔe be menye dɔ tiamee dzilawo dzi kpɔkpɔ nye o—mɔnukpɔkpɔe!
M. D., United States
Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi wònye be woalé be na ƒomea me tɔwo. “Ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8)—Etalawo.
Aɖaŋu si mieɖo be woakpɔ vovo ɖe ame srɔ̃ kple ame ɖokui ŋu dze ŋunye ŋutɔ. Nyemete ŋu wɔnɛ tsã o henɔ susum be beléle na dzilawo le vevie wu vovokpɔkpɔ ɖe srɔ̃nyeŋutsu—alo ɖe ɖokuinye ŋu. Gake mekpɔ nunya si le aɖaŋuɖoɖo sia me, eye madze agbagba ada asɔ le go sia me.
M. O., United States
Ʋuʋu Mexɔ ƒe 14 eye medi be mada akpe na mi ɖe nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Wòle Be Míaʋu?” (Eŋlisigbe me Nyɔ!, February 22, 1994) la ta. Esi mexɔ ƒe asieke la, wobia tso fofonye si nye hamemegã si be wòaʋu ayi hame bubu me. Míeʋu va afisia ƒe ene kple edzivɔe nye sia eye hamea ƒe nu va lé dzi na mí vevie. Wogabe fofonye neʋu yi hame bubu me ake. Magazine sia ka mía si gbesigbe wobe míaʋu. Ekpe ɖe mía kple nɔvinyeŋutsu ŋu be míete ŋu kpe akɔ kple nɔnɔmea nyuie wu. Mɔnukpɔkpɔ wònye be míaʋu, gake esesẽ ŋutɔ be míado hede nyuie na nusiwo katã míeva lɔ̃ vevie.
L. B., England
Ameƒomevinyenye Mɔnukpɔkpɔ ŋutɔ wònye nam fifi laa be mexlẽ miaƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, August 22, 1993 ƒe nyati si nye “Ðe Ame Ƒomeviwo Katã Ava Wɔ Ðeka Gbaɖegbea?” Nazãmabumabu ƒe nugɔmesese deto si su mia si le kuxi sesẽ sia ŋu la wɔ nuku hewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nyitsɔ koe mewu ŋutinya sɔsrɔ̃ nu le suku kɔkɔ. Gake miaƒe magazine la gblɔ eŋutinya, numeɖeɖe, kple egbɔkpɔnu kpuie le axa asieke ko me! Ewu ɣleti ade ƒe suku kɔkɔ nusrɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃ kple eŋuti nufiafiawo gɔ̃ hã.
R. J., United States