Ðe AɖiLe Kpakpaluʋui Dzeani Siawo Mea?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE DZIEHE AFRIKA GBƆ
ÐE NÈKPƆ kpakpaluʋui aɖe dzo va yina eye eƒe nu lé dzi na wò kpɔa? Ðe eƒe anidzedze, eƒe atsyɔ̃, kple eƒe amadede wɔ dɔ ɖe dziwòa? Ne ele dzodzom tso seƒoƒo dzi yi seƒoƒo dzi la, ewɔ abe edzroa wò vevie ene. Àdi be yeakpɔe nyuie wu, ɖewohĩ aɖe fotoe gɔ̃ hã, gake edze abe ɖe medzena ɖe seƒoƒo ɖeka dzi eteƒe didina o ene—eye enɔa aʋala ƒom ɣesiaɣi. Gake ènya be wogblɔ be aɖi le nuwɔwɔ dzeani siawo dometɔ aɖewo mea?
Mina míalé ŋku ɖe eve siwo le axa siawo dzi ŋu—esi woyɔna be monarch (le ɖusime) si ƒe aʋala gã la le yibɔ gale dzẽ, kple esi woyɔna be viceroy (le etame) si ɖi monarch la vevie, gake ɖeko wonɔa sue wu. Nukae na aɖi le wo me, eye susu ka tae?
Nɔnɔme ene mee kpakpaluʋui ƒomevi siwo wu 15,000 la tona tsina hafi va zua nukunu toaʋala beli siwo míekpɔna le míaƒe abɔwo me. Nɔnɔme ɖekae nye eƒe lẽvi alo ŋɔ zuɣi. Tim Walker ŋlɔ ɖe Science News me be gbe si toa aɖitsi ɣie monarch ƒe ŋɔviawo ɖuna, eyata wogblɔ be eva zua “kpakpaluʋui si me aɖi le ŋutɔŋutɔ si ate ŋu awu xevi ɖesiaɖe si aɖui eye madzɔe enumake o.” Aɖia nu sẽ, esia nu gbagbewo ƒe dzi. Ke kpakpaluʋui si nye viceroy ya ɖe?
Walker gblɔ be: “Ame geɖe xɔe se ƒe alafa ɖeka kple vɔ enye sia be nu dzodzoe sia to aʋala si ƒe amadede sɔ kple kpakpaluʋui si nye monarch, Danaus plexippus, si me aɖi le la tɔ tsɔ ɣla eƒe ŋutilã si dzroa xeviwo.” Abe alesi nàte ŋu akpɔe le fotoa me ene la, kpakpaluʋui eveawo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo de sɔsɔ ge, negbe fli yibɔ koe to viceroy ƒe aʋala etetɔ me. Nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo xɔe se le ƒe 100 siwo va yi me be viceroy ƒe aʋala trɔ vaɖo atsyɔ̃ abe monarch si me aɖi le tɔ ene bene xevi siwo megatena ɖe kpakpaluʋui veve sia ŋu o la nagalé ye hã aɖu o. Ne menye nenemae o la, anye ne viceroy ɖuɖu avivi xeviwo nu ŋutɔ.
Nukawo ŋue numekulawo ke ɖo nyitsɔ laa? Walker ŋlɔe bena: “Gake numekuku yeyewo ɖee fia be menye xeviwoe viceroy te ŋu flu o, ke boŋ dzɔdzɔmeŋutinunyalawoe wòflu. . . . Lãwo ŋuti nunyala eve ɖee fia be viceroy nɔa srãmasrãma le nume na xevi siwo te ŋu nyana la abe monarch si me aɖi le ke ene.” Gake nukata viceroy vena, vevietɔ esi wònye seƒoƒo siwo me aɖi mele o ye eƒe lẽviwo ɖuna eye womeɖua ati siwo me aɖi le o? Walker ŋlɔe bena: “Esia fia be kpakpaluʋui siwo nye viceroy te ŋu wɔa woa ŋutɔwo ƒe aɖitsi si kpɔa wo ta.”
Le nyateƒe me la, alesi nu dzodzoewo ŋuti nunya le fifia la fia be nu geɖe li eŋutinunyalawo nagasrɔ̃ eye ɖewohĩ mele be woaka ɖe woƒe “nunya si dzi woda asi ɖo” la dzi akpa o. Ðikela aɖe ŋlɔ nya sia tso agbalẽ aɖe si wota nyitsɔ laa le kpakpaluʋui si nye monarch ŋu be: “Agbalẽ ɖedzesi sia fia mí be zi alesi míesrɔ̃a nu tso monarch ŋui la zi nenemae ‘míenyaa’ nu ʋee aɖewo tsoa eŋu kakaɖedzitɔe.”
Ele boŋ abe alesi Biblia gblɔe ene be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”—Nyaɖeɖefia 4:11.
Edze ƒã be nu geɖe li amegbetɔwo nagasrɔ̃ le agbe ƒomeviwo katã ŋu le míaƒe anyigba dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe ƒe malɔ̃malɔ̃ ɖe Wɔla Atsyɔ̃ɖola aɖe ƒe anyinɔnɔ kple akpa vevi si wòwɔ dzi lae nye mɔxenu vevi ɖeka si na sidzedze vavãtɔ mesu amewo si o. Dzɔdzɔmeŋusẽŋununya ƒe akɔntanyala, Paul Davies, ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Mind of God me be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe tsɔ seselelãme gbe ŋusẽ triakɔ ƒomevi ɖesiaɖe . . . ŋu nyawo. Woɖua fewu le susu si nye be Mawu aɖe li alo nuwɔwɔ ƒe gɔmeɖose si menye amee wɔe o gɔ̃ hã alo dzixɔse be nane li si aɖo kpe nu ƒe anyinɔnɔ ŋutɔŋutɔ dzi la ŋuti. . . . Nye ya nyemeda asi ɖe woƒe fewuwuɖu dzi o. . . . Nyemate ŋu axɔe ase be dzɔgbe ƒe dzɔdzɔ kpoyi, ŋutinya me afɔku aɖe, gbe aɖe ƒe ɖiɖi le vome le dziƒonudzɔdzɔ me koe na míeva le xexe sia me o.”
Hakpala Dawid ŋlɔe bena: “Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawu aɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo.” Gake nunyala ya akafu Wɔla la ɖokuibɔbɔtɔe abe alesi nyagblɔɖila Yesaya kafui ene: “Ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.”—Psalmo 14:1; Yesaya 45:18.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]
Monarch (etame), viceroy (axa 16). Fli yibɔ si to viceroy ƒe aʋala etetɔ me lae nye vovototo gã si le wo dome. (Menye woƒe lolome ŋutɔŋutɔe nye esia o)