INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 12/8 axa 30
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
  • Nyɔ!—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Wòle Be Nyɔnuwo Nanya Le No Me Dɔdzẽ Ŋu
    Nyɔ!—1994
  • Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
    Nyɔ!—1994
  • Nusiwo Akpɔ Tawò
    Nyɔ!—1994
  • No Me Kansa—Nu Si Nàkpɔ Mɔ Na, Ale Si Nànɔ Te Ðe Enu
    Nyɔ!—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 12/8 axa 30

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Agbevenɔnɔ Meda akpe na mi ɖe nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be. . . . . Agbevenɔnɔ—Amekawoe Dze be Woanya?” (March 8, 1994) ta. Esi mexɔ ƒe 16 la, medze ahanono, atamanono kple gbeɖoɖo ɖi kple ŋutsuviwo gɔme le dzinyelawo ƒe manyamanya me. Nyati siawo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ mekpɔe be naneke meɣla ɖe Mawu ƒe ŋku si kpɔa nusianu o.

T. T., Fiji

Ga Yometiti Ðeko mewu nyati siwo tsiã ɖe enu siwo ƒe tanyae nye “Ga Yometiti—Afikae Wòava Tɔ Ðo?” (March 22, 1994, Eŋlisigbe me tɔ) xexlẽ nue nye sia. Nyatiawo ɖe nya la me nyuie. Nyemenya be nɔnɔme gbegblẽ siawo gali kokoko dɔwɔla siwo ʋu yi dukɔ bubuwo me kple woƒe ƒomewo doa goe o. Woƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ.

G. M., United States

Alesi mieƒo nu tso nɔnɔme wɔnublanui siwo me wowɔa dɔ le kple fetu si mede naneke o ŋuti la sɔ pɛpɛpɛ. Kpɔɖeŋu wɔnublanui sia fia alesi ame aɖewo bua dɔwɔla siawoe—menye abe amegbetɔ siwo si seselelãmewo le abe mía ke ene o. Nyateƒee, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

K. V., United States

No me Dɔdzẽ Miegblɔ naneke le numekuku siwo ɖee fia be nonana ate ŋu aɖe no me dɔdzẽ xɔxɔ dzi akpɔtɔ ŋu le miaƒe nyati siwo nye “No me Dɔdzẽ—Nyɔnu Ðesiaɖe Vɔ̃nɛ” (May 8, 1994) me o.

B. J. M., Germany

Eve mí be míeŋlɔ akpa sia be. Gake míegblɔe le nyati si nye “Vidada ƒe Notsi ƒe Viɖewo” si dze le míaƒe November 8, 1993, ƒe tata me.—Etalawo.

Menɔ Kristotɔ nɔvinyɔnu si wolã no na la gbɔ va de asi na ɣeyiɣi aɖe. Exɔ ƒe 62 eye wòlé blanui ŋutɔ. Meɖo ŋku edzi be nyemenya nusi magblɔ atsɔ ade dzi ƒo nɛ o. Amesiwo ƒe numenyawo miegblɔ ɖe nyatiawo me la kpe ɖe ŋunye be fifia menya alesi mana kpekpeɖeŋu si aɖe vi nɛ lae.

D. H., United States

Anye ƒe evee nye sia woko dɔdzẽ le no me nam. Meƒle atikewɔwɔ numekugbalẽ aɖe be makpɔ nyatakaka tso nyatia ŋu gake nyemeke ɖe nu boo aɖeke ŋu o. Gake miaƒe nyatiawo ɖo nye biabiawo ŋu nam. Efa akɔ nam ŋutɔŋutɔ.

M. G., Italy

Ƒe asieke va yi la, no me dɔdzẽ wu nɔnye. Ƒe asieke koe mexɔ ɣemaɣi, eye nyemenya nusiwo me wòto o. Esi menɔ nyati mawo xlẽm eye mesusu eŋu la, ɖeko wòwɔ nam be mafa avi. Nyemate ŋu ada akpe na mi wòade edeƒe gbeɖe ɖe alesi miekpe ɖe ŋunye mese nusiwo me wòto le eƒe agbenɔƒe kpui mamleawo me la me ta o.

K. F., United States

AIDS Lélawo Mexlẽ miaƒe nyati si nye “Kpekpe Ðe AIDS Lélawo Ŋu.” (March 22, 1994, Eŋlisigbe me tɔ) HIV dɔlékuia le ŋunye eye nyatia xexlẽ sesẽ nam ŋutɔ. Nye ƒomea fa avi le alesi wòte ɖe wo dzi kple alesi wose le wo ɖokui me be yewogblẽm ɖi la ta.

B. J., United States

Le nyateƒe me míesea veve ɖe amesiwo katã ƒe nu wɔ nublanui alea le mía dome nu. Míaƒe nyatia dze agbagba be yeakpɔ woƒe nuhiahiãwo kple nusiwo nu ame akpa gãtɔ vɔ̃na ɖo la gbɔ wòada asɔ. Esi wowɔ ɖoɖo sesẽwo ɖe Se si Mawu de na Israel-viwo me be woatsɔ akpɔ dukɔ bliboa tae ta la, míesusui be asɔ be míakafui be woanɔ ŋudzɔ ɖe ame ƒe lãmesẽ ŋu vaseɖe afisi sɔ. (Tsɔe sɔ kple Mose III, 13:21, 33.) Míegblɔ ɖe eme be “mele be woavɔ̃ ɖe AIDS lélawo gbɔ nɔnɔ nu dzodzro o.” Gake ame geɖe gavɔ̃na kokoko togbɔ be ɖɔktawo kana ɖe edzi na wo be womaxɔe o hã. Eyata míede dzi ƒo na AIDS lélawo be woade bubu ame bubu siwo atsi dzodzodzoe ɖe lɔlɔ̃ ɖeɖefia siwo me woƒe ŋutilã aka ame mawo ŋu la ŋuti. Nusi amesiwo ŋu mele o tia be yewoawɔ le esia me la nye woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso. Eɖanye aleke nya la le o, ele be Kristotɔwo katã nadi tso dzime be yewoanyo dɔme na elélawo ahase veve ɖe wo ti.—Etalawo

Ede dzi ƒo nam ŋutɔ be mieta veveseseɖeamenu ƒe nyati ma si woŋlɔ nyuie la. Vevietɔ mekpɔ dzidzɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoawo ŋu be togbɔ be ele be “míaɖɔ ŋu ɖo le nusianu si me woƒe ʋu alo lãmetsi anɔ ŋu” hã la, ele be míase veve ɖe wo nu eye míakpe ɖe wo ŋu amenuvevetɔe.

M. H., United States

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe