INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 9/8 axa 30-31
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Afɔɖeɖe Kaba le Xexeame Katã”
  • “Atike Vɔ̃ɖitɔ”
  • Wole Nu Vlo Wɔm Ðe Nyɔnuwo Ŋu Wu
  • Aɖidzudzɔwo
  • Ðe Ʋu si ƒe Mɔ̃ Troa Afɔti Eneawo Katã Nyo Wua?
  • Fefenu Siwo Doa Nuvlowɔwɔ Ðe Ŋgɔ
  • Mɔ̃ Yeye Naa Nuxlɔ̃ame le Dzidɔ Ŋu
  • “Ðu Wò Atikutsetsewo Kple Amagbewo”
  • Dodo le Ha Me
  • Agbenɔnɔ le Dugã la Me
  • “Dɔvɔ̃ Si Le Nu Gblẽm Wu Ðesiaɖe le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me”
    Nyɔ!—2002
  • Aleke Gbegbe AIDS Le Nu Gblẽm le Afrikae?
    Nyɔ!—1992
  • Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1993
  • Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?
    Nyɔ!—1992
Nyɔ!—1995
g95 9/8 axa 30-31

Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

“Afɔɖeɖe Kaba le Xexeame Katã”

Le AIDS ŋuti Takpekpe adrelia si wowɔ le Paris le ƒe sia ƒe ƒe Xexeame AIDS Ŋkeke dzi la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽŋlɔlagã Boutros Boutros-Ghali doe ɖe dukplɔlawo kple dziɖuɖumegã siwo kpɔa atikewɔnyawo gbɔ, siwo tso dukɔ 42 kple anyigbagã 5 dzi gbɔ be “woawɔ afɔɖeɖe kaba le xexeame katã” le alesi AIDS-dɔvɔ̃a le ta kekemee ta. Togbɔ be wole agbagba dzem le xexeame katã be woalé AIDS ƒe kaka nu hã la, le July 1993 kple July 1994 domee la, amesiwo dzi AIDS-dɔvɔ̃a dze le xexeame ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi 60 le alafa me, esia na xexlẽmea va ɖo miliɔn ene. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ tsɔ mɔkpɔkpɔbuɖeame xlɔ̃ nu be le alesi AIDS-dɔvɔ̃a le kakam fifia nui la, etsɔ “dukɔwo ƒe etsɔme de afɔku me” nyateƒe, eye wògblɔ be le ƒe 2000 me la, HIV-dɔlékui wuame si hea AIDS vɛ la anɔ ame miliɔn 30 vaseɖe miliɔn 40 ŋu.

“Atike Vɔ̃ɖitɔ”

Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Jornal do Brasil me nyati aɖe si do nyitsɔ laa yɔ sigaret be “atike vɔ̃ɖitɔ.” Brazil Dukɔa ƒe Dɔdzẽ Dɔwɔƒe ƒe tatɔ, Ðk. Mar­cos Moraes, gblɔ be ɖeviwo koŋue atamawɔlawo tɔ ŋkui. Eɖe eme be “zi alesi sɔhɛ dze atamanono gɔme kabae la, zi nenemae wòanɔ enono dzi ɖaa. Eye ɣeyiɣi didi si wòtsɔ noe la, nenemae wòagblẽ nu le eŋui.” Ðk. Moraes de dzesii be Braziltɔ miliɔn 30 siwo noa atama dometɔ “miliɔn 2.4 nye ɖeviwo kple ƒewuiviwo.” Egagblɔ be “[amesiwo] sigaret wuna sɔ gbɔ wu esiwo AIDS, cocaine, heroin, aha, dzobibiwo, lɔrifɔkuwo, kple ameɖokuiwuwu katã wuna.”

Wole Nu Vlo Wɔm Ðe Nyɔnuwo Ŋu Wu

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Australian gblɔ le nyati aɖe me le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe ŋu be: “Srɔ̃ŋutsuwo alo ŋutsuwo ƒe wo srɔ̃wo alo ahiãviwo ƒoƒoe nye nuvlowɔwɔ si bɔ ɖe xexeame wu.” Nyatia ɖe eme be “wowɔa ŋlɔmi le nyɔnu siwo le xexeame ƒe alafa memamã 25 ŋu vevie.” Nuwɔna sia vɔ̃ɖi le dukɔ aɖewo abe Chile, Repub­lic of Korea, Pakistan, Papua New Guinea, kple Thailand ene me wu. Esi nyadzɔdzɔgbalẽ bubu si nye The Sydney Morning Herald nɔ nu ƒom tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka ma ke ŋu la, egblɔ be wosẽa ŋuta le nyɔnuwo dometɔ 80 le alafa me ŋu le dukɔ aɖe me. Fukpelaawo dometɔ geɖe hã nɔ seselelãme ƒe veve sem vevie. Aƒemenuvlowɔwɔ nu tsitsi sesẽ elabena ɣaɣlaƒe le aƒeme ye wòdzɔna le ɣesiaɣi kloe. Zi geɖe la, xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, kple ƒometɔwo medina be yewoagblɔe o.

Aɖidzudzɔwo

Atikewɔla siwo le United ­States tsi dzi ɖe aɖidzudzɔ si nye carbon monoxide (CO) ƒe amewo sisi ŋu vevie. MMWR (Morbidity and Mortality Weekly Report) gblɔ be “CO ƒe aɖi si womebua wɔ o siaa amesiwo ade 590 wokuna ƒe sia ƒe le dukɔa me.” Ame gbogbo siwo CO sina evɔ womekuna o mele eme o. Esi aɖidzudzɔ sia mele amadede me o, meʋẽna o, eye vivi aɖeke mele esi o ta la, womete ŋu kpɔnɛ dzea sii bɔbɔe o. Aɖidzudzɔa na ʋua mete ŋu lɔa oxygen yia lãmenugbagbeviwo me o, eye wòhea taɖui, xeɖeɖe, lãmenusese dɔwɔnu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie, ɖimeyiyi, kple ku vɛ. MMWR gblɔ be “woate ŋu agblɔ be CO ƒe agbɔsɔsɔ tsoa xɔme ƒe dzododo ɖesiaɖe (le kpɔɖeŋu me, dzoxɔxɔ dede xɔme, nuɖaɖa, alo ʋu si me dzo le alo mɔ̃ si me wodea amii hafi dea dzo eme) gbɔ​—⁠vevietɔ ne ya mele teƒea nyuie o.”

Ðe Ʋu si ƒe Mɔ̃ Troa Afɔti Eneawo Katã Nyo Wua?

Ame geɖe buna be ʋu si ƒe mɔ̃ troa afɔti eneawo katã kuku nyo wu vevietɔ le sno kple tsikpe dzi. Gake The Wall Street Journal gblɔ be “le woƒe tɔtɔ gome la, ʋu si ƒe mɔ̃ troa afɔti eneawo katã menyo wu esiwo mɔ̃ troa afɔti eve na o.” Nugblẽfexeha ƒe dɔwɔlawo gblɔ be woxe “nugblẽfe ɖe abixɔxɔ kple ʋuwo ƒe gododo ta” ɖe ʋu mawo dometɔ siwo xɔ ŋkɔ wu ta. Edze ƒã be kakaɖedzi nɔa ʋukula geɖe si akpa eye wowɔa nusiwo mehiã o ne wole ʋu si ƒe mɔ̃ troa afɔti eneawo katã kum. Marc Schoen si nye numekula le UCLA Atike Dɔwɔƒe le Los Angeles gblɔ be “woto sinimawo kple television dzi na amewo va tsɔe be vovo kple ablɔɖe le ʋu siwo ƒe mɔ̃ troa afɔti eneawo katã kuku me.” Ebubu be ŋusẽ le ye si eye womate ŋu aɖu ye dzi o alea ate ŋu ana màwɔ susu ŋudɔ nyuie o, evɔ eyae nye nu nyuitɔ le ʋu kuku nyuie me hafi.

Fefenu Siwo Doa Nuvlowɔwɔ Ðe Ŋgɔ

Television dzi nukpɔkpɔ si me ƒewuivi siwo trɔna zua aʋadziɖulawo nukutɔe le la va zu nusi le tsia dzi na ɖeviwo le United States. Woyɔa amesiwo le television dzi wɔnaa me be Morphin Ŋusẽtɔ Avuwɔla Kalẽtɔwo. Sukutatɔwo tsi dzi ɖe nusi dze nuwɔna vɔ̃ɖi si ɖevi suewo srɔ̃na le Avuwɔla Kalẽtɔwo ƒe nuwɔna vloawo me ŋuti. The Wall Street Journal ka nya ta be le numekuku yeye aɖe si wowɔ me la, “nufiala siwo wobia gbee” dometɔ 96 le alafa me “gblɔ be yewokpɔe wole Morphin me tɔawo ƒe akpasesẽnuwɔwɔwo srɔ̃m.” Le teƒe aɖewo la, ƒe etɔ̃ ko ɖeviawo xɔ. Journal la gblɔ be: “Ðevi suewo ate ŋu atrɔ zu kɔdala sesẽ sẽŋutawo enumake.” Alesi wokpɔ mɔ be woadzra Avuwɔla Kalẽtɔawo ƒe fefenuwo dɔlar miliɔn 300 le ƒe ɖeka ko me ɖe alesi fefe sia xɔ ŋkɔe fia.

Mɔ̃ Yeye Naa Nuxlɔ̃ame le Dzidɔ Ŋu

Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le Victoria, Australia, wɔ mɔ̃ yeye aɖe si ne wotsɔe ɖo ŋutilã ŋu le ʋuka gã aɖe dzi le kɔ ŋuti la ate ŋu agblɔe ne ame alé dzidɔ. Womelãa ŋutilã o gake edzidzea ʋua ƒe sisi kple eƒe ŋusẽ le dzi ƒe tsotso ɖesiaɖe me. Nyatakaka la gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Sydney Morning Her­ald me be woate ŋu azã kɔmpiuta atsɔ abu akɔnta le “dɔnɔa ƒe dzi kple ʋuka ƒe dɔwɔnu bliboa katã ƒe dɔwɔwɔ” ŋu. Edze be mɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ asɔ pɛpɛpɛ wu mɔ bubu siwo dzi wotona nyana ne ame alé dzi alo ʋuka me dɔ. Nyatakaka la gblɔ be togbɔ be cholesterol ƒe agbɔsɔsɔ kple ʋusɔgbɔdɔ koŋue ɖoa kpe dɔ sia léle dzi hã la, “dzidɔ medze amesiwo le nɔnɔme sia me dometɔ geɖe dzi kpɔ o” eye wògagblɔ be “le mɔ̃ sia zazã me la, magahiã be woano atike xɔasi siwo ɖea cholesterol dzi kpɔtɔna alo atsri nuɖuɖu aɖewo si mehiã be woawɔ hafi o la o.”

“Ðu Wò Atikutsetsewo Kple Amagbewo”

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kafu atike si nye carotenoid zazã hekpe ɖe nuɖuɖu ŋu ƒe geɖe enye sia. Beta-carotene nye carot­enoid si ame geɖe nya eye wogblɔ be exea mɔ na dzidɔ, tutudɔ, kple dɔdzẽ ƒomevi aɖewo. Gake numekuku yeyewo tɔ gbe beta-carotene zazã ƒe viɖewo. Le The New York Times ƒe nya nu la, nuɖuɖuŋutinunyala Ðk. Paul LaChance “xlɔ̃ nu le carotenoid vovovoawo zazã ŋu.” Eɖe eme be “míekpɔa carotenoid siwo wotsaka xoxo la le nuɖuɖuwo me, eye míenya alesi wòle vevie be míatsaka woe la haɖe o.” Numekula bubu Ðk. Regina Ziegler gblɔ be “ne míekpɔ ametakpɔnu siwo le atikutsetsewo kple amagbewo me o la, míate ŋu atsɔ wo awɔ atikekui o.” Times la de dzesii be “atikenyala akpa gãtɔ trɔ ɖe aɖaŋu si vidadawo ɖona tso gbaɖegbe ke ŋu be: ‘Ðu wò atikutsetsewo kple amagbewo.’ ”

Dodo le Ha Me

Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Christ in der Gegenwart gblɔ be ame miliɔn 28 le Germania, alo dukɔa me nɔlawo ƒe akpa etɔ̃liawo ɖeka, nye Katolikotɔwo. Le ƒe 1992 kple 1993 me la, amesiwo ade 350,000 kloe do le Katolikoha la me. Süd­deutsche Zeitung gblɔ be bisiɔp Karl Lehmann si nye Germania Bisiɔpwo ƒe Takpeha ƒe zimenɔla vɔ̃ be adzɔ yeye si woka be woaxe tso ƒe 1995 me ana ame geɖe wu nado le ha me. Woka sɔlemedzɔ na hameviwo le Germania be woaxe. Eyata wokpɔe be Katolikotɔ aɖewo adi be yewoado le ha me asi le adzɔ sia xexe nu.

Agbenɔnɔ le Dugã la Me

Togbɔ be London, England, ye nye Europa ƒe du gãtɔ kekeake abe alesi nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent gblɔe ene hã la, dua me nɔnɔ mele emenɔla miliɔn adrea nu vivim o. Le Londontɔ siwo wobia gbee dome la, ame 6 le 7 me kpɔe be agbenɔnɔ le fiadua me gblẽ ɖe edzi le ƒe atɔ̃ siwo va yi me, eye nusi ŋu wotsi dzi ɖo koŋue nye ɖiƒoƒo kple ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ fũ. Esi wobia wo be amekawo dzie woka ɖo hã la, wo dometɔ 64 le alafa me yɔ ɖɔktawo, eye kakaɖedzi aɖeke mele kpovitɔwo kple nufialawo ŋu o. Ame 2 le alafa me pɛ koe gblɔ be yewoate ŋu aka ɖe asitsalagã siwo le dɔ wɔm le London ƒe asitsanutoa me dzi. Amesiwo ade 60 le alafa me xɔe se be “amesiwo tafaa ame bubuwo tsɔ zua kesinɔtɔwoe evɔ womekpɔa kesinɔnu vavãwo o sɔŋ ye le” nuto sia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe