Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ Akpɔ Awu Siwo Sɔ Ade Nye Awudzraɖoƒe?
DZI ɖe le Robert ƒo! Ele be wòayi nɔvianyɔnu ƒe srɔ̃ɖeƒe, evɔ awu aɖeke meli wòado o. Mefia be Robert tsi “amama” si ŋu Biblia ƒo nu le o. (Yakobo 2:15) Gake ɖeko awu siwo Robert dona gbesiagbe mesɔ na wɔna vevi sia o.
Ele be ɖetugbi Angela ya nade wɔna etɔ̃ wɔƒe, ɖesiaɖe kple eƒe awu. Gake awu si dze kpɔkpɔ mesesẽ na eya abe Robert ene o. Mefia be ga le Angela si o. Awudzraɖoƒe nyuie wòɖo, si na wòkpɔa awu nyui dona ɖe wɔna vovovowo ŋu.
Woman’s Day magazine me nyati aɖe gblɔ be: “Nudodowo le vevie. Woate ŋu awɔ geɖe be wò dzedzeme nadze wò ŋutɔ ŋuwò nyuie.” Awu siwo nèdona kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo bua wò hewɔa nu ɖe ŋuwòe hã dzi geɖe. Eyata susu nyui aɖe tae Biblia ƒoe ɖe mía nu be míawɔ “leke na [mía] ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.” (Timoteo I, 2:9) Ne Kristotɔe nènye la, ele be awudzraɖoƒe nyui si anɔ asiwò nanɔ vevie na wò.
Gake ɖe wòanye be togbɔ be awuwo yɔ wò aɖaka taŋ hã la, èkpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be awu aɖeke meli yeado oa? Nuka gbɔe wòtso, eye aleke nàɖɔ nuwo ɖoe?
Tsiadzinuwo Xɔa Asi
Zi geɖe la, menye gamanɔamesi gbɔe wòtsona o, ke boŋ atsyã kple tsiadzinu siwo le tɔtrɔ dzi ɖaa le xexeame wɔa amewo kluvii. Agbalẽ si nye Youthtrends gblɔ be “asitsaxexea kpɔe be ɖeviwo agblẽ ga geɖe ɖe awu siwo dzi awutɔla xɔŋkɔ ƒe ŋkɔgbalẽvi le ƒeƒle ŋu.” Esi ŋukeklẽ ɖe ga ŋu ʋã awutɔtɔsitsahawo ta la, wotoa magazine kple television dzi boblododo lédzinamewo dzi blea sɔhɛwo be woazã ga—woanɔ gazazã dzi ɖaa! Zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu hã de ayemɔ sia dzi be wòle edzi dzem. Nufiala aɖe fa konyi be: “Amesiame le ga gbogbo aɖe gblẽm ɖe nudodowo ŋu eye ɖevi siwo mate ŋu aƒlee o la . . . dia dɔ wɔna ne wokpã le suku ne yewoaƒle awutɔla xɔŋkɔwo ƒe ɖetifuwu sesẽwo.”
Àgblẽ ga geɖe ne tsiadziwuwo wɔ wò kluvii eye ga sue aɖe koe asusɔ nàtsɔ aƒle awu vevi siwo hiã wò ŋutɔŋutɔ. Eyata aɖaŋu nyui aɖee Romatɔwo 12:2 ɖo esime wògblɔ be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ.” Nyateƒee, nuwɔwɔ wòato vovo na ame bubuwo tɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Charlene si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Mia tɔ sukuviwo abu wò be wò ya èto vovo ne mèdo awu abe woawo ene o.” Gake àzu ame bubuwo ƒe kluvi ne èna woɖoa nusi nàwɔ la na wò. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 6:16.) Ðetugbi si ŋkɔe nye Johanna lɔ̃ ɖe edzi be: “Dɔme veam elabena mesena le ɖokuinye me abe ame aɖe tae medoa awu ɣesiaɣi ene.”
Ðe nunya le nusia me ɣesiaɣia? Le kpɔɖeŋu me, bu gbevuwo, hip-hop alo rap hadzihawo, kple “ɖinuwɔlawo” ƒe awudodowo ŋuti kpɔ. Ame geɖe doa awu siawo le esi wobɔ ta. Gake dzikudodo kple aglãdzedze ye woɖena fiana gaglãa. Ðe awu mawo dodo ana ame bubuwo nabu susu vɔ̃ ɖe ŋuwòa? (Yohanes 15:19; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 6:4.) Hekpe ɖe eŋu la, ne wò dzedzeme ɖi gbevuwo tɔ la, ate ŋu ana woawu wò. Esia ta wode se ɖe gbevuwudodowo nu le United States suku aɖewo me. Nufiame kae le eme? Susu mele eme be nàna wò zɔhɛwo naɖo awu siwo nàƒle ade wò awudzraɖoƒe me o, kaka woahayi ŋusẽ kpɔ ge ɖe wò agbenɔnɔ dzi o. Le esi teƒe be nàtsi dzi ɖe nusiwo adze wo ŋu wɔwɔ ŋu la, “[do] nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu la kpɔ”!—Efesotɔwo 5:10.
Wò Nuhiahiãwo Ŋu Bubu
Ne èdo le tsiadziwuwo kple atsyãwuwo ƒe ŋusẽ te vɔ la, àte ŋu adze awudzraɖoƒe si me nàkpɔ awu siwo nèhiã ŋutɔŋutɔ le la ɖoɖo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, èzãa wò ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ le suku. Ne miaƒe suku bia be miado awu ɖeka ŋugbe, alo wotia awu si tɔgbe miado na mi la, ke wò tiatiawɔwɔ ase ɖe afi aɖe ko. Gake woɖe mɔ le suku geɖe me be woado awu ɖesiaɖe faa, eye ɖeko amesiame doa awu ɖewoɖewoe.
Le nɔnɔme sia tɔgbe me la, nunya manɔ eme be nàdo dziwui ʋlaya abla taya, alo ado awu si woɖo atsyɔ̃ na kakaka be ŋku nanɔ ŋuwò o. Àdi be yeado awu tsɛ aɖe si ana màdze amesi ɖo atsyɔ̃ kakaka alo amesi do awu ɖewoɖewoe o. Nyɔnuvi ƒewuivi si ŋkɔe nye Millie wɔe nenema. Esi wònɔ suku la, medoa atsyɔ̃ɖowu si gbɔ eme o. Ne nɔnɔme si me nèle sɔ kple etɔ la, ke ɖewohĩ wò hã àhiã atalegbe, dziwui, alo nyɔnuwo ƒe dziwui siwo womeɖo atsyɔ̃ na wògbɔ eme o le wò awudzraɖoƒe. Ne ga meli o la, nusiawo ƒe ʋee aɖewo ko ƒe amesinɔnɔ asɔ gbɔ.—Tsɔe sɔ kple Luka 10:42.
Ne awu ʋee aɖewo ko le wò sukuwudzraɖoƒe la, ga asusɔ nàtsɔ akpɔ nuhiahiã bubuwo gbɔe. Le kpɔɖeŋu me, ɖe aƒemedɔwo alo dɔ aɖewo le ŋuwò nàva wɔ le agble mea? Ke ahiã be nàƒle awu titri sesẽ aɖewo. Àhiã na awu siwo sɔ hã ɖe kamedefefewo kple fefe bubuwo ŋu. Togbɔ be atakpui gãwo, dziwuiwo, kple aŋekamedefɔkpa gãwo dodo anɔ tsia dzi hã la, àkpɔe be dɔ mawo kee nudodo siwo mexɔ asi de emawo nu o hã awɔ.
Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, ke àdi be yeabu awu siwo sɔ yeado ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe hã ŋu le esi awudodo ɖe kple ɖee mesɔ na tadedeagu o ta. Le dukɔ siwo me wodoa awu abe Ɣetoɖoƒetɔwo ene le la, ŋutsuviwo doa atalegbe nyuiwo, dziwui nyuiwo, woblaa taya, hedoa kot ɖe edzi zi geɖe. Nyɔnuviwo hã doa awu legbee alo skirt (jupe) kple nyɔnuwo ƒe dziwui. Wodoa awu siawo tɔgbe le aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa hã me. Awu siawo ƒe xexlẽme si nàte ŋu aƒle la nɔ te ɖe ga si le asiwò dzi. Dzidzɔtɔe la, mehiã be wò awuwo nasɔ gbɔ alo anye tsiadziwuwo kokoko o. Ele be woanɔ dzadzɛ.
Yesu Kristo de srɔ̃ɖeƒe aɖe, eye woate ŋu akpe wò hã ayi hadomewɔna aɖewo teƒee. (Yohanes 2:1, 2) Ne awu aɖewo tɔgbee wodona yia wɔna mawo wɔƒee la, ke anyo be awu nyui aɖewo siwo sɔ nanɔ asiwò. Johanna lɔ̃ ɖe edzi be: “Edzɔ zi geɖe be nyemedo awu si sɔ ɖe wɔnaa ŋu o, eye mevivi nunye kura o.” Atsyɔ̃ɖowu ɖeka teti ƒe amesinɔnɔ ate ŋu ana nàvo tso nyaƒoɖeamenu kple nuƒeƒle le gaƒoƒo mamlea dzi ƒe gagbegblẽ me.
Awuawo Xexlẽ
Israel-nunɔlawo xlẽ nusiwo wozã le Yehowa ƒe gbedoxɔa me. (Mose II, 38:21) Nenema ke àte ŋu awɔ nusi nuŋlɔla Jean Patton yɔ be nuwo me toto le awuɖaka me. (Color to Color) Lɔ wò awuwo kple esiwo nètsɔ dzra ɖo hã eye nàlé ŋku ɖe wo me. Ðewohĩ àke ɖe awu siwo nèŋlɔ be la ŋu! Azɔ hã àte ŋu aɖe awu siwo gbe wò alo esiwo dodo megadzroa wò o la le wo me.
Emegbe ɖo wo ɖe ɖoɖo nu eye nàxlẽ wo, ɖewohĩ nàɖe awu adodoewo ɖe vovo (kotwo, dzikpleanyiwo, awudziwuwo, dziwui ʋlaya si wodona ɖe atalegbe si le amadede bubu me dzi), awu siwo zɔna kple adodoeawo (nyɔnuwo ƒe dziwuiwo, vuvɔmewuwo, dziwuiwo), kple woƒe sɔɖenuwo (takuwo, alidziblakawo, asiwuiwo, kukuwo, afɔkpawo, akplowo, tayawo). Nuawo ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu alea akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nusiwo hiã nàƒle ade wò awudzraɖoƒe.
Nuƒeƒle Ŋuɖɔɖotɔe
Awu yeye nye atsyɔ̃ɖonu gã le dukɔ aɖewo me. Sɔhɛwo dzea agbagba léa be na awu siwo le wo si hena wonɔa dzadzɛ alesi dze. Ke ne wò ya àte ŋu aƒle awu yeye aɖewo ɖe? Janet Wallach gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Working Wardrobe me be “nyɔnu ate ŋu adzra ga ɖo eye magblẽ ɣeyiɣi o ne ewɔ ɖoɖo le eƒe nudodowo ƒeƒle ŋu heƒle wo ɖe tameɖoɖo aɖe ta.” Esia sɔ na ŋutsuviwo hã. Anɔ eme be ga mele asiwò o, eyata ehiã be nàbu nusianu si nàƒle ŋu nyuie. (Tsɔe sɔ kple Luka 14:28.) Ema fia be ele be nàɖe nanewo le wò nuƒeƒlewo me, nàƒle esiwo hiã wu ko. Nu nyuitɔ si me susu le si nuteƒekpɔkpɔ ɖe fiae nye be nàtsɔ ga akpa gãtɔ aƒle awu siwo nàdo wu lae.
The Better Business Bureau A to Z Buying Guide ɖo aɖaŋu sia be: “Ƒle awu siwo le amadede hatsotso ɖeka ŋugbe me, abe amadede si fu kpii kple blɔtɔ alo amadede dzẽ kple yibɔ ene de wò awudzraɖoƒe. Na awu adodoewo nanɔ amadede mawo me, eye nàna dziwuiwo, blousewo, kple woƒe sɔɖedziwo nanɔ amadede bubu siwo ƒe ŋkume dza me.” Awu si amadede metee o nɔa tsia dzi eteƒe didina. Ne èƒlea awu siwo le amadede vevitɔ siawo ko me la, anɔ bɔbɔe na wò be nàdo woƒe dzi tɔwo ɖe wo dzi be woasɔ hã eye woazu awu yeyewo kura na wò.
Lododowo 14:15 gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu,” eye ne ɖoɖo blibo le asiwò ɖe wò nuƒeƒlewo ŋu la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò màgblẽ ga ɖe nusiwo mèɖo ƒeƒle ŋu o. Ðetugbi aɖe gblɔ be: “Metsɔa nusiwo maƒle ŋuti nuŋlɔɖi ɖe asi ɣesiaɣi ne meyi asiƒleƒe.” Ðo ŋku edzi hã be mlɔe ke la, nu adodoe ƒeƒle nyo wu eƒeƒle wòasɔ gbɔ. Awu adodoe ate ŋu anɔ anyi ƒe geɖe! Ðetugbi aɖe gblɔ be: “Vuvɔmewu siwo medo le nye ƒewuimenɔɣi gali kokoko.” Gake awutɔla xɔŋkɔ ƒe ŋkɔgbalẽvi ƒe awudzinɔnɔ mefia be enye awu adodoe o, àkpɔe nyuie wu ne èlé ŋku ɖe awua ŋutɔ ŋu.a
Mègadi be yeado ŋgɔ le tsiadziwuwo ƒeƒle me o. Nyɔnuwo ƒe awu alo ŋutsuwo ƒe dzikpleanyi si wometɔ kple atsyã tɔxɛ aɖeke o anɔ tsia dzi ɣesiaɣi kloe. Tsiadziwuwo nu va yina kaba. Amelia Fatt de dzesii ɖe eƒe agbalẽ si nye Conservative Chic me be: “Awu siwo wometɔ kple atsyã tovɛwo o ƒe sɔɖedziwo kpɔkpɔ le bɔbɔe, woate ŋu adoe le ƒe si ava me hã, viɖe le wo ƒeƒle ŋu wu.”
Mègaŋlɔ be o be dziwòlawo kpɔ nuteƒe ƒe geɖe le awuƒeƒle me. Nusiwo dzɔa dzi na wò dometɔ aɖewo ato vovo na wo tɔ sã, gake mia kpli wo ƒe nu veviwo asɔ le go geɖe me wu alesi nèkpɔe. Angela ɖo ŋku edzi be: “Danye kpe ɖe mía kple nɔvinyenyɔnu ŋu be awu siwo dze dodo nadzro mí.” Ne ègbɔ dzi ɖi eye ɣeyiɣiwo va le yiyim la, wò hã àte ŋu aɖo awudzraɖoƒe si sɔ, si me nàkpɔ awu le ado. Ðewohĩ màgagblɔ gbeɖe be, ‘Awu aɖeke meli mado o!’
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukae Akpe Ðe Ŋunye Matia Awu Siwo Nyo Wu?” le míaƒe October 8, 1989 ƒe Eŋlisigbe me tata me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]
Gbã la, ɖo awu siwo le asiwò xoxo ɖe ɖoɖo nu eye nàxlẽ wo