Ðe Ƒomewo Ate Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Wu ne Television Mele Wo Si Oa?
LE ƑE sia ƒe February me la, The Wall Street Journal ta nyati si ƒe tanyae nye: “Anyinɔnɔ Television Makpɔmakpɔe: Nu Le Edzi Dzem na Ƒome Aɖewo Television Makpɔmakpɔe.” Nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be: “Le Amerikatɔwo ƒe ƒome ʋee siwo dzudzɔ television kpɔkpɔ kura gome la, woƒe agbenɔnɔ le afɔ tsɔm nyuie esime wodzudzɔ television kpɔkpɔ—eye ena wole dzidzɔ geɖe kpɔm.”
Wodzro nu me le ŋusẽ si television kpɔna ɖe ƒomea dzi nyitsɔ laa le takpekpe aɖe si wowɔ tsɔ ɖo ŋku Roger Bannister, ame gbãtɔ si te ŋu tsɔ ɣeyiɣi si mede miniti ene o ƒu du kilometa 1.6, ƒe ƒe 40 lia ƒe ŋkuɖodzizã dzii me. Jim Ryun si ɖu dzi le duƒuƒu me le ƒe 1960 ƒeawo me gblɔ be nya sia ge ɖe yewoƒe dzeɖoɖo kple Roger me le fiẽnuɖuƒe aɖe hafi woawɔ ƒe 1968 ƒe Olympik lãmesẽfefewo.
Ryun gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye Anne míedo ɖeɖe ŋugbe na mía nɔewo ɣemaɣi. Eyata Roger gblɔ na mí be yeke ɖe nane ŋu si na yeƒe ƒomegbenɔnɔ nyo ɖe edzi ŋutɔŋutɔ. Míeke to ɖi be míasee. Egblɔ be nusi yewɔe nye be yetsɔ television la dzoe le aƒea me, eye esia na vovo yeƒe ƒomea be yewoanɔ anyi ɖekae, aƒo nu, axlẽ agbalẽ ɖekae.”
Ryun gblɔ be: “Nya si wògblɔ la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi. Míeva kpɔe dze sii be, ‘Le nyateƒe me la, míehiã television o’”
Ame geɖe hã ƒo nya ta nenema ke. Nukatae? Alesi television te ŋu léa ame tena ɖe anyii, vevietɔ ɖeviwo, tae. Vidada aɖe si le Maryland, U.S.A., gblɔ be ne yele no nam ye vi vidzĩ si nye nyɔnuvi le television ŋkume la, vidzĩa “trɔa kɔ le ye gbɔ zi ɖeka eye eƒe ŋku tsia television la dzi. Míekpɔ be ne ele esia wɔm le vi fẽ me alea ɖe, nukae wòava wɔ ne eva tsi?” Eyata ƒome ma ɖe asi le woƒe television ŋu.
Ne màɖe asi le television ŋu kura o hã, ɖe susu manɔ eme be nàɖo asi ezazã dzi vaseɖe afi aɖe ya teti oa? Karen Stevenson si nye ameyibɔ nyɔnu gbãtɔ si wona Rhodes ƒe Sukudede Femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔe be wòasrɔ̃ nu le Oxford Yunivɛsiti si le England la gblɔ tso eƒe ɖevimenɔɣi ŋu be: “Míeɖe mɔ ɖe television kpɔkpɔ aɖeke ŋu le kwasiɖaa me o. Ne nu tɔxɛ aɖe [li] si míedi vevie be míakpɔ . . . la, ele be míagblɔe na [mía dada] le Kwasiɖagbe si do ŋgɔ nɛ eye míawɔ ɖoɖo ɖe eŋu.”
Ke miaƒe ƒomea ƒe television kpɔkpɔ hã ɖe? Ðe nèkpɔ alesi wòaɖe vii ne míetso ekpɔkpɔ dzi, alo mieɖe asi le eŋu kura gbɔa?