Mɔli—Ðaɖae Dzɔa Dzi na Wò loo alo Mumũa?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE INDIA GBƆ
‘MƆLI ɖaɖae nèɖuna loo alo mumũae?’ Nya mae woabia wò ne ènye amedzro le Indiatɔ aɖe ƒe aƒeme. Le India la, mɔli si woɖuna ƒe akpa 60 le alafa me nye mabimabia (esi dzi tsi fiɛ̃ to vie). Gake awɔ nuku na wò be nànya be le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, amesiame kloe ɖua nusi Indiatɔwo yɔna be mɔli mumũ!
Esiawo katã mawɔ nuku na wò boo o ne èkpɔe be menye alesi woɖaa mɔli ɖuna ŋue míele nu ƒom tsoe o, ke mɔ siwo nu Indiatɔwo tona trɔa asi le mɔli ŋu ne wole exam boŋue. Eyata dɔ kawoe wowɔna ne wole asi trɔm le eŋu le exaɣi, eye nukatae? Ŋkuléle ɖe mɔli kple edzadzraɖo wòazu nuɖuɖu ŋu aɖo nya sia ŋu nyuie na mí.
Ame Miliɔn Geɖe ƒe Nuɖuɖue
Nusiwo ŋu tomenukulawo ke ɖo kple blemanuŋlɔɖiwo ɖee fia be woƒaa mɔli le India kple China tso keke ƒe akpe etɔ̃lia D.M.Ŋ me ke. Blema India-nɔlawo yɔe be dhanya, alo “nuɖuɖu si léa ameƒomea ɖe te.” Eganye ŋkɔ si sɔ elabena mɔli koŋue ame geɖe ɖuna wu nuɖuɖu ɖesiaɖe. Amesiawo dometɔ akpa gãtɔ le Asia, afisi nyatakala aɖe gblɔ be ame miliɔn 600 kpɔa gbesiagbe nuɖuɖu me nunyiame ƒe afã tsoa mɔli ɖeɖeko me, eye woƒaa mɔli siwo woƒana le xexeame katã ƒe 90 le alafa me le afima heɖuna.
Ganges-tɔsisia ƒe alɔdze siwo le anyigba xɔdzo si ƒoa tsi ɣesiaɣi dzi la nye xexeame ƒe nuto siwo me woƒaa mɔli le wu dometɔ ɖeka. Tsi geɖe si dzana kple yame ƒe dzoxɔxɔ kpakple dɔwɔla geɖe siwo le afima la na wònye teƒe si sɔ nyuie na mɔliguglu. Mina míayi mía xɔlɔ̃ siwo le kɔƒe me le nuto sia me siwo kpe mí la gbɔ ne míava kpɔ mɔlisisi kple eŋudɔwɔwɔ ŋutɔŋutɔ ɖa.
Mɔlia Sisi
Míaƒe bɔsu la tsɔ mí yi Jaidercote le Ɣetoɖoƒe Bengal, eye míetsɔ gasɔfɔetɔ̃ yi míaƒe mɔzɔzɔa dzi yi ɖe gbea to me. Eteƒe medidi o míekpɔ amewo wonɔ dɔ wɔm sesĩe le agbleawo me. Mɔlisimɔ̃ aɖeke mele afisia o! Ke boŋ vifofowo, viŋutsuwo, nyruiwo, kple nɔviŋutsuwoe le mɔligbleawo me, eye woléa mɔliti geɖe hetsɔa hɛ̃ gobɛ sue aɖe sinɛ zi ɖeka. Esi esilawo dometɔ ɖeka kpɔ míaƒe fotoɖemɔ̃a ko la, ewɔ kaba tsɔ ka gbigbi aɖe bla mɔliti ta ɖeka hetsɔe do ɖe dzi be woaɖe foto ye. Alesi kɔƒemenɔlawo lɔ̃na be woaɖe foto yewo la ɖia kokoe na mí.
Wosiaa bablaawo ɖe ŋdɔgbe ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve be woaƒu. Emegbe ɖevi siwo le ƒomea me naa kpekpeɖeŋu hetsɔa mɔli babla siwo nu le ʋlaya la ɖoa agbagba nyuie yia aƒemee.
Míeva ɖo kɔƒea me mlɔeba. Míedo gbe na mía kpela la bubutɔe be “Papa, mieli nyuiea?” Eƒe nukomoɖoɖo na míeka ɖe edzi be wo katã wofɔ̃ nyuie, eye míekpɔ srɔ̃a wònɔ ʋaʋlam be yeaɖo tii.
Esi míenɔ míaƒe ŋdi tii nom la, míebia alesi ƒea me nuxaxaa nɔ lae. Eɖo eŋu kakaɖedzitɔe abe alesi agbledelawo wɔnɛ ene be, “eka ɖe eme,” gake egblɔ be mɔliku siwo tsena wu si ƒam yewole fifia la le nu gblẽm le anyigbamenunyiamewo ŋu. Tsã la, wotsena nukutɔe, gake fifia nɔnɔmea trɔ bubui. Anyigbanyotike siwo hiã na mɔliku siwo tsena wu la xɔ asi eye yemate ŋu aƒle wo o.
Eƒoƒo Kple Eɖaɖa Afã Kple Afã
Esi míewu míaƒe nunonoa nu la, míede dzi ƒo na ƒomea be woayi woƒe nuxaxa si kpɔ ge míeva la dzi. Woƒo mɔlia xoxo le aƒe sia me. Ne èto mɔa dzi yi ŋgɔ vie le aƒe aɖe si te ɖe wo ŋu me la, nyɔnuawo le dɔ wɔm vevie. Woƒoa mɔli bablawo ɖekaɖeka le pamprogba dzi henaa mɔlia duduna toa doawo me. Wolia kɔ mɔliti siwo tsi ete la ɖe teƒe ɖeka.
Tsro si megbãna ɖe dɔme o la nɔa mɔli mapumapu ŋu. Eyata le amesiwo mumũa dzɔa dzi na gome la, dɔ si woagawɔ koe nye epupu, alo tsroɖeɖe le eŋu, kple ɖewohĩ eŋu zɔzrɔ̃ kple egbugbɔpu le mɔ̃ me ne dutae woava dzrae le.
Gake menye dutae woatsɔ mɔli siwo woxa le afisia la ayii o, ke hena agbledeƒomeawo ƒe aƒenyinyi ko. Wodea mɔlia tikri alo ava aɖe si sɔ na ƒomea si wotsɔ be gba la dzi. Ganges-tɔsisia ƒe alɔdzewo to nɔlawo katã ɖua mɔli ɖaɖa, gake míewɔ aye gblɔ na mía kpela la be neɖu mɔli mumũ ƒe sia.
Eɖo eŋu be: “Kura o. Le nuto siawo me la, mɔli ɖaɖa ɖuɖue mã mí eye mɔli mumũ mevivia mía nu dea enu o.”
Míese be alesi wotrɔa asi le mɔli ɖaɖa ŋue nye be wodenɛ tsi heɖanɛ afã kple afã, gake míanya alesi tututu wowɔa esiae o. Dzidzɔtɔe la, mía xɔlɔ̃a gblɔ be yeawɔ alesi yeƒe ƒomea wɔnɛ la afia mí. Mehiã na mɔ̃ tɔxɛ aɖeke o elabena sue aɖe si asu ƒomea nu kwasiɖa ɖeka alo kwasiɖa eve koe wowɔna zi ɖeka. Wokua mɔli si le tsro me si wodzra ɖo ɖe tikri dzi dea hanri, alo nuɖaze gã aɖe me wòyɔna eye wokɔa tsi lita ɖeka ɖe edzi. Woɖonɛ gamle si woyɔna be oonoon si te mɔliti siwo mebina sesĩe o le la dzi vaseɖe esime tsia nafiɛ̃. Emegbe wodea mɔlia tsi nyui me ɖe tɔkpo me ŋu kena, eye ne wotsiɔ tsia le eŋu megbe la, wogakɔnɛ ɖe hanri la me nɔa eme blum vaseɖe esime wòagaƒu. Mlɔeba la, wokakaa mɔlia ɖe anyigba ɖe ŋdɔgbe be wòasẽ eye wotsɔa afɔ nɔa eme blum ɣeaɖewoɣi.
Esia dze dɔ gã aɖe na mí, gake viɖe geɖe le ewɔwɔ alea ŋu tsɔ kpe ɖe alesi ƒomea di be wòanɔ ŋu. Eɖaɖa afã kple afã naa nunyiame aɖewo yia mɔli kua ŋutɔ me nyuie. Esiawo mete ŋu gadona bɔbɔe ne woklɔe heɖae o. Enaa wònyea nuɖuɖu si naa nunyiameŋusẽ ame wu. Nuɖuɖu me nunyiame si va kpe ɖe eŋu la ate ŋu anye vovototo si le agbe kple ku dome na amesiwo nɔa agbe ɖe mɔli ŋu koŋ.
Viɖe bubu si ŋu agbledelawo ŋutɔ kpɔa ŋudzedze ɖoe nye be mɔli si woɖa afã kple afã la nɔa anyi didina eye enɔa bɔbɔe be woaɖe tsro le eŋu. Ema kple alesi wògasesẽna ɖe edzi vie la na womegbãna o.
Mɔlia ƒe Vivi
Míaƒe amedzroxɔla la gblɔ be: “Mina míagava no tii ahaɖu numeɖenuwo.” Míegazɔ yi eƒe aƒeme afisi Dida (Mama) le moori wɔm le. Mɔli sia si wòna wògalolo ɖe edzi la vivia wo katã nu ŋutɔ, vevietɔ ɖeviawo. Dida bɔbɔ ɖe oonoon la gbɔ hele mɔli kplu ʋee aɖewo siwo woɖa afã kple afã heɖe tsro le wo ŋu, eye wòde dzetsii va yi la tɔm. Fifia mɔlia ƒu heɖe ɖekaɖeka ale be ekɔa sue aɖe ɖe nutɔgba si me ke xɔdzo le me. Ne kea gale dzoa dzi la, mɔlia hona lotoo wu alesi wònɔ tsã zi gbɔ zi geɖe. Etsɔa ati sue aɖewo siwo wobla ɖekae lɔa moori siwo wòwɔ la le kea dzi kaba be magafiã o. Wotsɔa ati sueawo hã ƒoa asi ta na ɖevi siwo di be yewoaƒo asi ɖe kusi si me moori dzodzoea le la me.
Moori si ŋu adrɔ̃ne kpe ɖo la vivi mía nu ŋutɔ, gake míeɖɔ ŋu ɖo be míeɖui fũ o esi mieɖo ŋku edzi be eteƒe madidi hafi míaɖu ŋdɔnu o ta.
Dɔ mamletɔ si woagawɔ le eŋu míakpɔe nye epupu. Vaseɖe nyitsɔ laa la, wotsɔa tati kple to si wotsɔa afɔ léna si woyɔna be dhenki la wɔa esiae, gake fifia le kɔƒewo gɔ̃ hã me la, mɔlipumɔ̃wo wɔnɛ kabakaba wu. Tɔtrɔ sia vea ame tsitsi aɖewo, elabena mɔli siwo wotsɔ dhenki pu la gblẽa mɔlitsro dzĩ (epidermis) si le eme ɖi wònaa wòvivina eye wòdzia nunyiame siwo le eme ɖe edzi. Gake mɔ̃a ya ɖea nusianu ɖa—tsroa, tsro dzĩ si le eme, kple nunyiame si le eme ƒe akpa gãtɔ—wòsusɔa mɔliku ɣi si me goma le si amewo le didim vevie egbea la ɖeɖe ɖi.
Fifia nyɔnuawo tsi dzi be míaɖu nusi yewoɖa. Woɖa mɔli si woɖa afã kpla afã la, eye fifia wole ekam dzɔdzɔdzɔ ɖe akɔɖumakpa dzi. Emegbe woɖa atiyi, wo gbɔ amagbewo, kple tɔmelã siwo woɖe le tɔmelãnyiƒe be míatsɔ ɖu mɔliae. Mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be esiae nye nusiwo dzɔ dzi na mí wu le míaƒe sasrãkpɔa me la dometɔ ɖeka.
Ẽ, míeɖaɖua mɔli ɖaɖa alo mumũa o, nuɖuɖu vivi si nye gbe siwo Mawu wɔ be woamie anye “agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ” ye wònye.—Psalmo 104:14.
[Aɖaka si le axa 28]
Jhal Moori
Le India ƒe akpa geɖe la, nudzrala siwo do awu siwo le amadede dzeaniwo mee dzraa mɔli hohowo le ablɔwo dzi. Woate ŋu awɔ Jhal moori si vivina eye nunyiame le eme la bɔbɔe wòanyo wu numeɖenu siwo wowɔ de go me hedzrana.
Ne ètsɔ mɔli hoho siwo tro kplu ɖeka si womede dzee o la, nàtsɔ nusiwo gbɔna akpe ɖe eŋu alesi nèdi: tomato siwo wofli nyuie, sabala, aŋanyi, yevutadi mumũwo (ne èdi), azi ʋee aɖewo, ayi (chick-peas) (ne èdi), chaat masala (nuɖuɖuvivinu siwo wotsaka siwo le India-fiasewo me) alo dze kple atadi sue aɖe, tsomi alo salad-mi gatsi afã. Blu nuawo katã tsaka ɖekae nàɖui enumake.
Esi nusiwo vivia amewo nu to vovo ta la, moori-dzrala ɖea mɔ be eɖula nawɔ tiatia le amagbe siwo wòfli kple nuɖuɖuvivinu siwo wòdi me. Àte ŋu ade nuawo agba vovovowo dzi ahana wò amedzroawo ŋutɔ natsaka woƒe moori.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 26, 27]
(1) Mɔlitiawo ƒoƒo (2) Wole egbɔm (3) Dida le “moori” wɔm (4) “Moori” kusi si me wodea nu vovovowoe