INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 10/8 axa 11-15
  • ‘Atɔmik Bɔmb Ðe Fofonye le Gaxɔ Me’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Atɔmik Bɔmb Ðe Fofonye le Gaxɔ Me’
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tameɖoɖo Aɖe Didi
  • Agbemetameɖoɖo Aɖe Kpɔkpɔ
  • Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔlawo ƒe Agbenɔnɔ
  • Wolé Dzinyelawo
  • Esime Woda Bɔmb La
  • Eƒe Xɔse Ganɔ Sesĩe
  • Ewɔ Nuteƒe Vaseɖe Nuwuwu
  • Metsɔ Ƒe Geɖe Wɔ Subɔsubɔdɔae
  • Tso Fiagã Subɔsubɔ Me Yi Nyateƒe Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Fofonye Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Kpɔɖeŋu la
    Nyɔ!—1994
  • Wokpe Ðe Ŋunye Meɖu Nye Ŋukpe Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yehowa Hea Ame Tsɛwo Vaa Nyateƒea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 10/8 axa 11-15

‘Atɔmik Bɔmb Ðe Fofonye le Gaxɔ Me’

Le August 6, 1945 ƒe ŋdi ga 8:15 me la, atɔmik bɔmb wó le Hiroshima, Japan, eye wòtsrɔ̃ dugã la hewu emenɔla akpe geɖe. Fofonye gbe be yemasubɔ fiagã la ahado alɔ Japan-srafonyawo o, eyata enɔ gaxɔ me le Hiroshima ɣemaɣi.

FOFONYE ƒo nu tso nusi dzɔ ŋdi ma si meŋlɔ be o la ŋu zi geɖe. Egblɔ be: “Gaxɔ si me menɔ ƒe tame ke dzo. Eye mese nane ɖi sesĩe ŋɔdzitɔe abe toawo katãe kaka le ɣeyiɣi ɖeka me ene. Gaxɔa me nyɔ vĩ zi ɖeka. Metsɔ ta de nye aba te be magagbɔ nusi dze abe aɖiya yibɔ ene la o.

“Le aɖaƒoƒo adre alo enyi megbe la, meɖe ta le aba la te eye mekpɔ be ‘aɖiya’ la do. Xɔa me gakɔ. Nuwo ge tso xɔa ta eye ke gbogbo aɖe kɔ ɖe anyigba si na afima wɔ nyamaa ŋutɔ. Gɔxɔa ƒe gli kɔkɔwo na dzo mete ŋu tso egodo ge ɖe eme o.

“Metsɔ ŋku to xɔa ƒe megbefesrea nu eye nusi mekpɔ la wɔ mo yaa nam ŋutɔ! Gaxɔa ƒe dɔwɔƒewo kple atixɔwo katã gbã ɖe anyigba. Megatsɔ ŋku to xɔa ƒe ŋkumefesrea nu. Gaxɔ siwo le akpa keme la gbã keŋkeŋ. Gaxɔmenɔla siwo tsi agbe la nɔ ɣli dom nɔ kpekpeɖeŋu biam. Vɔvɔ̃ lé amesiame eye dzidzi ƒo wo—enye tɔtɔ kple ŋɔdzi gã aɖe.”

Esi menye ŋutsuvi dzaa ta la, nusi Fofonye yɔ be “atɔmik bɔmb ƒe ame ɖeɖe le gaxɔ me” ƒe ŋutinya la sese vivia nunye. Mese fɔɖiɖi le eɖokui me le ŋutinya la gblɔɣi o, elabena ɖe wodee gaxɔ me madzemadzee. Hafi magblɔ alesi wotso Fofonye nui kple alesi wowɔ nu ɖe eŋu le eƒe gaxɔmenɔƒewo me la, mina maƒo nu tso alesi dzinyelawo wɔ va de ha kple Todaisha, si nye alesi woyɔ Watch Tower Bible and Tract Society le Japan ɣemaɣi la na mi.

Tameɖoɖo Aɖe Didi

Agbalẽwo xexlẽ dzɔa dzi na Fofonye ŋutɔ eye edi tso eƒe ɖevime ke be yeanya nu ayi ŋgɔ. Esime wònɔ klass atɔ̃lia le gɔmedzesuku la, esi le aƒeme le Ishinomori le Japan ƒe anyieheɣedzeƒe. Ga si wòate ŋu atsɔ aɖo ʋu zi ɖeka koe nɔ eŋu wòtsɔ ɖo keteke yi Tokyo, afisi wòɖoe be yeava zu aƒedzikpɔla na Shigenobu Okuma si zu Japan-dukplɔla kpɔ zi eve la le. Gake esi ŋutsuvi kɔƒemetɔ sia le awu xoxowo me va do ɖe Aƒetɔ Okuma ƒe aƒeme la, womexɔe ɖe dɔ si wòbia la me o. Emegbe Fofonye va nɔ nyinotsidzraƒe aɖe hewɔ dɔ le afima.

Esime fofonye kpɔtɔ nye ƒewuivi la, eva nɔ to ɖom dunyahelawo kple agbalẽnyalagãwo ƒe nuƒowo. Wogblɔ le nuƒo ɖeka aɖe me be, agbalẽ vevi ŋutɔ aɖee Biblia nye. Eyata Fofonye ƒle Biblia si me nya bubu siwo wofia asii kple Biblia-nyigbawo ƒe nɔnɔmetata le. Nusi wòxlẽ la wɔ dɔ ɖe edzi vevie eye wòʋãe be wòawɔ dɔ si aɖe vi na ameƒomea katã.

Fofonye gbɔ va aƒe mlɔeba, eye le ƒe 1931 ƒe April me esime wòxɔ ƒe 24 la, eɖe Hagino si xɔ ƒe 17. Le Fofonye ƒe srɔ̃ɖeɖe megbe kpuie la, eƒe ƒometɔ aɖe ɖo agbalẽ aɖe si Todaisha ta la ɖee. Esi nusi Fofonye xlẽ wɔ dɔ ɖe edzi ta la, eŋlɔ agbalẽ na Todaisha le Tokyo. Le ƒe 1931 ƒe June me la, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla si ŋkɔe nye Matsue Ishii si tso Sendai va srãe kpɔ le Ishinomori.a Fofonye xɔ agbalẽ siwo me The Harp of God, Creation, kple Government nɔ la tso egbɔ.

Agbemetameɖoɖo Aɖe Kpɔkpɔ

Eteƒe medidi kura o, Fofonye kpɔe be sɔlemehawo ƒe nufiafia vovovowo abe amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku, dzotɔtɔ ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me tegbee, kple Wɔla la ƒe Mawuɖekaetɔ̃nyenye nye aʋatso. (Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4; Yohanes 14:28) Ekpɔe hã be xexeme sia awu enu. (Yohanes I, 2:17) Esi wòdi be yeanya nusi wòle be yeawɔ ta la, eva kpɔ Todaisha ƒe amedɔdɔ si va srãe kpɔ la le ƒe 1931 ƒe August me, eye nusi do tso woƒe dzeɖoɖo mee nye be, Fofonye xɔ nyɔnyrɔ̃ eye wòɖoe be yeazu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla na Yehowa.

Le dze geɖe ɖoɖo kple Danye megbe la, eya hã va xɔe se be nusi yesrɔ̃ tso Biblia me lae nye nyateƒea. Eɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1931 ƒe October me. Esi fofonye dzra eƒe nunɔamesiwo la, eƒe ƒometɔwo bu be aɖaʋae wòdze.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔlawo ƒe Agbenɔnɔ

Fofonye tsɔ ga si wòkpɔ tso nuawo dzadzra me la katã na dadaa eye woa kple Danye woyi Tokyo le ƒe 1931 ƒe November me. Togbɔ be womefia wo alesi woaƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuiea ŋu na ame bubuwo o hã la, wodze gbeƒãɖeɖe gɔme le woƒe afima ɖoɖo ƒe ŋkeke eveagbe.—Mateo 24:14.

Agbenɔnɔ menɔ bɔbɔe na wo o. Vevietɔ esesẽ na danye si xɔ ƒe 17 ko ɣemaɣi ŋutɔ. Ðasefo bubuwo, kpekpewo, kple hame aɖeke menɔ afima o—ɖeko wova mãa Biblia-srɔ̃gbalẽwo tso aƒeme yi aƒeme tso ŋdi ga 9:00 vaseɖe fiẽ ga 4:00 gbesiagbe.

Le ƒe 1933 me la, woɖe wo tso Tokyo yi Kobe be woava ɖe gbeƒã le afima. Afimae wodzim le le February 9, 1934 me. Danye wɔ dɔ vevie le subɔsubɔdɔa me vaseɖe esime wòkpɔtɔ ɣleti ɖeka ne wòadzim. Emegbe dzinyelawo ʋu yi Yamaguchi, Ube, Kure, kple mlɔeba Hiroshima hetsɔ ƒe ɖeka kple edzivɔ ɖe gbeƒã le duawo dometɔ ɖesiaɖe me.

Wolé Dzinyelawo

Esi asrafonyahehe do gã ɖe edzi le Japan la, woɖo asi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo dzi eye Adzamekpovitɔ Tɔxɛwo ƒe ŋku nɔ Ðasefowo ŋu vevie. Emegbe le June 21, 1939 me la, wolé Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo le Japan la katã. Fofonye kple Danye nɔ amesiwo wolé la dome. Wokplɔm yi na mamanye si nɔ Ishinomori be wòakpɔ dzinye. Esi wosika wo ɖi ɣleti enyi megbe la, woɖe asi le Danye ŋu eye dziɖuɖua nɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie, eye mlɔeba le ƒe 1942 me la, mete ŋu gava wɔ ɖeka kplii le Sendai.

Le ɣeyiɣi ma me la, adzamekpovitɔwo bia nya Fofonye kple Ðasefo bubuwo le Hiroshima kpovidɔwɔƒe. Woƒo Ðasefoawo vevie le esi wogbe fiagã la subɔsubɔ alo Japan-srafowo zuzu ta. Gbebiamela la mete ŋu na Fofonye dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o.

Esi Fofonye nɔ gaxɔ me wòwu ƒe eve megbe la, wodrɔ̃ ʋɔnui. Le nyadɔdrɔ̃ aɖe me la, ʋunudrɔ̃la la biae be: “Miura, aleke nèbu Fiagã Ŋusẽtɔ lae?”

Fofonye ɖo eŋu be: “Fiagã Ŋusẽtɔ la hã nye Adam ƒe dzidzimevi eye ate ŋu aku, blibomadelae.” Nya ma wɔ mo yaa na ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nuŋlɔɖiwɔla la ale gbegbe be meŋlɔe ɖi o. Nya lae nye be Japantɔ geɖe xɔe se ɣemaɣi be mawue fiagã la nye. Wode Fofonye mɔ ƒe atɔ̃ eye ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ nɛ be ne mena ta le eƒe xɔse me o la, anɔ gaxɔ me le eƒe agbemeŋkeke mamleawo katã me.

Ema megbe kpuie le ƒe 1941 ƒe December me la, Japan dze United States dzi le Pearl Harbor le Hawaii. Nuɖuɖu ve le gaxɔa me, eye le vuvɔŋɔli ƒe ɣletiwo me la, wɔɖi lé Fofonye zi geɖe eye etsi zãdomadɔlɔ̃e le avɔmanɔamesi ta. Togbɔ be mete ŋu do ka kple gbɔgbɔmenɔvi aɖeke o hã la, ekpɔ Biblia xlẽ le gaxɔa ƒe agbalẽdzraɖoƒe, eye alesi wògbugbɔ xlẽe zi geɖe la na wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me.

Esime Woda Bɔmb La

Le August 6, 1945 ƒe fɔŋli me la, gaxɔmenɔla aɖe di be yeaɖɔli agbalẽwo kple Fofonye. Wode se ɖe nusia nu, gake esi gaxɔmenɔla la da eƒe agbalẽ to xɔdomemɔa dzi yi ɖe Fofonye ƒe gaxɔ me xoxo ta la, eya hã da eƒe agbalẽ ɖe gaxɔmenɔla kemea ƒe gaxɔ me. Eyata le esi teƒe be Fofonye nanɔ nusiwo wòwɔna ŋdi sia ŋdi si metrɔna o wɔm la, enɔ agbalẽ xlẽm esime woda bɔmb la. Le alesi wòwɔnɛ ɖaa nu la, anye ne anɔ afɔdzideƒe si le eƒe gaxɔa me la me le ŋdi ƒe ɣeyiɣi ma me. Le bɔmb la ƒe wowó megbe la, Fofonye kpɔe be nusiwo ge la gbã afisi afɔdzideƒea le la.

Emegbe wokplɔ Fofonye yi Iwakuni-gaxɔ si te ɖe afima ŋu la me. Le ema megbe kpuie la, Japan na ta Dukɔ Wɔɖekawo ƒe Asrafowo, eye woɖe asi le eŋu tso gaxɔ me le aʋamegbe ɣeyiɣi sesẽawo me. Etrɔ va aƒeme le Ishinomori le ƒe 1945 ƒe December me. Wogblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu. Ƒe 38 ko wòxɔ ɣemaɣi, gake edze abe amegãɖeɖi ene. Gbã la, nyemexɔe se be fofonye ye o.

Eƒe Xɔse Ganɔ Sesĩe

Nuwo tɔtɔ le Japan, eye míenya afisi Ðasefo anukwaretɔ mamlewo kaka yi o. Eye Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ aɖeke hã menɔ mía si o. Gake Fofonye fia Yehowa ƒe Fiaɖuƒea, xexeme yeyea, kple Harmagedon-ʋa si le aƒe tum la ŋuti nyateƒeawom tso Biblia me tẽ.—Psalmo 37:9-11, 29; Yesaya 9:6, 7; 11:6-9; 65:17, 21-24; Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10.

Emegbe esi wofia num le nɔnɔmetɔtrɔ ŋu le suku kɔkɔ eye ɖikeke ɖo menye ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu la, fofonye te kpɔ be yeana maxɔ Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi ase. Esi nyemelɔ̃ ɖe edzi o la, egblɔ mlɔeba be: “Amesiwo le xexeame ƒe akpa gãtɔ de aʋa la wɔwɔ dzi eye woɖi ʋukɔkɔɖi ƒe fɔ. Gake nye ya meku ɖe Biblia me nyateƒea ŋu eye nyemede asrafowo, fiagã subɔsubɔ, alo aʋa la wɔwɔ dzi o. Eyata wò ŋutɔ bu wo dometɔ si nye agbemɔ vavãtɔ si dzi wòle be nàto la ŋu nyuie.”

Esi menya nusi fofonye fia henɔ agbe ɖe enu eye metsɔ ema sɔ kple nusi menɔ sɔsrɔ̃m le suku la, mekpɔe be nɔnɔmetɔtrɔnufiafia la mate ŋu anye susu nyui o. Togbɔ be nɔnɔmetɔtrɔdzixɔsela aɖeke metsɔ eƒe agbe de afɔku me ɖe eƒe dzixɔsewo ta o hã la, fofonye ya lɔ̃ be yeaku ɖe ye tɔ ta.

Gbeɖeka le ƒe 1951 ƒe March me esi aʋa la ke ƒe atɔ̃ kple edzivɔ megbe la, Fofonye nɔ nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Asahi xlẽm. Edo ɣli zi ɖeka be: “Miawo ɖe, wova, wova!” Etsɔ nyadzɔdzɔgbalẽ la fiam. Nyati aɖe si ku ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla atɔ̃ siwo va ɖo Osaka teti koe nye ma ŋue wònye. Fofonye tsɔ dzidzɔ va kpɔ nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔlaawo eye wòsee be Yehowa Ðasefowo ɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Tokyo. Exɔ adrɛs la heyi ɖe alɔdzedɔwɔƒea eye kadodo gaɖo woa kple Yehowa ƒe habɔbɔa dome.

Ewɔ Nuteƒe Vaseɖe Nuwuwu

Le ƒe 1952 me la, míaƒe ƒomea ʋu yi Sendai. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dutanyanyuigblɔla siwo nye Donald kple Mabel Haslett ʋu yi afima le ƒe ma ke me eye wohaya aƒe aɖe be woawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ le eme. Ame ene koe de kpekpe gbãtɔ ma—Haslett kple srɔ̃a kple mía kple fofonye. Emegbe dutanyanyuigblɔla siwo nye Shinichi kple Masako Tohara, Adeline Nako, kple Lillian Samson wova kpe ɖe Haslett kple srɔ̃a ŋu le Sendai.

To hadede kple dutanyanyuigblɔla siawo me la, míaƒe ƒomea yi ŋgɔ le sidzedze Mawu ƒe Nya kple eƒe habɔbɔa me. Eteƒe medidi o Danye si ƒe xɔse nusiwo dzɔ le aʋawɔɣia ʋuʋu la wɔ ɖeka kpli mí le kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Dzo ɖo menye meɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu hexɔ nyɔnyrɔ̃ le April 18, 1953 me.

Le aʋa la megbe la, Fofonye zu nudzrala na nugblẽfexeha aɖe. Togbɔ be eƒe gaxɔmenɔnɔ gblẽ nu le eŋu emegbe eye wòkpɔ aklãdɔ kple ʋusɔgbɔdɔ hã la, edi vevie be yeagadze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme abe mɔɖela ene. Ewɔ esia le nye nyɔnyrɔ̃xɔɣi lɔƒo. Togbɔ be lãmegbegblẽ mena wòwɔ mɔɖeɖedɔa didi o hã la, eƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ʋãm medzudzɔ yunivɛsiti si menɔ dedem la hetsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔ nye agbemedɔe.

Wotia Isamu Sugiura si nye ɖekakpui nyui aɖe tso Nagoya be wòanye nye zɔhɛ le dɔa me. Míedze míaƒe subɔsubɔdɔa gɔme le May 1, 1955 me abe mɔɖela veviwo ene le Beppu le Kyushu Ƒukpo dzi. Ðasefo ʋee aɖewo koe nɔ ƒukpo bliboa dzi ɣemaɣi. Fifia le ƒe 39 kple edzivɔ megbe la, nutome sue 15 siwo me Ðasefo siwo wu 18,000 siwo le tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔ me le lae le ƒukpoa dzi. Eye Ðasefo siwo de 200,000 kloe ye le Japan katã fifia.

Le ƒe 1956 ƒe adame la, womiã asi mía kple Isamu be míade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Suku le United States. Dzi dzɔ mí ŋutɔ. Gake esi wova dom kpɔ le dzadzraɖo ɖe mɔzɔzɔ sia ŋu me la, ɖɔktawo kpɔe be yɔmekpe le ŋunye. Dzi ɖe le ƒonye vevie metsɔ trɔ yi aƒee le Sendai.

Ɣemaɣi la, Fofonye ƒe lãme gblẽ ɖe edzi, eye wòle aba dzi le aƒeme. Aƒe si míeɣe la ƒe lolome nye meta 30 togodo si me wode atsatsae. Mia kple fofonye míemlɔ teƒe ɖeka. Esi Fofonye mete ŋu wɔ dɔ o ta la, mía dzi kpɔkpɔ sesẽ na Danye.

Le ƒe 1957 ƒe January me la, Frederick W. Franz si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ɣemaɣi la va Japan eye wowɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe tɔxɛ aɖe le Kyoto. Fofonye ƒoe ɖe danye nu be wòayi. Togbɔ be menɔ lɔlɔ̃m be yeagblẽ mí ɖi le míaƒe dɔléle ta o hã la, eɖo to Fofonye eye wòyi takpekpea.

Emegbe kpuie la, Fofonye ƒe nɔnɔmea nɔ gbegblẽm ɖe edzi gbesiagbe. Esi míemlɔ mía nɔewo gbɔ la, meva tsi dzi eye mebiae alesi míawɔ akpɔ mía ɖokui dzii. Eɖo eŋu be: “Míesubɔ Yehowa Mawu hetsɔ míaƒe agbe de afɔku me ɖe eta gɔ̃ hã, eye eyae nye Mawu ŋusẽkatãtɔ. Nukata nètsi dzi ɖo? Yehowa ana nusi hiã mí la godoo.” Emegbe etsɔ tufafa blibo xlɔ̃ num be: “Na wò xɔse nasẽ ɖe edzi.”

Le March 24, 1957 me la, Fofonye tsi alɔ̃ me. Le eƒe kunuwɔwɔ megbe la, meva kpɔ nugblẽfexeha si me wòwɔ dɔ le la be míalé nya aɖewo kpɔ. Esi menɔ dzodzom la, dɔa dzi kpɔla la tsɔ agbalẽkotoku aɖe nam hegblɔ be: “Fofowò ƒe nue nye esia.”

Esi metrɔ yi aƒeme la, mekpɔ ga gbogbo aɖe le eme. Esi mebia nya dɔdzikpɔla la ku ɖe eŋu emegbe la, eɖe eme be enye ga si dɔwɔƒea nɔ ɖeɖem le Fofonye ƒe ɣleti sia ɣleti ƒe fetu me nɔ dadam ɖi le eƒe manyamanya me. Eyata nya si Fofonye gblɔ be “Yehowa ana nusiwo hiã mí la godoo” la va eme nyateƒe. Esia na megaxɔ Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ dzi se geɖe wu.

Metsɔ Ƒe Geɖe Wɔ Subɔsubɔdɔae

Alesi ga ma kpe ɖe ŋunye le ŋutilã gome la na mete ŋu kpɔ hayahaya le aƒeme. Ƒe ɖeka megbe le ƒe 1958 me la, wotia mía kple Danye be míazu mɔɖela veviwo. Emegbe mesubɔ abe dzikpɔla mɔzɔla ene le Japan, eye le ƒe 1961 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye metsɔ ɣleti ewo de Gilead Suku le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York.

Esi metrɔ va Japan la, megasubɔ hamewo abe dzikpɔla mɔzɔla ene. Emegbe le ƒe 1963 me la, meɖe Yasuko Haba si nɔ dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Tokyo la wòzu srɔ̃nye. Eva kpe ɖe ŋunye le mɔzɔzɔdɔa me vaseɖe ƒe 1965, esime womiã asi mí be míasubɔ le alɔdzedɔwɔƒea le Tokyo. Míesubɔ le afima ɖekae tso ɣemaɣi—gbã le afisi alɔdzedɔwɔƒea nɔ le Tokyo, emegbe le Numazu, eye fifia le Ebina.

Danye wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa vaseɖe ƒe 1965 me. Tso ɣemaɣi la, eyi edzi le kpekpem ɖe ame geɖe ŋu wole Biblia me nyateƒeawo xɔm. Exɔ ƒe 79 fifia gake lãmesẽ vi aɖe gale esi. Edzɔ dzi na mí be ete ɖe mía ŋu eye wòle hame si me míele la me le afisi te ɖe Ebina-lɔdzedɔwɔƒea ŋu.

Míeda akpe na Yehowa Mawu vevie be fofonye tsi agbe le atɔmik bɔmb si wó le Hiroshima la me. Elé eƒe xɔse me ɖe asi, eye enye nye didi vevie be mado dzaa nɛ le eƒe tsitretsitsi megbe le xexe yeyea me eye magblɔ alesi wokpɔ mía ta le Harmagedon si nye aʋa si teƒe wòdi vevie be yeakpɔ hafi me la nɛ. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 21:3, 4)—Abe alesi Tsutomu Miura gblɔe ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Taflatse àkpɔ Matsue Ishii ƒe agbemeŋutinya le May 1, 1988 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 21-5.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Katsuo kple Hagino Miura, kple wo viŋutsu Tsutomu

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Tsutomu Miura le dɔ wɔm le Japan-lɔdzedɔwɔƒe

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

Hiroshima Peace and Culture Foundation from material returned by the United States Armed Forces Institute of Pathology

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe