INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 10/8 axa 16-18
  • Towo—Nuwɔwɔ Wɔnukuwoe Wonye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Towo—Nuwɔwɔ Wɔnukuwoe Wonye
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yame ƒe Nɔnɔme Tɔxɛwo
  • Ŋusẽ Siwo Wokpɔ Ðe Amegbetɔ Dzi
  • Ðe Wole Wo Dzi Gblẽma?
  • ‘Wò Bubu De Ŋgɔ Wu Towo Tɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Kilimanjaro Afrika-To Kɔkɔtɔ Kekeake
    Nyɔ!—1998
  • Yehowa Kpɔ Wo Ta Le Towo Ƒe Vɔvɔli Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Nyɔ!—1994
g94 10/8 axa 16-18

Towo—Nuwɔwɔ Wɔnukuwoe Wonye

ANDES, Cascades, Himalayas, Rockies, Alps, kple Urals—Anyigba dzi towo dometɔ aɖewo ko wonye. Alesi to siawo nyadrii la awɔ nuku na wò ŋutɔ.

Tsɔe be yele tsitre ɖe Everest Toa gbɔ. Ekɔkɔ wu anyigba ƒe akpa ɖesiaɖe eye eƒe kɔkɔmee nye meta 8,848—kilometa 8.8 sɔŋ! Eye to sia nye Himalayas-to nyadzriawo ƒe akpa sue aɖe ko. Togbaka sia si me to siwo wu 70 siwo dometɔ ɖesiaɖe kɔkɔ meta 6,400 le la nye Alps-to siwo le Europa la ƒe lolome teƒe eve!

Yame ƒe Nɔnɔme Tɔxɛwo

Nuto alo yame ƒe nɔnɔme vovovowo le towo ƒe akpa gãtɔ dzi, vevietɔ le esi yame fana ɖe edzi celsius 1.8° le meta 300 ƒe kɔkɔme ɖesiaɖe ta. Alesi tsidzadza, ke, kple ya to vovoe hã na nuto ɖesiaɖe nye etɔxɛ.

Alesi nuto siawo to vovoe la ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye San Francisco To siwo le Arizona, U.S.A. To mawoe kɔkɔ wu le dukɔ ma me. Ne èdze San Francisco Towo dometɔ ɖeka lialia gɔme tso eɖome le Coconino Totamegbadza dzi va ɖo etame la, nu gbãtɔ si nàkpɔe nye nuto si me adoglowo kple srẽ siwo le afisi ɖi gbegbe. Ne èle elialia dzi la, àge ɖe fafɛƒe si nye agamegbɔewo kple ati dzeaniwo nɔƒe. Mlɔeba la àɖo etame si fa miãmiãmiã la. Le to ɖeka sia ko lialia me la, àte ŋu akpɔ nugbagbe kple yame ƒe nɔnɔme vovovo siwo ke ŋu nàke ɖo ne èzɔ mɔ tso Mexico yi Canada le afisi anyigba ƒe kɔkɔme sɔ kple atsiaƒu dzi kloe ko!

Ðe nènɔ to dzi hegbɔ afima ƒe ya nyui si faa dzi na ame la kpɔa? Alesi ya fana le afima la nye nusiwo ta afima nɔnɔ vivina la dometɔ ɖeka. Gake ne dugãwo mete ɖe to ŋu o la, ya si ƒona le edzi me te ŋu kɔna henɔa dzadzɛ. Ke, seƒoƒowo ƒe ʋuʋu, kple nu suesue bubu 2,500 ye anɔ ya sentimeta ɖeka togodo ɖesiaɖe me le afisi kɔkɔ meta 2,000. Tsɔ ema sɔ kple dugãmeya si me nu suesue siawo 150,000 te ŋu nɔa ya ƒe agbɔsɔsɔ ma ke me la kpɔ! Esia ɖe nusita zi geɖe la, wotua egbegbe yamenutomekpɔƒewo ɖe towo dzi, afisi ya si me kɔ na wote ŋu kpɔa ɣletiviwo me nyuie le.

Le nyateƒe me la, to kɔkɔwo dzi menya nɔna o, afisi ya si ƒona kple esi míegbɔna mesɔ gbɔ o, si ŋdɔ ʋuna sesĩe eye ya sesẽ naa yame fana zi ɖeka le. Nukutɔe la, nugbagbe aɖewo te ŋu nɔa agbe dedie le nɔnɔme siawo ke hã me. Le kpɔɖeŋu me, bu yiyi sue alo aʋatrɔƒenyi ŋu kpɔ. Himalaya-towo ƒe afisi kɔkɔ wu meta 6,000 nya nɔna na todzinɔla sia! Alesi nuwɔwɔ la te ŋu nɔa agbe le afima la me mekɔ na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tututu o.

Ŋusẽ Siwo Wokpɔ Ðe Amegbetɔ Dzi

Towo kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea katã dzi. Le kpɔɖeŋu me, lé ŋku ɖe xexeame katã ƒe nɔnɔmetata ŋu kpɔ. Kpɔ alesi Pyrenee-to siwo kɔkɔ wu meta 3,000 la mã Spania tso France kple Europa ƒe akpa mamle gbɔe ɖa. Àkpɔe hã be dukɔ bubuwo ƒe liƒowo to togbaka gãwo dzi. Mɔxenu siawo siwo manya ɖe ɖa o la na gbegbɔgblɔ kple kɔnu vovovowo me tɔwo mete ŋu zɔa mɔ yia wo nɔewo gbɔ hetsaa asi o. Eyata anɔ eme be towo ƒe anyinɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ si me nèle ƒe nɔnɔme kple eƒe lolome, gbe si nèdona, kple mia dekɔnuwo dzi.

To kɔkɔwo tsia yaƒoƒo nu hã. Esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe tsidzadza, sno, ya, kple yame ƒe dzoxɔxɔ dzi. Esia hã kpɔa ŋusẽ ɖe nuɖuɖu vovovo siwo nèɖuna, awu siwo ƒomevi nèdona, kple ɖewohĩ alesi nètso wò aƒee la dzi.

Le kpɔɖeŋu me, Kunlun, Tien Shan, Hindu Kush, Himalayas, kple togbaka bubu siwo le Titina Asia la tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Togbaka siawo léa ya fafɛ si me ƒu siwo ƒona tsoa Siberia la nu eye woɖoa asi ya ɖotsi xɔdzo siwo ƒona tsoa India Ƒua dzi la dzi. Eyata yame ƒe nɔnɔme si le to siawo ƒe anyiehekpa dzi la to vovo na dziehekpa dzi tɔ eye wokpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbenɔnɔ dzi.

Ðe Wole Wo Dzi Gblẽma?

Nukutɔe la, ameƒomea le towo ƒe nyonyo kple atsyɔ̃ gblẽm. Gbɔlɛ̃ kple sisiblisi siwo tsa le Alps-towo dzi la vɔ le adedada yakayaka ta. Atiwo tsotso na tsi kplɔ anyigbadzike nyuiwo le to geɖe ƒe abuwo nu. Mɔ̃ɖaŋudɔwo ƒe ɖiƒoƒo yame kple ame gbogbowo ƒe modzakaɖetsaɖiɖiwo hã le nu gblẽm le to aɖewo ƒe nɔnɔme vovovoawo ŋu vevie.

Dzidzɔtɔe la, towo akpɔtɔ anɔ anyigba dzi ɖaa. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 49:26.) Nyateƒenya si ɖe dzesie nye be, Biblia tsɔ xexemedziɖuɖu yeye si gbɔna la sɔ kple to. Esi dziɖuɖu sia si le abe to ene axɔ anyigba katã dzi ta la, adzra nusianu si wogblẽ le ɣletinyigba la ŋu ɖo. (Daniel 2:35, 44, 45) Eyata kakaɖedzi le mía si be míakpɔ dzidzɔ ɖe nuwɔwɔ wɔnuku siawo ŋu tegbee.

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Blanc-to, le France, meta 4,731

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

M. Thonig/H. Armstrong Roberts

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Fuji-to, le Japan, meta 3,716

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

A. Tovy/H. Armstrong Roberts

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe