Beléle na Aƒetɔ la ƒe Nuwo
1 Xɔnuvi kpɔa nu geɖe dzi na ame le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Abraham de dɔ asi na eƒe xɔnuvi be wòadi nyɔnu na ye viŋutsu Isak. (Mose I, 24:1-4) Efia be xɔnuvi lae akpɔ egbɔ be Abraham ƒe dzidzimea nakeke ta. Agbanɔamedzi gã ka gbegbee nye si wònye! Mewɔ nuku o be apostolo Paulo gblɔ be: “Wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewɔlawoe.”—Kor. I, 4:2.
Kristotɔwo ƒe Xɔnuvinyenye
2 Biblia ƒo nu tso Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo ŋu be enye xɔnuvinyenye. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ƒo nu na Efesotɔwo le “Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta [ƒe xɔnuvinyenye, NW]” ŋu. (Ef. 3:2; Kol. 1:25) Ebu dɔ si wode esi be wòatsɔ nyanyuia ayi na dukɔwo be enye xɔnuvinyenyedɔ si wòle be yeawɔ nuteƒewɔwɔtɔe. (Dɔw. 9:15; 22:21) Apostolo Petro ŋlɔ na nɔvia amesiaminawo be: “Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o. Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.” (Pet. I, 4:9, 10; Heb. 13:16) Ŋutilãmenu ɖesiaɖe si nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo si tso Yehowa ƒe amenuveve me. Eyata wonye nu mawo ƒe xɔnuviwo eye wòle be woazã wo le Kristotɔwo ƒe mɔnu.
3 Nukpɔsusu ma tɔgbe ye le Yehowa Ðasefowo si egbea. Wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu eye wobua nusianu si le wo si—woƒe agbe, woƒe lãmesẽ, woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo—be wonye ‘Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nu’ la me tsonuwo. Esi wonye xɔnuvi nyuiwo ta la, wokpɔnɛ be yewoabu akɔnta na Yehowa Mawu le alesi yewozãa nusiawoe ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wotsɔ nyanyuia ŋuti sidzedze na wo. Esia hã nye nusi wotsɔ de wo si eye wodi be yewoazãe le mɔ nyuitɔ kekeake nu alesi yewoate ŋui: be woatsɔ ade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu eye be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu be nyateƒea ƒe sidzedze nasu wo si.—Mat. 28:19, 20; Tim. I, 2:3, 4; Tim. II, 1:13, 14.
4 Aleke Yehowa Ðasefowo le woƒe xɔnuvidɔwo wɔmee? Ƒea ƒe akɔntabubu fia be le ƒe si va yi ɖeɖeko me la, wotsɔ gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ ɖe gbeƒã ‘fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia’ eye wowɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si wu 4,500,000 kple ɖetsɔlemetɔwo. (Mat. 24:14) Wogaɖe woƒe xɔnuvinyenye na Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe fia esi wodzɔ nu faa tsɔ do alɔ xexeame katã ƒe dɔa kple beléle na wo gbɔ Fiaɖuƒe Akpatawo, wowɔ amedzro na dzikpɔla mɔzɔlawo kple ame bubuwo, eye wowɔ dɔmenyo tɔxɛ na amesiwo hiã tu vevie—siwo ƒe ɖewoe nye amesiwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le. Kristotɔ vavãtɔwo ƒe ƒuƒoƒoa le Aƒetɔa ƒe nuwo dzi kpɔm nyuie.
“Xɔnuvi Nuteƒewɔla Kple Nunyala”
5 Menye ame ɖekaɖekawo koe wɔa xɔnuvinyenye ƒe dɔ o ke habɔbɔ blibo hã wɔnɛ. Yesu yɔ amesiaminawo ƒe Kristo-hame si le anyigba dzi be enye “xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala.” (Luka 12:42) “Xɔnuvi nuteƒewɔla” sia ƒe dɔe nye be wòana “nuɖuɖu” eye be wòaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le dukɔwo dome. (Nyaɖ. 12:17) Nusi do ƒome kple esiae nye be enye xɔnuvi nuteƒewɔla ƒe ha si teƒe Dziɖuha la le ƒe agbanɔamedzi si tso Mawu gbɔ be wòakpɔ egbɔ wozã ŋutilã me kple gbɔgbɔ me ‘talentoawo’ ɖe mɔ nyuitɔ nu. (Mat. 25:15) Le ‘xɔnuvi nuteƒewɔla’ la ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, alɔdze vovovoawo dzea agbagba ɖesiaɖe be yewoazã gadzɔdzɔ ɖesiaɖe nyuie, atsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔe. Nudzɔdzɔ siawo katã nye nusi wotsɔ de “xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala” la si, eye eƒe agbanɔamedzie wònye be wòakpɔ egbɔ be wozãe ɖe tameɖoɖo si le wo ŋu nu eye be woazãe le nunya me, woalé be nɛ, eye woawɔ eŋudɔ nyuie.
6 Alesi wozãa ga si wodzɔ nunyatɔe ƒe kpɔɖeŋu dze le alesi Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽtadɔwo keke ta le ƒe alafa 20 lia me la me. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo—magazinewo, agbalẽwo, agbalẽ gbadzawo, agbalẽviwo, traktwo, kple Fiaɖuƒe Ŋuti Nya—mamã wɔ akpa vevi aɖe le ‘nyanyuia’ kaka me le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Mar. 13:10; Tim. II, 3:1) Eye magazine si nye Gbetakpɔxɔ koŋue wozã tsɔ na “nuɖuɖu” “Mawu ƒe aƒemetɔwo” kple woƒe zɔhɛ siwo nye “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” la “le ɣeyiɣi nyui dzi.”—Mat. 24:45; Ef. 2:19; Nyaɖ. 7:9; Yoh. 10:16.
7 Tsã la, ame bubuwoe taa Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo katã woxea fe na wo. Gake le ƒe 1920 ƒe ƒeawo me la, wotso nya me be anyo wu eye wòade mía dzi le gbɔgbɔ me wu ne Yehowa subɔlawo ŋutɔ ta woƒe agbalẽwo. Wodze agbalẽtadɔ sue aɖe gɔme le ƒe 1920 me eye wònɔ ta kekem vivivi le Brooklyn, New York, vaseɖe esime wòva lolo gãa. Le ƒe 1967 me la, agbalẽtaƒea keke ta xɔ dugã ƒe ablɔ ene dzi. Wota agbalẽwo le dukɔ bubuwo hã me, gake Xexemeʋa II va do kplamatse wo dometɔ akpa gãtɔ.
8 Aleke ke agbalẽtadɔa keke tae le United States o, mete ŋu ta agbalẽ si ade xexeame katã nu gbeɖe o. Eyata le ƒe siwo kplɔ aʋaƒeawo ɖo me la, woɖo agbalẽtaƒewo alo ɖewo nɔ dɔ dzi xoxo le dukɔ bubu geɖe me, siwo nye Canada, Denmark, England, Greece, South Africa, Switzerland, kple Ɣetoɖoƒe Germany. Le ƒe 1970 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, Australia, Brazil, Finland, Ghana, Japan, Nigeria, kple Philippines hã va dze agbalẽtata gɔme. Wota agbalẽ siwo ŋu akpa sesẽ le le dukɔ siawo dometɔ aɖewo me. Eye le ƒe 1970 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, wona agbalẽtata ƒe hehe Gilead-dutanyanyuigblɔlawo eye woɖo wo ɖe dukɔ siawo dometɔ aɖewo me be woaɖa na kpekpeɖeŋu afima nɔviwo le agbalẽtadɔa me.
9 Le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me la, dukɔ siwo me wotaa magazinewo le ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ɖo 51 si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ.a Aleke gbegbe esiawo katã ɖee fiae be wole Aƒetɔa ƒe nuwo ŋudɔ wɔm le mɔ nyui nu enye si! Aleke gbegbe esia ɖo kpe Fiaɖuƒedɔa ƒe ta keke dzi vevie enye si! Eye aleke gbegbe wòɖo kpe edzi enye si be Yehowa ƒe Ðasefo ɖekaɖeka miliɔn geɖe ‘tsɔ woƒe nunɔamesiwo de bubu Yehowa ŋu’! (Lod. 3:9) Woto esia dzi ɖee fia be yewonye nusiwo Yehowa tsɔ yra yewo le mɔ vovovowo nu la ƒe xɔnuvi nyuiwo.
Wotrɔ Susu ɖe Nu Bubu Ŋu
10 Le ƒe 1970 ƒe ƒeawo kple ƒe 1980 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, wowɔ ŋgɔyiyi gãwo le agbalẽtata ƒe mɔ̃ɖaŋununya me, eye Yehowa Ðasefowo zã agbalẽtata ƒe mɔnu yeyewo. Tsã la, mɔ̃ si zãa nuŋlɔkpeviwo ɖea nyawo ɖe pepa dzi ƒe agbalẽtamɔnu xoxo lae wozãna. Esia va nɔ tɔtrɔm vivivi esi wote egbegbe agbalẽtamɔnu si zãa agba falɛ la zazã. Esia na wole agbalẽ dzeani siwo me nɔnɔmetata siwo le amadede geɖe me la tam, si va xɔ ɖe amadede eve ƒe nɔnɔmetata (amadede yibɔ kple amadede bubu) si wote ŋu tana le agbalẽtamɔ̃ xoxoawo dzi la teƒe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋununya na dɔ siwo katã wowɔna le agbalẽawo ŋu hafi taa wo la trɔ. Yehowa Ðasefowo to Gbe Vovovowo ƒe Elektrikmɔ̃ si Ðoa Nyawo ɖe Ðoɖo Nu (MEPS) vɛ, wònye kɔmpiutamɔ̃ si wozãna fifia tsɔ taa agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ vovovo 370 kple edzivɔ me. Adzɔhawo ƒe kɔmpiuta dɔwɔmɔnu aɖeke megogo MEPS le alesi wòte ŋu wɔa gbegbɔgblɔ gbogbowo ŋudɔ la me o.
11 MEPS kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋununya kple nu yeye siwo ƒe ɖewoe nye nyaɖoɖoɖa to kɔmpiuta dzi wɔe be wogawɔ ŋgɔyiyi gã aɖe le nuɖuɖu nana le ɣeyiɣi nyui dzi me. Tsã esi míenɔ mɔ̃ɖaŋununya xoxoa ŋudɔ wɔm la, wotaa Eŋlisigbe me magazinewo me nyawo ɣleti geɖe alo ƒe ɖeka gɔ̃ hã hafi wova taa wo ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me. Fifia wotaa Gbetakpɔxɔ wòdona le gbegbɔgblɔ vovovo 115 me zi ɖeka, eye Nyɔ! tɔ nye gbegbɔgblɔ 62 me. Esia fia be le xexeame katã la, amesiwo dea Yehowa Ðasefowo ƒe Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa la dometɔ 95 le alafa me srɔ̃a nya ma ke le ɣeyiɣi ma ke dzi. Yayra ka gbegbee nye si wònye! Aƒetɔ la ƒe nuwo zazã ɖe mɔ nyui nue wònye vavã be woazã ga ɖe mɔ̃ɖaŋununya mawo katã ŋudɔwɔwɔ me!
Habɔbɔa ƒe Hiahiã Bubuwo
12 Ðoɖo yeye siawo na Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe agbalẽtadɔwo ƒe hiahiã la trɔ le habɔbɔa me. Agbalẽtamɔ̃ siwo zãa pepababla gãwo wɔa dɔ kabakaba sã wu agbalẽtamɔ̃ xoxoawo, gake wo zazã xɔ asi wu hã. Kɔmpiutamɔ̃ siwo wotsɔ wɔa dɔ siawo ƒe akpa aɖewo siwo nye nyawo ŋɔŋlɔ, gbegɔmeɖeɖe, nutata, kple nyawo ɖoɖo hã xɔ asi wu, togbɔ be wote ŋu na nu bubu geɖewo nya wɔna wu mɔnu xoxoawo hã. Eteƒe medidi o eva dze ƒã be magazinewo tata le dukɔ 51 me agblẽ ga geɖe wu. Eyata le ƒe 1990 ƒe ƒeawo me la, “xɔnuvi nuteƒewɔla” la gbugbɔ ŋku lé ɖe nuwo ŋu. Nyametsotso kae wova wɔ?
13 Numekuku ɖee fia be woazã Yehowa Ðasefowo kple wo xɔlɔ̃wo ƒe “nu xɔasiwo” nyuie wu ne wotsɔ agbalẽtadɔa katã de dukɔ ʋee aɖewo si. Eyata vivivi la woɖe alɔdze siwo taa agbalẽ ƒe xexlẽme dzi kpɔtɔ. Germany va le magazinewo kple agbalẽwo tam na dukɔ geɖewo le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe Europa, siwo dome esiwo taa woa ŋutɔwo ƒe agbalẽwo tsã ƒe ɖewo le. Italy taa magazinewo kple agbalẽ bubuwo na Afrika ƒe akpa aɖewo kple anyieheɣedzeƒe Europa, kpakple Greece kple Albania hã. Le Afrika la, Nigeria kple South Afrika koe taa magazinewo. Wotsɔ dɔa de alɔdze ʋee aɖewo si alea le xexeame godoo.
Nusiwo Ŋu Wòle Be Woabu
14 Va ɖo July 1998 me la, woadzudzɔ magazine tata le Europa-dukɔ aɖewo me, esiwo dometɔ aɖewoe nye: Austria, Denmark, France, Greece, Netherlands, kple Switzerland. Europatɔwo ƒe agbalẽtata ƒe agba la ava nɔ Britain, Finland, Germany, Italy, Spain, kple Sweden dzi. Ewɔwɔ alea ana míagblẽ ga dzodzro o eye woazã nudzɔdzɔ nyuie wu ɖe xexeame katã ƒe dɔa ŋu. Aleke wowɔ tia dukɔ siwo me woayi edzi ata agbalẽwo le kple esiwo adzudzɔ? Be “xɔnuvi nuteƒewɔla” la nawɔ ɖe se si wode nɛ be wòakpɔ eƒe Aƒetɔ ƒe nuwo dzi le nunya me dzi la, ebu agbalẽtata kple wo mamã ŋu le teƒeawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe amedzidede ŋu kpɔ nyuie.
15 Susu vevitɔ si tae wodzudzɔ agbalẽtata le dukɔ aɖewo me evɔ wòdzii ɖe edzi le bubuwo mee nye nuwo ƒe amedzidede. Esɔ na ame eye wònye mɔ̃ xɔasiwo zazã ɖe mɔ nyuitɔ nu be dukɔ ɖeka nata agbalẽ na dukɔ bubu geɖewo. Fifia afisiwo agbalẽtata mexɔ asi le boo o, afisiwo nuzazãwo le eye wo ɖoɖoɖa le bɔbɔe le ye wole agbalẽwo tam le. Esia wɔe be wole Aƒetɔ la ƒe nuwo zãm ɖe mɔ si dze nu. Gake míenyae be ne wodzudzɔ agbalẽtata le dukɔ aɖe me la, mefia be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le afima o. Agbalẽ gbogbo aɖe anɔ anyi, eye Yehowa Ðasefo akpe alafa geɖe siwo le dukɔ mawo me ayi “ŋutifafa ƒe nyanyui la” gbɔgblɔ na wo haviwo dzonɔamemetɔe dzi. (Ef. 2:17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tɔtrɔ siawo gaɖe vi bubuwo hã.
16 Viɖeawo dometɔ ɖekae nye be woɖo egbegbe gbalẽtamɔ siwo nɔ Denmark, Greece, Netherlands, kple Switzerland la ƒe akpa gãtɔ ɖe Nigeria kple Philippines. Eŋudɔwɔla bibi siwo tso Europa-dukɔwo me lɔ̃ esi wokpe wo be woayi kple agbalẽtamɔ̃awo aɖana hehe amesiwo awɔ eŋudɔ le afima le ezazã me. Eyata fifia dukɔ mawo kpɔa magazine si wota nyuie siwo dukɔ bubuwo hã kpɔna la.
17 Gabu viɖe bubu ŋu kpɔ: Fifia dukɔ ʋee siwo yi edzi taa magazinewo lae kpɔa etata ƒe gazazãwo gbɔ. Esia na be nuwo su dukɔ siwo megataa agbalẽ o si woazã ɖe nu bubu siwo ƒe ɖewoe nye Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple kpekpeɖeŋu nana mía nɔvi siwo le dukɔ siwo da ahe wu me ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Eyata Aƒetɔa ƒe nuwo zazã ŋuɖɔɖotɔe fia be míate ŋu awɔ nya siwo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo ŋudɔ nyuie wu le dukɔwo dome: “Menye be, ame bubuwo nakpɔ gbɔɖeme, eye miawo miakpɔ xaxa hafi o, ke boŋ bene wòasɔ pɛ; ɣeyiɣi sia me miaƒe agbɔsɔsɔ, si gba go la, nanɔ woamawo ƒe hiãtuame teƒe, . . . bene wòasɔ pɛ.”—Kor. II, 8:13, 14.
18 Dukɔ ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ɖe bubuawo nu wɔe be Yehowa Ðasefo siwo le xexeame godoo te ƒo ƒu kplikplikpli wu tsã. Meɖe fu na Ðasefo siwo le Denmark be woata woƒe magazinewo le Germany o, togbɔ be woa ŋutɔwoe tanɛ tsã hã. Wodaa akpe ɖe dɔ si wo nɔvi Germanytɔwo wɔna na wo ta. Ðe wòve Yehowa Ðasefo siwo le Germany be wole yewoƒe gadzɔdzɔwo zãm tsɔ le Biblia-srɔ̃gbalẽwo tam na Denmark—alo na Russia, Ukraine, kple dukɔ bubuwoa? Kura o! Edzɔ dzi na wo be woanya be fifia woate ŋu azã yewo nɔvi siwo le dukɔ mawo me ƒe gadzɔdzɔwo atsɔ akpɔ nu bubu siwo hã le vevie gbɔ.
Beléle na Nuawo
19 Le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ɖesiaɖe me le xexeame godoo la, woda nudzɔɖaka aɖe ɖi si ŋu woŋlɔ ɖo be “Nudzɔdzɔ na Habɔbɔa ƒe Xexeame Katã ƒe Dɔ—Mateo 24:14.” Wozãa ga si womezi ɖe ame dzi o si wodzɔna dea aɖaka mawo me ɣesiaɣi si hiahiã ado mo ɖa. “Xɔnuvi nuteƒewɔla” lae tsoa nya me le alesi woazã nudzɔdzɔawoe ŋu. Eyata woate ŋu azã ga si wodzɔ de nudzɔɖaka me le dukɔ aɖe me atsɔ ado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ le dukɔ bubu si gbɔ didi kilometa akpe geɖe me. Wozã gadzɔdzɔwo tsɔ kpɔ hiahiã kpatawo gbɔ na haxɔsetɔ siwo le fu kpem le ahom sesẽwo ƒe tutu, anyigbaʋuʋuwo, kple dukɔmeviʋawo ta. Eye wozãa gadzɔdzɔ siawo tsɔ doa alɔ dutanyanyuigblɔla siwo le dukɔ siwo wu 200 me.
20 Ðoɖo si nu Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo zɔna ɖoe nye be zi ɖeka koe woƒoa nu tso ganya ŋu le ɣleti ɖeka me—eye exɔa aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko. Wometsɔa nudzɔgbawo tsaa amewo dzi le Fiaɖuƒe Akpatawo alo le takpekpewo me o. Womeŋlɔa agbalẽviwo dea amewo si tsɔ biaa ga o. Womeva hayaa gadinamelawo o. Abe alesi wònɔna ɖaa ene la, nyati ɖeka koe nɔa Gbetakpɔxɔ me ƒe sia ƒe si ƒoa nu tso alesi amesiwo di be yewoadzɔ nu na Watch Tower Bible and Tract Society atsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe dɔa ate ŋu awɔe ŋu. Womeƒoa nu tso Habɔbɔa ƒe ganya ŋu edziedzi le Nyɔ! me o. Ekema aleke wote ŋu wɔ xexeame katã ƒe dɔ si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia, hekpɔa Fiaɖuƒe Akpata siwo hiã tutu, amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me dzi kpɔkpɔ, kple kpekpeɖeŋu nana Kristotɔ siwo hiã tu gbɔe? Yehowa tsɔ nunana faa ƒe nɔnɔme yra eƒe amewo le mɔ wɔnuku aɖe nu. (Kor. II, 8:2) Míezã mɔnukpɔkpɔ sia le akpe dam na amesiwo katã kpɔ gome le ‘woƒe nu xɔasiwo tsɔtsɔ de bubu Yehowa ŋu’ me. Kakaɖedzi nenɔ wo si be “xɔnuvi nuteƒewɔla” la ayi edzi akpɔ Aƒetɔa ƒe nuwo dzi. Eye míedoa gbe ɖa be Yehowa nayi edzi ayra ɖe ɖoɖo siwo katã wowɔ na xexeame katã ƒe dɔa ƒe takeke ŋu dzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Adzɔhawoe taa dukɔ siawo dometɔ adre ƒe agbalẽwo.