Tso Fiagã Subɔsubɔ Me Yi Nyateƒe Subɔsubɔ Me
ABE ALESI ISAMU SUGIURA GBLƆE ENE
Togbɔ be edze ƒã le ƒe 1945 me be wonɔ Japan dzi ɖum le Xexemeʋa II me hã la, dzideƒo nɔ mía si be kamikaze (“mawu ƒe ya”) aƒo wòaɖu futɔwo dzi. Kamikaze fia ahomya si ƒo zi eve le ƒe 1274 kple 1281 me tsrɔ̃ ame geɖe le Mongoliatɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋu siwo ho va dze Japan-ƒutaduwo dzi si na be wotrɔ dzo.
EYATA esi Fiagã Hirohito ɖe gbeƒã na dukɔa be Japan na ta le aʋa si wòkpe kple Dukɔ Siwo Wɔ Ðeka me le August 15, 1945, dzi la, mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame miliɔn alafa ɖeka siwo tsɔ wo ɖokui kee. Menye sukuvi ɣemaɣi, eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe nye hã. ‘Ne menye Mawu gbagbe lae fiagã la nye o la, ke amekae wònye?’ Metsi yaa. ‘Ameka dzie mada nye mɔkpɔkpɔ ɖo?’
Gake le nyateƒe me la, Japan dzi si woɖu le Xexemeʋa II me ʋu mɔ na mía kple Japantɔ bubu akpe geɖe míesrɔ̃ nu tso nyateƒe Mawu Yehowa ŋu. Hafi magblɔ tɔtrɔ siwo wònɔ nam be mawɔ na mi la, mina magblɔ subɔsubɔ si me wonyim le ŋutinya na mi gbã.
Subɔsubɔha si me Menɔ Gbã ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedziwo
Dugã si ŋkɔe nye Nagoya mee wodzim le le June 16, 1932, eye nyee nye ɖevitɔ le ŋutsuvi ene dome. Dua ƒe anyigbadzidzelae fofonye nye. Danye xɔ Shinto kɔmamã aɖe si nye Tenrikyo dzi se vevie, eye wona subɔsubɔhehe fonye tsitsitɔ be wòanye nufiala le Tenrikyo subɔsubɔa me. Mía kple Danye míenyina vevie ŋutɔ, eye ekplɔam yia tadeaguƒe lae.
Wofia alesi mabɔbɔ ta ado gbe ɖa lam. Tenrikyo subɔsubɔa fia nu be woaxɔ wɔla aɖe si ŋkɔe nye Tenri O no Mikoto kpakple mawu suesue ewo dzi ase. Xɔsegbedada nye woƒe nuwɔna, eye wotea gbe ɖe kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo kple nuƒoƒo tso ha la ƒe dzixɔsewo ŋu dzi.
Menye ŋutsuvi aɖe si kua nu me tsitotsito. Dzinu kple ɣletivi gbogbo siwo dzena le dziŋgɔli me le zã me la wɔa nuku nam, eye alesi yame yi ʋĩi wɔa nuku nam. Ne melé ŋku ɖe alesi agbitsa kple aŋanyi si medo ɖe ze vi aɖe me le abɔ me wɔ tsinae ŋu la, ewɔa nuku nam ale gbegbe. Ŋkuléle ɖe xexemenuwɔwɔwo ŋu na alesi mexɔ Mawu dzi see gasẽ ɖe edzi.
Aʋaŋɔli Ƒeawo
Nye gɔmedzesukudeɣi tso ƒe 1939 vaseɖe 1945 do go ɖe Xexemeʋa II wɔɣi nu. Wote gbe ɖe fiagãsubɔsubɔ si nye Shinto subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe dzi le míaƒe sukunusɔsrɔ̃wo me. Wofia shushin si me dukɔmevinyenye kple asrafo hehexɔxɔ le la mí. Aflaga dodoɖedzi wɔnawo, dukɔa ƒe ha dzidzi, dziɖuɖusewo sɔsrɔ̃, kpakple bubudede fiagã la ƒe foto ŋu katã nye míaƒe gbesiagbe sukuwɔnawo ƒe akpa aɖewo.
Míeyi Shinto ƒe vɔsaxɔ si nɔ mía gbɔ la hã me ɖado gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe dziɖuɖua ƒe asrafowo ŋu woaɖu aʋa dzi. Fonye eve nɔ asrafoawo dome. Le dukɔmevinyenye kple subɔsubɔ ƒe nufiafia si mesrɔ̃ ta la, ne míese be Japan-srafowo ɖu dzi la, dzi dzɔam ŋutɔ.
Nagoya ye nye Japan yameʋuwo wɔƒe, eyata eyae nye afisi koŋ U.S. Yamesrafowo tɔ ŋkui be yewoagblẽ. Le ŋkeke me la, Bɔmbdayameʋu B-29 nɔa yame meta 9,000 tso dua tame henɔa bɔmb alafa geɖe dam ɖe dɔwɔƒea ƒe nutowo me. Le zã me la, bɔmbdayameʋuawo ɖiɖina vaa anyi ɖona keke meta 1,300 nudikaɖiwo kpɔna. Bɔmb siwo dam wonɔ edziedzi tso yame la tɔa dzo aƒewo. Zi gbɔ zi 54 sɔŋ ye woda bɔmb tso yame ɖe Nagoya ɖeɖe dzi le aʋaŋɔlia ƒe ɣleti asieke mamlɛawo me si he fukpekpe geɖe va amewo dzi, eye amesiwo wu 7,700 sɔŋ ku.
Le ɣeyiɣi sia me la, ƒudziʋawɔʋuwo dze bɔmb dada ɖe ƒutadu ewo me gɔme, eye amewo nɔ gbɔgblɔm be ɖewohĩ U.S. srafowo gbɔna xa de ge ɖe teƒe si te ɖe Tokyo ŋu. Wona hehe nyɔnuviwo kple ŋutsuviwo be woatsɔ akplɔ siwo wotsɔ pampro wɔ awɔ aʋa aʋli dukɔa ta. Aʋaɣli si míedonae nye “Ichioku Sougyokusai,” si fia be “Ne ame miliɔn 100 ɖeka ku hã míana ta o.”
Le August 7, 1945 dzi la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ta nyati si ƒe tanya nye: “Woda Bɔmb Yeye aɖe ɖe Hiroshima.” Wogada bubu ɖe Nagasaki le ŋkeke eve megbe. Atɔm bɔmbwoe woda, eye míese emegbe be amesiwo katã wòwu la wu 300,000. Emegbe le August 15 lia dzi esi míewu tu siwo wotsɔ ati kpae ƒe hehexɔzɔli zɔzɔ nu vɔ la, míese fiagã la ɖe gbeƒã le eƒe nuƒo me be Japan-dukɔa na ta. Kakaɖedzi nɔ mía si be dziɖuɖua lanye mía tɔ, gake fifia nu glo mí!
Mɔkpɔkpɔ Yeyea aɖe Va Nɔ Dzedzem
Esi Amerika srafowo dze teƒewo xɔxɔ gɔme la, míeva nɔ edzi xɔm se ʋeʋeʋe be United States ɖu aʋa la dzi. Wohe demokrasi dziɖuɖu kpakple dukplɔse yeye si ɖe mɔ ɖe subɔsubɔblɔɖe ŋu la va Japan. Agbenɔnɔa sesẽ ɣemaɣi, nuɖuɖu nɔ vevem, eye fofonye ku le nunyuimakpɔɖui ta le ƒe 1946 me.
Wodze Eŋlisigbe fiafia le suku si dem menɔ la me, eye NHK radio dɔwɔƒe dze wɔna siwo me wodoa Eŋlisigbe le la wɔwɔ gɔme le radio dzi. Melé to ɖe wɔna sia si ŋkɔ ɖi hoo la ŋu nɔa esrɔ̃m gbesiagbe to Eŋlisigbesrɔ̃gbalẽ dzi si menɔa kpɔkpɔm ƒe atɔ̃ sɔŋ me. Esia na wòdzrom be mayi United States gbeɖeka. Le Shinto kple Buddha subɔsubɔ si mena mɔkpɔkpɔ aɖekem o ta la, meva nɔ tame bum be ɖewohĩ makpɔ Mawu ŋuti nyateƒenyawo le Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe subɔsubɔhawo me.
Le April ƒe gɔmedzedze le ƒe 1951 me la, medo go Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dutanyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Grace Gregory. Etɔ ɖe Nagoya ketekedzeƒe ŋkume nɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ kple Japangbe me gbalẽvi aɖe si ƒo nu tso Biblia me nyati aɖe ŋu mãm. Ðokuibɔbɔ si wòtsɔ nɔ dɔ ma wɔmee wɔ dɔ ɖe dzinye. Mexɔ agbalẽ evea katã eye esi wòdo Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kplim ɖe gbɔnye la melɔ̃ enumake. Medo ŋugbe nɛ be mava eƒeme hena Biblia-nusɔsrɔ̃a le ŋkeke ʋee aɖewo megbe.
Esi menɔ nye nɔƒe le keteke me hedze Gbetakpɔxɔa xexlẽ gɔme la, nye ŋku kli nya gbãtɔ si nye “Yehowa” le agbalẽa ƒe nyati gbãtɔ me. Nyemekpɔ ŋkɔ ma kpɔ o. Nyemenɔ mɔ kpɔm be makpɔe le nyagɔmeɖegbalẽ sue si le Eŋlisi kple Japangbe me si melé ɖe asi la me o, gake enɔ eme! “Yehowa . . . , Biblia ƒe Mawu.” Fifia medze numekuku tso Kristotɔwo ƒe Mawu la ŋu gɔme!
Esi meɖi tsa yi dutanyanyuigblɔlawo ƒeme zi gbãtɔ ma la, wogblɔ nam be Nathan H. Knorr si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi gbɔna Biblia me nuƒo aɖe ƒo ge le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe. Wo kpakple eƒe agbalẽŋlɔla Milton Henschel ye ɖi tsa va Japan, eye woava Nagoya. Togbɔ be nyemenya nu geɖe le Biblia me o hã la, nuƒoa kpakple hadede kple dutanyanyuigblɔlaawo kple ame bubu siwo va la vivi nunye ale gbegbe.
Anɔ abe ɣleti eve megbe le mía kple Grace ƒe nusɔsrɔ̃a me la, mesrɔ̃ Yehowa, Yesu Kristo, tafea, Satana Abosam, Harmagedon, kple anyigba dzi Paradisoa ŋuti gɔmedzenyateƒenyawo. Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuiae nye gbedasi si tɔgbe tututu dim menɔ. Le ɣeyiɣi si me medze nua sɔsrɔ̃ gɔme ke medze hamea ƒe kpekpewo hã dede gɔme. Xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔa kpekpe siawo siwo me dutanyanyuigblɔlaawo tsaka Japantɔwo faa henɔ tatami (abawo) dzi la vivi nunye ŋutɔ.
Le October 1951 me la, wowɔ nutome sue takpekpe gbãtɔ le Japan le Nakanoshima Dugbadza Kpekpewɔƒe le dugã si nye Osaka me. Ðasefo siwo nɔ Japan katã mede 300 o; gake amesiwo ade 300 ye va takpekpea, siwo dome dutanyanyuigblɔla siwo ade 50 kloe hã nɔ. Mekpɔ gome le wɔnawo ƒe akpa sue aɖe me gɔ̃ hã. Nusi mekpɔ kple nusi mese wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be meɖoe le nye dzi me be masubɔ Yehowa le nye agbe me katã. Mexɔ nyɔnyrɔ le ŋufɔke le tsi yɔyrɔe aɖe me le dugbadza tsileƒe aɖe si tsɔ ɖe mía gbɔ.
Dzidzɔ si Le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
Medi be mava nye mɔɖela, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, gake mesee le ɖokuinye me hã be ele be mana kpekpeɖeŋu le míaƒe ƒomea dzikpɔkpɔ me. Esi melé dzi ɖe ƒo gblɔ nye didia na nye dɔtɔ la, ewɔ nuku nam esi mese wògblɔ be: “Adzɔ dzi nam be malɔ̃ ɖe edzi na wò ne emae ana dzi nadzɔ wò.” Mete ŋu tsɔ ŋkeke eve ko wɔ dɔe kwasiɖa sia kwasiɖa, gake mete ŋu na kpekpeɖeŋu danye le aƒea me ƒe gazazã me. Mese le ɖokuinye me ŋutɔŋutɔ abe xevi si ŋu woɖe asi le le axadza me ene.
Esi nɔnɔmewo va nɔ nyonyom ɖe edzi la, medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le August 1, 1954, dzi le anyigbamamã aɖe si le Nagoya ketekedzeƒea godo, aɖabaƒoƒo sue aɖewo ƒe azɔlizɔzɔ tso afisi medo go Grace le gbã. Le ɣleti geɖewo megbe la, mexɔ dɔdasi be manye mɔɖela vevi le Kyushu ɣetoɖoƒe ƒukpo ƒe dugã aɖe si nye Beppu. Tsutomu Miura ye wotia be wòanye nye kpeɖeŋutɔ.a Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖeke menɔ ƒukpoa katã dzi ɣemaɣi o, gake wo ame alafa geɖewoe li fifia siwo womã ɖe nutome sue 22 me!
Xexeme Yeyea Ðɔɖɔ Kpɔ
Esi Nɔviŋutsu Knorr gaɖi tsa va Japan ake le April 1956 me la, ebia tso asinye be maxlẽ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ magazine ƒe memamã ʋee aɖewo yease. Mena menya nusitae o, gake le ɣleti ʋee aɖewo megbe la, mexɔ amekpelɛta be mava de Gilead dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku klass 29 lia. Ale le ƒe ma ƒe November me la, medze mɔzɔzɔ dodzidzɔname yi United States gɔme si na be taɖodzinu si nɔ asinye gbaɖegbe ke la va eme. Anyinɔnɔ ahawɔ dɔ kple Brooklyn Betel ƒome gã la ɣleti aɖewo do ŋusẽm le Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la dzixɔxɔse me.
Le February 1957 me la, Nɔviŋutsu Knorr kɔ mí sukuvi etɔ̃ ɖe ʋu me yi Gilead Sukukpoa dzi le South Lansing, le New York ƒe dzigbe. Le ɣleti atɔ̃ siwo kplɔe ɖo me si mexɔ nufiame tso Yehowa ƒe Nya la me henɔ teƒe si nya kpɔ le hatisukuviwo dome la, ena meɖɔ Paradisonyigba la dzi nɔnɔ kpɔ. Woɖo sukuvi ewo le sukuvi 103 dome siwo me menɔ la ɖe Japan.
Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Nye Dɔdasia Ŋu
Ðasefo siwo nɔ Japan esi metrɔ gbɔ le October 1957 me anɔ 860. Woɖom ɖe mɔzɔzɔdɔa me be manye nutome sue dzikpɔla, gake gbã la, Adrian Thompson na hehem hena dɔ ma wɔwɔ ŋkeke ʋee aɖewo le Nagoya. Nye nutome suea dze egɔme tso Shimizu si te ɖe Fuji To la ŋu va ɖo Shikoku Ƒukpo gbɔ, du siawo abe Kyoto, Osaka, Kobe, kple Hiroshima ene nɔ eme.
Le ƒe 1961 me la, wode dɔ asinye be manye nutome gã dzikpɔla. Esia bia be mazɔ mɔ tso dziehe ƒukpo si nye Hokkaido si dzi sno nɔna ayi Okinawa-ƒukpo xɔdzo dzi eye maɖo Ishigaki ƒukpo siwo tsɔ ɖe Taiwan gbɔ la gɔ̃ hã, esi nye mɔzɔzɔ si ade kilometa 3,000.
Emegbe le ƒe 1963 me la, wokpem va Gilead Sukua ƒe ɣleti ewo nusrɔ̃ƒe le Brooklyn Betel. Le sukua la, Nɔviŋutsu Knorr te gbe ɖe nɔnɔme nyui ƒe amesinɔnɔ le dɔdasiwo ŋu ƒe vevienyenye dzi. Egblɔ be nugododeƒe ƒe dzadzɛnyenye gbɔ kpɔkpɔ nye dɔ vevi abe dɔwɔwɔ le ɔfis ke ene. Egblɔ be ne afɔdziawo mele dzadzɛ o la, agblẽ nu le Betel ƒome bliboa kple woƒe dɔwo ŋu. Emegbe dɔ siwo mewɔ le Betel le Japan ƒe akpa aɖewoe nye be makpɔ nudogodeƒea ƒe dzadzɛnyenye gbɔ, ena meɖo ŋku nuxlɔ̃ame ma dzi.
Wogaɖom ɖe mɔzɔdɔa me ake esi metrɔ yi Japan. Le ƒe aɖewo megbe le ƒe 1966 me la, meɖe Junko Iwasaki si nye mɔɖela vevi le dugã si nye Matsue me. Lloyd Barry si nye alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔla ɣemaɣi le Japan lae ƒo srɔ̃ɖenuƒo dodzidzɔname la. Emegbe mía kple Junko míeyi mɔzɔzɔdɔa dzi.
Míaƒe dɔdɔasia trɔ esi woyɔm be mava wɔ gbegɔmeɖeɖedɔ le Tokyo ƒe alɔdzedɔwɔƒea le ƒe 1968 me. Xɔ ƒe anyimanɔmanɔ na be wona xɔm ɖe Sumida Dua me le Tokyo, eye Junko wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔ le hame si le mía gbɔ la me. Alɔdzedɔwɔƒe si lolo wue hiã ɣemaɣi. Eyata le ƒe 1970 me la, woƒle anyigba ɖe Numazu, si gbɔ medidi tso Fuji Toa gbɔ o. Wotu agbalẽtaƒe dziƒoxɔ dzisasrã etɔ̃ kple xɔdɔmewo ɖe afima. Hafi wodze xɔa tutu gɔme la, wowɔ Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si me wonaa hehe hamea dzikpɔlawo le le aƒe gbogbo siwo nɔ anyigbaa dzi la me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mefia nu le sukua me, eye Junko ɖa nu na sukuviawo. Enye dzidzɔ nam be mekpɔ ŋutsu Kristotɔ alafa nane siwo wona hehe tɔxɛe hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ.
Mexɔ telegram aɖe le ŋdɔ aɖe me kpata. Woxɔ Dada ɖe kɔdzi eye mɔkpɔkpɔ menɔe be anɔ agbe o. Meɖo keteke si ƒua du sesĩe yi Nagoya hewɔ kabakaba yi kɔadzi. Enɔ ɖime, gake menɔ exa le eƒe aba dzi zã bliboa katã. Dada trɔ megbe le fɔŋli. Esi metrɔ yina Numazu eye meɖo ŋku ɣeyiɣi sesẽ siwo me wòto le eƒe agbe me kple alesi melɔ̃a nu le gbɔnyee o dzi la, ɖeko mewó avi. Ne enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, magakpɔe le tsitretsitsia me.
Medidi o Numazu alɔdzedɔwɔƒea megalolo na mí o. Eyata woƒle anyigba hekta 7 ɖe Ebina City hedze alɔdzedɔwɔƒe yeye tutu gɔme le ƒe 1978 me. Fifia wotu agbalẽtaƒe kple xɔdɔmewo kpakple Takpexɔ si axɔ ame siwo wu 2,800 la ɖe anyigba sia dzi. Wotu xɔdɔme siwo nye dziƒoxɔ dzisasrã 13 la eve kple ʋutɔɖoƒe si wogate ŋu dzraa ʋuawo ɖo le si nye dzisasrã 5 kpee nyitsɔ sia, esi tutu nu wowu le ƒe sia ƒe gɔmedzedze me. Míaƒe Betel-ƒomea me tɔwo aɖo 530 fifia, gake ame 900 ate ŋu anɔ aƒe gã sia me.
Susu Geɖe Li si ta Dzi Dzɔam Ðo
Enye dzidzɔ nam be mekpɔ Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam, ẽ, ‘ame suewo zu akpe.’ (Yesaya 60:22) Meɖo ŋku edzi be le ƒe 1951 me la, nɔvinyeŋutsu ɖeka biam be: “Ðasefo nenie le Japan?”
Meɖo eŋu be: “Woanɔ 260.”
Ebiam fewuɖutɔe be: “Ko evɔa?”
Meɖo ŋku edzi be eva nye susu me be, ‘Ne gamea de ko míanya ame nenie Yehowa aɖe tso Shinto kple Buddha dukɔ sia me woava subɔe.’ Fifia Yehowa ɖo nyaa ŋu! Egbea anyigbamamã si womede ame aɖeke si o si me woaɖe gbeƒã le megale Japan o, eye tadeagula vavãtɔwo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi gbɔ 222,000 ŋu le hame 3,800 me!
Ƒe 44 siwo va yi si metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae le nye agbe me—si me ƒe 32 nye si mía kple srɔ̃nye lɔlɔ̃a míetsɔ wɔe—la nye esiwo me dzi dzɔm le ŋutɔ. Mewɔ dɔ le Gbegɔmeɖeƒe le Betel ƒe 25 le ƒe mawo me. Le September 1979 me la, wokpe nye hã be mava nye Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdze si le Japan ƒe kɔmiti me tɔ.
Mɔnukpɔkpɔ kple yayrae wònye nam be mekpɔ gome sue aɖe le kpekpeɖeŋu nana amesiwo nye ŋutifafalɔ̃la anukwaretɔwo be woava Yehowa ƒe subɔsubɔa me la me. Ame geɖe wɔ abe alesi tututu mewɔe ene—wotrɔ tso fiagã subɔsubɔ me yi Yehowa, nyateƒe Mawu ɖeka kolia subɔsubɔ me. Enye nye didi vevie be mayi edzi akpe ɖe ame geɖe ŋu woava Yehowa, amesi ɖu aʋa dzi la ƒe akpa dzi be woakpɔ agbe mavɔ le xexe yeye si me ŋutifafa anɔ la me.—Nyaɖeɖefia 22:17.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Fofoa nye Ðasefo wɔnuteƒe si tsi agbe le bɔmb si woda ɖe Hiroshima esime wònɔ gaxɔ me le ƒe 1945 me. Kpɔ Nyɔ!, October 8, 1994, axa 11-15.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Nusɔsrɔ̃ le suku si ku ɖe fiagã subɔsubɔ ŋu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
The Mainichi Newspapers
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Mía kple Nɔviŋutsu Franz le New York
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Mía kple srɔ̃nye Junko
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Dɔwɔwɔ le Gbegɔmeɖeƒea