Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
Wozi Ketekedɔwɔƒe Dzi Wotrɔ Woƒe Nyametsotso
Esi ketekedɔwɔƒe gã aɖe si le Brazil wɔ ɖoɖo yeye aɖe be woafia tudada dɔwɔƒea ŋudzɔlawo la, dɔwɔvi eve ƒe dzitsinya ɖe fu na wo vevie. Esi wonye Yehowa Ðasefo siwo wɔa Biblia ƒe sedede dzi be ‘womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o’ ta la, wokpɔe be manyo be yewoalɔ̃ axɔ hehe le lãnuwo zazã me o. (Yesaya 2:4) Wonyã wo enumake le woƒe “ɖokuimabɔmabɔ” ƒe tenɔnɔ ta. Dɔwɔƒea gbe gɔ̃ hã be womalɔ̃ ɖe woƒe biabia dzi be yewoanɔ yewoƒe ɖoƒe ko hehea kple amedodoɖeŋgɔ si kpe ɖe eŋu maxɔmaxɔe o. Gake Brazil ƒe Dukplɔse gblɔ be: “Mele be woada le dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi o, woda asi ɖe mawusubɔsubɔ faa dzi le se nu.” Nutoa me Dɔwɔlawo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe bu fɔ ketekedɔwɔƒea be enyã wo “madzemadzee” eye wozi dɔwɔƒea dzi be wòaxe teƒeɖoɖo si wodze na la na wo.
Chagas Dɔléle Kple Ʋusitsatsa
Chagas-dɔléle si nugbagbevi aɖe hena vɛ eye wòna ame ƒe dzi megawɔa dɔ o ne elé ame ƒe geɖe la lé Latin Amerikatɔ siwo ade miliɔn 18 fifi laa. Ʋu si womedo kpɔ nyuie o dodo na ame mee woxɔnɛ le zi geɖe. Bolivian Times gblɔ nyitsɔ laa be: “Susu siwo tae ɖewohĩ womedoa ʋu kpɔ ɣesiaɣi o ɖekae nye alesi wòzu asitsanu le xexeame katã ta. Ne wodo ʋu kpɔ be woadi dɔléle le eme la, viɖe si woakpɔ la magade naneke o.” La Paz ƒe El Diario gblɔ le December 24, 1993 me be: “Bolivia Atitsoga Dzĩ Dɔwɔƒe na wonya be dɔléle siwo gbɔna la nɔ ʋu siwo wodo na amewo le dukɔ sia me ƒe afã me: Chagas, ŋudzã, aklãdɔ, agbadzà, kple AIDS.”
Ðevi ƒe Afɔkuwo
Lãmesẽ kple Dedienɔnɔ Dɔwɔƒe ka nya ta be wokpɔe le Japan nyitsɔ laa be ɖevi gbogbo aɖewo siwo ɖo woƒe “tataɣi” le aɖinuwo mim. Sigaret ye nye aɖinu siwo katã ɖeviwo mi le ƒe 1992 me ƒe afã kloe. Wo dometɔ aɖewo tsɔ sigaret takpoe kple dzofi si wotsaka de ahagoewo alo dzofigoe siwo me tsi le me la no. Aɖinu bubu siwo ɖeviwo mi ƒe ɖewoe nye atike, fefenuwo, gakuwo, nuɖuɖukuiwo, kple atsyɔ̃ɖomiwo, woyɔ wo ɖe esi dzɔna wu nu. Geɖe na wodze dɔ vevie. Dɔwɔƒea xlɔ̃ nu be nudzɔdzɔ sia ƒe akpa gãtɔ dzɔna le ɣetrɔ ga 5:00 kple fiẽ 9:00 domee, ɣeyiɣi si me ƒomea me tɔ geɖe nɔa aƒeme, eyata ele be woalé ŋku ɖe ɖeviwo ŋu nyuie.
Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Ŋu Nyaʋiʋli
Ʋiʋli ɖo amewo dome nyitsɔ laa le dzimetɔtrɔ na ɖeviwo ƒe mɔnuwo ŋu le Colorado Springs, U.S.A., afisi va zu Kristodukɔa ƒe dzimetrɔƒe gã ɖeka. Le The Denver Post ƒe nya nu la, Cornerstone Baptist Church tsɔa bɔsu 16 tsana le nutoa me nɔa ŋku tsom na ɖeviwo. Wodoa kpetike, aha vivi, kple fefewɔwɔ ŋugbe na ɖeviawo si na wodina vevie be yewoaɖo bɔsuawo. Dzila geɖe ɖea mɔ wo viwo yina gake ne ɖeviawo gbɔ va gblɔ woƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu nya na wo la, ewɔa nuku na wo eye wòvea wo. Zi geɖe la, “nyanyuigblɔla” siawo na dzilawo dea asi nyadzilɔ̃gbalẽ te hafi wonyrɔ̃a ɖeviawo, gake woɖea asi le ɖoɖo sia ŋu ɣeaɖewoɣi. Post la gblɔ be sɔlemeha la ƒe nunɔla gblɔ le nyadzilɔ̃gbalẽa ŋuti be: “Ehea mí ɖe megbe.”
Ðokuitsɔtsɔ Ke Bɔlƒoƒo Akpa
Bɔlƒoƒo lɔ̃la aɖewo siwo le England tsɔ wo ɖokui ke wògbɔ eme: Wobia be ne yewoku la, woaʋuʋu yewoƒe afi ɖe bɔlƒoha si dzi yewode la ƒe bɔlƒoƒe. Bɔlƒoha nyanyɛ aɖe xɔa biabia siawo abe 25 sɔŋ ene ƒe sia ƒe. Nuwɔna sia va bɔ ale gbegbe be Eŋlisiawo ƒe Bɔlƒoƒodzikpɔha va xlɔ̃ nu bɔlƒohawo le amegbetɔ ƒe afi agbɔsɔsɔme si woakɔ ɖi ŋuti. Le The Medical Post ƒe nya nu la, aɖaŋu siwo woɖo na wo dometɔ aɖewoe nye be: “Mehiã be woaʋuʋu afiawo katã ɖi o. Miate ŋu aʋuʋu sue aɖe ko ɖi. Ne esɔ gbɔ akpa la, ate ŋu awu gbeawo. . . . Miatsɔ xa akplɔ afia keŋ be wòakaka ɖe teƒea sɔsɔe eye wòanɔ falɛfalɛ.”
Tao Subɔsubɔ ƒe Ŋkɔ De Dzi
“Ŋutinya me ƒe azã gãtɔ kekeake.” Aleae China Today magazine ƒo nu tso Tao-subɔsubɔ ƒe Luotion Gbedodoɖa Gã ƒe Azã si woɖu le September 1993 me ŋutie. Alilikpo Ɣi Gbedoxɔ mee woɖu azãa le le Beijing, eye azãɖulawo tso Taotɔwo ƒe gbedoxɔwo me le Australia, Canada, Hong Kong, Taiwan, kple United States. Magazine la gblɔ be azã la ƒe “taɖodzinu vevitɔe nye be woabia dziƒo be wòana amewo nakpɔ dzidzɔ le xexeame katã.” Woɖi vɔsamlekpui wuiɖekɛ, woxlẽ ŋɔŋlɔawo, wode ta agu na mawu alafa geɖewo—mawu si nye “ɖela” si wogblɔ be eɖea amewo tso woƒe xaxawo me le agbe me la hã le eme. Saɖagaƒedzikpɔla aɖe si le Hong Kong gbedoxɔa nu gblɔ na amehawo be Tao-subɔsubɔ ƒo xexemetɔnyenye ta eyata medea nu dunyahehe me o. Taotɔwo ƒe gbedoxɔ aɖe si le Taiwan ƒe zimenɔla gblɔ na nyadzɔdzɔŋlɔlawo be Tao-subɔsubɔa dea dulɔlɔ̃ kple nɔviwɔwɔ ƒe dzi ƒo.
Ga si Woagblẽ ɖe Afɔku Nu Tsitsi Ŋu
Ho nenie woagblẽ ɖe xexeame katã ƒe yame ƒe nɔnɔme si le tɔtrɔm ŋɔdzitɔe si dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe le vɔvɔ̃m na la nu tsitsi ŋu? Klaus-Peter Möller si nye Eduard Pestel Numekuƒe nunɔla le Hannover, Germania, bu akɔnta be ne wozã fifi mɔɖaŋuwo la, woate ŋui. Germania-nyadzɔdzɔgbalẽ, Süddeutsche Zeitung, gblɔ be Möller ƒe ɖoɖoa abia be woaɖe dzodonuwo abe tomeka, ami, kple gas siwo woɖena tso tomenuwo me la zazã dzi akpɔtɔ zi 75 le alafa me eye woazã dzodonu bubu siwo metua carbon dioxide o la ɖe wo teƒe. Ke ga si woagblẽ ya ɖe? Möller ƒe akɔntabubua fia be ade dɔlar triliɔn 22.5, alo anye dɔlar 4,000 na ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi ɖesiaɖe si le agbe agbea. Abe alesi nyadzɔdzɔgbalẽa ƒo eta ene la, dɔ sia “abia tso ameƒome bliboa katã si be woawɔ dɔ gã manyagblɔ aɖe.”
Amekae Kpɔe Gbã?
Corriere della Sera gblɔ be Papa John Paul II ƒo nu tsɔ de blemanya si ŋu kpeɖodzi gobii aɖeke mele o dzi be “esi Yesu tsitre megbe la, Madonna ye wòɖe eɖokui fia gbã, hafi mawudɔla la gblɔe na nyɔnuawo.” Nukpɔsusu sia si dzi Nyanyuiawo meda asi ɖo kura o la na ame aɖewo tɔtɔ ŋutɔ. Italiatɔ Katolikotɔ nuŋlɔla Sergio Quinzio de dzesii esime wònɔ nu ƒom tso papa ƒe nukpɔsusuwo kple Maria ƒe ɖoƒe le Katolikoha ƒe kɔnuwo me ŋu be Maria “subɔsubɔ” kplɔa Katolikotɔwo “gbɔa nya siwo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ na mí gɔ̃ hã ŋu” ɣesiaɣi. Egblɔ kpee be “amedzizinya” yeyetɔ sia “gblɔ nya siwo ŋɔŋlɔawo megblɔ o de enu.”
“Akpɔkplɔ Nono” Va Xɔ ɖe “Akpɔkplɔ Ŋuti Ðuɖɔɖuɖɔ” Teƒe
Wogblɔ zi geɖe be atikevɔ̃ɖizãla aɖewo nya xoxo be akpɔkplɔ ƒomevi aɖewo ƒe ŋutilã toa tagbɔflunametike aɖe si woyɔna be bufotenine. Gake aɖi hã le atikea me—ale gbegbe be ewua avũ siwo léa akpɔkplɔa ɖuna la ɣeaɖewoɣi. Eyata The Wall Street Journal gblɔ be atikezãla aɖewo dzudzɔ “akpɔkplɔ ŋuti ɖuɖɔɖuɖɔ” hetrɔ ɖe “akpɔkplɔ nono” boŋ ŋuti. Wosiaa akpɔkplɔa ƒe aɖitsia nona abe atama ene hebuna be dzoxɔxɔa aɖe aɖia le eme. Ne ele nenema hã la, akpɔkplɔ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu megale se nu fifia o. Woyɔ bufotenine hã ɖe atike vɔ̃ɖi manɔsenuwo dome le United States. Wolé edzrala ɖeka ya teti. Journal la ka nya ta be woxɔ eƒe akpɔkplɔwo le esi.
Dɔdzẽ Le Kakam Ðe
Franse Nyɔnuwo Dome
Nyɔnu geɖe va le atama nom le France fifia wu tsã. Nyɔnuviwo va sɔ gbɔ wu ŋutsuviwo fifia le sɔhɛ atamanolawo dome, eye nyɔnu atamatsunolawo (siwo noa sigaret wu ati 20 gbeɖeka) ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu zi eve tso ƒe 1977 me. Eyata mewɔ nuku o be nyɔnu agbɔsɔsɔme si le dɔdzẽ si tsoa atamanono me xɔm fifia la hã te dzidzi ɖe edzi. Paris-nyadzɔdzɔgbalẽ Le Figaro gblɔ be ame 20,000 xɔa dzitodzito me dɔdzẽ le France ƒe sia ƒe, eye amesiwo wu 800,000 xɔnɛ le xexeame katã. Nyɔnu siwo dzitodzitoka me dɔdzẽ wuna dzi ɖe edzi zi etɔ̃ le United States kple Canada eye edzi ɖe edzi wu zi eve le Britania, Japan, kple Sweden. Ðɔktawo te gbe ɖe edzi le dzitodzito me dɔdzẽ ŋuti kpekpe si wowɔ le Paris nyitsɔ laa me be “aʋawɔnu nyuitɔ kekeake si woatsɔ aɖu dɔdzẽ si tsoa atamanono me dzie nye be woadzudzɔ atama nono.”
Sɔleme Dede Dzi Ðe Kpɔtɔ le Netherlands
Netherland-dziɖuɖua ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, Staatscourant, gblɔ be ne nuwo ayi edzi abe alesi wòle fifia ene la, kaka ƒe 2020 naɖo la, Netherlandtɔ etɔ̃ le ene ɖesiaɖe me maganɔ sɔlemeha aɖeke me o. Woke ɖe hatsotso gã ene ŋu le Netherlandtɔwo dome le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa si wona ŋkɔe be “Xexemetɔwo zuzu le Netherland ƒe 1966-1991” me: wo dometɔ 28 le alafa me mexɔ hehe aɖeke le mawusubɔsubɔ me o; wo dometɔ 33 le alafa me xɔ hehe ma gake wodo le sɔlemeha la me xoxoxo; wo dometɔ 28 le alafa me xɔ hehe le mawusubɔsubɔ me gake fifia ƒã hafi wodea sɔleme alo womegadena kura o; eye wo dometɔ 11 le alafa me koe dea sɔleme edziedzi. Staatscourant de dzesii be Roma Katolikotɔwo domee amewo ƒe dodo le sɔlemehawo me bɔ ɖo wu eye wògblɔ be: “Ewɔ abe ɖe Roma Katolikotɔwo ƒe nukpɔsusuwo to vovo na woƒe gbɔgbɔmekplɔlawo tɔ ene. Àkpɔe be hameviawo megabua woƒe ŋusẽ o.”