INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 1/8 axa 14-17
  • Kilimanjaro Afrika-To Kɔkɔtɔ Kekeake

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kilimanjaro Afrika-To Kɔkɔtɔ Kekeake
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afrika “Tame”
  • Etame Dzeaniawo
  • Aɖaŋunue Wònye le Nutoa Me
  • Wote Ŋu Lia “Kili”
  • Towo—Nuwɔwɔ Wɔnukuwoe Wonye
    Nyɔ!—1994
  • To Tame Goglomiɖelawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Nyɔ!—1998
g98 1/8 axa 14-17

Kilimanjaro Afrika-To Kɔkɔtɔ Kekeake

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

Ƒ E 150 koe nye si va yi la, amewo menya nu tso Afrika ƒe nutotrowo ƒe akpa gã aɖe ŋu o. Anyigba bubu dzi tɔwo meva tsa le anyigbagã la dzi kpɔ o eye eŋu nyawo le ɣaɣla ɖe wo. Nya geɖe siwo amewo gblɔ le Ɣedzeƒe Afrika ŋu la dometɔ ɖeka dze nukunyae ŋutɔ na Europatɔwo. Enye nyatakaka aɖe si tso Germany-mawunyadɔgbedela siwo ƒe ŋkɔe nye Johannes Rebmann kple Johann L. Krapf gbɔ, amesiwo gblɔ be le ƒe 1848 me la, yewokpɔ to aɖe si te ɖe anyigbamemãflia ŋu si kɔkɔ ale gbegbe be sno bla ɖe etame wòfu tititi.

Menye ɖeko amewo ke ɖi le nya si nye be to aɖe le Afrika-nyigba xɔdzoa dzi si tame sno le la ŋu o ke wobui nukokoenya hã. Ke hã to gã ma ŋuti nyawo nyɔ anyigbaŋutinunyalawo kple anyigbayeyedilawo ƒe ɖetsɔleme eye wodi be yewoakpɔe, eye mlɔeba la, wova ɖo kpe nya si mawunyadɔgbedelawo gblɔ dzi. Nyateƒee, dzoto aɖe si tame sno le la le Ɣedzeƒe Afrika si ŋkɔe nye Kilimanjaro. Ame aɖewo be ŋkɔ ma gɔmee nye “To Gã.”

Afrika “Tame”

Egbea Kilimanjaro xɔ ŋkɔ le eƒe anidzedze kple eƒe kɔkɔ wɔdɔɖeamedzia ta. Teƒe ʋee aɖewo koe nya kpɔna hetsia susu me na ame dea enu, afisi atiglinyiwo nɔa ha me ɖua gbe toa Afrika-gbadzaƒe ƒe kuɖiɖinyigba siwo ʋuʋu le eye “Kili” to gã dzeani si tame sno bla la nɔa wo megbe ʋĩ.

Kilimanjaro nye to kɔkɔtɔ kekeake le Afrika-nyigba dzi eye wobui ɖe dzoto gãtɔ kekeake siwo me dzo megadona le o le xexeame la dome. Tanzania ye wòle, le anyigbamemãflia ƒe anyigbe vie ko eye wòte ɖe Kenya-dea dzi. Le afisia la, dzoto me nuwo li kɔ ɖe teƒe si ƒe didime, kekeme, kple kɔkɔme xɔ wu meta biliɔn ene, eye eyae ƒo ƒu zu to sia si ƒe tame le yame ʋĩ.

Alesi toa ɖe ɖe agae gana eƒe gãnyenye dzena nyuie. Eya ɖeɖee le adzɔge ɖaa, eye edze egɔme tso Masai-gbetome si nye kuɖiɖinyigba, si le afisi kɔkɔ meta 900 wu atsiaƒu wòva ɖo eƒe kɔkɔƒe si nye meta 5,895! Eyata mewɔ nuku o be woyɔa Kilimanjaro ɣeaɖewoɣi be Afrika tame.

Wogayɔ Kilimanjaro be “Asihawo ƒe To,” elabena woate ŋu anɔ adzɔge kilometa alafa geɖe le akpa sia akpa akpɔ sno kple tsikpe nyadri siwo le edzi siwo klẽna abe mɔfiakaɖi ene la. Le ƒe alafa siwo va yi me la, etame si sno bla la fiaa mɔ asiha siwo tsɔa nyiɖu, sika, kple kluviwo tsoa Afrika-gbetomewoe.

Etame Dzeaniawo

Kilimanjaro nye dzoto eve siwo wɔ ɖeka. Kibo enye dzotoa ŋutɔŋutɔ; tsikpe kple sno nɔa etame tsutsuẽ dzeania ɣesiaɣi. Evelia le eƒe ɣedzeƒekpa dzi si woyɔ be Mawenzi, eye ekɔkɔ meta 5,150 eye eya kee nye Afrika-to kɔkɔtɔ etɔ̃lia le Kibo kple Kenya Toa megbe. Mawenzi-toa mele abe Kibo si ƒe abunuwo zrɔ̃ la ene o, ke boŋ eŋu le klitsaklitsa eye teƒe aɖewo zu nutata dzeaniwo eye agakpe gã ɖiabu siwo dzi mesɔ o la le eƒe akpawo katã. Afisi Kibo kple Mawenzi do go le nye gbadzaƒe gã ɖiabu si kɔkɔ meta 4,600, afisi agakpewo kaka ɖo. Shira le Kibo ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, wònye blema dzoto aɖe si dzi ya kple tsi kplɔ la ƒe nu susɔewo, eye fifia ezu bateƒe gbadza dzeani si le to tame si kɔkɔ meta 4,000 wu atsiaƒu.

Aɖaŋunue Wònye le Nutoa Me

Nuto vovovowoe le Kilimanjaro-toa ŋu eye teƒe ɖesiaɖe kple eƒe kɔkɔme, tsidzadza, kple numiemiewo. Ete lɔƒo nye anyigbaxɔdzo dzi ve siwo me womegblẽ o eye atiglinyi kple towo tsana le wo me. Kese hamehame geɖe nɔa avemeti kɔkɔawo me, eye ɣeaɖewoɣi tsaɖila ƒe ŋku te ŋu klia avugbɔ̃e kple ahlɔ̃e siwo melɔ̃na be woakpɔ yewo o la, eye wote ŋu ɣlana ɖe avekɔe dodoawo me bɔbɔe.

Ati kpuiwo koŋue le avea megbe. Ati ŋu gbe siwo ɖi ame tsitsiwo ƒe ge ʋuyaa si ƒo wɔ la bla ɖe ati tsitsi tokɔ, siwo ya ƒe sesẽ kple tsitsi na be wotro la ŋu. Toa ƒe axa sia dzi keke eye ati kpui gã geɖe li. Gbe kple seƒoƒo siwo ƒe amadede klẽna siwo tso wo nɔewo dome la na nutoa me nyea nukpɔkpɔ dzeani aɖe.

Le atiawo hã ƒe ŋgɔgbe la, àkpɔ bateƒewo. Nusiwo va xɔ ɖe atiawo teƒe le afisiae nye numiemie gã bubu aɖewo siwo ƒe seƒoƒo nyea aŋutiɖiɖi, siwo ƒe kɔkɔme ɖoa meta 4, kple bubu aɖe si ɖi cabbage alo numiemie aɖe si ƒe seƒoƒo woɖuna. Seƒoƒo aɖewo siwo melɔ̃na yrɔna o miena ɖe kpe nyadriawo ŋu kple agakpeawo dzi, si le abe bè ene eye ne èka asi wo ŋu la, wowɔna abe ɖe woƒu ene eye wonaa teƒe si ƒe amadede ɖi klosalo hele flukpẽ la nya kpɔna ɖe edzi.

Le esia hã tame la, Alps-towo dzi nɔnɔmewo va xɔ ɖe bateƒe la teƒe. Ðeko teƒea le flukpẽ eye nuwo ƒe amadede meklẽna boo o. Numiemie ʋee aɖewo siwo dome kaka koe te ŋu tsina le teƒe ƒuƒu sia. Le afisia la, totame gbegbe, si nye kuɖiɖinyigba kple kpenyigba la tsiã Kibo kple Mawenzi to gã eveawo. Yame ƒe dzoxɔxɔ kple fafa gbɔa eme le afisia, eye ete ŋu ɖoa Celsius 38° le ŋkeke me eye wòɖiɖina fana miamiamia le zã me.

Míeva ɖo toa tame mlɔeba. Yame fa hekɔ nyuie le afisia. Tsikpe gãwo kple sno teƒewo fu tititi eye wo me kɔ le alilikpo si ƒe amadede nye blɔtɔ totoe la nu, eye esia wɔe be wòto vovo na toa ŋu nyigba si nyɔ yibɔɔ la wònya kpɔ nyuie. Ya mele afisia boo o eye ya nyui si míegbɔna ƒe agbɔsɔsɔ si wokpɔna le teƒe siwo ƒe kɔkɔme sɔ kple atsiaƒu la ƒe afã aɖe koe le eme. Dzoto ƒe do globo si ƒe afisiafi kloe le nogoo eye eƒe didi tso go ɖeka dzi yi go kemɛ dzi nye kilometa 2.5 la le Kibo-toa tame si le gbadzaa. Ʋe aɖe si me dzofi le si didi meta 300 eye wòge ɖe dzotoa me meta geɖe la le do globo si le toa titina tututu la me. Dzudzɔ xɔdzo nɔa dodom tso do suesuewo (dzudzɔtoƒewo) me vivivi ɖe yame fafɛ la me, si ɖo kpe dzoxɔxɔ si le dzoto si megawóna o la me dzi.

Alesi Kilimanjaro lolo hekeke ɖe teƒe gã aɖe la na afima yamenutome ƒe nɔnɔme to vovo. Ya fafɛ si tsoa India Ƒugã la dzi eye wòtoa teƒe siwo tsi medzana le fũ o si ƒona vaa nutoa me la va lɔa toa heyia dzi afisi woblana le eye wozua tsidzadza. Esia na eƒe agame nyo na kɔfi kple nuɖuɖu gble siwo léa amesiwo ƒe nɔƒe te ɖe toa ŋu ƒe agbe ɖe te la dede.

Wote Ŋu Lia “Kili”

Aʋatsodzixɔse si nɔ Kilimanjaro-toa te nɔlawo sie nye be gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wɔa nuvevi amesiame si di be yeayi ɖe etame si sno le la ƒe nɔƒee toa ƒe abunuwo nye. Esia na nutoa me tɔwo metenɛ kpɔna be yewoaliae ayi etame o. Ƒe 1889 me hafi Germanytɔ anyigbayeyedila eve lia toa eye wova tɔ ɖe Afrika ƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake. Ame aɖeke mete ŋu lia Mawenzi-to si nye kɔkɔtɔ evelia si lialia bia aɖaŋu geɖe la o vaseɖe ƒe 1912 me hafi.

Egbea amesiame si le lãmesẽ me ate ŋu ava lia Kilimanjaro-toa eye ame geɖe siwo ɖia tsa yia Ɣedzeƒe Afrika la lianɛ. Tanzania-modzakaɖebɔdzikpɔlawo wɔ ɖoɖo nyuiwo na amesiwo di be yewoalia toa. Nudodowo kple nuzazãwo li woaɣe. Kpekpeɖeŋunamelawo kple ŋgɔnɔla siwo wona hehee li, eye wotu amedzrodzeƒe geɖe siwo me woate ŋu adze aɖe dzi ɖi tso toa lialia ƒe gɔmedzedze vaseɖe eƒe nuwuwu. Wotu xɔ nyuiwo ɖe toa ƒe akpa vovovowo, siwo me toliala ate ŋu atsi adɔ ahaɖi ɖe eme le.

Ne wokpɔ Kilimanjaro ŋutɔŋutɔ la, ewɔa dɔ ɖe ame dzi eye wòna ame bua eŋu. Ame ate ŋu alɔ̃ ɖe nya sia si wogblɔ le Mawu ŋu la dzi bɔbɔe be: “Etsɔ eƒe ŋusẽ ɖo towo gɔme anyii.” (Psalmo 65:6, NW) Ẽ, Kilimanjaro si kɔkɔ eye eya ɖeka ɖe ɖe aga le Afrika tame la ɖo kpe Wɔla Wɔnuku la ƒe ŋusẽ dzi wòdze ƒã.

[Anyigbatata si le axa 16]

AFRIKA

Kenya

KILIMANJARO

Tanzania

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe