INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 9/8 axa 14-15
  • Drɔ̃e Vevi aɖe Va Eme!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Drɔ̃e Vevi aɖe Va Eme!
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbalẽtamɔ̃ Siwo le Ya Me!
  • Wodzɔ Dzi ɖe Magazine Siwo Wota ɖe Amadede Vovovowo me Ŋu
  • Beléle na Aƒetɔ la ƒe Nuwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Lɔlɔ̃, Xɔse, Kple Toɖoɖo ƒe Kpeɖodzi Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Dɔ Kae Amadedewo Wɔna Ðe Dziwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Nyɔ!—1994
g94 9/8 axa 14-15

Drɔ̃e Vevi aɖe Va Eme!

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ

ÐASEFO siwo wu 500 nɔ ŋdɔnu ɖum le Betel-ƒe si le Nigeria la me le February 9, 1994 dzi esi nuɖuƒesubɔla te ice cream le keke dzi vɛ be woatsɔ aɖe nu mee. Wo dometɔ aɖewo bia kple ɣli be: “Nukae le edzi yim? Menye ice cream ko wònye o, ke wotsɔ nu vovovowo hã wɔe—vanilla, tsokolet, strawberry, kple pistachio!”

Amesi nɔ kplɔ̃ta le nua ɖuƒe la ɖe gbeƒãe be: “Ice cream si le amadede ene me! Gɔmesese vevi aɖe le eŋu. Míetsɔe le dzidzɔ dom ɖe míaƒe tɔtrɔ ɖe agbalẽtata ɖe amadede ene [amadede vovovowo] me ŋu!”

Wosi akpe sesĩe, menye ɖe ice cream si le nuɖuxɔa me la ta ko o. Enye woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe agbalẽtamɔ̃ yeye siwo dze Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! tata ɖe amadede vovovowo me xoxo le agbalẽtaƒea la ŋu. Agbalẽtata ɖe amadede vovovowo me va zu nu ŋutɔŋutɔ le xexeame katã. Nigeriae nye alɔdze siwo agbalẽtaƒe gã le siwo trɔ ɖe agbalẽ tata ɖe amadede vovovowo me la ƒe mamletɔ—tɔtrɔ sia dze egɔme tso ƒe 1980 ƒeawo ƒe domedome. March 15, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ enye mamletɔ si wota ɖe amadede eve me le Nigeria.

Koenig kple Bauer Rapida 104 ƒe agbalẽtamɔ̃ yeye eveawo tso Netherlands-lɔdzedɔwɔƒea. Agbalẽtanu bubuwo hã kpe ɖe agbalẽtamɔ̃awo ŋu va: mɔ̃ si fiaa alesi woatsaka nuŋlɔtsi atsɔ ata agbalẽe, agbalẽŋemɔ̃, agbalẽblamɔ̃, agbalẽnusɔmɔ̃, kple agbalẽlãmɔ̃. Mɔ̃awo katã ƒe kpekpeme ade tɔn 130.

Agbalẽtamɔ̃ Siwo le Ya Me!

Esi woɖoe be woaɖo agbalẽtamɔ̃awo ɖa la, kuxi do mo ɖa le alesi woadee ʋui ŋu. Agbalẽtamɔ̃ siwo ƒe kpekpeme le tɔn 35 la mate ŋu anɔ mɔzɔkplo me o! Bernd Sauerbier si wɔ ɖoɖo ɖe nuawo ɖoɖoɖa tso Netherlands ŋu la gblɔ be: “Eva hiã be míabu alesi míaɖo mɔ̃awo ɖa to mɔ nyuitɔ dzi be womagblẽ o la ŋuti.”

Atigo gãwo mee agbalẽtamɔ̃ siawo tɔgbe nɔna woɖona ɖa zi geɖe. Gake nɔviawo vɔ̃ be ɖewohĩ ati masesẽ anɔ te ɖe ƒudzimɔzɔzɔ sesẽwo kple wo dede ʋu kpakple wo ɖeɖe nu o. Mɔ bubu si dzi woato si magblẽ ga geɖe o eye wòanɔ dedie wue nye be woade wo gago gã siwo didi afɔ 40 siwo me wodea nui ɖona ɖa me. Gake aleke woawɔ ade mɔ̃ gã siawo gagoawo me agaɖe wo? Nɔviŋutsu Sauerbier gblɔ be: “Esia nye kuxi elabena míenya alesi wodea agbalẽtamɔ̃wo gagowo me o. Dɔwɔha si wɔ agbalẽtamɔ̃awo gɔ̃ hã menya naneke le alesi woaɖo wo ɖa le mɔ sia nu ŋu o.”

Nusiwo kpɔ kuxia gbɔ la dometɔ ɖekae nye kushin siwo me wode yae. Kushin siawo menya kpɔ o, gake wowɔa dɔ gãwo. Wonye nu gbabɛ siwo wotsɔ ga ɣi kple aŋe wɔ si tri hekpena vie wu mɔzɔkplo. Wodea ya wo me eye wotutunɛ ɖe anyigba. Esia na kushin siwo me ya le kple nusi le edzi la siaa kɔna dzi vie tso anyigba.

Woate ŋu ato mɔ sia dzi ada agbalẽtamɔ̃a ƒe akpa vovovo siwo ƒe kpekpeme nye tɔn geɖe la gɔ̃ hã ɖe kushin gbabɛ siwo me ya le la dzi. Wonɔ agba sam le yame! Ne wokɔ mɔ̃a ƒe akpa aɖe ɖe dzi ko la, enɔa bɔbɔe be woatsɔ asi atutui ayi afisiafi si wodi.

Ðasefoawo ɖo ʋuƒowo ɖe gagoawo me ale be eme nasɔ nyuie be woade kushin siwo me ya le la wo me. Ele hã be woakpɔ egbɔ be gagoawo katã me sɔ pɛpɛpɛ. Esi wode mɔ̃awo gagoawo me vɔ la, nɔviawo tsɔ ga legbeewo lé gagoawo katã ƒe axawo dzi kple wo tame be agbaawo nanɔ dedie wu. Mɔ̃a ƒe akpa vovovoawo katã dede gagoawo me xɔ kwasiɖa eve le ƒe 1993 ƒe August me.

Gago atɔ̃ gbãtɔawo va ɖo Nigeria Betel le December 29, 1993 ƒe fiẽ ga 6:00 me. Nɔviwo nɔ lalam, wonɔ mɔ kpɔm henɔ klalo be yewoadze wo ɖeɖe ƒe dɔ sesẽ la gɔme. Wowɔ dɔ zã bliboa vaseɖe ŋufɔke. Esi wònye ɖe woda mɔ̃awo ɖe kushin siwo me ya nɔna dzi ta la, dɔwɔlaawo de ya wo me, eye mɔ̃a ƒe akpa vovovoawo do le gagoawo me bɔbɔe vivivi. Agbakɔmɔ̃wo kɔ akpa ɖesiaɖe da ɖe agba aɖe si wowɔ etɔxɛe ɖe agbalẽtaƒea ƒe mɔ nu la dzi. Wogawɔ kushin siwo me wodea yae la ŋudɔ ake, eye ame geɖe siwo le dzidzɔ kpɔm la nɔ eteƒe kpɔm wotutu mɔ̃awo kple asi yi afisi woawɔ dɔ le.

Wodzɔ Dzi ɖe Magazine Siwo Wota ɖe Amadede Vovovowo me Ŋu

Le February 3, 1994 ƒe fiẽ ga 7:45 me la, mɔ̃awo ta Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ gbãtɔ si le amadede vovovowo me le Nigeria. Eteƒe medidi o, mɔ̃awo va ta magazinewo ɖe Yoruba, Igbo, Efik, kple Franse gbewo hã me.

Nukae Beteltɔwo wɔ esi woƒe asi su tata gbãtɔawo dzi? Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Metso aseye! Edzeani wu agbalẽ ɖesiaɖe si wotana le dukɔ sia me sã.”

Ame bubu gblɔ be: “Esi wota wo ko la, mexɔ 20 hedee posu me ɖo ɖe nye ƒometɔwo kple xɔ̃nyewo. Mezã wo le gbeadzi enumake.”

Esi wogabia ame bubu hã le alesi wòse le eɖokui me ɖe amadede vovovowo ƒe magazineawo ŋu la, eɖo ŋu be: “Enya kpɔ ŋutɔ! Esia hã gaɖo kpe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na amesiame le xexeame katã!”

Eyata esi Betel-dɔwɔlawo nɔ woƒe ice cream si le amadede ene me ɖum la, wonɔ magazine siwo le amadede vovovowo me la hã ŋu bum. Enɔ abe alesi ame aɖe gblɔ ene be: “Drɔ̃e vevi aɖe va eme.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Wode kushin siwo me wodea yae la agbalẽtamɔ̃a ƒe akpa vovovo siwo ƒe kpekpeme nye tɔn geɖe la te

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe