INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 2/8 axa 16-19
  • Awu Siwo Ƒomevi Míedona Ðe Wòle Vevie Ŋutɔŋutɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Awu Siwo Ƒomevi Míedona Ðe Wòle Vevie Ŋutɔŋutɔa?
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Ka Gblɔm Atsyã la Le?
  • Nukae Le Dzɔdzɔm ɖe Amewo ƒe Awudodo Dzi?
  • Nukata Wotsi Dzi Ðe Wo Ðokui Ŋu eye be Yewoanɔ Etɔxɛ Alea?
  • Ðe Nye Awudodo Sɔa?
  • Do Awu le ‘Nuŋububu Nyui’ Me
  • Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Mawɔ Akpɔ Awu Siwo Sɔ Ade Nye Awudzraɖoƒe?
    Nyɔ!—1995
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nudzeamewɔwɔ le Awudodo Kple Dzadzraɖo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 2/8 axa 16-19

Awu Siwo Ƒomevi Míedona Ðe Wòle Vevie Ŋutɔŋutɔa?

“NYEMENYA awu si mado o!” Ðe nya siawo ɖi nya siwo nèse zi gbɔ zi geɖea? Nyateƒee, dɔwɔƒe siwo toa atsyã yeyewo vɛ li siwo ƒe didi vevie wònye ɣesiaɣi be yewoatsɔ yewoƒe awu ƒe atsyã yeyewo akpe ɖe ŋuwò​—alo kura gɔ̃ hã atsɔ atɔtɔ wòe ɖe edzi.

Nusi agana nyametsotso nagasẽ ɖe edzi na wòe nye be esi wòle be woade dzi ƒo na wò nàdo awu ɖe nɔnɔme nyui me teƒe la, woate ŋu ade dzi ƒo na wò le ŋkeke siawo me be nàdoe ɖekematsɔlemetɔe boŋ. Awudodogbalẽ aɖe ƒe numetolawo ŋlɔ tso alesi wotrɔ gbo nuwo le ƒe 1990 ƒeawo me ŋu be: “Ate ŋu afa akɔ na wò be nàse be menye ɖeko wòsɔ be nàdo awu si wɔ abe ɖe medze ga dzi o ene, abe ɖe wòdo xoxo ene, abe ɖe ɖeɖi te eŋu ene, eye abe ɖe wòkpa kura ene o, ke boŋ enye nusi dzea amewo ŋu hã.”

Ẽ, ƒe siawo me ƒe boblododo bleamenuwo, television dzi wɔnawo wɔla siwo ƒe nuwɔna amewo srɔ̃na, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, ɖokuidodoɖedzi, kple didi be woanya amesi ƒomevi yenye va kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo ƒe awudodo dzi, vevietɔ sɔhɛwo tɔ dzi. Wo dometɔ aɖewo fia fi gɔ̃ hã be yewoakpɔ ga atsɔ aƒle awu siwo le tsia dzii.

Atsyã siwo va bɔ le ƒe 1990 ƒeawo me dometɔ geɖe dzɔ tso ƒe siwo do ŋgɔ me tɔ siwo ƒe nuwɔnawo tɔ ŋku, nutovowɔlawo ƒe ƒuƒoƒo siwo nɔ Ɣetoɖoƒedukɔwo me le ƒe 1960 ƒeawo me la ƒe nudodowo me. Geɖoɖo, ɖa gbegblẽ ɖi mavumavui wòato adidi legbee, kple awu ƒoɖi siwo tugu dodo fia be yewomeda asi ɖe tsãtɔwo ƒe nuwɔnawo dzi o. Gake aglãdzewuwo dodo to amesɔsrɔ̃ ƒomevi yeye, si nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu yeye hã vɛ.

Awudodo va zu nusi dzi amewo tona ɖea amesiwo ƒomevi wonye fiana le teƒe geɖe eye enaa woƒe amenyenye dzena kɔte wu. Awuwo, vevietɔ awudedewo, va zu gbeƒãɖeʋuƒo nɔa gbeƒã ɖem kamedefefe kple kamedela xɔŋkɔwo, nukokoedonamenyawo, agbe ƒe ametiti, aglãdzedze, agbenyuinɔnɔ​—alo agbenyuimanɔmanɔ​—kple adzɔnuwo. Alo woate ŋu agblɔ nya ƒaƒãwo hã. Bu tanya si nye “Ƒewuiviwo ƒe Awuwo ƒe Atsyã Le Gbɔgblɔm be Misẽ Ŋuta” si dze le Newsweek me eteƒe medidi o ŋu kpɔ. Nyatia gblɔ nya aɖe si ƒe 21 vi aɖe gblɔ le eƒe awudede ŋu la be: “Nusitae medonɛe nye be egblɔa nɔnɔme si le asinye na amewo. Nyemetsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o eye nyemedi be ame aɖeke naɖe fu nam o.”

Woŋlɔa nu hamehame ɖe awuawo ƒe akɔta kple megbe le ame vovovowo ƒe awu dzi. Gake nuwɔwɔ wòasɔ ɖe nane nu dzena le eme​—ɖe ƒuƒoƒo aɖe ƒe nuwɔna alo aglãdzegbɔgbɔ si bɔ nu, alo ɖe tɔnye ko nenyo, nugbegblẽ yakatsyɔ, alo tagbɔsesẽnuwo wɔwɔ nu. Atsyãtovɛla aɖe ŋɔa awuawo ƒe akpa aɖewo ɖe alesi eƒe asisiwo dii nu. Egblɔ be: “Woate ŋu atia awumetuwo ƒe do, tu gãwo ƒe do, alo tu siwo daa tukpe trena ɖe enu ƒe do. Nusi wodi be yewoagblɔ koe nye ma.”

Nya Ka Gblɔm Atsyã la Le?

Jane de Teliga si nye amesi kpɔa nudodowo ƒe atsyãnyawo gbɔ le Powerhouse Blemanudzraɖoƒe, le Sydney, Australia, gblɔ be: “Zi geɖe la, awudodo nye mɔ si dzi nàto afia asi amesiwo ƒomevi me nèle.” Egblɔ kpee be: “Àtia amesiwo dome nèdi be woabu ye ɖo eye nàdo awu ɖe woƒe awudodo nu.” Sydney Yunivɛsiti ƒe susuŋutinunyafiala Ðk. Dianna Kenny gblɔ be esi awudodo nye nusi kpena ɖe ame ŋu wobua ame dea ƒuƒoƒo aɖe me ta la, ele vevie abe mawusubɔsubɔ, gakpɔkpɔ, dɔwɔɖui, afisi tɔwo wonye, sukudede, kple afisi ame ƒe aƒeme le ke ene. Jet magazine gblɔ be “esi Yevuvi nyɔnuvi sukuviwo gbi ɖa eye wodo awu siwo lolo wu wo, tsɔ kpe ɖe atsyã aɖewo ƒomevi ŋu” la, ehe fuléle va suku aɖe si me tɔwo katã kloe nye yevuviwo me “elabena Ameyibɔwo ŋue wobua awu kple atsyã mawo ɖo.”

Didi be woawɔ nu ɖe ameha aɖewo ƒe nuwɔna nu dzena le ƒuƒoƒo suesue bubuwo hã me, abe le hadzilawo gome ene. Maclean’s magazine gblɔ be: “Zi geɖe la, amewo ƒe awudodo sɔna ɖe ha si ƒomevi dzɔa dzi na wo nu: reggae lɔ̃lawo doa nu dzẽ, aŋutiɖiɖi siwo klẽna eye woɖɔa Jamaicatɔwo ƒe kukuwo ɖe edzi, gake amesiwo lɔ̃a hadzidzi si nye grunge rock doa atalegbe miamiã siwo me dena eye wodoa dziwui si me fliwo tso ga wo nɔewo le nyamaa.” Gake awu ka ƒomevi wònye o, awu siwo wodona fɔmalémaléɖeŋutɔe kple ɖekematsɔleme abe ɖevi aƒemanɔsitɔwo ene si woyɔna be grunge la nyea awu siwo xɔ asi ŋutɔ.

Nukae Le Dzɔdzɔm ɖe Amewo ƒe Awudodo Dzi?

Nyadzɔdzɔŋlɔla Woody Hochswender gblɔ be: “Nusianu trɔ gbo na alesi nàsusu be ele be wòanɔ. Ðeko ŋutsuwo ƒe awudodo siwo wotɔna ɖe ɖoɖo nyui aɖewo koŋ nu tsã la va le tɔtrɔm nyamaa ɖe edzi . . . Ðeko wòwɔ abe ɖe ɖoɖo aɖeke megale naneke ŋu o ene.” Gake le nɔnɔme aɖewo me la, nuwɔna sia ate ŋu afia be wonye ɖekematsɔlemetɔwo. Alo ate ŋu afia bubumademade ame ɖokui alo ame bubuwo ŋu.

Perceptual and Motor Skills magazine me nyati aɖe si ƒo nu tso alesi sukuviwo buna le nufialawo ŋu ɖe nu me be “togbɔ be nufiala si do jeans ye wobuna be eyae doa nukokoe na sukuviawo hã la, eya ƒe nyagbɔgblɔe womebuna o wu eye zi geɖe la, eyae wobuna wu be enye nufiala si menya naneke o.” Magazine ma ke gblɔ be “wobua nyɔnu nufiala si do jeans be enye amesi ƒe nu ɖi kokoe, amesi ŋu womavɔ̃ be woate ɖo o, amesi menya nu boo o, amesi ŋu bubu boo aɖeke mele o, amesi meɖi nufiala o, eye zi geɖe la, eyae wodina wu.”

Le dɔwɔnyawo me hã la, nudodo aɖewo li siwo amewo dona be yewoatsɔ agblɔ nya aɖee: enye awudodo be woatsɔ ahe susui. Le ƒe siawo me la, nyɔnu geɖe di be yewoanɔ dɔwɔƒe nɔƒe kɔkɔwo. Marie si nye agbalẽtadɔwɔƒe aɖe ƒe amegã gblɔ be: “Medoa awu be matsɔ aʋli hoe. Medina be woakpɔm.” Egblɔ kpee be: “Medina be woakpɔm anya be amesia tɔgbe mebɔ o.” Marie to nyateƒe be amewo ƒe susu hehe tae yedoa awu nenema ɖo.

Atsyã siwo bɔ va ge ɖe sɔlemewo hã. Amesiwo tsia dzi ɖe awudodo ƒe atsyã ŋu doa atsyãwu yeye siwo gale wo si tsɔ fiana le sɔleme. Gake egbea togbɔ be hanunɔlawo nɔa woƒe awu ʋlayawo me atsyɔ̃tɔe hã la, wokpɔnɛ be yewoƒe hameviwo le jeans kple bɔlƒofɔkpawo me alo wodo awu siwo wotɔ kple atsyãwo nyamaa.

Nukata Wotsi Dzi Ðe Wo Ðokui Ŋu eye be Yewoanɔ Etɔxɛ Alea?

Susuŋutinunyalawo gblɔ be awudodo atsyãtɔe​—vevietɔ sɔhɛwo tɔ​—nye ɖokuiŋububu ƒe akpa aɖe le gɔmesese sia nu be wodina be amewo nakpɔ yewo. Wogblɔ be enye “nɔnɔme si bɔ ɖe ƒewuiviwo dome be wobua wo ɖokui be ele be amewo ƒe susu nanɔ yewo dzi.” Nusi woƒe awudodo gblɔna ye nye: “Mexɔ se be wò susu katã le dzinye abe alesi nye susu nɔa ɖokuinye dzii ene.”​—American Journal of Orthopsychiatry.

Nufiafia siwo daa amegbetɔ ɖe nɔƒe gbãtɔ eye womegatsɔ ɖeke le Mawu ya ƒe nya me o dea nukpɔsusu sia (si dzi asitsalawo dena zi geɖe) be wòe nye ame vevitɔ kekeake le xexe bliboa katã me hã ƒe dzi ƒo. Kuxiae nye be amesiawo siwo bua wo ɖokui be yewoe nye ‘ame vevitɔwo kekeake’ la dometɔ biliɔn ade kloe ye li fifia. Ŋutilãmenudidisusu sia xɔ ame miliɔn geɖe me le Kristodukɔa hã me, eye wodzea agbagba vevie be yewoaɖu agbe fifi laa sia. (Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 3:​1-⁠5.) Ne ètsɔ ƒomewo ƒe gbagbã kple lɔlɔ̃ akuakua ƒe anyimanɔmanɔ kpe ɖe eŋu la, nusita ame geɖe, vevietɔ sɔhɛwo koŋ, le agbagba ɖesiaɖe dzem be amewo nakpɔ yewo eye be yewoake ɖe nane si ana yewoase le yewo ɖokui me be yewole dedie ŋu la mawɔ nuku na wò o.

Gake nya si amesiwo tsɔ ɖe le woƒe awudodo kple tenɔnɔ le Mawu gbɔ me bianae nye: Afikae wòle be mado awu wòasɔ ɖe awudodo ƒe atsyã yeyewo nu asee? Aleke mawɔ anya ne nye awudodo sɔ? Ðe wònɔa nya eveve gblɔm le ŋunye alo kura gɔ̃ hã wògblɔa nya madzemadzewo le ŋunyea?

Ðe Nye Awudodo Sɔa?

Ame ƒe nudodo nyea eya ŋutɔ ƒe nya koŋ. Nusiwo dzɔa dzi na mí mele ɖeka o, eye nenema kee nye míaƒe ganyawo hã. Eye afisiafi kple eƒe kɔnuwo hãe, dukɔ aɖe me tɔ to vovo na bubu me tɔ, eye afisiwo ƒe yame ƒe dzoxɔxɔ le ɖeka hã tɔ toa vovo na bubuwo tɔ. Gake nɔnɔmea ka mee nèle o, na gɔmeɖose sia nanɔ susu me na wò, be: “Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.” (Nyagblɔla 3:⁠1) Ne míagblɔe bubui la, na wò awudodo nasɔ ɖe ɣeyiɣia kple wɔna la nu. Eye eveliae nye, ‘bɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le zɔzɔ kple Mawu me.’​—Mixa 6:⁠8.

Mefia ŋkuléle ɖe ame ƒe nudodo ŋu si gbɔ eme o, ke boŋ be míado awu “ɖe nɔnɔme nyui me” eye wòaɖe ‘nuŋububu nyui’ afia. (Timoteo I, 2:​9, 10) Zi geɖe la, nusi wòfiana koe nye be woakpɔ egbɔ be metɔ ŋku o, eye magazine si nye Working Woman gblɔ le nɔnɔme sia ŋu be enye nuŋububu nyui kple nu dzeame dodo. Nu nyui aɖe si nuteƒekpɔkpɔ fia ye nye be mègaɖe mɔ gbeɖe wò awuwo nanye nu gbãtɔ amewo nakpɔ wòatɔ ŋku na wo ne ège ɖe xɔ aɖe me o. Working Woman gblɔ be: “Do awu . . . be amewo nakpɔ nu ayi ŋgɔ wu wò awuawo ne woakpɔ wò amea ŋutɔ ƒe nɔnɔme siwo dze kafukafu.”

Perceptual and Motor Skills magazine gblɔ be: “Agbalẽ vovovo siwo ƒo nu tso alesi ame ƒe awudodo kpɔa ŋusẽ ɖe susu si amewo buna ɖe ame ŋu dzi kple nu si wòƒona le ame ŋu fia be awudodo nye nu vevi aɖe si wotsɔna gblɔa nusi wosusu le ame ŋui zi gbãtɔ si wonya kpɔ ame ko.” Nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 40-awo me si wòdoa dzidzɔ na tsã be yeado awu atsɔ ahe amewoe la ƒe susu wɔ ɖeka kple nya sia, eye wògblɔ be: “Edi nya nam ŋutɔ elabena mena wonya vovototo le alesi mewɔa nu le dɔme kple ne nyemele dɔme o la dome o. Ɣesiaɣi amesiwo mía kple wo ƒe dɔwɔwɔ de nu wo nɔewo me dina be yewoakplɔm yi nuɖuƒee.” Esi nyɔnu gakɔntadzikpɔla aɖe nɔ nu ƒom tso awudodo ƒe atsyã si to vovo ŋu la, egblɔ be: “Melé ŋku ɖe alesi ŋutsuwo wɔna ɖe nyɔnu siwo doa awu ɖekematsɔlemetɔe, alo doa awu si megadea vovototo aɖeke wo kple ŋutsuwo dome o la ŋu. Wotsɔnɛ be nyɔnu siawoe nyea sesẽnuwɔlawo eye ŋutsuwo menaa mɔ wo kura o.”

Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Jeffie kpɔe be yeƒe ɖakpakpa na amewo megale ta nyam le amesi ƒomevi yenye ŋu o. Egblɔ be: “Nye ya ɖeko mesusu be ena ‘meto vovo ko.’ Gake amewo va nɔ biayem be, ‘Nyateƒee wònye be, Yehowa Ðasefoe nènyea?’ eye ekpea ŋu nam.” Ele be Jeffie nabia ɖokuimekunya vevi aɖewo eɖokui. Le nyateƒe me la, ɖe mele eme be menye míaƒe nu koe gblɔa “nya, si ke wu dzi” na mí o ke míaƒe awudodo kple dzadzraɖo hã gblɔnɛ oa? (Mateo 12:​34) Nukae wò awudodo ɖena fiana le ŋuwò​—be dzi si di vevie be yeahe susu ava Wɔla la dzie le asiwò loo alo esi di be yeahee ava ɖokuiwò dzie?

Do Awu le ‘Nuŋububu Nyui’ Me

Bu ŋusẽ si wò awuwo kpɔna ɖe wò ŋutɔ dziwò hã ŋu kpɔ. Awudodo atsɔ ahe amewo ƒe susui kple awudodo wòagbɔ eme akpa ate ŋu ana nàdze dadalae, awudodo ɖekematsɔlemetɔe ate ŋu ana wòadze be nu masɔmasɔ siwo wò ŋutɔ nèsusuna le ɖokuiwò ŋu la le eme, eye awudede siwo doa boblo sinima si dzɔa dzi na wò alo ame ŋkuta aɖe la akplɔ wò ade ame ŋkutawo subɔsubɔ me​—esi nye trɔ̃subɔsubɔ. Nyateƒee, wò nudodo ƒoa nu na amewo tso ŋuwò​—eye wogblɔa nya na wo tso ŋuwò.

Nya kae wò awuwo gblɔna le ŋuwò ne etɔ ŋku alo nèdoa awu be yeatsɔ ahe amee? Ðe nèle ŋusẽ dom amenyenye ƒe nɔnɔme siwo boŋ wòle be nànɔ agbagba dzem be yeaɖu wo dzi laa? Gawu la, ameka ƒomevi ƒe susue nèdi be yeahe va ye ɖokui dzi? Nuxlɔ̃ame si le Romatɔwo 12:⁠3 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu ameɖokuikpɔkpɔ, ɖokuidodoɖedzi, kple tame masɔmasɔwo susu dzi. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí le afima be ‘míagabu mía ɖokui ŋu wu alesi dze o; ke boŋ míatsɔ nuŋububu nyui abu nuwo ŋui.’ ‘Nuŋububu nyui’ fia be míanye nugɔmeselawo.

Esia hiã vevietɔ na amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo kple amesiwo le nɔƒe siwo amewo ɖoa ŋu ɖe wo ŋu. Woƒe kpɔɖeŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame bubuwo dzi. Ele be amesiwo le agbagba dzem be yewoaɖo subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ ƒe nudidiwo gbɔ le Kristo-hamea me kpakple wo Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo hã nadi be yewoaɖe ɖokuibɔbɔ kple bubudedeameŋu ƒe nɔnɔme afia le woƒe awudodo kple dzadzraɖo me nenema ke. Míadi gbeɖe be míaɖi ŋutsu si dzi Yesu tɔ asii le eƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui ƒe lododoa me o, be: “Esi fia la va kplɔ̃ŋutinɔlawo kpɔ ge ɖa la, ekpɔ ame aɖe le afima, si medo srɔ̃ɖewu o.” Esi fia la se be menye susu aɖeke tae wòdo awu bubumadeameŋutɔe nenema o la, “[egblɔ] na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe.”​—Mateo 22:​11-⁠13.

Eyata ele vevie be dzilawo natsɔ woƒe nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu aƒã nɔnɔme nyui ƒe amesinɔnɔ ɖe awudodo ŋu kple nu dzeame dodo ɖe wo viwo me. Efia be ahiã ɣeaɖewoɣi be dzilawo natɔ afɔ to sesĩe ne wole nu me ɖem na wo viwo. Gake aleke gbegbe wòdea dzi ƒoe nye si ne esime míele mɔ kpɔm nɛ o la, wokafu mí ɖe mía viwo kple mía ŋutɔwo míaƒe awudodo kple agbenɔnɔ ɖɔʋu ta!

Nyateƒee, wokpe ɖe Yehowa subɔlawo ŋu woɖe asi le ɖokuidodoɖedzi, awu siwo tɔtɔ ƒe atsyã naa awuawo xɔa asi, kple dzi dzodzro tsitsi ɖe ame ɖokui ŋuti ŋu. Mawu ƒe gɔmeɖosewo le wo si fiaa mɔ wo, menye xexeame ƒe gbɔgbɔ o. (Korintotɔwo I, 2:​12) Ne ènɔa agbe ɖe gɔmeɖose siawo nu la, awu si nàdo tiatia masẽ na wò o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, abe ati nyui si wokpa tsɔ foto de eme ene la, wò awuwo matsyɔ wò amenyenye dzi loo alo adzu wò o. Eye alesi nèdze agbagba be yeaɖi Mawui la, nenemae wòakpe ɖe ŋuwòe be nàɖo gbɔgbɔmetsyɔ̃ si adze wò sã wu wò nudodowo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe